INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • T-23 axa 3
  • Yehowa—Amekae Wònye?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa—Amekae Wònye?
  • Yehowa—Amekae Wònye?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekae Nye Aɖaŋuwɔla La?
  • Nusi Eƒe Ŋkɔ Fia
  • Yehowa ƒe Nɔnɔme Veviwo
  • Yehowa Nyanya ƒe Viɖewo
  • Amekae Wɔ Wo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Amekae Nye Yehowa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Mawu Nyanya
    Agbe si Me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe
  • Amekae Nye Mawu Vavãtɔ La?
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Yehowa—Amekae Wònye?
T-23 axa 3

Yehowa—Amekae Wònye?

ESI ƒe alafa 19 lia me Franseawo ƒe anyigbayeyedila Henri Mouhot nɔ mɔ ɖem to avetsu aɖe me le Cambodia la, eva ke ɖe tsiʋe gã aɖe si woɖe ƒo xlã gbedoxɔ aɖe ŋu. Gbedoxɔ si nye Angkor Wat ye, eye eyae nye subɔsubɔhawo ƒe ŋkuɖodzixɔ si lolo wu ɖesiaɖe le anyigba dzi. Esi Mouhot kpɔ xɔ siawo siwo ŋu adru xɔ keŋ la, enya zi ɖeka be amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔe. Eŋlɔ be: “Xɔ sia si blematɔ aɖe si ƒe tagbɔ aɖaŋu le abe Michelangelo ene tu la lolo wu xɔ bubu ɖesiaɖe si Hela alo Roma tɔwo gblẽ ɖi míeva tu.” Togbɔ be ƒe alafa geɖe enye ma si wogblẽ xɔ nyadri sia ɖi hã la, ɖikeke mele eme o be aɖaŋuwɔla aɖe ƒe asinudɔwɔwɔe.

Enyo be míade dzesii be nunyagbalẽ aɖe si woŋlɔ ƒe alafawo va yi hã zã nuŋububu sia tɔgbe ke gblɔ be: ‘Le nyateƒe me la, aƒe sia aƒe la amee tsonɛ, ke amesi wɔ nuwo katã la, eyae nye Mawu.’ (Hebritɔwo 3:4) Ke hã ame aɖewo agblɔ be, ‘Dzɔdzɔme ƒe nuwɔwɔ to vovo na amegbetɔ tɔ wɔwɔ ɖe.’ Gake menye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo katãe lɔ̃ ɖe tsitretsiɖeŋunya ma dzi o.

Esi Michael Behe si nye lãmetsi siwo me agbeŋusẽ le ƒe dɔwɔwɔ ŋuti nufialagã le Lehigh Yunivɛsiti, Pennsylvania, U.S.A., lɔ̃ ɖe edzi be “menye nu kukuwoe nuwɔwɔ siwo ƒe lãmetsi me agbeŋusẽ wɔa dɔ le nye o” vɔ la, ebia be: “Ðe wòanye be amesi si susu le ye wɔ nugbagbe siwo me agbeŋusẽ wɔa dɔ lea?” Eyi edzi gblɔ be fifia dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le asitɔtrɔ veviwo wɔm le nugbagbewo me to mɔnuwo abe nugbagbewo ƒe agbedomenyiŋusẽ tɔtrɔ ene me. Ẽ, woate ŋu “awɔ” nusiwo me agbe le kple esiwo me agbe mele o siaa! Esi Behe lé ŋku ɖe lãmenugbagbevi siwo le suesue ŋutɔ ŋu la, ede dzesi woƒe ŋutinu hamehame siwo ƒe akpa vovovowo mete ŋu wɔa dɔ wo nɔviwo manɔmee o ƒe dɔwɔwɔ ɖekae si wɔ nuku ŋutɔ. Aleke wòƒo nya tae? “Agbagba siawo katã si wodze be woaku nu me le lãmenugbagbevi ŋu—be woanya alesi agbekui suetɔ kekeake wɔa dɔe—la le gbeƒã si me kɔ ɖemee bobobo be ‘ame aɖee wɔ eƒe aɖaŋu!’”

Ekema amekae nye nu vovovo siawo katã ƒe dɔwɔwɔ ƒe Aɖaŋuwɔla?

Amekae Nye Aɖaŋuwɔla La?

Ŋuɖoɖoa le blema nunyagbalẽ si me míeyɔ nya tsoe va yi—Biblia—me. Nya gbãtɔ siwo wotsɔ dze Biblia gɔmee ɖo amesi nye nuwo katã ŋuti ɖaŋuwɔla ƒe biabiaa ŋu kpuie eye eme kɔ ale gbegbe, be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”—Mose I, 1:1.

Gake be Wɔla la nade vovototo eya kple ame bubu siwo wogblɔna be wonye Mawu dome la, eyɔ ŋkɔ tɔxɛ aɖe na eɖokui be: “Ale Mawu Yehowa, amesi wɔ dziƒowo, . . . amesi keke anyigba kple eƒe numiemiewo ɖe nu, amesi na agbe dukɔ, si le edzi, . . . gblɔ esi.” (Yesaya 42:5, 8, míawoe te gbe ɖe edzi.) Mawu si nye aɖaŋuwɔla le xexeame wɔwɔ ŋu eye wòwɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo ɖe anyigba dzi ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Gake amekae nye Yehowa? Mawu ka ƒomevie wònye? Eye nukatae wòle be nàɖo toe?

