Ta Wuienelia
Amesiwo Fia Eveawo Nye Trɔ
1, 2. (a) Nukae na Antiochus IV wɔ ɖe nusi Roma bia dzi? (b) Ɣekaɣie Siria va zu Roma-dziɖuƒe?
SIRIA Fiagã Antiochus IV va dze Egipte dzi eye wòɖo eɖokui woƒe fiae. Roma wɔ ɖe Egipte Fia Ptolemy VI ƒe kpekpeɖeŋu biabia dzi nɛ ale be wòɖo Dukɔteƒenɔla Caius Popilius Laenas ɖe Egipte. Etsɔ aʋawɔtɔdziʋu gbogbo aɖewo vɛ eye wòxɔ sededewo tso Roma Sewɔhagã gbɔ vɛ be Antiochus IV nadzudzɔ fiaɖuɖu ɖe Egipte dzi eye wòadzo le dukɔa me. Siria-fia la kple Roma-teƒenɔla do go ŋkume kple ŋkume le Eleusis si nye Alexandria ƒe gbɔtodu aɖe me. Antiochus IV bia be woana ɣeyiɣi ye yeakpɔ yeƒe aɖaŋuɖolawo, gake Laenas te fli ƒo xlã fia la eye wògblɔ nɛ be wòaɖo nyaa ŋu hafi aɖe afɔ ado le flia me. Esi woɖi gbɔ Antiochus IV alea la, elɔ̃ ɖe nusi Romatɔwo bia dzi eye wòtrɔ yi Siria le ƒe 168 D.M.Ŋ. me. Alea wòdzɔe be ʋiʋli si nɔ Siria-fia si le dziehe kple Egipte-fia si le anyiehe dome la wu enu.
2 Roma si kpɔ ŋusẽ le Titinaɣedzeƒe ƒe nyawo me yi edzi nɔ nu ɖom na Siria. Eyata togbɔ be Selucia-fiaƒomea me fia bubuwo va ɖu Siria dzi le Antiochus IV ƒe ku le ƒe 163 D.M.Ŋ. me megbe hã, womeva zu ‘dziehefia’ o. (Daniel 11:15) Roma va kpɔ ŋusẽ ɖe Siria dzi mlɔeba le ƒe 64 D.M.Ŋ. me.
3. Ɣekaɣie Roma va kpɔ ŋusẽ ɖe Egipte dzi?
3 Ptolemy-fiaƒomedziɖuɖu si le Egipte la yi edzi nye ‘anyiehefia’ wu ƒe 130 le Antiochus IV ƒe ku megbe. (Daniel 11:14) Le Actium-ʋa si wowɔ le ƒe 31 D.M.Ŋ. me la, Roma-dziɖula Octavian ɖu Ptolemy-fiaɖuƒea ƒe fianyɔnu mamlɛtɔ—Cleopatra VII—kple eƒe ahiãvi Romatɔ Mark Antony ƒe aʋakɔ siwo wɔ ɖeka la dzi. Esi Cleopatra wu eɖokui le ƒe si kplɔe ɖo me la, Egipte hã va nɔ Roma te eye megava nye anyiehefia o. Kaka ƒe 30 D.M.Ŋ. naɖo la, Roma kpɔ ŋusẽ ɖe Siria kple Egipte siaa dzi. Ðe wòle be míakpɔ mɔ azɔ be dziɖuɖu bubuwo ava nɔ dziehefia kple anyiehefia ƒe ɖoƒewoa?
FIA YEYE AÐE DƆ ‘NUDZƆDZƆXƆLAWO’
4. Nukata wòle be míakpɔ mɔ be dziɖuɖu bubu nava zu dziehefia?
4 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe adame la, Yesu Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la . . . ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi.” (Mateo 24:15, 16) Yesu yɔ nya tso Daniel 11:31 tsɔ xlɔ̃ nu eyomedzelawo le “aƒedo ƒe ŋunyɔnu” si ava ŋu. Wogblɔ nya sia si ku ɖe dziehefiaa ŋu la ɖi anɔ ƒe 195 le Antiochus IV si nye Siria-fia mamlɛ si nɔ ɖoƒe ma la ƒe ku megbe. Ekema ele be dziɖula bubu nava nye dziehefia godoo. Amekae wòanye?
5. Amekae va zu dziehefia si va xɔ ɖoƒe si Antiochus IV nɔ tsã?
5 Yehowa Mawu ƒe dɔla gblɔ ɖi be: “Emegbe ame aɖe axɔ ɖe eteƒe [Antiochus IV teƒe], eye wòana nudzɔdzɔxɔlawo natsa le fiaɖuƒe nyo la me; ke woawui le ŋkeke aɖewo megbe, menye le dɔmedzoe kple aʋa me o.” (Daniel 11:20) Amesi ‘ava xɔ ɖe eteƒe’ alea la va nye Roma-fiagã gbãtɔ, Octavian, si woyɔna be Kaisaro Augusto.—Kpɔ “Wode Bubu Ðeka Ŋu, Heɖi Gbɔ Evelia,” le axa 248.
6. (a) Ɣekaɣie wona ‘nudzɔdzɔxɔla’ to “fiaɖuƒe nyo” la me, eye nukata esia nɔ vevie? (b) Nukata míate ŋu agblɔ be menye ‘le dɔmedzoe me loo alo aʋa mee’ Augusto ku le o? (d) Tɔtrɔ kae va le amesi dziehefia nye me?
6 Augusto ƒe “fiaɖuƒe nyo” la ƒe akpa aɖee nye “anyigba nyo la”—Yudea si nye Roma-dziɖuƒe. (Daniel 11:16) Le ƒe 2 D.M.Ŋ. me la, Augusto dɔ “nudzɔdzɔxɔlawo” esi wòde se be woaŋlɔ ŋkɔ, alo woaxlẽ amewo, ɖewohĩ kple susu be yeanya dukɔa me tɔwo ƒe xexlẽme le adzɔxɔxɔ kple amesiwo awɔ asrafodɔ ta. Esia tae Yosef kple Maria zɔ mɔ yi Betlexem be woava ŋlɔ ŋkɔ, si wɔe be wodzi Yesu le teƒe ma si wogblɔ ɖi be woadzii ɖo. (Mixa 5:1; Mateo 2:1-12) Le August 14 M.Ŋ.—si nye “ŋkeke aɖewo megbe,” alo sededea megbe kpuie la,—Augusto ku esime wòxɔ ƒe 76, eye menye “le dɔmedzoe me” le amewula aɖe ƒe asi me loo alo le “aʋa me” o, ke le lãmegbegblẽ ta. Amesi dziehefia nye trɔ nyateƒe! Roma Fiaɖuƒea ƒe fiagãwoe va zu fia sia azɔ.
‘AME ÐIGBƆ LA DO’
7, 8. (a) Amekae va xɔ ɖe Augusto teƒe zu dziehefia? (b) Nukata womedi be woatsɔ “fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃” ana amesi va xɔ ɖe Kaisaro Augusto teƒe hafi o?
7 Mawudɔla la yi nyagblɔɖia dzi be: “Ame ɖigbɔ aɖe axɔ ɖe [Augusto teƒe], amesi ŋu womeɖo fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖo o, ke aƒo ɖe anyi le vo me, eye wòatsɔ numevivinyawo axɔ fiaɖuɖu lae. Akplɔ aʋakɔ, siwo gbagba ɖi bibibi la, adzoe abe tɔsisi ene, eye wòatsrɔ̃ wo hekpe ɖe nubabla la ƒe amegã hã ŋu.”—Daniel 11:21, 22.
8 Amesi ‘woava ɖi gbɔe’ lae nye Kaisaro Tiberio, Livia si nye Augusto srɔ̃ etɔ̃lia ƒe vi. (Kpɔ “Wode Bubu Ðeka Ŋu, Heɖi Gbɔ Evelia,” le axa 248.) Augusto lé fu eƒe atikɔmevi sia le eƒe nɔnɔme gbegblẽwo ta eye medi be wòava zu Kaisaro ɖe ye yome o. Esime domenyila bubuawo katã ku ko hafi wotsɔ “fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃” si womedi be woatsɔ nɛ hafi o la nɛ. Augusto xɔ Tiberio abe via ene le ƒe 4 M.Ŋ. me eye wòna wòzu fiazikpuia domenyila. Le Augusto ƒe ku megbe la, Tiberio si xɔ ƒe 54—amesi woɖi gbɔe la—‘do,’ eye exɔ ŋusẽ va zu Roma-fiagã kple dziehefia.
9. Aleke Tiberio ‘tsɔ numevivinyawo xɔ fiaɖuɖu’ lae?
9 The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Tiberio kpɔ ŋusẽ ɖe Sewɔhagã la dzi ayetɔe eye meɖe mɔ be woada ŋkɔ ɖe ye dzi be yenye fiagã o ɣleti ɖeka sɔŋ [le Augusto ƒe ku megbe].” Egblɔ na Sewɔhagã la be ame aɖeke mate ŋu atsɔ Roma Fiaɖuƒea dzi ɖuɖu ƒe agba la o negbe Augusto ko eye ebia tso sewɔhamenɔlaawo si be woagbugbɔ aɖo amehawo ƒe dziɖuɖu anyi eye woatsɔ ŋusẽnɔƒe sia ana amewo ƒe ƒuƒoƒo tsɔ wu be woatsɔe ana ame ɖeka. Ŋutinyaŋlɔla Will Durant ŋlɔ bena: “Esi Sewɔhagã la vɔ̃ na eƒe nyaa dzi wɔwɔ ta la, woƒo nu kplii bubutɔe ʋuu vaseɖe esime wòva lɔ̃ xɔ fiaɖuŋusẽa mlɔeba.” Durant gagblɔ be: “Akpa evea siaa trɔ asi le woƒe nuwɔna ŋu aɖaŋutɔe. Tiberio di be yeanye fiagã, elabena ate ŋu ato mɔ aɖe nu aƒo asa na exɔxɔ hafi; Sewɔha la vɔ̃e helé fui, gake atse meble wo woagbugbɔ aɖo amehawo ƒe dziɖuɖu wòanɔ abe tsãtɔ siwo me sewɔha suewo kplɔa duwo le fiagã ƒe ŋkɔ me ene o.” Eyata Tiberio ‘tsɔ numevivinyawo xɔ fiaɖuƒea.’
10. Aleke ‘wotsrɔ̃ aʋakɔ siwo gbagba ɖi’ lae?
10 Mawudɔla la gblɔ le “aʋakɔ, siwo gbagba ɖi”—si nye fiaɖuƒe siwo ƒo xlã wo ƒe asrafowo—ŋu be: ‘Woakplɔ wo adzoe abe tɔsisi ene, eye wòatsrɔ̃ wo.’ Esime Tiberio va zu dziehefia la, tɔgãyɔvia Germanicus nye Roma-srafo siwo le Rhine Tɔsisia gbɔ ƒe aʋakplɔla. Le ƒe 15 M.Ŋ. me la, Germanicus Caesar kplɔ eƒe asrafowo woho ɖe Germanytɔ aʋakalẽtɔ Arminius ŋu eye eɖu dzi le aʋakpekpe aɖewo me. Gake eƒe aʋadziɖuɖu ʋeeawo gblẽ nu geɖe le eŋu, eye Tiberio megana wowɔ aʋa aɖeke le Germany le ema megbe o. Ke boŋ ede dukɔmeviʋa afima tɔwo dome kple susu be ɖekawɔwɔ naganɔ Germany-towo dome o. Tiberio lɔ̃a dutaɖoɖowɔwɔ ɖe dukɔa ta kpɔkpɔ ŋu eye wòléa fɔ ɖe ŋusẽdodo takpɔnuwo ŋu le liƒoawo dzi. Esia dze edzi nɛ nyuie. Eto esia me kpɔ ŋusẽ ɖe “aʋakɔ, siwo gbagba ɖi” la dzi ‘hetsrɔ̃ wo.’
11. Aleke ‘wotsrɔ̃ nubabla ƒe Amegã’ lae?
11 ‘Wotsrɔ̃’ “nubabla” si Yehowa Mawu wɔ kple Abraham be wòahe yayra vɛ na anyigba dzi ƒomewo katã la “ƒe amegã” hã. Yesu Kristoe nye Abraham ƒe Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo le nubabla ma me. (Mose I, 22:18; Galatiatɔwo 3:16) Le Nisan 14, 33 M.Ŋ. me la, Yesu do ɖe Pontio Pilato ŋkume le Roma-mɔmefia ƒe fiasã me le Yerusalem. Yuda-subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo tso Yesu nu be ele to gblẽm na amewo ɖe fiagã la ŋu. Gake Yesu gblɔ na Pilato be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; . . . nye fiaɖuƒe metso afisia o.” Esi Yudatɔwo medi be Roma-mɔmefia la naɖe asi le Yesu si meɖi fɔ o ŋu o ta la, wodo ɣli gblɔ be: “Ne èkatse ɖe asi le amesia ŋu la, ekema mènye kaisaro xɔlɔ̃ o, amesi ke tsɔ eɖokui wɔ fia la, etsi tre ɖe kaisaro ŋu.” Esi wobia be woawu Yesu vɔ megbe la, wogblɔ be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe kaisaro ko.” Le “aglãdzedze ɖe dziɖuŋusẽ ŋu” ƒe se si Tiberio keke ɖe enu wòku ɖe nusianu kloe si nye nudodo ɖe Kaisaro gbɔ ŋu nu la, Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be ‘woatsrɔ̃e,’ alo woaklãe ɖe fuwɔameti ŋu.—Yohanes 18:36; 19:12-16; Marko 15:14-20.
AMETEÐEANYILA AÐE ‘ÐO TAME VƆ̃’
12. (a) Amekawoe va wɔ ɖeka kple Tiberio? (b) Aleke Tiberio ‘tsɔ ame ʋee aɖewo ɖu dzii’?
12 Mawudɔla gayi edzi gblɔ nya ɖi le Tiberio ŋu be: “Ne woɖu dzo kplii hã la, awɔ nu ɖe alakpa me, eye wòaho atsɔ ame ʋee aɖewo aɖu dzii.” (Daniel 11:23) Roma Sewɔhagã la me tɔwo ‘ɖu dzo’ kple Tiberio le se nu eye woawo ƒe gbe dzie wòwɔna ɖo le ɖoɖoa nu. Gake ewɔa nu le aye me, eye ‘etsɔ ame ʋee aɖewo ɖu dzii.’ Ame ʋee mawoe nye Roma Fiagãŋudzɔla siwo ƒe nɔƒe te ɖe Roma-gliwo ŋu. Alesi wote ɖe dua ŋu do vɔvɔ̃ na Sewɔhagã la eye ekpe ɖe Tiberio ŋu wòkpɔa aglã ɖesiaɖe si dukɔmetɔwo adze ɖe eƒe ŋusẽ ŋu gbɔ. Eyata Tiberio to dzɔla siwo ade 10,000 dzi lé eƒe ŋusẽ ɖe te.
13. Mɔ ka nue Tiberio wɔ nu wògbɔ tɔgbuiawo tɔ ŋu le?
13 Mawudɔla gagblɔe ɖi be: “Aƒo ɖe anyigba la ƒe teƒe wɔnuwo le vo me, eye wòawɔ nusi fofoawo kple tɔgbuiawo mewɔ o, amã aboyonu, nuhaha kple kesinɔnu na wo, eye wòaɖo ta me ɖe mɔ sesẽwo ŋu ɣeyiɣi aɖewo.” (Daniel 11:24) Tiberio bua susu vɔ̃ ɖe ame ŋu ŋutɔ, eye ede se wowu ame geɖe le eƒe dziɖuɣi. Vevietɔ ŋɔdzi nɔ eƒe dziɖuɣi ƒe akpa mamlɛa me le Sejanus si nye Fiagãŋudzɔlawo kplɔla ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ta. Mlɔeba la, ebu susu vɔ̃ ɖe Sejanus ŋutɔ hã ŋu eye wowui. Tiberio wɔ nusi gbɔ tɔgbuiawo tɔ ŋu le ameteteɖeanyi gome.
14. (a) Aleke Tiberio kaka “aboyonu, nuhaha kple kesinɔnu” ɖe Roma-dziɖuƒewo katãe? (b) Aleke wobua Tiberio le eƒe kuɣi?
14 Gake Tiberio kaka “aboyonu, nuhaha kple kesinɔnu” ɖe Roma-dziɖuƒewo katã. Kaka eƒe kuɣi naɖo la, nu nɔ nyonyom na eteviwo katã. Adzɔwo mekpe o, eye ete ŋu nyoa dɔme na amesiwo le nuto siwo me nɔnɔmewo sesẽ le me. Ne asrafowo alo dziɖuɖumegãwo te ame ɖe anyi alo kpɔ nyawo gbɔ le anukwaremaɖimaɖi me la, woate ŋu akpɔ mɔ be fiagã ahe to na yewo. Eƒe ŋusẽ me léle ɖe asi sesĩe na dukɔa me nɔ dedie, eye kadodomɔnu siwo nyo wu de asitsatsa dzi. Tiberio kpɔ egbɔ be wona nyawo gbɔ kpɔkpɔ to mɔ ɖeka ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe le Roma-dua me kple egodo. Nuwo ɖɔɖɔɖo si gɔme Kaisaro Augusto dze na wotrɔ asi le sewo ŋu nyuie, eye hadomegbenɔnɔ kple agbenyuinɔnɔ ƒe sewo ganyo ɖe edzi. Ke hã Tiberio ‘ɖo tame’ wɔ nuwo ale be Romatɔ ŋutinyaŋlɔla Tacitus ɖɔ eƒe amenyenye be enye alakpanuwɔla si bi ɖe ayemenuwɔwɔ me. Va ɖo Tiberio ƒe kuɣi le March 37 M.Ŋ. me la, wobunɛ be enye ameteɖeanyila.
15. Aleke nuwo nɔ na Roma le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu kple evelia ƒe gɔmedzedze?
15 Fia siwo va ɖe Tiberio yome siwo va nye dziehefia la dometɔ aɖewoe nye Kaisaro Gaius (Caligula), Klaudio I, Nero, Vespasian, Titus, Domitian, Nerva, Trajan, kple Hadrian. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Fia siwo va ɖe Augusto yome ƒe akpa gãtɔ yi dziɖuɖu kple xɔtutu ƒe ɖoɖo siwo gɔme wòdze dzi, togbɔ be wometo nu yeyewo vɛ wòde etɔ nu o eye woƒo adegbe wui hã. Numekugbalẽ ma ke gaɖee fia be: “Le ƒe alafa 1 ƒe nuwuwu lɔƒo kple 2 lia ƒe gɔmedzedze la, Roma ƒe gãnyenye kple dua me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖo eƒe kɔkɔƒe.” Togbɔ be kuxiwo nɔ Roma le fiaɖuƒea ƒe liƒowo dzi le ɣeyiɣi sia me hã la, eƒe ŋgokpekpe kple anyiehefia si wogblɔ ɖi la meva eme o vaseɖe ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me hafi.
ETSO ÐE ANYIEHEFIA ŊU
16, 17. (a) Amekae va zu dziehefia si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel 11:25? (b) Amekae va zu anyiehefia, eye aleke esia dzɔe?
16 Mawu ƒe dɔla yi nyagblɔɖia dzi be: “[Dziehefia] atsɔ aʋakɔ gã ado adã eƒe ŋusẽ kple dzi [ɖe anyiehefia ŋu; eye anyiehefia hã atso, NW ] atsɔ aʋakɔ gã, si teƒe mekɔ o la, aho aʋa ɖe eŋu, ke [dziehefia] manɔ te o, elabena woɖo nugbe ɖe eŋu. Amesiwo ɖua nu le eƒe agba nu la, awui, woakplɔ eƒe aʋakɔ adzoe abe tɔsisi ene, eye ame geɖewo atsi aʋa.”—Daniel 11:25, 26.
17 Esi Octavian wɔ Egipte wòzu Roma-dziɖuƒe anɔ ƒe 300 megbe la, Roma Fiagã Aurelian va zu dziehefia. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Fianyɔnu Septimia Zenobia si tso Palmira si nye Romatɔwo ƒe dutanyigba la va zu anyiehefia.a (Kpɔ “Zenobia—Palmira Fianyɔnu Aʋakalẽtɔ,” le axa 252.) Palmira-ʋakɔa va xɔ Egipte le ƒe 269 M.Ŋ. me eye wogblɔ ayetɔe be yewole afima dzi kpɔm na Roma. Zenobia di be yeawɔ Palmira wòazu dugã si kpɔ ŋusẽ wu le ɣedzeƒe eye edi be yeaɖu Roma-dziɖuƒe siwo le ɣedzeƒe dzi. Esi nyɔnua ƒe ŋkɔxɔxɔdidi do vɔvɔ̃ na Aurelian la, edo adã “eƒe ŋusẽ kple eƒe dzi” be yeaho ɖe Zenobia ŋu.
18. Nukae do tso aʋa si nɔ Fiagã Aurelian si nye dziehefia kple Fianyɔnu Zenobia si nye anyiehefia dome la me?
18 Anyiehefia si nye dziɖuɖu si Zenobia nɔ ŋgɔ na la ‘tso’ eye ‘wòkplɔ aʋakɔ gã, si teƒe mekɔ o’ ho aʋa ɖe dziehefia ŋu le aʋafia eve siwo nye Zabdas kple Zabbai ƒe kpɔkplɔ te. Gake Aurelian xɔ Egipte eye wòtɔ edzi yi Asia Sue kple Siria. Woɖu Zenobia dzi le Emesa (si nye Homs fifia), eye wòtrɔ yi Palmira. Esime Aurelian ɖe to ɖe du ma la, Zenobia ʋli eta kalẽtɔe gake mete ŋu ɖu dzi o. Eya kple viaŋutsu wosi ɖo ta Persia, gake Romatɔwo va lé wo le Frat Tɔsisia to. Palmiratɔwo na ta eye woxɔ woƒe dua le ƒe 272 M.Ŋ. me. Aurelian mewu Zenobia o, ke ewɔe wònye nukpɔkpɔ vevitɔ le eƒe aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔlɔ me le Roma le ƒe 274 M.Ŋ. me. Ezu Romatɔwo ƒe aƒenɔ ŋkuta le eƒe agbemeŋkeke mamlɛwo me.
19. Aleke Aurelian dze anyii ‘le nugbe si woɖo ɖe eŋu ta’?
19 Aurelian ŋutɔ hã ‘menɔ te o le nugbe si woɖo ɖe eŋu ta.’ Eho aʋa ɖe Persiatɔwo ŋu le ƒe 275 M.Ŋ. me. Esime wònɔ lalam le Thrace henɔ mɔnukpɔkpɔ dim be yeatso tɔ le teƒe xaxɛ aɖe age ɖe Asia Sue la, amesiwo ‘ɖua eƒe nu’ ɖo nugbe ɖe eŋu eye wona ‘wowui.’ Eɖoe be yeahe to na yeƒe agbalẽŋlɔla Eros ɖe anukwaremaɖimaɖi ta. Gake Eros ɖoe koŋ da alakpa ŋlɔ amegã aɖewo ƒe ŋkɔ be wogbɔna wo wu ge. Esi amegãawo kpɔ ŋkɔŋɔŋlɔ sia la, eʋã wo woɖo nugbe ɖe Aurelian ŋu hewui.
20. Aleke “wokplɔ” dziehefia ƒe ‘aʋakɔ dzoe abe tɔsisi ene’?
20 Dziehefia ƒe dɔwo mewu enu le Fiagã Aurelian ƒe kuɣi o. Roma-dziɖula bubuwo kplɔe ɖo. Vaseɖe ɣeyiɣi aɖe la, ɣetoɖoƒe fiagã kple ɣedzeƒe fiagã va nɔ anyi. “Wokplɔ” dziehefia ƒe ‘aʋakɔ dzoe abe tɔsisi ene,’ alo “woka wo hlẽ,”b le ŋutsu siawo ƒe dziɖuɖu te eye ‘ame geɖe tsi aʋa’ le Germany-to siwo tso dziehe ƒe amedzidzedzewo ta. Germanytɔwo gbã Romatɔwo ƒe liƒo dze wo dzi le ƒe alafa enelia M.Ŋ. me. Woyi edzi nɔ wo dzi dzem zi geɖe. Le ƒe 476 M.Ŋ. me la, Germanytɔwo kplɔla Odoacer ɖe fiagã mamlɛtɔ si nɔ fia ɖum le Roma la le zi dzi. Kaka ƒe alafa adelia nadze egɔme la, wogbã Roma Fiaɖuƒe si le ɣetoɖoƒe la, eye Germany-fiawo ɖu fia le Britannia, Gaul, Italy, Dziehe Afrika, kple Spain. Fiaɖuƒea ƒe akpa si le ɣedzeƒe nɔ anyi vaseɖe ƒe alafa 15 lia me.
FIAÐUƑE GÃ AÐE ME MÃ
21, 22. Tɔtrɔ kawoe Konstantino he vɛ le ƒe alafa enelia M.Ŋ. me?
21 Yehowa ƒe dɔla la meƒo nu tso alesi Roma Fiaɖuƒea gbãe ŋu nya si nye ƒe alafa geɖe me nya siwo mele vevie o la ŋu o, ke boŋ eyi edzi gblɔ nusiwo dziehefia kple anyiehefia agawɔ ɖi. Gake Roma Fiaɖuƒea me nudzɔdzɔ aɖewo me dzodzro kpuie akpe ɖe mía ŋu míade dzesi amesiwo fia eve siwo menyina o la va nye emegbe.
22 Le ƒe alafa enelia me la, Roma Fiagã Konstantino tsɔ xɔsegbegbe ƒe Kristotɔnyenye ɖo Dukɔa ƒe subɔsubɔhae. Eya ŋutɔ yɔ sɔlemehawo ƒe takpekpe aɖe gɔ̃ hã henɔ zi me nɛ le Nicaea, Asia Sue, le ƒe 325 M.Ŋ. me. Emegbe Konstantino ɖe fiagãnɔƒea tso Roma yi Byzantium, alo Constantinople, eye wòwɔ du ma eƒe fiadu yeyee. Roma Fiaɖuƒea yi edzi nɔ fiagã ɖeka ko ƒe dziɖuɖu te vaseɖe Fiagã Theodosius I ƒe ku le January 17, 395 M.Ŋ. me.
23. (a) Aleke Roma Fiaɖuƒea me mãe le Theodosius ƒe ku megbe? (b) Ɣekaɣie Ɣedzeƒefiaɖuƒea wu enu? (d) Amekae nɔ Egipte dzi ɖum hafi ƒe 1517 ɖo?
23 Esi Theodosius ku la, womã Roma Fiaɖuƒea me na viawo. Honorius xɔ ɣetoɖoƒe gome, eye Arcadius hã xɔ ɣedzeƒe gome eye Constantinople nye eƒe fiadu. Ɣetoɖoƒe gome tɔa ƒe dziɖuƒe aɖewoe nye Britannia, Gaul, Italy, Spain, kple Dziehe Afrika. Ɣedzeƒe gome fiaɖuƒea ƒe dziɖuƒewoe nye Makedonia, Thrace, Asia Sue, Siria, kple Egipte. Le ƒe 642 M.Ŋ. me la, Egipte-fiadu, Alexandria, dze Saracentɔwo (Arabtɔwo) si me, eye Egipte va zu Islam-nunɔlawo ƒe dziɖuƒe. Konstantino XI va zu fiagã mamlɛtɔ ɖe ɣedzeƒefiaɖuƒea dzi le January 1449 me. Ottoman Turktɔ siwo nɔ Moslem-fia Mehmed II te xɔ Constantinople le May 29, 1453 dzi, ale be Roma Ɣedzeƒefiaɖuƒea va nuwuwu. Egipte va zu Turktɔwo ƒe dziɖuƒe le ƒe 1517 me. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, blema anyiehefia ƒe anyigba sia ava nɔ ɣetoɖoƒenutome fiaɖuƒe bubu aɖe ƒe ŋusẽ te.
24, 25. (a) Le ŋutinyaŋlɔla aɖewo ƒe nya nu la, nukae de dzesi Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔea ƒe gɔmedzedze? (b) Nukae va dzɔ ɖe Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔea ƒe “fiagã” ƒe ɖoƒea dzi mlɔeba?
24 Katolikotɔwo ƒe bisiɔp siwo nɔ Roma la do le Roma Fiaɖuƒe si le ɣetoɖoƒe gome la me, eye wo dometɔ si ɖe dzesi wue nye Papa Leo I, si wogblɔ be eɖo eɖokui papa le ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ. me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, papa la tsɔe ɖo eɖokui dzi heɖo fiagã ɖe ɣetoɖoƒefiaɖuƒea dzi. Esia dzɔ le Roma le ƒe 800 M.Ŋ. ƒe Kristmas-ŋkeke dzi, esime Papa Leo III tsɔ Franktɔwo ƒe Fia Charles (Charlemagne) ɖo zi dzi wòzu Ɣetoɖoƒe Roma Fiaɖuƒe yeyea ƒe fiagã. Fiaɖoɖo sia gade dzo fiagãnyenye me le Roma, eye ŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be enye Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔe la ƒe gɔmedzedze hã. Tso ɣemaɣi la, Ɣedzeƒefiaɖuƒea kple Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔe si le ɣetoɖoƒe la nɔ anyi, eye akpa evea siaa gblɔ be Kristotɔwoe yewonye.
25 Esi ɣeyiɣia va nɔ yiyim la, fia siwo va ɖe Charlemagne yome mete ŋu ɖu fia nyuie o. Fiagã ƒe zikpuia va tsi anyi ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã. Le ɣeyiɣi ma me la, Germany Fia Otto I kpɔ ŋusẽ ɖe dziehe kple titina Italy dzi. Eɖo eɖokui Italy-fiae. Le February 2, 962 M.Ŋ. dzi la, Papa John XII tsɔ Otto I ɖo zi dzi wòzu Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔe la ƒe fiagã. Eƒe fiadu nɔ Germany, eye Germanytɔwoe fiagãawo nye, abe eteviwo ƒe akpa gãtɔ ke ene. Ƒe alafa atɔ̃ megbe la, Hapsburg-ƒome si le Austria xɔ “fiagã” ƒe ɖoƒe la eye enɔ wo si le Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔe la ƒe ƒe susɔeawo ƒe akpa gãtɔ me.
AMESIWO FIA EVEAWO NYE GAVA DZE ƑÃ
26. (a) Nya kae míate ŋu agblɔ le Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔea ƒe nuwuwu ŋu? (b) Amekae do va nye dziehefia?
26 Napoléon I gblẽ nu le Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔea ŋu vevie esime wògbe be yemalɔ̃ ɖe eƒe anyinɔnɔ dzi o le eƒe aʋadziɖuɖuwo le Germany le ƒe 1805 me megbe. Esi Fiagã Francis II mete ŋu ʋli fianyenyea ta o la, eɖe asi le Roma fiagãnyenye ƒe dɔa ŋu le August 6, 1806 dzi, eye wòtrɔ yi va ɖu wo dedukɔ dzi hezu Austria-fiagã. Le ƒe 1,006 megbe la, Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔe—si Leo III si nye Roma Katoliko papa, kple Charlemagne si nye Franktɔwo ƒe fia ɖo anyi la—wu enu. Le ƒe 1870 la, Rome va zu Italy-fiaɖuƒe si dzi Vatican mekpɔ ŋusẽ ɖo o ƒe fiadu. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Germany-fiaɖuƒe aɖe dze egɔme esime woda dzesideŋkɔ kaisaro, alo fiagã, ɖe Wilhelm I dzi. Alea wòdzɔe be egbeŋkekea me dziehefia—Germany—va do le xexemenyawo me.
27. (a) Aleke Egipte va nɔ Britain ƒe dzikpɔkpɔ tee? (b) Amekae va zu anyiehefia?
27 Ke amekae nye egbeŋkekea me anyiehefia? Ŋutinya ɖee fia be Britain xɔ fiagãnyenye ƒe ŋusẽ le ƒe alafa 17 lia me. Esi Napoléon I di be yeagblẽ Britain ƒe asitsaƒewo ta la, eɖu Egipte dzi le ƒe 1798 me. Aʋa dzɔ eye Britain kple Turktɔwo wɔ ɖeka zi Franseawo dzi wodzo le Egipte si nye anyiehefia le ʋiʋlia ƒe gɔmedzedze. Le ƒe alafa si kplɔe ɖo me la, Britain va kpɔ ŋusẽ ɖe Egipte dzi geɖe wu. Le ƒe 1882 megbe la, Egipte va nɔ Britain te koŋ. Esime Xexemeʋa I dzɔ le ƒe 1914 me la, Egipte nɔ Turkey te eye fiagã ƒe amedɔdɔ, alo eteƒenɔla, ye ɖua edzi. Gake esi Turkey va de Germany dzi le aʋa ma me megbe la, Britain ɖe fiagãteƒenɔla la le zi dzi eye wona Egipte va zu Britain te nɔla. Vivivi la, kadodo va ɖo Britain kple United States of America dome ale be wova zu Anglo-Amerika Xexeme Fiaɖuƒe. Dukɔ evea ƒo ƒu va zu anyiehefia.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Esi dzesideŋkɔwoe “dziehefia” kple “anyiehefia” nye ta la, woate ŋu afia dziɖuɖu ɖesiaɖe, kple fia, fianyɔnu, alo dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo hã.
b Kpɔ Daniel 11:26 ƒe etenuŋɔŋlɔ le New World Translation of the Holy Scriptures—With References, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta me.
NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?
• Roma-fiagã kae do va zu dziehefia zi gbãtɔ, eye ɣekaɣie wòɖo ‘nudzɔdzɔxɔla’ ɖa?
• Amekae va zu dziehefia le Augusto megbe, eye aleke ‘wotsrɔ̃ nubabla ƒe Amegã’ lae?
• Nukae do tso aʋa si nɔ Aurelian si nye dziehefia kple Zenobia si nye anyiehefia dome la me?
• Nukae va dzɔ ɖe Roma Fiaɖuƒea dzi, eye fiaɖuƒe kawoe va nɔ fia eveawo ƒe ɖoƒea le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu?
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 248-251]
WODE BUBU ÐEKA ŊU HEÐI GBƆ EVELIA
ÐEKA trɔ dukɔ si dzi dukplɔla ɖu si ŋu dzrehehe gblẽ nu le wòzu xexemefiaɖuƒe. Evelia dzi eme kesinɔnuwo ɖe edzi zi gbɔ zi 20 le ƒe 23 me. Wode bubu ɖeka ŋu esime wòku, gake woɖi gbɔ evelia ya. Roma-fiagã eve siawo ƒe dziɖuɣie Yesu nɔ agbe hewɔ eƒe subɔsubɔdɔa le. Amekawoe wonye? Eye nukata wode bubu ɖeka ŋu gake womede bubu evelia ya ŋu o?
‘EKE ÐE ROMA ŊU WÒNYE ANYIKPE GAKE ETRƆE WÒZU KPE ZƆZRƆ̃E’
Esime wowu Julius Caesar le ƒe 44 D.M.Ŋ. me la, ƒe 18 koe nɔvianyɔnu ƒe mamayɔvi Gaius Octavian xɔ. Esi Julius Caesar xɔ Octavian nyi eye wònye ame vevitɔ si nyi dome nɛ ta la, sɔhɛ sia ɖo ta Roma be yeaɖaxɔ yeƒe domenyinyia enumake. Afimae wòdo go futɔ sesẽ aɖe le—eyae nye Mark Antony si nye Caesar ƒe amegãwo ƒe tatɔ, amesi bu be yee anye domenyila vevitɔ. Dunyaheɖaŋu ŋudɔwɔwɔ kple dziɖuŋusẽ ʋiʋli si kplɔe ɖo yi edzi ƒe 13 sɔŋ.
Esi Octavian ɖu Egipte Fianyɔnu Cleopatra kple eƒe ahiãvi Mark Antony dzi (le ƒe 31 D.M.Ŋ. me) ko hafi wòte ŋu va zu Roma Fiaɖuƒea dzi ɖula si ŋu wometsi tre ɖo o. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Antony kple Cleopatra wu wo ɖokui, eye Octavian xɔ Egipte kpe ɖe eƒe dziɖuƒe ŋu. Alea wòdzɔe be woɖe Hela Fiaɖuƒea ƒe akpa mamlɛa ɖa, eye Roma va zu xexemefiaɖuƒe.
Esi Octavian ɖo ŋku edzi be alesi Julius Caesar wɔ eƒe ŋusẽ ŋudɔ ŋutasesẽtɔe ye na wowui ta la, eɖɔ ŋu ɖo be yemagawɔ vodada ma ke o. Esi medi be yeawɔ nu wòato vovo na Romatɔwo ƒe didi be dukɔa nanɔ dukplɔla kple eŋutimewo te o ta la, ena eƒe fiagãdziɖuɖua dze abe dukplɔladziɖuɖu ene. Egbe be womegayɔ ye be “fia” kple “ŋusẽtɔ” o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eɖe gbeƒã eƒe didi be yeaɖe asi le dziɖuƒea katã ŋu na Roma Sewɔhagã la eye egblɔ be yeaɖe asi le ɖoƒe siwo katã le ye si ŋu. Aɖaŋu sia dze edzi nɛ. Nya la dze Sewɔhagã la ŋu eye woƒoe ɖe Octavian nu be wòanɔ eƒe ɖoƒea eye wòayi edzi akpɔ ŋusẽ ɖe nuto aɖewo dzi.
Azɔ hã le January 16, 27 D.M.Ŋ. dzi la, Sewɔhagã la da ŋkɔ “Augusto” si gɔmee nye “Amesi Wodo Ðe Dzi, Kɔkɔetɔ” ɖe Octavian dzi. Menye ɖeko Octavian xɔ dzesideŋkɔa o ke etsɔ ɣleti aɖe ƒe ŋkɔ na eɖokui eye wòɖe ŋkeke ɖeka tso February ƒe ɣletiŋkekewo me ale be August ƒe ɣletiŋkekewo nasɔ gbɔ ade July si nye ɣleti si wotsɔ na Julius Caesar la ƒe ɣletiŋkekewo nu. Eyata Octavian va zu Roma-fiagã gbãtɔ eye wova yɔe le ema megbe be Kaisaro Augusto alo “Bubunatɔ.” Emegbe egatsɔ dzesideŋkɔ “pontifex maximus” (nunɔlagã), eye le ƒe 2 D.M.Ŋ.—si nye ƒe si me wodzi Yesu—la, Sewɔhagã la da dzesideŋkɔ Pater Patriae, “Eƒe Dukɔa Fofo,” ɖe edzi.
Le ƒe ma ke me la, “sedede tso kaisaro Augusto gbɔ bena, woaxlẽ xexeme katã aŋlɔ. . . . Eye amewo katã dze mɔ heyi be, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo, amesiame yi ɖe ye ŋutɔ ƒe du me.” (Luka 2:1-3) Sedede sia na wodzi Yesu le Betlehem wòna Biblia ƒe nyagblɔɖi va eme.—Daniel 11:20; Mixa 5:1.
Anukwareɖiɖi nɔ Augusto ƒe dziɖuɖua me vaseɖe afi aɖe eye ganyawo hã nɔ dedie. Augusto ɖo posu ƒe ɖoɖo nyui aɖe hã anyi eye wòɖe mɔwo hewɔ tɔdzisasrãwo. Egbugbɔ ɖoɖo wɔ ɖe asrafowo ŋu, eɖo ƒudzisrafowo ɖi koŋ, eye wòɖo ƒuƒoƒo sẽŋu aɖe wonye fia ƒe dzɔla siwo woyɔ be Fiagãŋudzɔlawo. (Filipitɔwo 1:13) Nuŋlɔla geɖe va le eƒe ŋusẽ te, siwo ƒe ɖewoe nye Virgil kple Horace, eye ati kple kpe kpalawo zã blematsyãwo tsɔ kpa nu dzeaniwoe. Augusto wu xɔ siwo Julius Caesar gblẽ ɖi la tutu nu eye wòdzra gbedoxɔ geɖe ɖo. Pax Romana (“Roma ƒe Ŋutifafa”) ƒe ɖoɖo si wòwɔ la nɔ anyi wu ƒe 200 eve sɔŋ. Le August 19, 14 M.Ŋ. dzi la, Augusto ku esime wòxɔ ƒe 76 eye wobui mawui le ema megbe.
Augusto ƒo adegbe be ‘yeke ɖe Roma ŋu wònye anyikpe gake yetrɔe wòzu kpe zɔzrɔ̃e.’ Esi medi be dzrehehe si xɔ aƒe ɖe Roma le dziɖuɖu tsãtɔa ŋɔli nagado mo ɖa o ta la, eɖoe be yeadi amesi ava nye fiagã akplɔ ye ɖo adzrae ɖo ɖe dɔa ŋu. Gake mate ŋu awɔ nu boo aɖeke le edomenyila tiatia me o. Nyruiayɔvi, eƒe tɔgbuiyɔvi eve, vianyɔnu srɔ̃, kple eƒe atikɔmevi aɖe katã ku, eye eƒe atikɔmevi Tiberio koe susɔ axɔ ɖe eteƒe.
‘AMESI WOAVA ÐI GBƆE’
Esi Augusto ku mede ɣleti ɖeka o la, Roma Sewɔhagã la ɖo Tiberio si xɔ ƒe 54 la fiagãe. Tiberio nɔ agbe heɖu fia vaseɖe March 37 M.Ŋ. me. Eyata eyae nye Roma-fiagã le Yesu ƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔɣi.
Nɔnɔme nyuiwo kple gbegblẽwo siaa nɔ Tiberio si nye fiagã la si. Eƒe nɔnɔme nyuiwo dometɔ aɖee nye be melɔ̃na zãa ga ɖe agbeɖunuwo ŋu o. Esia na kesinɔnuwo bɔ ɖe fiaɖuƒea me eye ga nɔ esi wòtsɔ naa kpekpeɖeŋu le afɔkuwo me kple le xaxaɣiwo. Wokafu Tiberio ɖe alesi wòbu eɖokui be amegbetɔ ko yenye, egbe bubuŋkɔ geɖe xɔxɔ, eye wòtsɔ fiagãsubɔsubɔ ƒe bubu na Augusto ke menye eɖokui o. Metsɔ ɣleti aɖeke ƒe ŋkɔ na eɖokui abe alesi Augusto kple Julius Caesar wɔ na wo ɖokui ene o, eye meɖe mɔ ame bubuwo tsɔ bubu ma tɔgbe nɛ o.
Gake Tiberio ƒe nɔnɔme vɔ̃ɖiwo sɔ gbɔ wu eƒe nɔnɔme nyuiwo. Ebua nazã ɖe ame ŋu ale gbegbe eye ewɔa alakpanu le eƒe nuwɔwɔ kple ame bubuwo me, eye eɖe gbe wowu ame gbogbo aɖewo le eƒe dziɖuɣi—ame geɖe siwo nye exɔlɔ̃wo tsã nɔ amesiwo wowu dome. Ekeke lèse-majesté (tsitretsitsi ɖe dziɖuŋusẽ ŋu) ƒe sea ɖe nu hede se ɖe nya siwo ame aɖe agblɔ ada eyama ɖe anyi ŋu, tsɔ kpe ɖe dzidedeƒo na amewo be woadze aglã ɖe dziɖuɖu ŋu ŋuti. Ate ŋu anye be se siae Yudatɔwo zã tsɔ ƒo nya ɖe Roma Mɔmefia Pontio Pilato nu be wòana woawu Yesu.—Yohanes 19:12-16.
Tiberio na Fiagãŋudzɔlawo va nɔ afisi te ɖe Roma ŋu esi wòtu asrafonɔƒe sesẽwo ɖe dua ƒe gli ŋu le dziehe gome. Dzɔlaawo ƒe afima nɔnɔ do ŋɔdzi na Roma Sewɔhagã si nye ŋɔdzi na eƒe ŋusẽ, eye ena wòte ŋu ɖo asi ameawo ƒe aglãdzenuwɔna ɖesiaɖe dzi. Tiberio de dzi ƒo na amenutsolawo hã, eye ŋɔdzi nɔ eƒe dziɖuɣi ƒe akpa susɔea me.
Le ɣeyiɣi si Tiberio ku me la, wobunɛ dziɖula ameteɖeanyilae. Esime wòku la, edzɔ dzi na Romatɔwo eye Sewɔhagã la gbe be yewomabui mawu o. Le susu siawo kple bubuwo ta la, míekpɔe be nyagblɔɖi si gblɔ be “ame ɖigbɔ aɖe” ado anye ‘dziehefia’ la va eme ɖe Tiberio dzi.—Daniel 11:15, 21.
NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?
• Aleke wòdzɔe be Octavian va zu Roma-fiagã gbãtɔ?
• Nya kae míate ŋu agblɔ le nusiwo Augusto ƒe dziɖuɖu te ŋu wɔ ŋu?
• Nukawoe nye Tiberio ƒe nɔnɔme nyuiwo kple gbegblẽawo?
• Aleke nyagblɔɖi si ku ɖe ‘amesi woaɖi gbɔe’ ŋu va eme ɖe Tiberio dzii?
[Nɔnɔmetata si le axa 251]
Tiberio
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 252-255]
ZENOBIA—PALMIRA FIANYƆNU AƲAKALẼTƆ
“EƑE ŋutigbalẽ nyɔ . . . Eƒe aɖuwo fu tititi abe dzonu ɣi ene, eye eƒe ŋku gã yibɔawo dzi dza ŋutɔ, tsɔ kpe ɖe eƒe tugbedzedze ŋu. Eƒe gbe sẽ eye wòvivina. Eƒe nugɔmesese deto dzena nyuie le esi wòsrɔ̃a nu ta. Ese Latingbe, eye wòbi ɖe Helagbe, Siriagbe, kple Egiptegbe hã me nenema ke.” Aleae ŋutinyaŋlɔla Edward Gibbon kafu Zenobia—Siria-dugã Palmira ƒe fianyɔnu aʋakalẽtɔ lae.
Zenobia srɔ̃ enye Odaenathus si nye Palmira-bubume, amesi wodo ɖe dzi wòzu Roma-dziɖuɖuteƒenɔla le ƒe 258 M.Ŋ. me le esi wòte ŋu wɔ aʋa kple Persia ɖe Roma Fiaɖuƒea nu ɖu wo dzi ta. Ƒe eve megbe la, Fiagã Gallienus da ŋkɔ ɖe Odaenathus dzi be corrector totius Orientis (Ɣedzeƒe katã dzi ɖula). Esia nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefia ɖe aʋa si wòwɔ kple Persia Fia Shāpūr I heɖu edzi ŋu. Mlɔeba Odaenathus ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye “fiawo dzi fia.” Anye be Zenobia ƒe dzideƒo kple aɖaŋudzedze koŋ gbɔe Odaenathus ƒe dzidzedzekpɔkpɔ siawo tso.
ZENOBIA DI BE YEAÐO FIAÐUƑE
Le ƒe 267 M.Ŋ. me esime Odaenathus ɖo eƒe ɖoƒe kɔkɔtɔ la, wowu eya kple edomenyila. Zenobia va xɔ ɖe srɔ̃a teƒe le esi viaŋutsua nɔ sue akpa na dɔ ma wɔwɔ ta. Esi wòdze tugbe, wòdi ŋkɔxɔxɔ, wòbi ɖe dɔdzikpɔkpɔ me, wònɔa srɔ̃a ŋu woyia aʋa, eye wòte ŋu doa gbe geɖe ta la, ete ŋu wɔe be eteviwo de bubu eŋu eye wonɔ megbe nɛ. Zenobia lɔ̃a nusɔsrɔ̃ eye ena agbalẽnyalawo nɔ eŋu. Eƒe aɖaŋuɖolawo dometɔ ɖekae nye xexemenunyala kple nuƒola bibi Cassius Longinus—amesi wogblɔ be enye “agbalẽdzraɖoƒe gbagbe kple blemanudzraɖoƒe si zɔna.” Agbalẽŋlɔla Richard Stoneman gblɔ le agbalẽ si nye Palmyra and Its Empire—Zenobia’s Revolt Against Rome (Palmira Kple eƒe Fiaɖuƒe—Zenobia ƒe Aglãdzedze ɖe Roma Ŋu) me be: “Le ƒe atɔ̃ siwo kplɔ Odenathus ƒe ku ɖo . . . me la, Zenobia na eƒe amewo va kpɔe be yenye Ɣedzeƒetɔwo ƒe aƒenɔ.”
