Wowɔ Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu
Wodo Dzaa na Yesu be Enye Mesia Kple Fia!
AMEHA siwo nɔ ɣli dom ge ɖe Yerusalem le Nisan 9, ƒe 33 M.Ŋ. me la wɔ mo yaa na Yudeatɔ geɖe. Togbɔ be wokpɔa amewo wolɔna bibibi gena ɖe dua me do ŋgɔ na Ŋutitoto hã la, amedzro siawo ya to vovo. Ame vevi si nɔ wo domee nye ŋutsu aɖe si bɔbɔ nɔ tedzivi dzi. Yesu Kristoe nye ŋutsua, eye ameawo nɔ avɔwo kekem henɔ deʋayawo kakam ɖe mɔ dzi nɔ ɣli dom be: “Hosana na Dawid vi la; woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!” Esi ame geɖe siwo nɔ Yerusalem xoxo la kpɔ amehaa la, eʋã wo be woge ɖe gbɔlɔlawo dome.—Mateo 21:7-9; Yohanes 12:12, 13.
Togbɔ be wonɔ dzaa dom na Yesu fifia hã la, enya be dodokpɔwo le ŋgɔ na ye. Ao, du sia ke mee woawui le le ŋkeke atɔ̃ pɛ megbe! Ẽ, Yesu nya be Yerusalem nye yeƒe fukpeƒe, eye nusia nɔ susu me nɛ hafi wòge ɖe dua me amewo kpɔ.
Blema Nyagblɔɖi aɖe Va Eme
Zaxarya gblɔ Yesu ƒe Yerusalem yiyi kple aseyetsotso ɖi le ƒe 518 D.M.Ŋ. me. Eŋlɔ be: “Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò, dzɔdzɔetɔ kple xɔnametɔ wònye, eye wòdo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi. . . . [Aɖe] gbeƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”—Zaxarya 9:9, 10.
Eyata Biblia ƒe nyagblɔɖi ye va eme esime Yesu ge ɖe Yerusalem le Nisan 9 lia dzi. Menye nu wònye dzɔ kpoyi ko o, ke wowɔ ɖoɖo ɖe eŋu nyuie. Do ŋgɔ esi Yesu nɔ Yerusalem godo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃la eve be: “Miyi kɔƒe, si le mia ŋgɔ la me, eye enumake miakpɔ tedzi kple via le ka me; mitu wo, ne miakplɔ wo vɛ nam. Eye ne ame aɖe agblɔ nane na mi la, migblɔ bena: Aƒetɔ la le wo hiãm, eye enumake adɔ wo ɖa.” (Mateo 21:1-3) Gake nukatae Yesu di be yeado tedzi ayi Yerusalem, eye gɔmesese kae le amehaawo ƒe nuwɔwɔ ŋu?
Fiaɖuɖu Ŋuti Gbedasi Aɖe
Zi geɖe la, ŋusẽ nɔa nusi wokpɔ kple ŋku ŋu wu nya si wogblɔ kple nu. Eyata ɣeaɖewoɣi la, Yehowa na eƒe nyagblɔɖilawo wɔa woƒe gbedasiwo fiana bene ŋusẽ nanɔ woƒe nyagblɔɖinya ŋu. (Fiawo I, 11:29-32; Yeremya 27:1-6; Xezekiel 4:1-17) Nyagbɔgblɔ to ewɔwɔ fia koŋ ƒe mɔ sia nu tsia susu me na eteƒekpɔla si ƒe dzi tri gɔ̃ hã ɖikaa. Nenema ke Yesu hã wɔ gbedasi sẽŋu aɖe fiae to tedzi dodo yi Yerusalem-dua me. Alekee?
Wɔna siwo ŋu bubu le ye wozãa tedziwo na le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Le kpɔɖeŋu me, Salomo do fofoa ƒe “tedzisɔ,” si nye sɔ kple tedzi ƒe vi, esi woyina eɖo ge fiae.a (Fiawo I, 1:33-40) Eyata esi Yesu do tedzi yi Yerusalem la fia be etsɔ eɖokui le fiafiam be fiae yenye. Amehawo ƒe nuwɔwɔ ɖe eŋu ɖo kpe gbedasi sia dzi. Ƒuƒoƒoa si ɖikeke mele eme o be wo dometɔ akpa gãtɔ nye Galileatɔwo la keke woƒe avɔwo ɖe anyi na Yesu—nuwɔna si na woɖoa ŋku esime woɖe gbeƒã Yehu ƒe fiazuzu le gaglãgbe dzi. (Fiawo II, 9:13) Alesi woyɔ Yesu be “Dawid vi la” ɖo kpe gome si le esi le se nu be wòaɖu fia la dzi. (Luka 1:31-33) Eye deʋaya siwo wozã la fia wo ɖokui bɔbɔ ɖe eƒe fiaɖuŋusẽ te.—Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 7:9, 10.
Eyata amesiwo lɔ́ gbɔ ge ɖe Yerusalem le Nisan 9 lia dzi la na gbedasia me kɔ ƒã be Yesu nye Mawu ƒe Mesia kple Fia si wòɖo. Gake menye amesiamee wòdzɔ dzi na be woɖe Yesu fia alea o. Farisitɔwo koŋ bui be mesɔ kurakura be woade fiahawo ƒe bubu sia Yesu ŋu o. Ðikeke mele eme o be dzi nɔ wo kum esime wogblɔ be: “Nufiala, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo.” Yesu ɖo eŋu be: “Ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.” (Luka 19:39, 40) Ẽ, Mawu Fiaɖuƒe lae nye nyati si ŋu Yesu nɔ gbeƒã ɖem le. Amewo lɔ̃ alo womelɔ̃ o, agblɔ gbedasi sia dzideƒotɔe.
Nusi Míesrɔ̃
Ebia dzideƒo hafi Yesu te ŋu ge ɖe Yerusalem le alesi nyagblɔɖila Zaxarya gblɔe ɖi nu. Enya be ema wɔwɔ ana yeƒe nu nave dɔme na yeƒe futɔwo. Hafi Yesu nadzo ayi dziƒo la, ede dɔ asi na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia eye “[woawɔ] dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 24:14; 28:19, 20) Dɔ sia wɔwɔ hã bia dzideƒo. Gbedasia sese medzɔa dzi na amesiame o. Ame aɖewo metsɔa ɖeke le eme o, eye bubuwo tsia tre ɖe eŋu. Dziɖuɖu aɖewo de se ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu alo xe mɔ ɖe enu kura.
Gake Yehowa Ðasefowo dze sii be ele be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ŋuti nyanyuia, amewo see o alo womeɖasee o. (Xezekiel 2:7) Esi wole agbeɖedɔ sia wɔwɔ dzi la, Yesu ƒe ŋugbe si wòdo la dea dzi ƒo na wo be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.”—Mateo 28:20.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Marko ƒe nuŋlɔɖia gblɔ kpee be tedzivi la nye “esi dzi ame aɖeke menɔ kpɔ o.” (Marko 11:2) Edze ƒã be lã si womezã kpɔ o la nyo vevietɔ na wɔna kɔkɔewo.—Tsɔe sɔ kple Mose IV, 19:2; Mose V, 21:3; Samuel I, 6:7.