NUSƆSRƆ̃ 12
Nukae Dzɔna Ne Ame Ku?
Ku nye agbemanɔmanɔ. Ku le abe alɔ̃dɔdɔ ayi eme ʋĩ ene. (Yohanes 11:11-14) Ame kukuwo mete ŋu sea nu, kpɔa nu, ƒoa nu, alo bua tame aɖeke o. (Nyagblɔla 9:5, 10) Alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiae nye be ame kukuwo yia gbɔgbɔxexe aɖe me va nɔa wo tɔgbuiwo gbɔ. Menye Biblia ƒe nufiafiae nye ma o.
Ame kukuwo mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o, eye womate ŋu awɔ nuvevi mí hã o. Enye nuwɔna si bɔ be amewo wɔa kɔnuwo eye wosaa vɔ siwo wosusu be adze ame kukuwo ŋu. Nusia medzea Mawu ŋu o elabena Satana ƒe alakpanyawo dzie wotui ɖo. Mate ŋu adze ame kukuwo hã ŋu o, elabena agbe mele wo me o. Mele be míavɔ̃ ame kukuwo alo asubɔ wo o. Mawu ɖeka koe wòle be míasubɔ.—Mateo 4:10.
Ame kukuwo agava nɔ agbe ake. Yehowa afɔ ame kukuwo ava agbe me le paradisonyigba dzi. Etsɔmee wòafɔ wo le. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Mawu ate ŋu anyɔ ame kukuwo abe alesi wò hã àte ŋu anyɔ amesi dɔ alɔ̃e ene.—Marko 5:22, 23, 41, 42.
Nya si wogblɔna be ne míeku hã míele agbe le afi aɖe la nye alakpa si Satana Abosam kaka. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo naa amewo susunɛ be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ le agbe eye wodaa dɔléle kple kuxi bubuwo ɖe amewo dzi. Satana blea amewo, etoa drɔ̃ewo kple ɖeɖefiawo dzi wɔnɛ ɣeaɖewoɣi. Yehowa bua fɔ amesiwo dzea agbagba be yewoaƒo nu na ame kukuwo.—Mose V, 18:10-12.