Nusi Eƒe Ŋkɔ Fia

Gbã la, Wɔla la ƒe ŋkɔ, Yehowa, gɔme ɖe? Wozã Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene (יהוה) tsɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔe eye edze zi gbɔ zi 7,000 kloe le Biblia ƒe akpa si le Hebrigbe me la me. Wose ŋkɔ sia gɔme be enye Hebrigbe me dɔwɔnya ha·wahʹ (“be nu nava eme”) ƒomevi si fia nusi wɔa nu, eyata egɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme.” Míagblɔe bubui be, le nunya me Yehowa wɔa eɖokui nusianu si wòhiã be wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme. Ewɔa eɖokui Wɔla, Ʋɔnudrɔ̃la, Xɔla, Agbeléɖetela, kple bubuwo, bene wòawɔ eƒe ŋugbedodowo dzi. Gakpe ɖe eŋu la, Hebrigbe me dɔwɔnya la ƒe wɔƒe le gbeŋutise me fia nuwɔna si yina eme va ge. Esia fia be Yehowa gale edzi le eɖokui wɔm amesi ana eƒe tameɖoɖowo nava eme. Ẽ, Mawu gbagbe wònye!

Yehowa ƒe Nɔnɔme Veviwo

Alesi Biblia ƒo nu tso Wɔla sia si naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme ŋu fia be enye amesi si nɔnɔme nyoameŋuwo le. Yehowa ŋutɔ ɖe eƒe nɔnɔme ɖedzesiawo fia eye wògblɔ be: “Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena.” (Mose II, 34:6, 7) Wogblɔ le Yehowa ŋu be enye amenuveve Mawu. Woagate ŋu aɖe Hebrigbe me nya si wozã le afisia gɔme be “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃.” Be Yehowa ƒe tameɖoɖo mavɔ nava eme la, eyia edzi nuteƒewɔwɔtɔe ɖea lɔlɔ̃ fiaa eƒe nuwɔwɔwo. Ðe lɔlɔ̃ sia mexɔ asi na wò oa?

Yehowa gbɔa dzi ɖi blewu eye wòlɔ̃na tsɔa míaƒe vodadawo kea mí hã. Enye dzidzɔ be míanɔ anyi kple amesi media vodada le ame ŋu o ke boŋ wòlɔ̃na tsɔa míaƒe vodadawo kea mí. Gake ema mefia be Yehowa ŋea aɖaba ƒua nugbegblẽwɔwɔ dzi o. Egblɔ be: ‘Nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye meléa fu adzodada kple madzɔmadzɔnyenye.’ (Yesaya 61:8) Esi wònye dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu ta la, mayi edzi akpɔ nublanui na nuvɔ̃wɔla siwo ɖoe kplikpaa yia woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi la o. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be le Yehowa ƒe ɣeyiɣi si sɔ me la, aɖɔ madzɔmadzɔnyenye siwo le xexe si me míele la ɖo.

Ebia nunya be woayi edzi ada asɔ bliboe le lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ɖeɖefia me. Yehowa zãa nɔnɔme eve siawo wodana sɔna le mɔ wɔnuku aɖe nu ne wòle nu wɔm kpli mí. (Romatɔwo 11:33-36) Le nyateƒe me la, woate ŋu akpɔ eƒe nunya le afisiafi. Alesi dzɔdzɔmenuwo wɔ nukui la ɖo kpe edzi.—Psalmo 104:24; Lododowo 3:19.

Gake nunya ƒe amesinɔnɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Be Wɔla la nana nusi wòɖo ɖe tame nava eme la, ele be ŋusẽ blibo hã nanɔ esi. Biblia ɖee fia be Mawu sia tɔgbee wònye esi wògblɔ be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? . . . [Wo] dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.” (Yesaya 40:26) Le nyateƒe me la, “ŋusẽ geɖe” le Yehowa si wòatsɔ awɔ nusiwo wòdi. Ðe nɔnɔme siawo mehe wò ɖe Yehowa ŋu oa?

Yehowa Nyanya ƒe Viɖewo

‘Menye ɖe Yehowa wɔ anyigba la be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmee be amesiwo ƒomedodo ɖɔʋu le wo kplii dome la nanɔ edzi.’ (Yesaya 45:18; Mose I, 1:28) Etsɔ ɖe le eme na eƒe nuwɔwɔ siwo le anyigba dzi. Ena ameƒomea dze agbe gɔme le blibodede me le aƒe si ɖi abɔ, si nye paradiso me. Gake amegbetɔwo ya le anyigba la gbegblẽ dzi wòle dzi kum na Yehowa ale gbegbe. Gake be wòasɔ ɖe nusi eƒe ŋkɔa fia nu la, Yehowa ana tame si wòɖo tso gɔmedzedzea me na ameƒomea kple anyigba la nava eme. (Psalmo 115:16; Nyaɖeɖefia 11:18) Agbugbɔ Paradiso aɖo anyigba la dzi na amesiwo lɔ̃ be yewoanye via siwo ɖoa toe.—Lododowo 8:17; Mateo 5:5.

Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ ƒo nu tso agbe si ƒomevi nàte ŋu anɔ le Paradiso ma me ŋu be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Esiae nye agbe vavã si Yehowa di be nànɔ. Fofo dɔmenyotɔ ka gbegbee nye si wònye! Èdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso eyama kple nusiwo wòdi tso asiwò bene nànɔ Paradiso ma me ŋua?

Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe