INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 5/1 axa 5-7
  • Amekae Nye Yehowa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae Nye Yehowa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Eƒe Ŋkɔ Fia
  • Yehowa ƒe Nɔnɔme Veviwo
  • Dukɔwo Katã ƒe Mawu
  • Yehowa Nyanya ƒe Viɖewo
  • Yehowa—Amekae Wònye?
    Yehowa—Amekae Wònye?
  • Mawu Nyanya
    Agbe si Me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe
  • Amekae Nye Mawu Vavãtɔ La?
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Kafu Yehowa, Mawu Vavã Ðeka Kolia La
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 5/1 axa 5-7

Amekae Nye Yehowa?

YEHOWA gblɔ na esubɔla wɔnuteƒewo dometɔ ɖeka be: “Ame aɖeke makpɔm aganɔ agbe o.” (Mose II, 33:20) “Mawue nye Gbɔgbɔ,” eye amegbetɔwo mate ŋu akpɔe kple woƒe ŋku ŋutɔŋutɔ o. (Yohanes 4:24) Abe alesi ne èwu mo dzi kpɔ ɣe tẽ le ŋdɔkutsu dzatsɛ wòagblẽ nu le wò ŋku ŋu ene la, nenema ke wòagblẽ nu le mía ŋui ne míekpɔ ŋusẽ Dzɔtsoƒe triakɔ si menye míaƒe ɣe si klẽna koe wòwɔ o ke ewɔ ɣe bubu geɖe si womate ŋu axlẽ o le xexeame godoo hã.

Dzidzɔtɔe la, mehiã be míakpɔ Mawu hafi anya nu tso eŋu o. Biblia fia Amesi na nunana wɔnuku ma si nye anyigba la mí eye wògaɖe eƒe amenyenye hã fia mí. Eyata aɖe vi be míadzro Biblia me anya nu tso Fofo si na agbe mí eye wòna aƒe nyui si me míase vivi na agbe ma le la mí ŋu.

Nusi Eƒe Ŋkɔ Fia

Gɔmesese le ŋkɔ ɖesiaɖe ŋu, togbɔ be ame geɖe manya wo egbea o hã. Le kpɔɖeŋu me, woɖe ŋkɔ Dawid si míenya nyuie le Eʋegbe me la tso Hebrigbe me nya si fia be “Lɔlɔ̃tɔ” me. Gɔmesese li na Wɔla la hã ƒe ŋkɔ Yehowa. Egɔme ɖe? Le gbe si me woŋlɔ Biblia ɖo gbã si nye Hebrigbe me la, woŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ kple ŋɔŋlɔdzesi ene, YHWH, eye edze zi gbɔ zi 7,000 kloe le Biblia ƒe akpa si le Hebrigbe me la me. Alesi wose Mawu ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme.” Esia fia be Yehowa le nunya me wɔnɛ be nusianu si wòhiã be wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme la nawɔ dɔ. Enye Wɔla, Ʋɔnudrɔ̃la, Xɔla, Agbeléɖetela eye eyata ate ŋu ana eƒe tameɖoɖowo nava eme. Gakpe ɖe eŋu le Hebrigbe me la, ŋkɔ Yehowa dze le dɔwɔnya ƒe tɔtrɔ si fia nane si wole wɔwɔm me. Ẽ, Yehowa yia edzi wɔa eɖokui be wòanye amesi naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme. Mawu gbagbee wònye!

Yehowa ƒe Nɔnɔme Veviwo

Biblia yɔ Wɔla la be enye “nublanuikpɔla kple amenuveve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena.” (Mose II, 34:6, 7) Gɔmesese deto aɖe le Hebrigbe me nya si gɔmeɖeɖe wozã nyagbɔgblɔ “amenuveve kple nuteƒewɔwɔ” na la ŋu. Efia alesi woyia edzi vea nane nu lɔlɔ̃tɔe vaseɖe esime tameɖoɖo si li na nu ma la nava eme. Woagate ŋu aɖe egɔme be “nuteƒewɔwɔ lɔlɔ̃.” Yehowa yia edzi vea eƒe nuwɔwɔwo nu lɔlɔ̃tɔe eye wònaa eƒe tameɖoɖo wɔnuku la vaa eme. Ðe màde asixɔxɔ lɔlɔ̃ ma si tso Amesi na agbe wò la gbɔ oa?

Yehowa gbɔa dzi blewu, eye wòlɔ̃a míaƒe vodadawo tsɔtsɔ ke mí. Dzidzɔe wònye be woate ɖe amesi le nenema ŋu kplikplikpli. Gake ema mefia be eŋea aɖaba ƒua nugbegblẽwɔwɔ dzi o. Egblɔ be: ‘Nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye meléa fu adzodada kple madzɔmadzɔnyenye.’ (Yesaya 61:8) Esi wònye dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu ta la, mayi edzi akpɔ nublanui na nuvɔ̃wɔla siwo ɖoe kplikpaa yia woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi la o. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be le Yehowa ƒe ɣeyiɣi si sɔ me la, aɖɔ madzɔmadzɔnyenye siwo le xexeame la ɖo. Matrɔ megbe ade amesi le fu kpem la o.

Mele bɔbɔe be woayi edzi ada asɔ nyuie le lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ɖeɖefia me o. Ne dzilae nènye la, ɖe wòsesẽna na wò be nàtso nya me le ɣeyiɣi si me nàhe to na viwòwo, alesi nàhee na wo, kple afisi nàhee ase ɖo ne wowɔ nu manyomanyoa? Ebia nunya gã aɖe hafi woada asɔ le dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ si me lɔlɔ̃ le ɖeɖefia me. Nɔnɔme mae Yehowa ɖena fiana le agbɔsɔsɔ gã aɖe me ne ele nu wɔm kple amegbetɔwo. (Romatɔwo 11:33-36) Nyateƒee, woate ŋu akpɔ Wɔla la ƒe nunya le afisiafi, le kpɔɖeŋu me, le xexemenuwɔwɔ wɔnuku siwo ƒo xlã mí la me.—Psalmo 104:24; Lododowo 3:19.

Gake nunya ƒe amesinɔnɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Be Wɔla la nana nusi nye eƒe lɔlɔ̃nu nava eme la, ele be ŋusẽ hã nanɔ esi, eye Biblia ɖee fia be ŋusẽtɔ gãa aɖee wònye: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.” (Yesaya 40:26) “Ŋusẽ geɖe” ye Yehowa tsɔ wɔ nuwoe. Ðe nɔnɔme ma mahe wò ɖe eŋu oa?

Dukɔwo Katã ƒe Mawu

Àbia be, ‘Gake menye “Nubabla Xoxoa,” blema Israel ƒe Mawue nye Yehowa oa?’ Nyateƒee wònye baa be Yehowa ɖe eɖokui fia Israel-viwo. Gake esi wònye eyae wɔ atsu kple asi gbãtɔawo ta la, Yehowae nye Mawu si “gbɔ ƒome sia ƒome, si le . . . anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ.” (Efesotɔwo 3:15) Ne èxɔe se be ele eteƒe be yeade bubu ye tɔgbuiwo ŋu la, ɖe mele eteƒe be nàde bubu Amesi na agbe ame gbãtɔ, mí katã mía tɔgbui, amesi nye dzidzime siwo katã le anyigba dzi egbea la ƒe dzɔtsoƒe, ŋu oa?

Menye ame masenugɔmee ameƒomea Wɔla la nye o. Ele eme be ƒomedodo tɔxɛ aɖe nɔ wo kpakple Israel-dukɔa dome ɣeaɖeɣi si va yi. Gake ɣemaɣi gɔ̃ hã la, eke eƒe abɔwo me na amesiwo katã yɔ eƒe ŋkɔa. Israel-fia nyanu aɖe gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be: “Ne du bubu me tɔ hã, amesi metso wò dukɔ Isreal me o, ke boŋ anyigba didi aɖe dzi wòtso va le wò ŋkɔ ta . . . ekema nàsee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nàwɔ nusiwo katã ŋuti du bubu me tɔ la le yɔwòm ɖo; ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ, eye woavɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene, eye woadze sii bena, wò ŋkɔ woyɔ ɖe xɔ sia, si metu na wò la ŋu.” (Fiawo I, 8:41-43) Vaseɖe egbea dukɔ sia dukɔ me tɔwo ate ŋu ava nya Yehowa eye ƒomedodo nyui naɖo wo kplii dome. Gake aleke wòka wòe?

Yehowa Nyanya ƒe Viɖewo

Ne míegatrɔ yi kpɔɖeŋu si míewɔ le nyati gbãtɔa me gbɔ la, ne èxɔ nunana aɖe si ŋu wobla nu ɖo nyuie la, àdi kokoko be yeanya nusita woɖo nunana la ɖe ye ɖo. Aleke woadi be nàzãe ahakpɔ edzii? Nenema ke míadi be míanya nusi nɔ Mawu ƒe susu me le esime wòwɔ anyigba la na mí. Biblia gblɔ be “menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmee, be woanɔ edzi,” eyae nye be amegbetɔwo nanɔ edzi.—Yesaya 45:18.

Gake ame akpa gãtɔ melé be na Wɔla la ƒe nunana la o. Wole anyigba la gbegblẽ dzi hetsɔ le dziku domee na Yehowa ale gbegbe. Gake abe alesi Yehowa ƒe ŋkɔa fia ene la, eɖoe kplikpaa be yeana tameɖoɖo si nɔ ye si gbã na amegbetɔwo kple anyigba la nava eme. (Psalmo 115:16; Nyaɖeɖefia 11:18) Ele anyigba la dzra ge ɖo atsɔe ana amesiwo lɔ̃ be yewoanye vi siwo ɖoa toe wòanye woƒe domenyinu.—Mateo 5:5.

Biblia ƒe agbalẽ mamlɛa ƒo nu tso alesi nuwo anɔ ne ema va eme ŋu be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ɣemaɣi aɖatsi mage le mo na ame aɖeke le konyifafa ta alo wòaxa nu le lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku ta o. Ame aɖeke mado ɣli be woakpe ɖe ye ŋu le dziɖeleameƒo ta alo dɔ vɔ̃ɖiwo nana wòase veve o. ‘Woaɖe ku kura gɔ̃ hã ɖa.’ (Korintotɔwo I, 15:26; Yesaya 25:8; 33:24) Aleae Yehowa di gbã be míase vivi na agbee esime wòwɔ mía dzila gbãtɔawo.

Nyateƒee wònye be àte ŋu akpɔ paradiso ƒe nɔnɔme mawo le Yehowa subɔlawo dome fifia. Egblɔ na wo be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nàto la.” (Yesaya 48:17) Fofo dɔmenyotɔ si fiaa mɔ nyuitɔ si dzi mí viawo míazɔ ɖo ye Yehowa nye. Eƒe mɔfiamewo na amegbetɔwo mezia wo dzi dzodzro ko o, ke boŋ wokpɔa ame ta lɔlɔ̃tɔe. Wo dzi wɔwɔ ahe ablɔɖe kple dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ, abe alesi woŋlɔe ɖi ene be: “Ke Aƒetɔ la enye Gbɔgbɔ la; ke afisi Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.” (Korintotɔwo II, 3:17) Esi amesiwo lɔ̃ ɖe eƒe dziɖulanyenye dzi zɔna ɖe mɔfiame siwo le Biblia me dzi ta la, wokpɔa susu me ƒe akɔdzeanyi si ava xɔ ameƒomea ƒe xexeame katã gbeɖeka la fifia.—Filipitɔwo 4:7.

Fofo nyui ka gbegbee nye si Yehowa nye! Àdi be yeagasrɔ̃ nu bubuwo tso Amesi wɔ xexemenu wɔnukuwo katã la ŋua? Fifia kura gɔ̃ hã la, viɖe siwo ga mate ŋu aƒle o asu amesiwo dii la si. Eye yayra mavɔwo asu wo si le etsɔme.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Woate ŋu akpɔ Mawu ƒe ŋkɔ si woŋlɔ kple Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene la le sɔlemexɔ xoxo geɖe ƒe gliwo ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe