Ðetsɔleme si Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia Nyɔ la Tutuɖo
1 Èwu Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia agbɔsɔsɔme si wona wò la mama nua? Agbalẽa bia nya aɖe si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu si ŋu wòle be amewo katã nade ŋugble le be: “Ƒe Akpe Yeye La—Nukae Etsɔ si Gbɔna Ahe Vɛ na Wò?” Esi ƒe 2000 lia nɔ ɖoɖom la, nusiwo wonɔ mɔ kpɔm na be ƒe akpe yeyea ahe vɛ la nɔ vovovo. Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia ƒo nu tso mɔkpɔkpɔ siawo dometɔ aɖewo ŋu heɖo ŋku edzi na mí be xexeame ƒe nɔnɔmewo menye nusi dzi míanɔ te ɖo hena mɔkpɔkpɔ o. Ƒe akpe si ko ate ŋu ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ si dim ame akpa gãtɔ le vɛ enye Kristo Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua. Kakaɖedzi si le mía si ɖe eƒe Fiaɖuƒea ƒe nuvãnyenye ŋue ƒoe ɖe mía nu be míama Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia na amesiame si míate ŋui.
2 Alesi Wowɔ Nu Ðe Fiaɖuƒe Ŋuti Nyawo Ŋui: Fiaɖuƒe Ŋuti Nya siwo míema va yi la na míaƒe dɔa tsɔ afɔ nyuie ale gbegbe. Canada alɔdzedɔwɔƒea ŋlɔ tso Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia ŋu be: “Gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo tsɔ dzonɔameme kpe asi ɖe dɔ tɔxɛ sia wɔwɔ ŋu le gbeadzi, eye nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname geɖe su wo si.” Ðikeke mele eme o be èɖe dzonɔameme sia tɔgbe fia le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama me.
3 Wowɔ ɖoɖo be míawu Fiaɖuƒe Ŋuti Nya sia mama nu le November 17, 2000, dzi. Miekpe anyigbamama si wotsɔ na miaƒe hamea ɖo keŋkeŋua? Ne miekpee ɖo o la, hamemegãwo abia tso mia si be miayi emama dzi vaseɖe November ƒe nuwuwu.
4 Va ɖo fifia la, aleke amewo le nu wɔmee ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia si miema le miaƒe nutoame ŋui? Ame ʋɛ aɖewo akpe nudɔgbalẽvia ɖo ahabia Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la kple/alo aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃. Gake anɔ eme be ame akpa gãtɔ siwo ɖe ɖetsɔleme fia ɖe ƒe akpe la ƒe nyaa ŋu zi gbãtɔ la mawɔ afɔɖeɖe aɖeke o negbe ɖeko Yehowa Ðasefo aɖe trɔ yi wo gbɔ hafi. Ele be woagatrɔ yi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ. Ɣkatɣie anye ɣeyiɣi nyuitɔ si míawɔ esia? Ele be míatrɔ ayi enumake.
5 Se nuteƒekpɔkpɔ siwo su amewo si esi wotrɔ yi amesiwo wona Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia gbɔe ɖa. Mɔɖela aɖe na Fiaɖuƒe Ŋuti Nya nuɖuɖudzraƒedzikpɔla aɖe. Gbedasia wɔ dɔ ɖe nyɔnua dzi ale gbegbe eye wòkpe nɔvinyɔnua be wòagava ake. Nɔvinyɔnua trɔ yi le ŋkeke eve megbe, eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Le Denmark la, wogblẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya ɖeka ɖe aƒe aɖe si me wometu ame aɖeke le o me. Le ŋkeke ma ke dzi la, nyɔnu si le aƒea me ɖo nudɔgbalẽvia ɖe alɔdzedɔwɔƒea eye alɔdzea hã ɖoe ɖe hame si te ɖe eŋu. Kaka kwasiɖaa nawu enu la, nɔvinyɔnu eve yi ɖe egbɔ, woɖo nusɔsrɔ̃ anyi, eye nyɔnua de kpekpe zi gbãtɔ le Fiaɖuƒe Akpata me!
6 Nya si Nàgblɔ ne Ètrɔ Yi: Tɔtrɔ ayi amesiwo míena Fiaɖuƒe Ŋuti Nya lae gbɔ le bɔbɔe wu eye wònye míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa dodzidzɔname aɖe. Ne èle tɔtrɔyi wɔm la, anyo be nàtsɔ Fiaɖuƒe Ŋutinya 36 lia ɖeka ɖe asi, ɖewohĩ aƒemenɔlaa bu etɔ. Àte ŋu ate aɖaŋuɖoɖo siawo akpɔ.
7 Le ŋkuɖoɖo amesi nènye dzi na aƒemenɔlaa vɔ megbe la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Megblẽ agbalẽvi aɖe si ƒe tanyae nye ‘Ƒe Akpe Yeye La—Nukae Etsɔ si Gbɔna Ahe Vɛ na Wò?’ ɖi. Ðe mede dzi ƒo be míaxlẽ be eteƒe madidi o Kristo Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua adze egɔme eye wòahe Paradiso ƒe nɔnɔmewo ava anyigba dzii oa? [Tsɔ Paradiso ƒe nɔnɔmetata si le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia me la fiae.] Le axa si le egodo la, wokpe wò be nàdɔ agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si?” Tsɔ agbalẽ gbadza la fiae, ʋu nusɔsrɔ̃ 5 lia, xlẽ biabia gbãtɔa kple memama 1 kple 2, eye nàbia aƒemenɔla la be wòaɖo eŋu. Xlẽ ŋɔŋlɔ ɖeka alo eve eye miadzro eme. Ne anya wɔ la, gadzro biabia kple memama bubu me eye ekema wɔ ɖoɖo be yeagatrɔ ava be yewoayi numedzodzroa dzi.
8 Esi agbalẽ siwo míana le November me anye “Nusi Mawu Di” ƒe agbalẽ gbadzaa alo “Sidzedze” ƒe agbalẽa ta la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meva srã wò kpɔ nyitsɔ la, megblẽ ‘Ƒe Akpe Yeye La—Nukae Etsɔ si Gbɔna Ahe Vɛ na Wò?’ ɖeka ɖe gbɔwò. Aƒeme Biblia nusrɔsrɔ̃ wɔwɔ femaxee ƒe ɖoɖo nɔ eme. Metrɔ va be matsɔ nusrɔ̃gbalẽ siwo míezãna la afia wò. [Tsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la fiae, eye nàʋu axa mamlɛtɔ; alo tsɔ Sidzedze-gbalẽa fiae, eye nàʋu axa 188-9.] Ƒe Akpe si ŋuti woƒe nu tsoe le Biblia me la ahe nɔnɔme siwo kpɔm nèle le nɔnɔmetata sia me la vɛ. Be míate ŋu adze anɔ agbe le Paradiso me la, ehiã be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si. Taflatse na mawɔ alesi míesrɔ̃a Bibliae ƒe kpɔɖeŋu kpui aɖe afia wò.”
9 Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama ʋã mí be míadzi míaƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ɖe edzi, si wɔe be wòzu ɖaseɖiɖi gã aɖe. Anɔ eme be esia de dzo ame geɖe ƒe ɖetsɔleme me le anyigbamamaa me. To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míaƒe agbagbadzedze ɖekae be míatu ɖetsɔleme sia ɖo ana be míake ɖe ame gbogbo siwo ɖi alẽwo la ŋu eye dzi adzɔ mí.—Mat. 10:11; Dɔw. 13:48, 49, 52.