Fiaɖuƒe siwo nɔ Zenobia ƒe fiaɖuƒe ƒe liƒo dzi dometɔ ɖekae nye Persia si si eya kple srɔ̃a woxɔ ŋusẽ le, kpakple Roma si nɔ gbagbãm. Ŋutinyaŋlɔla J. M. Roberts gblɔ le alesi nuwo nɔ le Roma Fiaɖuƒea me ɣemaɣi ŋu be: “Ƒe alafa etɔ̃lia nye . . . ɣeyiɣi sesẽ aɖe na Roma le eƒe ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe liƒo evea siaa dzi, eye dukɔmeviʋa kple amesiwo axɔ ɖe fiawo teƒe ŋuti dzrehehe hã do mo ɖa le dua ŋutɔŋutɔ me. Fiagã blaeve vɔ eve (alakpafiawo mele eme o) ɖu dzi kplɔ wo nɔewo ɖo.” Gake Siria-ƒenɔa ya li ke nye fiagã koŋ le eƒe dziɖuƒe. Stoneman gblɔ be: “Esi wòkpɔ ŋusẽ ɖe fiaɖuƒe eve [Persia kple Roma tɔ] dzi ta la, ate ŋu adi be yeaɖo etɔ̃lia si aɖu evea siaa dzi.”
Mɔnukpɔkpɔ ʋu na Zenobia le ƒe 269 M.Ŋ. me be wòakeke eƒe fiaɖuŋusẽ ɖe enu esime alakpanuwɔla aɖe tso le Egipte nɔ nya ʋlim be yee dze aɖu Roma dzi. Zenobia ƒe asrafowo yi Egipte enumake hewu aglãdzela la, eye woxɔ dukɔa. Etso gaku siwo dzi eƒe ŋkɔ nɔ tsɔ ɖe gbeƒã eɖokui be yezu Egipte-fia. Eƒe fiaɖuƒe keke ta tso Nil-tɔsisia nu vaseɖe Frat-tɔsisi nu azɔ. Zenobia ƒe agbe me ɣeyiɣi sia mee wòva zu ‘anyiehefia.’—Daniel 11:25, 26.
ZENOBIA ƑE FIADU
Zenobia do ŋusẽ eƒe fiadu Palmira eye wòɖo atsyɔ̃ nɛ ale gbegbe be enɔ tasɔsɔ me kple Roma-fiaɖuƒea me dugãwo. Wosusui be dua me nɔlawo va sɔ gbɔ wu 150,000. Duxɔ, gbedoxɔ, abɔ, sɔti, kple ŋkuɖodzinu dzeaniwo bɔ ɖe Palmira me, eye wogblɔ be gli si woɖo ƒo xlã dua didi ade kilometa 21 godoo va kpe. Wona Korinto-sɔti ƒomevi siwo kɔkɔ wu meta 15—wo katã woade 1,500—nɔ agbaka me le ablɔ gãtɔ to. Kalẽtɔwo kple nunala kesinɔtɔwo ƒe kpememe kple nukpakpa vovovowo yɔ dua me. Le ƒe 271 M.Ŋ. me la, Zenobia wɔ eya ŋutɔ kple srɔ̃a si ku ƒe kpememewo.
Ɣe ƒe Gbedoxɔ nye xɔ siwo dze ani wu le Palmira dometɔ ɖeka eye ɖikeke mele eme o be exɔ nɔƒe vevi aɖe le subɔsubɔnyawo me le dua me. Anɔ eme be Zenobia hã de ta agu na mawu aɖe si do ƒome kple ɣemawua. Gake mawusubɔsubɔ ƒomevi vovovowoe nɔ Siria le ƒe alafa etɔ̃lia me. Amesiwo be yewonye Kristotɔwo, Yudatɔwo, kple ɣe kpakple dzinu subɔlawo nɔ Zenobia ƒe dziɖuƒea me. Alekee nye eƒe nɔnɔme ɖe subɔsubɔ ƒomevi vovovo siawo ŋu? Agbalẽŋlɔla Stoneman gblɔ be: “Dziɖula nyanu aɖeke maŋe aɖaba aƒu kɔnu siwo wɔ abe ɖe wodze eƒe amewo ŋu ene dometɔ aɖeke dzi o. . . . Wosusui be . . . mawuawo ƒo ƒu va nɔ Palmira ƒe akpa dzi.” Edze ƒã be Zenobia ɖe mɔ ɖe subɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe ŋu.
Amenyenye wɔdɔɖeamedzi si nɔ Zenobia si na eƒe nu nyo ame geɖe ŋu. Nusi ɖe dzesi wue nye akpa si wòwɔ be wòtsi tre ɖi na dunyahela aɖe si wogblɔ ɖi le Daniel ƒe nyagblɔɖia me. Ke hã meɖu dzi wòwu ƒe atɔ̃ o. Roma Fiagã Aurelian ɖu Zenobia dzi le ƒe 272 M.Ŋ. me eye wògbã Palmira gudugudu le ema megbe. Wokpɔ nublanui na Zenobia. Wogblɔ be eɖe Roma-sewɔhametɔ aɖe eye anye be edzudzɔ eɖokui le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.
NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?
• Aleke woɖɔ Zenobia ƒe amenyenyee?
• Nu ɖedzesi siwo Zenobia wɔ la dometɔ aɖewo ɖe?
• Alekee nye Zenobia ƒe nɔnɔme ɖe mawusubɔsubɔ ŋu?
[Nyaɖoɖo/Nɔnɔmetatawo si le axa 246]
FIA SIWO ŊU DANIEL 11:20-26 ƑO NU TSOE
Dziehefia Anyiehefia
Daniel 11:20 Augusto
Daniel 11:21-24 Tiberio
Daniel 11:25, 26 Aurelian Fianyɔnu Zenobia
Roma Fiaɖuƒea Germany Britain,
ƒe gbagbã Fiaɖuƒea eye Anglo-Amerika
si wogblɔ ɖi Xexemefiaɖuƒea
na wova ɖo kplɔe ɖo
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 230]
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 235
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 237
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 245
[Nɔnɔmetata si le axa 233]
Augusto
[Nɔnɔmetata si le axa 234]
Tiberio
[Nɔnɔmetata si le axa 234]
Yosef kple Maria yi Betlexem le Augusto ƒe sededea ta
[Nɔnɔmetata si le axa 234]
Yosef kple Maria yi Betlexem le Augusto ƒe sededea ta
[Nɔnɔmetata si le axa 237]
‘Wowu’ Yesu abe alesi wogblɔe ɖi ene
[Nɔnɔmetata si le axa 244]
1. Charlemagne 2. Napoléon I 3. Wilhelm I 4. Germany-srafowo, Xexemeʋa I
[Nɔnɔmetata si le axa 253]
Fianyɔnu Zenobia le nu ƒom na eƒe asrafowo
[Nɔnɔmetata si le axa 246]
Aurelian
Tiberio
Charlemagne ƒe kpememe sue
Britaintɔwo ƒe ƒe alafa 17 lia me aʋawɔtɔdziʋu
Augusto