Etaƒoƒo
MENYE ɖe wota agbalẽ gbadza sia be wòadzro Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo katã me tsitotsito o. Ke boŋ míedze agbagba be míaɖe gɔmeɖose siwo dzi Ðasefowo xɔ se dometɔ aɖewo me, eye míaɖe ƒome ƒe nuwɔna siwo akpɔ ŋusẽ ɖe wò sukuviwo dzi ne dzila ɖeka alo evea siaa nye Ðasefowo la me nyuie.
Yehowa Ðasefowo léa ŋku ɖe wo viwo ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋu vevie. Eye woka ɖe edzi be esia kpena ɖe wo viwo ŋu woyia ŋgɔ le nu bubuwo hã me. Dzixɔse kple gɔmeɖose siwo nu wonɔa agbe ɖo na taɖodzinu nɔa woƒe agbenɔnɔ ŋu eye wòkpena ɖe wo ŋu wokpɔa woƒe gbesiagbekuxiwo gbɔ. Hekpe ɖe eŋu la, ele be dzixɔse kple gɔmeɖose mawo naʋã wo be woadze agbagba anye nusrɔ̃la dovevienuwo kple dumevi nyuiwo le woƒe agbe me katã.
Ðasefoawo dzea agbagba be yewoawɔ nusi sɔ le agbe me, eyata woléa fɔ ɖe sukudede ŋu vevie. Eyata woƒe didi enye be yewoawɔ ɖeka kpli mi alesi yewoate ŋui. Le wo gome la, woayi edzi ade dzi ƒo na wo viwo le woƒe aƒewo me kple tadeaguƒewo le xexeame katã be woawɔ woƒe akpa dzi le ɖekawɔwɔ nyui sia me.