INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 103
  • Gbedoxɔa me Yiyi Ake

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbedoxɔa me Yiyi Ake
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Egakɔ Gbedoxɔa Ŋu Ake
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • “Gaƒoƒo La Ðo!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Tɔtrɔ Kpɔ Yesu ƒe Anyigbadzinɔɣi ƒe Ŋkeke Mamlɛwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Yesu Kɔ Gbedoxɔa Ŋu
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 103

Ta 103

Gbedoxɔa me Yiyi Ake

ÐEKO Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo fɔ tetie nye sia le woƒe Betania tsitsi dɔ zã etɔ̃lia tso esime wotso Yerixo va la megbe. Kasia esi xexeme kɔ vie le Dzoɖagbe si nye Nisan 10 lia dzi la, wogadze mɔ yina Yerusalem xoxo. Dɔ nɔ Yesu wum. Eyata esi wòkpɔ gboti aɖe si to aŋgba la, eyi be yeakpɔe ɖa be gbotsetse aɖewo le edzi hã.

Atia to aŋgba do ŋgɔ na eƒe ɣeyiɣi, elabena June me ke hafi gbotiwo tsena, eye fifia enye March ƒe nuwuwu lɔƒo ko. Gake edze ƒã be Yesu susu be esi wòto aŋgba do ŋgɔ ta la, atse hã do ŋgɔ. Gake mekpɔ ɖeke le edzi o. Aŋgbawo na wòdze abe ɖe tsetse le atia dzi ene. Eyata Yesu ƒo fi de atia be: “Tso esia dzi yina la, mègale tsetse ge halase tegbetegbe o.” Wokpɔ nusi do go tso Yesu ƒe nuwɔna la me kple nusi wòfia la le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdi me.

Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ azɔlia dzi eye eteƒe medidi hafi woɖo Yerusalem o. Eyi gbedoxɔa me, afisi wòyi ɖakpɔ le ŋkeke si do ŋgɔ ƒe ŋdɔ me. Egatso ɖe nu wɔwɔ ŋu abe alesi wòwɔ ƒe etɔ̃ do ŋgɔ esime wova ƒe 30 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuƒe ene. Yesu nyã amesiwo nɔ nu dzram kple amesiwo nɔ nu ƒlem le gbedoxɔa me do goe eye wòmu gagbalawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le ahɔnɛwo dzram la ƒe zikpuiwo ƒu anyi. Meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ aƒemenuzazã aɖeke hã ato gbedoxɔa me o.

Le fɔbubu amesiwo le ga gbam eye wole lã dzram le gbedoxɔa me me la, egblɔ be: “Womeŋlɔ ɖi bena: Woayɔ nye aƒe la be gbedoxɔ na dukɔwo katã oa? Ke miawo la mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe doe.” Wonye adzodalawo elabena wokaa asi gã ɖe nu ŋu na amesiwo si naneke mele be woawɔ tsɔ wu be woaƒle lã siwo wohiã hena vɔ sasa la le wo gbɔ o la. Eyata Yesu bu asitsatsa sia be enye adzodada tɔgbe aɖe alo abe fififi ene.

Esi nunɔlagãwo, agbalẽfialawo, kple dumegãwo se nusi Yesu wɔ la, wogadi mɔ si nu woato ana woawui. Woto esia dzi ɖee fia be yewomate ŋu atrɔ o. Gake womenya alesi woawɔ awu Yesu o, elabena ameawo katã nɔ eyome ɣesiaɣi be yewoase eƒe nyawo.

Dukɔwo me tɔwo hã va Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuƒe kpe ɖe dzɔdzɔme Yudatɔwo ŋu. Amesiawo nye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo, si gɔmee nye be wotrɔ dzime va Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha me. Helatɔ aɖewo, amesiwo edze ƒã be wonye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo la, te ɖe Filipo ŋu azɔ eye wobia be yewoakpɔ Yesu. Filipo yi Andrea gbɔ, ɖewohĩ be yeabiae se be asɔ be woado goe hã. Edze abe ɖe Yesu gakpɔtɔ nɔ gbedoxɔa me, afisi Helatɔwo ate ŋu akpɔe le la ene.

Yesu nya be agbemeŋkeke ʋee aɖewo koe gasusɔ na ye, eyata etsɔ nɔnɔme si me wòle la wɔ kpɔɖeŋui nyuie be: “Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena, ne bliku la mege ɖe anyigba me, eye wòku o la, ekema eya ɖeka tsia anyi; ke ne eku la, etsea ku geɖe.”

Asixɔxɔ sue aɖe koe le bliku ɖeka ŋu. Gake ne wotsɔe de anyigba me eye “wòku” eye eƒe agbenɔnɔ nu tso abe nuku ene ɖe? Ekema emiena eye ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, etsina zua bliti si tsea ku geɖe. Nenema ke Yesu hã nye ame deblibo ɖeka ko. Gake ne eku le nuteƒewɔwɔ na Mawu me la, atrɔ azu amesi dzi woato ana agbe mavɔ nuteƒewɔla siwo si ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ma ke le la. Eyata Yesu gblɔ be: “Amesi ke lɔ̃a eƒe agbe la, abui; eye amesi ke léa fu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo ɖi hena agbe mavɔ.”

Edze ƒã be Yesu menɔ eɖokui ɖeɖeko ŋu bum o, elabena eƒe nya siwo kplɔe ɖo ɖe nu me be: “Ne ame aɖe di be, yeasubɔm la, nedze yonyeme; eye afisi nye la mele la, afima nye subɔla hã lanɔ; ne ame aɖe subɔam la, eya Fofo la labu.” Fetu wɔnuku kae nye si le Yesu yomedzedze kple esubɔsubɔ me! Fetu siae nye bubu si Fofo la ade ame ŋu be wo kple Kristo nanɔ anyi le Fiaɖuƒea me.

Esi Yesu nɔ fukpekpe kple vevesese helĩhelĩ ƒe ku si nɔ elalam la ŋu bum la, eyi edzi gblɔ be: “Fifi ko nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ, eye aleke magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me!” Ðe nusi le elalam la nye nusi wòate ŋu aƒo asa na la, ne anyo! Gake mele nenema o, abe alesi wògblɔe ene be: “Esia ta meva ɖo.” Yesu lɔ̃ ɖe ɖoɖo siwo katã Mawu wɔ esiwo me eƒe vɔsaku la hã le la dzi. Mateo 21:12, 13, 18, 19; Marko 11:12-18; Luka 19:45-48; Yohanes 12:20-27.

▪ Nukatae Yesu kpɔ mɔ be gbotia atse togbɔ be menye eƒe tseɣie nye ma o hã?

▪ Nukatae Yesu yɔ amesiwo le nu dzram le gbedoxɔa me be “adzodalawo” ɖo?

▪ Mɔ ka nue Yesu ɖi bliku si kuna la le?

▪ Aleke Yesu se le eɖokui me ku ɖe fukpekpe kple ku si le elalam la ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe