Nusɔsrɔ̃ 3
Amekae Nye Yesu Kristo?
Nukata woyɔ Yesu be Mawu ƒe “ŋgɔgbevi”? (1)
Nukatae woyɔe be “Nya la”? (1)
Nukata Yesu va anyigba dzi va zu amegbetɔ? (2-4)
Nukata wòwɔ nukunuwo ɖo? (5)
Nukae Yesu awɔ le etsɔme si gbɔna kpuie? (6)
1. Yesu nye gbɔgbɔmeme nɔ dziƒo hafi va anyigba dzi. Eyae nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye le ema ta woyɔe be Mawu ƒe “ŋgɔgbevi.” (Kolosetɔwo 1:15; Nyaɖeɖefia 3:14) Yesu koe nye vi si Mawu ŋutɔ wɔ. Hafi Yesu nava zu amegbetɔ la, Yehowa zãe wònye eƒe “dɔnunɔla” le nu bubu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la wɔwɔ me. (Lododowo 8:22-31; Kolosetɔwo 1:16, 17) Mawu zãe wònye Eƒe nyanuɖela gãtɔ hã. Ema tae woyɔ Yesu be “Nya la” ɖo.—Yohanes 1:1-3; Nyaɖeɖefia 19:13.
2. Mawu dɔ Eƒe Vi la ɖo ɖe anyigba dzi to eƒe agbe tsɔtsɔ de Maria ƒe vidzidɔ me me. Eyata fofo si nye amegbetɔ menɔ Yesu si o. Ema tae menyi nuvɔ̃ alo blibomademade aɖeke ƒe dome o. Nu etɔ̃ tae Mawu dɔ Yesu ɖe anyigba dzi ɖo: (1) Be wòafia nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la mí (Yohanes 18:37), (2) be wòalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi bliboe, be wòanye kpɔɖeŋu na mí be míasrɔ̃ (Petro I, 2:21), eye (3) be wòatsɔ eƒe agbe asa vɔe atsɔ aɖe mí tso nuvɔ̃ kple ku me. Nukata esia va hiã?—Mateo 20:28.
3. Esi ame gbãtɔ Adam gbe toɖoɖo Mawu ƒe sedede la, ewɔ nusi Biblia yɔ be “nuvɔ̃.” Eyata Mawu tso kufia nɛ. (Mose I, 3:17-19) Megate ŋu ɖo Mawu ƒe dzidzenuwo gbɔ o, eyata meganye ame deblibo o. Ʋeʋeʋe la, etsi ku amegã eye wòku. Adam tsɔ nuvɔ̃ dzi viawo katãe. Ema tae míawo hã míetsina kua amegã, léa dɔ, hekuna. Aleke woawɔ aɖe ameƒomea?—Romatɔwo 3:23; 5:12.
4. Yesu nye amegbetɔ deblibo abe Adam ke ene. Gake nusi na Yesu to vovo na Adam ye nye be, eɖo to Mawu le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. Eyata ate ŋu atsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe axe fe ɖe Adam ƒe nuvɔ̃ ta. Esiae Biblia yɔ be ‘tafe.’ Woate ŋu ato esia me aɖe Adam viwo tso ku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Woate ŋu atsɔ amesiwo katã xɔa Yesu dzi se la ƒe nuvɔ̃wo ake wo eye woakpɔ agbe mavɔ.—Timoteo I, 2:5, 6; Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:18, 19.
5. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eda dɔ na dɔnɔwo, ena nuɖuɖu dɔwuitɔwo, eye wòna ahom nu fa. Efɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Nukata wòwɔ nukunuwo ɖo? (1) Amesiwo nɔ fu kpem la ƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye edi be yeakpe ɖe wo ŋu. (2) Eƒe nukunuwo ɖee fia be Mawu ƒe Vie wònye. (3) Woɖe nusi wòawɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo ne eva zu Fia le anyigba dzi ɖum la fia.—Mateo 14:14; Marko 2:10-12; Yohanes 5:28, 29.
6. Yesu ku eye Mawu fɔe ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ, eye wòtrɔ yi dziƒo. (Petro I, 3:18) Tso ɣemaɣi la, Mawu ɖoe Fiae. Eteƒe madidi o Yesu aɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe katã ɖa le anyigba sia dzi.—Psalmo 37:9-11; Lododowo 2:21, 22.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Yesu ƒe subɔsubɔdɔ ƒe akpa aɖewoe nye nufiafia, nukunuwo wɔwɔ, kple eƒe agbe gɔ̃ hã tsɔtsɔ na ɖe mía ta