Agbalẽ Si Nyo Na Agbenɔnɔ Le Mi̇́aƒe Ŋkekea Me
Wokpɔa dzidzɔ ɖe aɖaŋuɖogbalẽwo ŋu egbea le xexeame ŋutɔ. Gake wo me nyawo doa xoxo eye eteƒe medidina hafi wowɔa ɖɔɖɔɖowo le wo me alo ɖɔa li wo o. Ke Biblia hã ɖe? Ƒe 2,000 kloe nye sia si wowu eŋɔŋlɔ nu. Ke hã wometrɔ asi le nya gbãtɔ siwo woŋlɔ ɖe eme ŋu alo tsɔ bubuwo kpee be wòasɔ ɖe ɣeyiɣia nu kpɔ o. Ðe mɔfiame nyuiwo ate ŋu anɔ agbalẽ sia me na míaƒe ŋkekea?
AME aɖewo ɖoa eŋu be ao. Esi Ðk. Eli S. Chesen nɔ nusita wòsusu be Biblia me nyawo do xoxo me ɖem la, eŋlɔ be: “Ame aɖeke magblɔ be woazã ƒe 1924 me dzɔdzɔmenuwo ƒe nɔnɔmefiagbalẽ le egbe dzɔdzɔmenuwo ƒe nɔnɔme ŋuti nusɔsrɔ̃ me o.”1 Numeɖeɖe sia adze abe nya si me kɔ ene. Elabena ne èbu eŋu kpɔ la, amegbetɔ srɔ̃ nu geɖe tso susu ƒe dɔwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu kple amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ ŋu tso esime woŋlɔ Biblia. Eyata aleke agbalẽ si do xoxo alea ate ŋu agblɔ nya si aɖe vi le míaƒe ɣeyiɣia me ƒe agbenɔnɔ mee?
Gɔmeɖose Siwo Nyo na Ɣeyiɣi Ðesiaɖe
Togbɔ be ɣeyiɣiawo trɔ hã la, alesi amegbetɔ ƒe nuhiahiã veviwo ya nɔ la, nenema ko wogale. Le ŋutinya katã me la, amewo hiã lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme. Wodi be yewoakpɔ dzidzɔ eye taɖodzinu nanɔ yewoƒe agbe ŋu. Wohiã aɖaŋuɖoɖo si akpe ɖe wo ŋu be woatsɔ akpɔ gakuxiwo gbɔe, be srɔ̃ɖeɖe nadze edzi na wo, eye be woafia agbenyuinɔnɔ kple nɔnɔme ɖɔʋuwo wo viwo. Nuhiahiã vevi mawo ŋuti ɖaŋuɖoɖowo le Biblia me.—Nyagblɔla 3:12, 13; Romatɔwo 12:10; Kolosetɔwo 3:18-21; Timoteo I, 6:6-10.
Aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me fia be eŋlɔla la nya nu tso amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋu nyuie. Bu eƒe gɔmeɖose tɔxɛawo, siwo nyo na ɣeyiɣi ɖesiaɖe eye wosɔ na agbenɔnɔ le míaƒe ɣeyiɣia me dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.
Srɔ̃ɖeɖaŋuɖoɖo si Sɔ
UN Chronicle gblɔ be ƒomea ye nye “amegbetɔwo ƒe habɔbɔwo ƒe gɔmeɖokpe xoxotɔ kple vevitɔ; kadodo vevitɔ kekeake si nɔa dzidzimewo dome.” Gake nublanuitɔe la, “kadodo vevitɔ kekeake” sia me le gbegblẽm kabakaba. Chronicle la gblɔ be: “Le egbe xexeame la, ƒome geɖe doa go kuxi sesẽ siwo ate ŋu agblẽ nu le woƒe dzidzedzekpɔkpɔ, kple le nyateƒe me, woƒe kelili ŋu.”2 Aɖaŋu kae Biblia ɖo si akpe ɖe ƒomewo ŋu be woate ŋu anɔ te ɖe wo nu?
Gbã la, aɖaŋuɖoɖo geɖe le Biblia me na srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo le alesi woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋui ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ le srɔ̃ŋutsuwo ŋu be: “[Ele na srɔ̃ŋutsuwo] be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui; elabena ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi.” (Efesotɔwo 5:28, 29, míawoe te gbe ɖe wo dzi.) Woɖo aɖaŋu na srɔ̃nyɔnu be ‘nesi srɔ̃a ɖa.’—Efesotɔwo 5:33.
Kpɔ nusi Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ma ŋudɔwɔwɔ fia ɖa. Ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a ‘abe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ene’ malé fu nyɔnua alo asẽ ŋuta le eŋu o. Maƒoe o, eye madzui alo awɔ nusi ana wòalé blanui o. Ade asixɔxɔ eŋu ahabu eŋu abe alesi wòwɔna na eɖokui ene. (Petro I, 3:7) Ana nyɔnua nasee le eɖokui me be ye srɔ̃ lɔ̃ ye eye be atsuƒe nyo na ye. Esia wɔwɔ ana ŋutsua naɖo alesi woawɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋui ƒe kpɔɖeŋu nyui na viawo. Ke srɔ̃nyɔnu si ‘sia srɔ̃a ɖa’ hã mekloa bubu le ŋutsua ŋu anɔ nyahehe ɖe eŋu dzi alo anɔ gbɔ ɖimee o. Esi wòbua ŋutsua ta la, ŋutsua asee le eɖokui me be eɖoa ŋu ɖe ye ŋu, exɔ ye eye yeƒe nuwɔna dzea eŋu.
Ðe aɖaŋuɖoɖo sia sɔ le míaƒe egbe xexeamea? Enyo be míade dzesii be nu mawo tɔgbe ke ŋue amesiwo tsɔ nusɔsrɔ̃ tso ƒome siwo li egbea ŋu ɖo dɔe koŋ la va ke ɖo. Ƒomeɖaŋuɖoha ƒe amegã aɖe de dzesii be: “Ƒome siwo agbenɔnɔ dzea edzi na wue nye esiwo me vidada kple vifofo dome le kplikplikpli eye wolɔ̃a wo nɔewo. . . . Edze abe ƒomedodo sesẽ sia si nye vevitɔ la na ɖeviwo sena le wo ɖokui me be yewole dedie ene.”3
Esi ƒeawo va le yiyim la, wokpɔe be srɔ̃ɖeɖaŋu siwo Biblia ɖo nye esiwo ŋu wokpɔ be kakaɖedzi le sã wu ƒomeɖaŋuɖola gbogbo aɖewo ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo wotsɔ susu nyui ɖoe la tɔ. Míade dzesii be eteƒe medidi boo o, aɖaŋuɖola geɖe nɔ ekafum be srɔ̃gbegbee nye nu bɔbɔetɔ si akpɔ srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ mele o ƒe kuxiwo gbɔ kaba. Egbea wo dometɔ geɖe dea dzi ƒo na amewo be woadze agbagba ɖesiaɖe be ne woate ŋui la, woana woƒe srɔ̃ɖeɖea nanɔ anyi adidi. Gake nu geɖe gblẽ va yi vɔ hafi wole tɔtrɔ sia wɔm.
Gake Biblia ya ɖo aɖaŋu si ŋu kakaɖedzi le, si da sɔ le srɔ̃ɖeɖe ŋu. Elɔ̃ ɖe edzi be nɔnɔme sesẽ aɖewo siwo gbɔ eme ate ŋu ana srɔ̃tɔwo nagbe wo nɔewo. (Mateo 19:9) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ede se ɖe srɔ̃gbegbe ɖe nyamaɖinyɛwo ta nu. (Maleaxi 2:14-16) Etsi tre ɖe nuteƒemawɔmawɔ na ame nɔewo le srɔ̃ɖeɖe me hã ŋu. (Hebritɔwo 13:4) Egblɔ be nusi blaa amee srɔ̃ɖeɖe nye: “Eyaŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.”a—Mose I, 2:24, míawoe te gbe ɖe edzi; Mateo 19:5, 6.
Aɖaŋu si Biblia ɖo le srɔ̃ɖeɖe ŋu gasɔ egbea abe alesi wònɔ le Biblia ŋlɔɣi ene. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ kple bubudede ame nɔewo ŋu me eye wobua woƒe srɔ̃ɖeɖea be enye yewo ame evea ko tɔ la, anɔ bɔbɔe wu be srɔ̃ɖeɖea nali ke—eye nu nadze edzi na woƒe ƒomea hã.
Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo na Dzilawo
Ƒe geɖe va yi la, dzila geɖewo—le “susu yeye siwo woto vɛ” le vihehe ŋu ta—bui be “menyo be woade se ɖe nu nu na vi o.”8 Wovɔ̃ be ne yewova de se na yewo viwo la, ava ado vevesese na wo eye wòaɖe dzi le wo ƒo. Viheheŋuɖaŋuɖolawo tsɔ susu nyui nɔ gbe tem ɖe edzi be dzilawo megawɔ naneke wo viwo wòagbɔ nyanyra ɖe wo vie ko ŋu o. Gake aɖaŋuɖola bibi siawo gagbugbɔ le ŋku lém ɖe dɔ si tohehe wɔna ŋu, eye dzila siwo tsi dzi la le nya la me kɔkɔ dim.
Gake le ɣeyiɣi siawo katã me la, Biblia ɖo vihehe ŋu ɖaŋu si me kɔ, si me susu le. Egblɔe ƒe 2,000 kloe nye sia be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Helagbe me ŋkɔnya si gɔme woɖe be “hehe” la fia “vinyinyi, hehenana, nufiafia.”9 Biblia gblɔ be tohehe, alo nufiafia, sia fia be dzilawo lɔ̃a wo viwo. (Lododowo 13:24) Agbenɔnɔ dzea edzi na ɖeviwo ne wona agbenɔnɔ ŋuti mɔfiame siwo ɖe dzesi nyuie wo eye wokpe ɖe wo ŋu wote ŋu dea dzesi nyui kple vɔ̃. Tohehe na wo fiaa wo be yewo dzilawo tsɔ ɖe le eme na yewo eye wòna wonyaa amesi ƒomevi woava zu.
Gake mele be dzilawo nazã woƒe ŋusẽ—“ameƒoti”—la wòagbɔ eme gbeɖe o.b (Lododowo 22:15; 29:15) Biblia xlɔ̃ nu dzilawo be: “Migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.” (Kolosetɔwo 3:21) Egagblɔ hã be zi geɖe la, menye ƒoƒoe nye nufiafiamɔnu nyuitɔ o. Lododowo 17:10 gblɔ be: “Nyaheɖeameŋu dea tame na nugɔmesela wu [be woaƒo] bometsila zi alafa.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia kafu amehehe si xea mɔ ɖe nugbegblẽwɔwɔ nu. Mose V, 11:19 de dzi ƒo na dzilawo be woawɔ ɣeyiɣi ɖesiaɖe ƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ afia agbenɔnɔdzidzenuwo wo viwo.—Kpɔ Mose V, 6:6, 7 hã.
Aɖaŋu si Biblia ɖo na dzilawo si nyo na ɣeyiɣi ɖesiaɖe la me kɔ. Ðeviwo hiã amehehe si me lɔlɔ̃ le si toa mɔ ɖeka. Agbe me nuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔwo fia be aɖaŋuɖoɖo sia wɔa dɔ.c
Mɔxenu Siwo Mãa Amewo Me Dzi Ðuɖu
Egbea ŋutigbalẽ ƒe amadede, dukɔ, kple towo me vovototowo mãa amewo me. Mɔxenu siawo siwo amegbetɔ ŋutɔ ɖo hã gbɔe wòtso be wowu fɔmaɖilawo le aʋawɔwɔwo me le xexeame katã. Ne míatsɔ nusiwo dzɔ va yi le ŋutinya me abu etsɔme ŋui la, ke mɔkpɔkpɔ gobi aɖeke meli be ŋutsu kple nyɔnu siwo nye ŋutigbalẽ ƒe amadede vovovo me tɔwo nabu wo nɔewo be yewosɔ eye be woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu nenema o. Afrika-dziɖuɖumegã aɖe gblɔ be, “míaƒe dzi mee nusi woatsɔ akpɔ egbɔe le.”11 Evɔ amegbetɔ ƒe dzi tɔtrɔ mele bɔbɔe o. Gake kpɔ alesi Biblia me nya wɔa dɔ ɖe ame ƒe dzi dzii eye wònaa amewo bua wo nɔewo be yewosɔ la ɖa.
Biblia ƒe nufiafia be Mawu ‘wɔ amewo ƒe dukɔwo katã tso ame ɖeka me’ la te fli ɖe ebubu be ŋutigbalẽ ƒe amadede aɖe le ŋgɔ na bubuwo la me. (Dɔwɔwɔwo 17:26) Efia be le nyateƒe me la, ameƒomevi ɖeka koe li—amegbetɔƒomea. Biblia gade dzi ƒo na mí be ‘míazu Mawu srɔ̃lawo,’ eya amesi ŋu wògblɔ le be: “Mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Efesotɔwo 5:1; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Sidzedze sia naa amesiwo tsɔa Biblia ƒe nufiafiawo nu vevii eye wodina le nyateƒe me be yewoanɔ agbe ɖe enu la wɔa ɖeka. Ewɔa dɔ ɖoa ame me ʋĩ, dea ame ƒe dzi gbɔ, eye wògbãa mɔxenu amegbetɔ tɔ wɔwɔe siwo mãa amewo me ɖa. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ.
Esime Hitler ho aʋa le Europa katã la, Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe—Yehowa Ðasefowo—gbe kurakura be yewomakpe asi ɖe ame maɖifɔwo wuwu ŋu o. ‘Womatsɔ yi’ ɖe wo havi amegbetɔ ŋu o. Nusita wowɔ nu aleae nye be wodi be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu. (Yesaya 2:3, 4; Mixa 4:3, 5) Woxɔ Biblia ƒe nufiafia dzi se le nyateƒe me—be dukɔ alo ŋutigbalẽ ƒe amadede aɖeke me tɔ menyo wu nɔvia o. (Galatiatɔwo 3:28) Le Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutifafa lɔlɔ̃ ta la, woawoe nye ame gbãtɔ siwo wode fuwɔamegaxɔwo me.—Romatɔwo 12:18.
Gake menye amesiwo katã gblɔna be yewowɔa Biblia ƒe nufiafia dzie wɔ nu nenema o. Le Xexemeʋa II megbe teti la, Germany Protestant sɔfo Martin Niemöller ŋlɔ be: “Amesiame si di be yeabu fɔ Mawu ɖe [aʋawɔwɔ] ta la menya Mawu ƒe Nya la o, alo medi be yeanyae o. . . Le ɣeyiɣiawo katã me la, Kristo-sɔlemehawo tsɔ wo ɖokui na enuenu yra aʋawɔwɔ, asrafowo, kple aʋawɔnuwo eye . . . wodo gbe siwo medze Kristotɔwo kura o ɖa be woatsrɔ̃ yewoƒe futɔwo. Esiawo katã nye míaƒe vodada kple mía fofowo ƒe vodada, ke menye Mawue míabu fɔe kura o. Eye ŋukpe lé mí Kristotɔ siwo li egbea le amesiwo míeyɔna be kɔmamã abe Biblia Nusrɔ̃vi Dovevienuwo [Yehowa Ðasefowo] ene ƒe ŋkume, amesiwo dometɔ alafa kple akpe geɖe yi fuwɔamesaɖawo me eye woku [gɔ̃ hã] le esi wogbe asrafodɔ wɔwɔ eye wogbe be yewomada tu amegbetɔwo o ta.”12
Va de asi na egbegbe la, wonya Yehowa Ðasefowo ƒe nɔviwɔwɔ, esi na Arabiatɔwo kple Yudatɔwo, Croatiatɔwo kple Serbiatɔwo, Hutu kple Tutsi tɔwo wɔ ɖeka. Gake Ðasefowo lɔ̃na ɖe edzi bɔbɔe be menye esi yewonyo wu ame bubuwo tae yewowɔ ɖeka alea o, ke boŋ esi Biblia ƒe nya ƒe ŋusẽ wɔa dɔ ɖe yewo dzi tae.—Tesalonikatɔwo I, 2:13.
Mɔfiame Nyui Siwo Kpɔa Ame ƒe Tamebubu Ta
Zi geɖe la, ame ƒe tamebubu kple eƒe seselelãme kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe lãmesẽ dzi. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmeŋutinunya me numekukuwo ɖo kpe edzi be dziku gblẽa nu le ame ŋu. Ðk. Redford Williams, Duke Yunivɛsiti Tikewɔƒe ƒe Agbenɔnɔ Ŋuti Numekuha ƒe Tatɔ kple srɔ̃a Virginia Williams, wogblɔ le woƒe agbalẽ si nye Anger Kills (Dziku Wua Ame) me be: “Kpeɖodzi siwo li ƒe akpa gãtɔ fia be amesiwo dzi kuna kabakaba te ŋu xɔa dzidɔ (kpakple dɔ bubuwo) bɔbɔe wu ɖe susu vovovo ta, siwo ƒe ɖewoe nye alesi xɔlɔ̃ mesɔa gbɔ ɖe wo si o, nu ƒe tete ɖe wo dzi akpa ne wodo dziku na wo, kple esi wolɔ̃a nusiwo dea woƒe agbe afɔku me wɔwɔ wu ta.”13
Ƒe akpe geɖe hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nawɔ numekuku mawo la, Biblia gblɔ ƒomedodo si le míaƒe seselelãme kple míaƒe lãmesẽ dome eme kɔ eye egɔme nya se bɔbɔe be: “Dzi nyodɔme enye agbe le lã me; ke ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.” (Lododowo 14:30; 17:22) Biblia xlɔ̃ nu nunyatɔe be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo,” eye be, “Dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge!”—Psalmo 37:8; Nyagblɔla 7:9.
Alesi woaɖu dziku dzii ƒe aɖaŋuɖoɖo si me susu le hã le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 19:11 gblɔ be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.” Woɖe Hebrigbe me nya si wozã na ‘nunya’ le afisia tso dɔwɔnya si ku ɖe “sidzedze susu si ta” wowɔ nane ŋu la me.14 Aɖaŋuɖoɖo si me nunya le ye nye: “Bu tame hafi nàwɔ nu.” Agbagbadzedze be woase nusiwo ta amewo gblɔa nya alo wɔa nu ɖe mɔ aɖe nu gɔme ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòagbɔ dzi ɖi na amewo wu—eye be manɔ dzi bim kabakaba o.—Lododowo 14:29.
Aɖaŋuɖoɖo nyui bubu le Kolosetɔwo 3:13, si gblɔ be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo.” Dzikudonamenu suesuewo wɔwɔ ɖe ame ŋu nye nusi dzɔna gbesiagbe le agbe me. Nyagbɔgblɔ si nye “mihe adodo kple mia nɔewo” fia be míaɖe mɔ ɖe nusiwo míelɔ̃na le ame bubuwo ŋu o la ŋu. “Mitsɔ ke” fia be míagalé nya ɖe dɔme o. Ɣeaɖewoɣi la, nunya le eme be míaɖe asi le nusiwo ave mí ŋu wu be míalé wo ɖe dɔme; ɖeko dzikua léle ɖi adzi agba ɖe agba dzi na mí.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Amewo Dome Ƒomedodo Ŋuti Mɔfiame Nyuiwo.”
Aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame xɔtsoƒe geɖe li egbea. Gake le nyateƒe me la, Biblia to vo kura. Menye nyagbɔgblɔ siwo womate ŋu atsɔ awɔ dɔe ye eƒe aɖaŋuɖoɖowo nye o, eye megblẽa nu le ame ŋu gbeɖe hã o. Eƒe nunya “le eme tututu” boŋ. (Psalmo 93:5) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nu meyina o. Togbɔ be ƒe 2,000 kloe nye sia si wowu eŋɔŋlɔ nu la, emenyawo gawɔa dɔ kokoko. Eye ŋutigbalẽ ƒe amadede kae le mía ŋu o, alo dukɔ ka mee míele o, wowɔa dɔ sɔsɔe. Ŋusẽ le Biblia me nyawo ŋu hã—ŋusẽ si ate ŋu atrɔ amewo woazu ame nyuiwo. (Hebritɔwo 4:12) Eyata agbalẽ ma xexlẽ kple eƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ate ŋu ana wò agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a “Gɔmesese si nye be woatsɔ lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ alé ɖe ame ŋu goŋgoŋ dze” le Hebrigbe me nya da·vaqʹ, si gɔme woɖe le afisia be ‘ku ɖe ŋuti’ me.4 Le Helagbe me la, nya si gɔme woɖe be ‘alé ɖe eŋuti’ si wozã le Mateo 19:5 la do ƒome kple nya si gɔmee nye “tsɔ aŋe lé nui,” “de simintii,” “lé wo ɖekae goŋgoŋ.”5
b Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, nya “ameƒoti” (Hebrigbe, sheʹvet) fia “ati” alo “kpo” abe alẽkplɔlawo ƒe kpo ene.10 Le nya sia me la, ameƒoti si nye kpɔɖeŋu na ŋusẽ la fia mɔfiame si me lɔlɔ̃ le, menye tagbɔsesẽnuwɔwɔ o.—Tsɔe kple Psalmo 23:4.
c Kpɔ ta siwo nye “Mlã Viwò tso Vidzĩme,” “Kpe Ðe Viwò Ƒewuivi Ŋu be Agbe Nadze Edzi Nɛ,” “Ðe Vi Dzeaglã aɖe Le Ƒomea Mea?”, kple “Kpɔ Wò Ƒomea Ta tso Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo Me” le agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]
Biblia ɖo ƒomegbenɔnɔ ŋuti ɖaŋu si me kɔ, si me susu le
[Aɖaka si le axa 23]
Nɔnɔme Siwo Nɔa Ƒome Kpɔdzidzɔwo Me
Ƒe geɖe va yi la, nufiala kple ƒomenyaŋutinunyala aɖe ku nu me yi ŋgɔe eye wòbia gbe ƒomeɖaŋuɖola siwo wu 500 tso nɔnɔme siwo wode dzesii le ƒome “kpɔdzidzɔwo” ŋu la ŋuti. Dzidzɔtɔe la, nɔnɔme siwo dzi wotɔ asii wu la nye nusiwo wɔwɔ Biblia kafu xoxoxo.
Dzeɖoɖo nyui, si me masɔmasɔwo dzadzraɖo mɔnu nyuiwo le, ye va gbã. Agbalẽŋlɔla si ŋlɔ numekukua ŋuti nya gblɔ be, nane si wokpɔ le ƒome kpɔdzidzɔwo ŋue nye be “ame aɖeke mekpɔa dziku ɖe nɔvia ŋu tsɔ yia anyimlɔƒee o.”6 Gake ƒe 1,900 kple edzivɔwo va yi la, Biblia xlɔ̃ nu be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” (Efesotɔwo 4:26) Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wobua ŋkeke tso ɣeɖoto va ɖo ɣeɖoto. Eyata ɣeyiɣi didi aɖe hafi egbe ɖaŋuɖolawo nasrɔ̃ nu tso ƒomewo ŋu la, Biblia ɖo aɖaŋu si me nunya le be: Mikpɔ nya siwo ahe masɔmasɔ vɛ gbɔ kaba—hafi gbemagbe ƒe zã nado eye ŋu bubu nagake.
Agbalẽŋlɔla la kpɔe be, ƒome kpɔdzidzɔwo “medoa nya siwo azu dzre ɖa hafi dzona le aƒeme alo ne eɖo anyimlɔɣi o. Mesenɛ zi geɖe wonɔa nya si nye ‘ɣeyiɣi nyuitɔ’ gblɔm.”7 Biblia me lododo aɖe si woŋlɔ ƒe 2,700 kple edzivɔe nye sia si nye, “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me” koe ƒome mawo gagbugbɔ gblɔ togbɔ be womenyae o hã. (Lododowo 15:23; 25:11, míawoe te gbe ɖe edzi.) Kpɔɖeŋu sia ate ŋu aku ɖe sikatsyɔ̃ɖonu siwo wowɔ ɖe atɔtɔŋuti ƒe nɔnɔme nu tsɔna dana ɖe klosagba gbadzɛwo me ŋu—wonye nunɔamesi dzeani siwo ŋu wodea asixɔxɔe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Efia alesi nya siwo wogblɔ ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi dze ani hexɔ asii. Le nɔnɔme sesẽwo me la, asixɔxɔ gã aɖe le nya siwo sɔ gbɔgblɔ ɖe wo gblɔɣi ŋu.—Lododowo 10:19.
[Aɖaka si le axa 26]
Amewo Dome Ƒomedodo Ŋuti Mɔfiame Nyuiwo
“Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me le miaƒe abawo dzi, eye mizi ɖoɖoe!” (Psalmo 4:5) Le agɔdzedze suesue akpa gãtɔ me la, nunya anɔ eme be nàkpɔ wò aɖe dzi, ale be màgagblɔ nya si ahe vevesese vɛ o.
“Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lododowo 12:18) Bu tame hafi nàƒo nu. Nya siwo ŋu womebu hafi gblɔ o la ate ŋu ade abi ame ŋu eye egblẽa xɔlɔ̃wo dome.
“Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dzɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Ebia ɖokuidziɖuɖu be woatsɔ dɔmefafa aɖo nya ŋui, gake ewɔwɔ alea léa avu ame eye wònaa ŋutifafa nɔa anyi.
“Dzregɔmetoto le abe alesi woŋɔa tɔe ene; eyata dzudzɔ hafi ne wòava do gã.” (Lododowo 17:14) Enye nunyanu be nàdzo le nusi ate ŋu azu dzre gbɔ hafi wò dziku nafla.
“Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.” (Nyagblɔla 7:9) Seselelãmee hona hafi wotsona ɖe nuwɔwɔ ŋu. Amesi dzi kuna kabakaba la bometsilae, elabena eƒe nuwɔna ate ŋu ana wòatsɔ dzitsitsi agblɔ nya aɖe alo awɔ nane eŋumabumabui.
Biblia ɖo ƒomegbenɔnɔ ŋuti ɖaŋu si me kɔ, si me susu le
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Yehowa Ðasefowo nɔ ame gbãtɔ siwo wode fuwɔamegaxɔwo me dome