Ta 107
Srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo ŋuti Kpɔɖeŋu La
TO KPƆÐEŊU eve dzi la, Yesu klo nu le agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo dzi, eye wodi be yewoawui. Gake Yesu mewu nya gbɔgblɔ ɖe wo ŋu nu vɔ haɖe o. Eyi edzi gblɔ kpɔɖeŋu bubu na wo be:
“Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fia aɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via, eye wòdɔ eƒe dɔlawo, bena woayi aɖayɔ amesiwo wokpe la, ava srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒee; ke womelɔ̃ bena, yewoava o.”
Yehowa Mawu ye nye Fia si wɔ srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo na Via Yesu Kristo. Mlɔeba la, ŋugbetɔ si nye eyomedzela amesiamina 144,000 la awɔ ɖeka kple Yesu le dziƒo. Fia la teviwoe nye Israel-viwo, amesiwo, esime wokplɔ wo va Se ƒe nubabla me le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, wona “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” nyenye ƒe mɔnukpɔkpɔ wo. Aleae le ɣemaɣi la, woawoe nye ame gbãtɔ siwo wokpe va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe lae.
Gake ƒe 29 M.Ŋ. ƒe kele me, esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo (fia la ƒe dɔlawo) dze gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔa gɔme hafi wona amekpekpe gbãtɔa yi na amewo. Gake dzɔdzɔme Israel-vi siwo se yɔyɔ si dɔlawo tsɔ kpe woe tso ƒe 29 M.Ŋ. vaseɖe ƒe 33 M.Ŋ. me la medi be yewoava o. Eyata Mawu gana mɔnukpɔkpɔ bubu dukɔa si wòkpe la, abe alesi Yesu gblɔe ene be:
“Egadɔ dɔla bubuwo gblɔ bena: Migblɔ na amesiwo wokpe la bena: Kpɔ ɖa, medzra nye nuɖuɖu ɖo; wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nuwo katã sɔ gbe; miva srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe.” Ame kpekpeawo yɔyɔ evelia si nye mamletɔ sia dze egɔme le ƒe 33 M.Ŋ. me ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi, esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe Yesu yomedzelawo dzi. Yɔyɔ sia yi edzi vaseɖe ƒe 36 M.Ŋ. me.
Gake Israel-viwo ƒe akpa gãtɔ mede bubu yɔyɔ sia ŋu o. Yesu gblɔ be: “Womebui nɛ o, eye wodzo heyi, ame ɖeka yi eƒe abɔ me, eye ame bubu yi eƒe adzɔ do ge. Eye mamleawo lé eƒe dɔlawo, wodo vlo wo, eye wowu wo.” Yesu yi edzi be: “Ke fia la do dɔmedzoe, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo, eye woyi ɖagblẽ nenem hlɔ̃dola mawo, eye wotɔ dzo woƒe du.” Esia va eme le ƒe 70 M.Ŋ. me esime Romatɔwo gbã Yerusalem gudugudu eye wowu amewula mawo.
Yesu yi edzi ɖe nusi dzɔ esime nusiawo nɔ edzi yim la me be: “Tete [fia la] gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Srɔ̃ɖenuawo sɔ gbe; gake amesiwo wokpe la, womedze o. Eyaŋuti miyi mɔ dzeveewo dzi, eye amesiame, si ke miakpɔ la, miyɔe va srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe.” Dɔlawo wɔ esia, eye “srɔ̃ɖeƒe la yɔ fũ kple kplɔ̃ŋutinɔlawo.”
Ame kpekpewo nu ƒoƒo ƒu tso dua godo mɔdodowo dzi dze egɔme le ƒe 36 M.Ŋ. me. Roma-ʋafia Kornelio kple eƒe ƒomea ye nye aʋamatsomatsotɔ gbãtɔ siwo menye Yudatɔwo o siwo nu woƒo ƒu. Amesiawo siwo menye Yudatɔwo o, siwo katã nye amesiwo woxɔ ɖe ame yɔyɔ gbãtɔwo teƒe la nu ƒoƒo ƒu yi edzi vaseɖe ƒe alafa 20 lia me ke.
Ƒe alafa 20 lia mee srɔ̃ɖexɔa me yɔ. Yesu gblɔ nusi adzɔ emegbe la esi wògblɔ be: “Ke esi fia la va kplɔ̃ŋutinɔlawo kpɔ ge ɖa la, ekpɔ ame aɖe le afima, si medo srɔ̃ɖewu o; eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye mèdo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te. Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.”
Amesi medo srɔ̃ɖewu o la nye Kristodukɔa me tɔ yeaɖi Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋu. Mawu mebu amesiawo kpɔ gbeɖe be dzeside vavãtɔ si nye be wonye gbɔgbɔ me Israel-viwo la le wo ŋu o. Mawu metsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na wo gbeɖe be woanye Fiaɖuƒea ƒe domenyilawo o. Eyata wotsɔ wo ƒu gbe ɖe viviti la me le xexe afisi woakpe fu si nye tsɔtsrɔ̃ la le.
Yesu wu eƒe kpɔɖeŋua nu be: “Elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ; ke ame ʋeewo nye amesiwo wotia.” Ẽ, ame geɖewoe nye amesiwo woyɔ tso Israel-dukɔa me be woava zu Kristo ƒe ŋugbetɔ, gake dzɔdzɔme Israel-vi ʋee aɖewo koe wotia. Ame kpekpe 144,000 siwo axɔ dziƒofetua ƒe akpa gãtɔ nye amesiwo menye Israel-viwo o. Mateo 22:1-14; Mose II, 19:1-6; Nyaɖeɖefia 14:1-3.
▪ Amekawoe nye ame gbãtɔ siwo wokpe va srɔ̃ɖeŋkekenyuiea ɖuƒe, eye ɣekaɣie wokpe wo?
▪ Ɣekaɣie yɔyɔ gbãtɔ yi na ame kpekpeawo, eye amekawoe nye dɔla siwo wodɔ be woakpe wo?
▪ Ɣekaɣie wokpe amewo zi evelia, eye amekawoe wokpe emegbe?
▪ Amekawoe amesi ŋu srɔ̃ɖewu mele o la nye kpɔɖeŋu na?
▪ Amekawoe nye ame geɖe siwo woyɔ la, eye ame ʋee kawoe wotia?