Ta 14
Ameka Ƒe Ŋusẽ Te Wòle Be Nàbɔbɔ Ðo?
1, 2. Ðe ŋusẽ ɖesiaɖe gblẽa nu le ame ŋua? Ðe eme.
NYA “ŋusẽ” tɔa tome na ame geɖe. Nusitae la me anya se, elabena zi geɖe la, wozãa ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu—le dɔwɔƒewo, le ƒomea me, kple le dziɖuɖuwo me. Nyateƒee Biblia to esi wògblɔ be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Vavãe, ame geɖe ɖu fia ɖe ame bubuwo dzi ŋutasesẽtɔe ɖe woawo ŋutɔ ɖeɖeko ƒe nyui ta.
2 Gake menye ŋusẽ ɖesiaɖee gblẽa nu le ame ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu agblɔ be míaƒe ŋutilã kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi. “Eɖea gbe” na mí be míagbɔ, aɖu nu, ano tsi, ahadɔ alɔ̃. Ðe nusia tea mí ɖe anyia? Ao. Wɔwɔ ɖe nudidi siawo dzi ɖea vi na mí. Togbɔ be wɔwɔ ɖe míaƒe ŋutilã ƒe nuhiahiãwo dzi manye nusiwo dzi wòahiã be míalɔ̃ ɖo hafi awɔ o hã la, ŋusẽ ƒomevi bubu aɖewo li siwo te wòhiã be míalɔ̃ faa abɔbɔ ɖo. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.
ŊUSẼ GÃTƆ KEKEAKE
3. Nukata wòsɔ be woyɔ Yehowa be “Aƒetɔ Dziɖulagã”?
3 Woyɔ Yehowa wòwu zi 300 be “Aƒetɔ Dziɖulagã” (NW) le Biblia me. Dziɖulagãe nye amesi ƒe ŋusẽ kpe wu amesiame tɔ. Nukatae ɖoƒe sia ƒe gome le Yehowa si? Nyaɖeɖefia 4:11 ɖo eŋu be: “[Yehowa] mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”
4. Aleke Yehowa ɖoe be yeawɔ yeƒe ŋusẽ ŋudɔe?
4 Esi Yehowa nye mía Wɔla ta la, ekpɔ mɔ azã eƒe ŋusẽ alesi dze eŋu. Esia ado vɔvɔ̃ na ame, vevietɔ ne míebu eŋu be “ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ” ye le Mawu si. Woyɔnɛ hã be “Mawu ŋusẽkatãtɔ”—nya sia fia ŋusẽ si ƒo ɖesiaɖe ta le Hebrigbe me. (Yesaya 40:26; Mose I, 17:1) Gake Yehowa zãa eƒe ŋusẽ dɔmenyotɔe, elabena eƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃.—Yohanes I, 4:16.
5. Nukatae ɖokuibɔbɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu te mesesẽ o?
5 Togbɔ be Yehowa gblɔ be yeahe to na nugbegblẽwɔla matrɔdzimewo hã la, nɔnɔme si Mose nya nɛ ye nye “Mawu vavã kple Mawu anukwaretɔ, . . . amesi wɔa eƒe nubabla kple nublanuikpɔkpɔ dzi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe se dzi.” (Mose V, 7:9) Bu eŋu kpɔ ko! Ŋusẽtɔ Gãtɔ Kekeake le xexeame katã mezia mía dzi be míasubɔ ye o. Ke boŋ eƒe lɔlɔ̃ ye hea mí vaa egbɔe. (Romatɔwo 2:4; 5:8) Ðokuibɔbɔ ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ te nye nusi wosea vivi na gɔ̃ hã, elabena nu nyuitɔwo wue dona tsoa eƒe sewo me na mí.—Psalmo 19:8, 9.
6. Aleke dziɖuɖu ƒe nya fɔ ɖe tee le Eden, eye nukae do tso eme?
6 Mía dzila gbãtɔwo gbe Mawu ƒe fianyenye. Wodi be yewo ŋutɔ yewoatso nya me le nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ ŋu. (Mose I, 3:4-6) Eyata wonyã wo le woƒe Paradisoƒe la me. Emegbe Yehowa ɖe mɔ be amegbetɔwo nawɔ dziɖuɖu ƒe ɖoɖowo, si akpe ɖe wo ŋu be woawɔ nu ɖe ɖoɖo nu togbɔ be wozu blibomadelawo hã. Dziɖuɖu siawo dometɔ aɖewo ɖe, eye afikae Mawu di be míabɔbɔ mía ɖokui na wo ase ɖo?
“DZIÐUÐU, SIWO ŊUSẼ LI NA”
7. Amekawoe nye “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na,” eye afikae wole na Mawu ƒe ŋusẽ?
7 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖu aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko.” Amekawoe nye “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na” siawo? Paulo ƒe nya siwo le kpukpui siwo kplɔe ɖo me fia be woawoe nye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo. (Romatɔwo 13:1-7; Tito 3:1) Menye Yehowae ɖo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo o, gake eyae ɖe mɔ woli. Eyata Paulo te ŋu ŋlɔ be: “Dziɖuŋusẽ siwo li la Mawue na wole woƒe nɔƒe si wole.” (NW) Nukae nya sia fia le anyigba dzi dziɖuɖu siawo ŋu? Eyae nye be wobɔbɔ ɖe Mawu ƒe ŋusẽ te, alo womede enu o. (Yohanes 19:10, 11) Eyata ne amegbetɔ ƒe se tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu la, ele be Kristotɔwo ƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia hee la nafia mɔ wo. “Ele be, woabu Mawu [dziɖulae] awu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29.
8. Aleke dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na ɖea vi na wòe, eye aleke nàte ŋu abɔbɔ ɖe wo tee?
8 Gake zi geɖe la, dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na wɔa dɔ abe ‘Mawu ƒe subɔla hena míaƒe nyui’ ene. (Romatɔwo 13:4) Le mɔ kawo nu? Bu kpekpeɖeŋunu siwo dziɖuɖuwo nana abe posuwo, kpovitɔwo ƒe ametakpɔkpɔ kple dzotsidɔwɔƒewo, dzadzɛnyenye, kple agbalẽsɔsrɔ̃ ene ŋu kpɔ. Paulo ŋlɔ be: “Esia ŋuti miedzɔa nu ɖo hã, elabena Mawu ƒe dɔtsɔlawo wonye, amesiwo nɔ nenem nusia wɔwɔ dzi.” (Romatɔwo 13:6) Le adzɔxexe alo se ƒe nudidi bubuwo me la, ele be ‘míawɔ nu le anukwareɖiɖi me.’—Hebritɔwo 13:18.
9, 10. (a) Aleke dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na sɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo nui? (b) Nukatae wòanye vodada be woatsi tre ɖe dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na ŋu?
9 Ɣeaɖewoɣi la, dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na zãa woƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu. Ðe esia ɖe agba le mía dzi be mele be míagabɔbɔ mía ɖokui na wo oa? Ao, meɖee ɖa o. Yehowa kpɔa dziɖuɖu siawo ƒe nugbegblẽwɔwɔwo. (Lododowo 15:3) Eƒe mɔɖeɖe ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ŋu mefia be emia ŋku ɖe eƒe nugbegblẽwɔwɔwo dzi o; eye medi be míawo hã míamia ŋku ɖe wo dzi o. Le nyateƒe me la, esusɔ vie ko Mawu “agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo,” eye wòana eya ŋutɔ ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe naxɔ ɖe wo teƒe. (Daniel 2:44) Gake hafi nusia nadzɔ la, dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na la le dɔ ɖevi aɖe wɔm.
10 Paulo ɖe eme be: “Amesi ke dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, etsia tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti.” (Romatɔwo 13:2) Dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na nye Mawu ƒe “nuɖoanyi” le gɔmesese sia nu be wonaa ɖoɖodziwɔwɔ nɔa anyi vaseɖe afi aɖe, eye woawo manɔmee la, anye ne tɔtɔ kple sedzimawɔmawɔe axɔ aƒe ɖi. Tsitretsitsi ɖe wo ŋu masɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o eye susu manɔ eme o. Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be wowɔ dɔ na wò eye wotsɔ ka tɔ abia nui. Togbɔ be kaawo menye wò ŋutilã ƒe akpa aɖeke o hã la, wole vi aɖe ɖem vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Ne èɖe wo do ŋgɔ na wo ɖeɣi la, ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò. Nenema ke Mawu mewɔ ɖoɖo ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ŋu le eƒe tameɖoɖo gbãtɔ me o. Gake hafi ne eƒe Fiaɖuƒea nava ɖu anyigba la dzi bliboe la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo lé ameƒomea ƒo ƒu ɖekae, eye wole dɔ si sɔ kple nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu fifia la wɔm gbɔ. Eyata ele be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui na dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na, gake míana Mawu ƒe se kple ŋusẽ naxɔ nɔƒe gbãtɔ.
ŊUSẼ SI LE ƑOMEA ME
11. Aleke nàɖe tanyenye ƒe gɔmeɖosea mee?
11 Ƒomea ye nye amegbetɔƒomea ƒe gɔmeɖokpe vevitɔ. Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ate ŋu ade ha kple wo nɔewo le eme wòaɖe vi na wo, eye woate ŋu akpɔ ɖeviwo ta ahe wo ɖe woƒe tsitsime ŋu. (Lododowo 5:15-21; Efesotɔwo 6:1-4) Ele be ɖoɖo nanɔ nuɖoanyi nyui sia ŋu le mɔ si ana ƒomea me tɔwo nanɔ ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me nu. Mɔ si nu Yehowa wɔ esia toe nye to tanyenye ƒe gɔmeɖose si wogblɔ kpuie ɖe Korintotɔwo I, 11:3 dzi nu be: “Ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.”
12, 13. Amekae nye ƒomea ƒe ta, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe tanyenye ŋudɔwɔwɔ me?
12 Srɔ̃ŋutsuae nye ƒomea ƒe ta. Gake ame aɖe nye ta na eya hã—Yesu Kristo. Paulo ŋlɔ be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene.” (Efesotɔwo 5:25) Ne srɔ̃ŋutsu wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu abe alesi Yesu wɔa nu ɖe hamea ŋu ɣesiaɣi ene la, ke ele eɖem fia be yebɔbɔ ye ɖokui ɖe Kristo te. (Yohanes I, 2:6) Wona ŋusẽ gã aɖe Yesu, gake etsɔa tufafa, lɔlɔ̃, kple ameŋububu gãtɔ kekeake wɔa eŋudɔe. (Mateo 20:25-28) Esime Yesu nye amegbetɔ la, mezã eƒe ŋusẽnɔƒe ɖe mɔ gbegblẽ nu kpɔ gbeɖe o. ‘Eƒe dɔme fa eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me,’ eye wòyɔ eyomedzelawo be “xɔlɔ̃wo” ke menye “kluviwo” o. Edo ŋugbe be “mana dzudzɔ mi,” eye enae wo hã.—Mateo 11:28, 29; Yohanes 15:15.
13 Yesu ƒe kpɔɖeŋua fia srɔ̃ŋutsuwo be menye dziɖuɖu ŋutasesẽtɔe ƒe ɖoƒee Kristotɔwo ƒe tanyenye nye o. Ke boŋ bubudedeameŋu kple ɖokuitsɔtsɔsavɔlɔlɔ̃ ƒe ɖoƒee. Esia fia kɔte be mele be woaƒo ame srɔ̃ alo adzui o. (Efesotɔwo 4:29, 31, 32; 5:28, 29; Kolosetɔwo 3:19) Ne Kristotɔ ŋutsu awɔ ŋlɔmi le srɔ̃a ŋu nenema la, eƒe dɔ nyui wɔwɔ bubuwo azu dzodzro, eye wòaxe mɔ na eƒe gbedodoɖawo.—Korintotɔwo I, 13:1-3; Petro I, 3:7.
14, 15. Aleke sidzedze Mawu kpena ɖe srɔ̃nyɔnu ŋu be wòabɔbɔ eɖokui na srɔ̃ae?
14 Ne srɔ̃ŋutsu srɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋua la, enɔa bɔbɔe na srɔ̃a be wòawɔ ɖe nya siwo le Efesotɔwo 5:22, 23 la dzi: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene; elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla.” Abe alesi wòle be srɔ̃ŋutsu nabɔbɔ eɖokui na Kristoe ene la, nenema ke wòle be srɔ̃nyɔnu hã nabɔbɔ eɖokui na ŋutsu lae. Biblia gagblɔ kɔte hã be srɔ̃nyɔnu zazɛ̃wo dze na bubu kple kafukafu ɖe woƒe mawumenunya kple woƒe zazã ta.—Lododowo 31:10-31.
15 Seɖoƒe li na Kristotɔ srɔ̃nyɔnu ƒe eɖokuibɔbɔ ɖe srɔ̃a te. Efia be ne ɖokuibɔbɔ ana wòada le Mawu ƒe se dzi la, Mawu ƒe se dzie wòle be wòawɔ ɖo ke menye srɔ̃a tɔ o. Gake le nya ma gɔ̃ hã me la, ele be nyɔnua nawɔ nu le “gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo” me le eƒe tenɔnɔ sesĩe la me. Ele be wòadze kɔte be sidzedze Mawu wɔe be wòzu srɔ̃nyɔnu nyui. (Petro I, 3:1-4) Nenema ke wòle be nenɔ le Kristotɔ ŋutsu si srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔ hã gome. Ele be ŋutsua ƒe wɔwɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi nana wòazu srɔ̃ŋutsu si ƒe nɔnɔme nyo wu.
16. Aleke ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo le eƒe ɖevimenɔɣie?
16 Efesotɔwo 6:1 gblɔ ɖeviwo hã ƒe wɔƒe be: “Miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe.” Ðevi siwo nye Kristotɔwo la srɔ̃a Yesu, amesi bɔbɔ eɖokui na edzilawo ɣesiaɣi esime wònɔ tsitsim la ƒe kpɔɖeŋu. Enye ɖevi buame si “tsi ɖe dzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve [me] le Mawu kple amewo gbɔ.”—Luka 2:51, 52.
17. Dɔ kae alesi dzilawo zãa ŋusẽe ate ŋu awɔ dɔ ɖe wo viwo dzi?
17 Alesi dzilawo kpɔa woƒe agbanɔamedziwo gbɔe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo viwo dzi ne woade bubu ŋusẽ ŋu loo alo adze aglã ɖe eŋu. (Lododowo 22:6) Eyata esɔ be dzilawo nabia wo ɖokui se be, ‘Ðe mezãa nye ŋusẽ lɔlɔ̃tɔe alo mezãnɛ tagbɔsesẽtɔea? Ðe meɖea mɔ wowɔa nusianu si dze wo ŋua?’ Wodi tso dzila mawuvɔ̃la si be wòawɔ nu le lɔlɔ̃ kple ameŋububu me, gake ele be woatɔ afɔ to sesĩe le mawusosroɖa ƒe gɔmeɖosewo me léle ɖe asi me. Eyata esɔ be Paulo ŋlɔ be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le [Yehowa] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:4; Kolosetɔwo 3:21.
18. Aleke wòle be dzilawo nahe vii?
18 Ele be dzilawo nalé ŋku ɖe woƒe amehemɔnuwo ŋu nyuie, vevietɔ ne wodi be yewo viwo naɖo to eye woado dzidzɔ na yewo. (Lododowo 23:24, 25) Le Biblia me la, nufiafia ƒomevi aɖe koŋ ye wogblɔ be amehehe nye. (Lododowo 4:1; 8:33) Lɔlɔ̃ kple tufafae wòdo ƒome kple, ke menye kple dziku kple tamesesẽ o. Eyata ehiã be Kristotɔ dzilawo nawɔ nu le nunya me eye woalé wo ɖokui ne wole wo viwo hem.—Lododowo 1:7.
ŊUSẼ SI LE HAMEA ME
19. Aleke Mawu wɔ ɖoɖoe be nuwo nanɔ ɖoɖo nyui nu le Kristo-hamea me?
19 Esi Yehowa nye Mawu si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu ta la, susu le eme be awɔ ɖoɖo ɖe amekpɔkplɔ sẽŋu si le ɖoɖo nu la ŋu na eƒe amewo. Eyata eɖo Yesu wònye Kristo-hamea ƒe Ta. (Korintotɔwo I, 14:33, 40; Efesotɔwo 1:20-23) Le Kristo ƒe amekpɔkplɔ makpɔmakpɔ te la, Mawu na wowɔ ɖoɖo aɖe si me hamemegã siwo woɖo le hame ɖesiaɖe me la tsɔa didi vevie, dzimekɔkɔ, kple lɔlɔ̃ nyia alẽha lae. (Petro I, 5:2, 3) Subɔsubɔdɔwɔlawo kpena ɖe wo ŋu le mɔ vovovo nu eye wowɔa subɔsubɔdɔ vevi aɖe le hamea me.—Filipitɔwo 1:1.
20. Nukata wòle be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe Kristotɔ hamemegã siwo woɖo la te, eye nukatae viɖe le esia wɔwɔ me?
20 Paulo ŋlɔ le Kristotɔ hamemegãwo ŋu be: “Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖe aɖeke na mi o.” (Hebritɔwo 13:17) Le nunya me Mawu de dɔ asi na Kristotɔ dzikpɔlawo be woakpɔ hamea me tɔwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Menye osɔfowoe hamemegã siawo nye o. Wonye Mawu ƒe subɔla kple eƒe dɔla siwo kpɔa wo hati subɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, abe alesi míaƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo, wɔe ene. (Yohanes 10:14, 15) Esi míenyae be amesiwo dze le Ŋɔŋlɔawo nu tsɔa ɖe le míaƒe ŋgɔyiyi kple gbɔgbɔmetsitsi me la, edea dzi ƒo na mí be míakpe asi ɖe wo ŋu eye míabɔbɔ mía ɖokui na wo.—Korintotɔwo I, 16:16.
21. Aleke hamemegã siwo woɖo la dina be yewoakpe ɖe yewo nɔvi Kristotɔwo ŋu le gbɔgbɔ mee?
21 Ɣeaɖewoɣi la, alẽawo ate ŋu atra mɔ alo xexeame ƒe nɔnɔme gbegblẽwo ade wo afɔku me. Le Alẽkplɔla Gã la ƒe kpɔkplɔ te la, hamemegã siwo nye alẽkplɔlateviwo nɔa ŋudzɔ ɖe amesiwo wode asi na wo la ƒe nuhiahiãwo ŋu eye wotsɔa veviedodo kpena ɖe wo ŋu. (Petro I, 5:4) Wosrãa hamea me tɔwo kpɔ hedea dzi ƒo na wo. Esi hamemegãwo nya be Abosam di be yeagblẽ ŋutifafa si le Mawu ƒe amewo dome me ta la, wozãa dziƒonunya le kuxi ɖesiaɖe gbɔkpɔkpɔ me. (Yakobo 3:17, 18) Wodzea agbagba vevie kpɔa ɖekawɔwɔ kple xɔse ƒe ɖekanyenye, si Yesu ŋutɔ do gbe ɖa bia la ta.—Yohanes 17:20-22; Korintotɔwo I, 1:10.
22. Kpekpeɖeŋu kae hamemegãwo nana ne ame aɖe wɔ nu gbegblẽ?
22 Ke ne nane le fu ɖem na Kristotɔ aɖe alo dzi ɖe le eƒo le nuvɔ̃ aɖe si wòwɔ ta ɖe? Biblia me ɖaŋuɖoɖo fadzinamewo kple hamemegãwo ƒe gbedodoɖa siwo tso dzime ɖe amea ta ate ŋu akpe ɖe eŋu be wòahaya eye ŋusẽ nagaɖo eŋu le gbɔgbɔ me. (Yakobo 5:13-15) Wona ŋusẽ ŋutsu siawo siwo gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo la be woahe to eye woaka mo na agɔdzela alo amesi ade hamea ƒe gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ ƒe dzadzɛnyenye afɔku me. (Dɔwɔwɔwo 20:28; Tito 1:9; 2:15) Be hamea nanɔ dzadzɛ la, ahiã be amewo nana woanya nugbegblẽwɔwɔ gã aɖe si ŋu wonya nu le. (Mose III, 5:1) Ne Kristotɔ si wɔ nuvɔ̃ gã aɖe lɔ̃ xɔ tohehe kple mokaka si tso Ŋɔŋlɔawo me eye wòɖee fia be yetrɔ dzime ŋutɔŋutɔ la, woakpe ɖe eŋu. Gake woɖea amesiwo daa Mawu ƒe sea dzi atraɖii hegbea dzimetɔtrɔ la ɖa le hamea me.—Korintotɔwo I, 5:9-13.
23. Nukae Kristotɔ dzikpɔlawo wɔna be wòaɖe vi na hamea?
23 Biblia gblɔ ɖi be ne Yesu Kristo le fia ɖum la, woaɖo ŋutsu siwo tsi le gbɔgbɔ me la be woanye akɔfafa, takpɔkpɔ, kple ŋusẽdodo na Mawu ƒe amewo. (Yesaya 32:1, 2) Woaxɔ ŋgɔ le nyanyuigbɔgblɔ, alẽkpɔkplɔ, kple nufiafia dɔwo me be woana amewo natsi le gbɔgbɔ me. (Efesotɔwo 4:11, 12, 16) Togbɔ be Kristotɔ dzikpɔlawo ate ŋu agbe nya, aka mo na haxɔsetɔwo, axlɔ̃ nu wo ɣeaɖewoɣi hã la, hamemegãwo ƒe nufiafia tuameɖo si wotu ɖe Mawu ƒe Nya la dzi la dziwɔwɔ kpena ɖe amesiame ŋu be wòanɔ agbemɔ la dzi.—Lododowo 3:11, 12; 6:23; Tito 2:1.
NA YEHOWA ƑE SUSU LE ŊUSẼ ŊU NANƆ ASIWÒ
24. Nuka mee wodoa mí kpɔ le gbesiagbe?
24 Wodo ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ kpɔ le ɖokuibɔbɔ ɖe ŋusẽ te ƒe nya la me. Eyata mewɔ nuku o be dodokpɔ ma tɔgbe ke dzea ŋgɔ mí gbesiagbe. Satana Abosam ƒã aglãdzegbɔgbɔ ɖe ameƒomea me. (Efesotɔwo 2:2) Wowɔe be ɖokuisinɔnɔgbenɔnɔ dzena nu dzroame si de ŋgɔ wu ɖokuibɔbɔgbenɔnɔ.
25. Viɖe kawoe le xexeame ƒe aglãdzegbɔgbɔ tsitsri kple bɔbɔ ɖe ŋusẽ si Mawu zãna alo esiwo ŋu wòɖe mɔ ɖo te la me?
25 Gake ele be míatsri xexeame ƒe aglãdzegbɔgbɔ. Ne míewɔ esia la, míakpɔe be teƒeɖoɖo gã aɖe le ɖokuibɔbɔ si Mawu dina la me. Le kpɔɖeŋu me, awɔe be dzimaɖitsitsi kple nuxaxa siwo vaa amesiwo dia nya na wo ɖokui le xexemedziɖuɖuwo gbɔ la mava mía dzi o. Ana míaɖe masɔmasɔ siwo bɔ ɖe ƒome geɖe me la dzi akpɔtɔ. Eye ana viɖe siwo tsoa hadede kple mía nɔvi Kristotɔ haxɔsetɔwo si me vividodoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ le la nasu mía si. Ƒo wo katã ta la, ɖokuibɔbɔ mawuvɔvɔ̃tɔe ana ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa, Dziɖula Gãtɔ, dome.
DO WÒ SIDZEDZE KPƆ
Aleke Yehowa wɔa eƒe ŋusẽ ŋudɔe?
Amekawoe nye “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na,” eye aleke míate ŋu abɔbɔ mía ɖokui ɖe wo tee?
Agba kae tanyenye ƒe gɔmeɖosea da ɖe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe dzi?
Aleke míate ŋu aɖe ɖokuibɔbɔ afia le Kristo-hamea mee?
[Aɖaka si le axa 134]
WOBƆBƆA WO ÐOKUI, WOMEDZEA AGLÃ O
Yehowa Ðasefowo toa woƒe dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa dzi fiaa asi Mawu ƒe Fiaɖuƒea be eya koe nye ameƒomea ƒe ŋutifafa kple dedienɔnɔ akuakua ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Gake Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela dovevienu siawo medzea aglã ɖe dziɖuɖu siwo te wole la ŋu kura o. Dukɔmevi siwo bua ame wu hewɔa se dzi wu boŋ ye Ðasefoawo nye. Afrika-dukɔ aɖe ƒe dziɖuɖumegã aɖe gblɔ be: “Ne ɖe ha ɖesiaɖe le abe Yehowa ɖasefowo ene la, anye ne amewuwu, adzodada, sedzimawɔmawɔ, gamenɔlawo kple atɔmik bɔmbwo manɔ anyi o. Anye ne míanɔ ʋɔtruwo dom gbesiagbe o.” Esi dukɔ geɖe ƒe dziɖuɖumegãwo kpɔ esia dze sii ta la, woɖe mɔ Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa le edzi yim kplamatse madomadoe. Le dukɔ bubuwo me la, dziɖuɖumegãwo ɖe asiɖoɖo dɔa dzi alo mɔxeɖenuwo ɖa esi wova kpɔe be ɖe Yehowa Ðasefowo kpɔa ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi boŋ. Ðeko wòle abe alesi apostolo Paulo ŋlɔe ku ɖe bubudede dziɖula siwo ŋusẽ li na ŋu ene be: “Wɔ nyui, eye àkpɔ kafukafu tso egbɔ.”—Romatɔwo 13:1, 3.