INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • T-21 axa 1-2
  • Se Vivi Le Ƒomegbenɔnɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Se Vivi Le Ƒomegbenɔnɔ Me
  • Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Ƒomea Dzɔe
  • Mɔ Ka Dzie Woato Wòadze Dzi?
  • Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Ðe Nane Li si Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsonaa?
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Nunya Si Nana Dzidzɔ Nɔa Ƒomewo Me
    Nyɔ!—2021
Kpɔ Bubuwo
Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me
T-21 axa 1-2

Se Vivi Le Ƒomegbenɔnɔ Me

Ðe ƒomewo ate ŋu akpɔ dzidzɔ nyateƒea?

Aleke wòanya wɔe?

Ènya ƒome aɖewo siwo wɔ ɖeka eye wole dzidzɔ kpɔm abe esiwo kpɔm nèle le trakt sia me enea? Ƒomewo le gbagbãm le afisiafi. Srɔ̃gbegbe, dɔwɔɖui ƒe dediemanɔmanɔ, dzila ɖeka pɛ nanɔ ƒome me ƒe kuxi sesẽwo, dziɖeleameƒo—esiawo katã wɔa akpa aɖe le nɔnɔme sesẽa me. Ƒomegbenɔnɔ ŋuti nunyala aɖe fa konyi be: “Fifia la, ƒomea ƒe gbagbã gbɔgblɔ ɖi nye nusi amesiame nya.”

Nukatae kuxi sesẽ mawo le fu ɖem na ƒomewo egbea? Aleke míawɔ ase vivi le ƒomegbenɔnɔ me?

Alesi Ƒomea Dzɔe

Be míaɖo biabia siawo ŋu la, ehiã be míanya srɔ̃ɖeɖe kple ƒomea ƒe dzɔtsoƒe. Elabena ne Amesi ɖo nusiawo anyi—si nye Wɔla—li la, ekema ele be ƒomea me tɔwo nadi mɔfiafia tso egbɔ elabena anya mɔ nyuitɔ si dzi míato ase vivi le ƒomegbenɔnɔ me bliboe la godoo.

Ewɔ nuku be ame geɖe xɔe se be menye Ame aɖekee ɖo ƒome ƒe ɖoɖoa anyi o. The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Agbalẽnyala aɖewo gblɔna be lã siwo mede amegbetɔ nu o ƒe zɔzɔ eveveve mee srɔ̃ɖeɖe dzɔ tso.” Gake Yesu Kristo ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu wɔwɔ ŋu. Eyɔ nya si le Biblia me xoxo la abe kpeɖodzi ene hegblɔ be: “Nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.”—Mateo 19:4-6.

Eyata Yesu Kristo ƒe nyaa le eme. Mawu nunyala aɖe ye wɔ amegbetɔ gbãtɔwo eye wòwɔ ɖoɖo ɖe ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le ŋu. Mawue na ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ zu srɔ̃tɔwo eye wògblɔ be ŋutsu “[aku] ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” (Mose I, 2:22-24) Ekema ɖe wòanye be ƒomekuxi siwo li egbea la tso agbenɔnɔ siwo tsi tre ɖe dzidzenu siwo Wɔla la ɖo ɖe eƒe Nya Biblia me ŋu la gbɔa?

Mɔ Ka Dzie Woato Wòadze Dzi?

Abe alesi ɖikeke mele eme o be nènyae ene la, egbegbexexeame doa ɖokuitɔdidi kple ame ŋutɔ ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ɖe ŋgɔ. Ame aɖe si dea ga dɔwɔwɔ me la gblɔ na sukuvi aɖewo siwo nɔ suku kɔkɔ nu wum le United States bena: “Ŋukeklẽ nyo. Àte ŋu anye ŋuklẽla gake wò dzi nadze eme kokoko.” Gake ŋutilãmenuwo yome nɔnɔ mehea dzidzedze vɛ o. Le nyateƒe me la, ŋutilãmenuwo didi le nusiwo nye afɔku gã ŋutɔ na ƒomegbenɔnɔ la dome elabena exea mɔ na amegbetɔwo dome ƒomedodowo eye wògblẽa ɣeyiɣi kple ga na ame. Abe nusi to vovo na ema ene la, de ŋugble tso alesi Biblia me lododo eve ko kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ nusi le vevie hena dzidzɔ kpɔkpɔ la ŋu kpɔ.

“Ama ɖuɖu kple amesiwo nèlɔ̃ nyo wu lã nyuitɔ ɖuɖu le afisi fuléle le.”

“Abolo ƒuƒu ɖuɖu le tomefafa me nyo wu kplɔ̃ɖoƒe yiyi le aƒe si yɔ fũ kple kuxiwo me.”

Lododowo 15:17; 17:1, “Today’s English Version.”

Womenye nya sẽŋuwo oa? Wò ya bu alesi gbegbe xexeame ato vovoe ne ɖe ƒome ɖesiaɖe wɔna ɖe nu vevitɔ siawo dzi la ŋu kpɔ! Biblia gana mɔfiafia vevi hã ku ɖe alesi wòle be ƒomea me tɔwo nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋui la ŋuti. Dzro mɔfiafia siwo wònana la dometɔ ʋee aɖewo me kpɔ.

Srɔ̃ŋutsuwo: ‘Lɔ̃ srɔ̃wò abe wò ŋutɔ wò ŋutilã ene.’—Efesotɔwo 5:28-30.

Ele bɔbɔe, gake ewɔa dɔ ŋutɔ! Biblia gblɔ hã be srɔ̃ŋutsu ‘natsɔ bubu na srɔ̃a.’ (Petro I, 3:7) Srɔ̃ŋutsu wɔa esia to beléle tɔxɛ si me lɔlɔ̃, nugɔmesese kple dzi dede ƒo nɛ le dzi. Edea bubu eƒe nukpɔsusuwo ŋu hã eye wòɖoa toe. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 21:12.) Màlɔ̃ ɖe edzi be aɖe vi na ƒome ɖesiaɖe ne srɔ̃ŋutsua tsɔa ɖetsɔleme wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu abe alesi eya ŋutɔ adi be woawɔ nu ɖe ye ŋu ene oa?—Mateo 7:12.

Srɔ̃nyɔnuwo: ‘Si srɔ̃wò ɖa.’—Efesotɔwo 5:33.

Srɔ̃nyɔnu kpea asi ɖe ƒomea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu ne ekpena ɖe srɔ̃a ŋu be wòatsɔ eƒe agbanɔamedzi kpekpeawo. Aleae woɖoe be wòanɔ, elabena ɖe Mawu na srɔ̃nyɔnu ame be wòanye “kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu.” (Mose I, 2:18) Àte ŋu akpɔ yayra si wòanye le ƒomegbenɔnɔ me ne srɔ̃nyɔnu dea bubu srɔ̃a ŋu to eƒe nyametsotsowo dzi dede dzi kpakple to nu wɔwɔ aduadu kplii be woaɖo ƒomea ƒe taɖodzinuwo gbɔ dzia?

Srɔ̃tɔwo: “Ele be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo naɖi anukware na wo nɔewo.”—Hebritɔwo 13:4, TEV.

Ne wowɔ esia la, aɖe vi kokoko le ƒomegbenɔnɔa me. Zi geɖe la, ahasiwɔwɔ gblẽa ƒomea me. (Lododowo 6:27-29, 32) Eyata Biblia de dzi ƒo nunyatɔe be: “Kpɔ dzidzɔ ɖe srɔ̃wò ŋu eye nakpɔ dzidzɔ kple nyɔnu si nèɖe la . . . Nukatae natsɔ wò lɔlɔ̃ na nyɔnu bubu?”—Lododowo 5:18-20, TEV.

Dzilawo: ‘Mimlã mia viwo ɖe mɔ si woato la ŋu.’—Lododowo 22:6.

Ne dzilawo kpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu helé be na wo la, ƒomegbenɔnɔ anyo ɖe edzi godoo. Eyatae Biblia de dzi ƒo na dzilawo be woafia gɔmeɖose nyuiwo wo viwo ‘ne wobɔbɔ nɔ woƒe aƒewo me, ne wole mɔ dzi, ne womlɔ anyi kple ne wofɔ.’ (Mose V, 11:19) Biblia gblɔ hã be ele be dzilawo naɖe lɔlɔ̃ afia wo viwo to tohehe nana wo dzi.—Efesotɔwo 6:4.

Ðeviwo: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me.”—Efesotɔwo 6:1.

Nyateƒee, le sedzimawɔmawɔ ƒe xexe sia me la, menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be naɖo to dziwòlawo o. Gake mèlɔ̃ ɖe edzi be nunya le eme be míawɔ nusi Amesi ɖo ƒomea anyi la gblɔ na mí oa? Enya nu nyuitɔ si ana dzidzɔkpɔkpɔ nanɔ míaƒe ƒomegbenɔnɔ me wu. Eyata midze agbagba vevie be miaɖo to mia dzilawo. Miɖoe kplikpaa be miaƒo asa na xexeame ƒe nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe tetekpɔ geɖeawo.—Lododowo 1:10-19.

Alesi gbegbe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzie la nue ƒomegbenɔnɔ akpɔ dzidzedze ɖo. Menye agbenɔnɔ si nyo wu fifia me koe ƒomea ase vivi le o ke etsɔ me nyui aɖe le xexeme yeye si ŋugbe Mawu do me la ƒe mɔkpɔkpɔ hã anɔ esi. (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Eyata mina wòazu miaƒe ƒomea ƒe nɔnɔme be mianɔ Biblia srɔ̃m ɖekae! Ƒome miliɔn geɖe le xexeame katã kpɔe be mɔfiafia si le Nusi Gbɔ Ƒome Ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe agbalẽa si me nɔnɔmetata siwo nya kpɔ le la me ɖea vi ŋutɔ.

Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe