INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gf nusɔsrɔ̃ 9 axa 15
  • Ame Kawoe Nye Mawu Xɔlɔ̃wo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kawoe Nye Mawu Xɔlɔ̃wo?
  • Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbɔgbɔmenuwɔwɔ Miliɔn Geɖewo
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
  • Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Amegbetɔwo Trɔna Zua Mawudɔlawo ne Wokua?
    Nyɔ!—2006
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
gf nusɔsrɔ̃ 9 axa 15

NUSƆSRƆ̃ 9

Amekawoe Nye Mawu Xɔlɔ̃wo?

Yesu Kristo si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia; mawudɔlawo le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa

Yesu Kristoe nye Yehowa ƒe Vi kple exɔlɔ̃ vevitɔ kekeake, si gbɔ melɔ̃a nu le o. Hafi Yesu nava nye amegbetɔ le anyigba dzi la, enye gbɔgbɔ me nuwɔwɔ ŋusẽtɔ le dziƒo. (Yohanes 17:5) Emegbe eva anyigba dzi va fia nu amewo tso nyateƒenya siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋu. (Yohanes 18:37) Etsɔ eƒe agbe hã na bene yeaɖe amegbetɔ toɖolawo tso nuvɔ̃ kple ku me. (Romatɔwo 6:23) Yesu nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si nye dziƒodziɖuɖu si ahe Paradiso va anyigba sia dzi la ƒe Fia fifia.—Nyaɖeɖefia 19:16.

Mawudɔlawo hã nye Mawu xɔlɔ̃wo. Mawudɔlawo menye amegbetɔwo nɔ anyigba dzi kpɔ tso gɔmedzedzea o. Mawu wɔ wo le dziƒo hafi va wɔ anyigba. (Hiob 38:4-7) Mawudɔla miliɔn geɖe li. (Daniel 7:10) Mawu ƒe dziƒoxɔlɔ̃ siawo di be amegbetɔwo nasrɔ̃ Yehowa ŋuti nyateƒenyawo.—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

Yehowa Ðasefowo le gbeƒaɖem na nyɔnu aɖe

Xɔlɔ̃wo le Mawu si le anyigba dzi hã; eyɔa wo be yeƒe ɖasefowo. Amesi nye ɖasefo le ʋɔnudrɔ̃ƒe gblɔa nusi wònya tso ame aɖe alo nane ŋu. Yehowa Ðasefowo gblɔa nusi wonya tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu na amewo. (Yesaya 43:10) Abe mawudɔlaawo ene la, Ðasefowo di be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Wodi be wò hã nànye Mawu xɔlɔ̃.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe