INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fg nusɔsrɔ̃ 4 biabiawo 1-5
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
  • Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Amekae Nye Yesu Kristo?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Tafe La—Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Aleke Yesu Ƒe Kua Ate Ŋu Ana Nàkpɔ Ðeɖe?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
fg nusɔsrɔ̃ 4 biabiawo 1-5

NUSƆSRƆ̃ 4

Ame Kae Nye Yesu Kristo?

1. Aleke Yesu ƒe agbe dze egɔmee?

Yesu le dziƒo; 2. Vidzĩ Yesu kple Maria kpakple Yosef; 3. Yesu le nu fiam ɖeviwo

Yesu ƒe nɔnɔme nyui kawoe nana amewo tena ɖe eŋu?—MATEO 11:29; MARKO 10:13-16.

To vovo na amegbetɔwo katã la, Yesu nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ nɔ dziƒo hafi wova dzii ɖe anyigba dzi. (Yohanes 8:23) Eyae nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye ekpe asi ɖe Mawu ŋu le nu bubuwo katã wɔwɔ me. Eya ɖeka koe Yehowa ŋutɔ wɔ tẽe, eya tae woyɔe be Mawu ƒe “Tenuvi” ɖo. (Yohanes 1:14) Yesu wɔ dɔ abe Mawu ƒe Nyanuɖela ene, eya ta wogayɔe be “Nya la.”​—Xlẽ Lododowo 8:22, 23, 30; Kolosetɔwo 1:15, 16.

2. Nu ka tae Yesu va anyigba dzi ɖo?

Mawu dɔ Via tso dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi to eƒe agbe tsɔtsɔ de Yuda ɖetugbui nɔaƒe, si ŋkɔe nye Maria, ƒe vidzidɔ me me. Eya ta fofo si nye amegbetɔ menɔ Yesu si o. (Luka 1:30-35) Susu siwo ta Yesu va anyigba dzi ɖoe nye be (1) wòafia nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la mí, (2) wòaɖo kpɔɖeŋu na mí le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me, ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã, eye (3) wòatsɔ eƒe agbe deblibo la ana wòanye “tafe.”​—Xlẽ Mateo 20:28.

3. Nu ka tae míehiã na tafe?

Tafe nye fe si woxe be woana ablɔɖe ame aɖe si ƒe agbe ɖo afɔku me. (2 Mose 21:29, 30) Mawu meɖoe le gɔmedzedzea me be amegbetɔwo naku alo atsi aku amegã o. Aleke míewɔ nya? Mawu gblɔ na ame gbãtɔ Adam be ne ewɔ nu si Biblia yɔ be “nu vɔ̃” la, aku. Ne ɖe Adam mewɔ nu vɔ̃ o la, anye ne maku akpɔ o. (1 Mose 2:16, 17; 5:5) Biblia gblɔ be ku “ge ɖe” xexea me to Adam dzi. Eya ta nu si Adam gblẽ ɖi na eƒe dzidzimeviwoe nye nu vɔ̃ kple emetsonu si nye ku. Esia tae míehiã na tafe si aɖe mí tso ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la si me.​—Xlẽ Romatɔwo 5:12; 6:23.

Ame kae ate ŋu axe tafe, si aɖe mí tso ku si me? Ne míeku la, míexea míawo ŋutɔwo míaƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ko ŋuti fe. Amegbetɔ madeblibo aɖeke mate ŋu axe fe ɖe ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta o.​—Xlẽ Psalmo 49:8-10.

4. Nu ka tae Yesu ku?

Yesu ku ɖe fuwɔametia ŋu, wofɔe emegbe wòyi dziƒo ɖazu Fia le dzi ɖum le afi ma

Yesu mele abe míawo ene o, ke boŋ enye ame deblibo. Eya ta mehiã be wòaku ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o—mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o. Ke boŋ ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo tae Yesu ku ɖo. Le lɔlɔ̃ gã si le Mawu si na ameƒomea ta la, edɔ Via ɖa be wòava ku ɖe mía ta. Yesu hã ɖee fia be yelɔ̃ mí esi wòɖo to Fofoa, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.​—Xlẽ Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:18, 19.

Kpɔ video si nye Nu Ka Tae Yesu Ku?

5. Nu ka wɔmee Yesu le fifia?

Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eda dɔ na dɔnɔwo, efɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye wòxɔ na ame siwo nɔ fu kpem la. Eto esia me ɖe nu si wòava wɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo la fia. (Mateo 15:30, 31; Yohanes 5:28) Esi Yesu ku la, Mawu gbɔ agbee wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ. (1 Petro 3:18) Esia megbe la, Yesu lala le Mawu ƒe ɖusime va se ɖe esime Yehowa na ŋusẽe be wòazu Fia aɖu anyigba bliboa dzi. (Hebritɔwo 10:12, 13) Fifia Yesu zu Fia le dzi ɖum le dziƒo, eye eyomedzela siwo le anyigba dzi la le gbeƒã ɖem nya nyuia le xexea me godoo.​—Xlẽ Daniel 7:13, 14; Mateo 24:14.

Madidi o, Fia Yesu azã eƒe ŋusẽ atsɔ aɖe fukpekpe kple ame siwo katã nana amewo kpea fu la ɖa. Ame siwo katã xɔ Yesu dzi se, eye woɖoa toe la ase vivi le paradiso me le anyigba dzi.​—Xlẽ Psalmo 37:9-11.

Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 4 kple 5 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe