Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 Lia
Ƒe Akpe Yeye la—Nukae Etsɔ si Gbɔna Ahe Vɛ na Wò?
Ƒe Akpe Yeye la—Azã Yeye aɖe ƒe Gɔmedzedze Yea?
Ƒe Alafa 20 lia wu enu le December 31, 1999, ƒe zãtitina.a Enye ƒe alafa si me tɔtɔ geɖe nɔ. Gake eya hã mee woto mɔ̃ɖaŋununya yeyewo vɛ le, wowɔ ŋgɔyiyi ɖedzesiwo le atikewɔnyawo me, nyatakakadiƒewo bɔ, eye ganyawo kpɔ ŋgɔyiyi kabakaba le xexeame katã. Eyata ame geɖe bu ƒe akpe yeyea be enye mɔkpɔkpɔ kple tɔtrɔ ƒe dzesi. Ðe wòanye eya mee woatsi aʋawɔwɔ, ahedada, ɖiƒoƒo anyigba, kple dɔlélewo nu lea?
Ame geɖe le mɔ kpɔm nenema. Gake aleke wòate ŋu adzɔe be ƒe akpe yeyea ahe tɔtrɔ siwo aɖe vi na wò vɛ—tɔtrɔ siwo anye takpɔkpɔ kple dedienɔnɔ na mia kple wò ƒomea le agbe me? Bu alesi gbegbe kuxi siwo dze ŋgɔ mí la dometɔ ʋɛ aɖewo ko loloe la ŋu kpɔ.
Ðiƒoƒo
Mɔ̃ɖaŋudukɔwo le “nu gblẽm le xexeame katã eye woawoe le ɖi ƒom teƒe geɖe hele nu gbagbewo kple wo nɔƒewo dome gblẽm.” Ne nɔnɔme si li fifia ayi edzi la, “nu agblẽ le nutoa me ŋu vevie.”—“Global Environment Outlook—2000,” si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nutomedzikpɔdɔwɔƒe ta.
Dɔléle
“Wobu akɔnta be kaka ƒe 2020 naɖo la, dɔmaxɔleameŋuwo awu ame adre le ame ewo ɖesiaɖe si aku le nuto madeŋgɔwo me la dome, togbɔ be akɔntabubua mede esia ƒe afã egbea o hã.”—“The Global Burden of Disease,” Harvard Yunivɛsiti Gbalẽtaƒe, 1996.
Nɔnɔmea ŋuti nunyala aɖewo gblɔ be “kaka ƒe 2010 naɖo la, [agbenɔlawo] made miliɔn 66 le dukɔ 23 siwo me [AIDS] dɔvɔ̃a xɔ aƒe ɖo wu la me o.”—“Confronting AIDS: Evidence From the Developing World,” Europa Dɔdzikpɔƒe kple Xexeame Gadzraɖoƒegã ƒe nyatakaka.
Ahedada
“Ga si ŋu ame biliɔn 1.3 kloe nɔa agbe ɖo gbesiagbe medea dɔlar ɖeka o, eye amesiwo de biliɔn 1 kloe mete ŋu ƒlea nusi woaɖu o.”—“Human Development Report 1999,” Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ŋgɔyidɔdzikpɔƒe.
Aʋawɔwɔ
“Ŋutasẽnuwɔwɔ le [dukɔ vovovowo me] ate ŋu ado fievo. Ŋutasẽnuwɔwɔ sia . . . si gbevovovodolawo, towo, kple mawusubɔsubɔ me [mamawo] hena vɛ ate ŋu ava zu . . . aʋa si tɔgbe bɔ wu le ƒe blaeve vɔ atɔ̃ siwo gbɔna me . . . , eye ame akpe alafa geɖe atsi eme ƒe sia ƒe.”—“New World Coming: American Security in the 21st Century,” United States Dukɔa ƒe Dedienɔnɔ Dɔwɔƒe/Ƒe Alafa 21 lia.
Eyata azãɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖe ƒe akpe yeyea ŋu ɣla nyateƒenya si nye be ɖiƒoƒo, dɔléle, ahedada, kple aʋawɔwɔ siwo lolo wu le ŋgɔ gbɔna. Nusiwo gbɔ kuxi siawo tsoe nye ŋukeklẽ, makamakaɖeamedzi, kple ɖokuitɔdidi—siwo nye nɔnɔme siwo dzɔdzɔmeŋutinunya me numekuku, mɔ̃ɖaŋununya, alo dunyahehe mate ŋu aɖe ɖa o.
Ƒe Akpe Si Me Woayra Ameƒomea le
Blemanuŋlɔla aɖe gblɔ kpɔ be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Menye ɖeko ŋutete aɖeke mele amegbetɔ si be wòaɖu anyigba dzi o ke mekpɔ mɔ aɖu edzi ŋutɔ gɔ̃ hã o. Mía Wɔla, Yehowa Mawu, koe nye amesi kpɔ mɔ akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ eye eyae nya wo gbɔ kpɔnu hã.—Romatɔwo 11:33-36; Nyaɖeɖefia 4:11.
Gake ɣekaɣie wòakpɔ wo gbɔ? Aleke wòawɔe? Kpeɖodzi gbogbo aɖewo li be míegogo “ŋkeke mamlɛawo” ƒe nuwuwu. Taflatse ʋu wò Biblia nàxlẽ Timoteo II, 3:1-5. Eƒo nu tso nɔnɔme siwo amewo aɖe fia le ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo me ŋu nyuie. Mateo 24:3-14 kple Luka 21:10, 11 hã ƒo nu tso “ŋkeke mamlɛawo” ŋu. Woƒo nu tso nusiwo dzɔ tso keke ƒe 1914 me ke ŋu le afima, siwo ƒe ɖewoe nye xexemeʋawo, dɔvɔ̃wo, kple nuɖuɖu ƒe veve le teƒe geɖe.
Eteƒe magadidi o “ŋkeke mamlɛawo” avɔ. Daniel 2:44 gblɔ be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, . . . agbã [anyigba dzi] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Eyata wogblɔe ɖi wòsɔ be Mawu aɖo Fiaɖuƒe, alo dziɖuɖu, aɖe anyi be wòaɖu anyigbaa dzi. Nyaɖeɖefia 20:4 gblɔ be dziɖuɖu sia atsɔ ƒe akpe ɖeka aɖu dzii! Bu alesi nu anyo na ameƒomea le agbe mee le ŋutikɔkɔe ƒe Ƒe Akpe Ðeka sia me la dometɔ ʋɛ aɖewo ko ŋu kpɔ:
Ganyawo. “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.”—Yesaya 65:21, 22.
Lãmesẽ. “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.” “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” —Yesaya 33:24; 35:5, 6.
Nutoa Me. Mawu ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.’—Nyaɖeɖefia 11:18.
Amewo Dome Ƒomedodo. “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi.”—Yesaya 11:9.
Ame miliɔn geɖe xɔ Biblia me ŋugbedodo siawo dzi se eye ena wotsɔ kakaɖedzi le mɔ kpɔm na nu nyuiwo le etsɔ si gbɔna me. Esia wɔe be wote ŋu nɔa te ɖe agbe me nuteɖeamedzi kple kuxiwo nu nyuie wu. Aleke Biblia ate ŋu azu mɔfianu na wò le agbe mee?
Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Me!
Dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya ate ŋu awɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ ɣeaɖewoɣi! Ke hã amegbetɔ ƒe nunya mete ŋu he agbenɔnɔ si me dedienɔnɔ kple dzidzɔ le vɛ na ame akpa gãtɔ o. Nunya si ate ŋu awɔ esia koe nye esi ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me le Yohanes 17:3, si gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”
Biblia mee míakpɔ sidzedze sia le. Togbɔ be ame geɖe ƒo nu tsi tre ɖe agbalẽ kɔkɔe ma ŋu vevie hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe dzro eme kpɔ. Ke wò hã ɖe? Enye nyateƒe be Biblia xexlẽ bia agbagbadzedze geɖe ya. Gake eɖea vi. Biblia koe nye agbalẽ si “tso Mawu ƒe [gbɔgbɔ me eye wònyo] na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.”—Timoteo II, 3:16.
Ekema aleke nàwɔ ava nya Biblia me nyawo? Nukata màɖe mɔ be Yehowa Ðasefowo nakpe ɖe ŋuwò o? Wofiaa nu ame miliɔn geɖe le woa ŋutɔwo ƒe aƒewo me femaxee. Be woakpe ɖe ŋuwò le go sia me la, wozãa Biblia-srɔ̃gbalẽ vovovowo, si ƒe ɖee nye agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? Eɖoa biabia siwo anɔ asiwò ku ɖe Biblia ŋu la dometɔ geɖe ŋu eme kɔna, siwo ƒe ɖewoe nye: Amekae nye Mawu? Nukae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba? Nukae nye Mawu Fiaɖuƒea? Aleke Biblia ate ŋu ana wò ƒomegbenɔnɔ nanyo ɖe edzii?
Ne àdi be Yehowa Ðasefo aɖe nava wò aƒeme la, ke taflatse kpe agbalẽvi si le ete la ɖo. Adzɔ dzi na wo be woana nànya nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ƒe ŋutikɔkɔe ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ŋu!
□ Madi be miaɖo agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? la ɖem. Gbegbɔgblɔ si medi.
□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ƒe akpe yeyea ŋuti nukpɔsusu si le Ɣetoɖoƒetɔ geɖe sie míewɔnɛ le afisia. Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, ƒe akpe yeyea adze egɔme tso January 1, 2001, dzi.