Mɔ Siwo Nu Wotona Gblɔa Nyanyuia
WODE se na Kristotɔwo be ‘woawɔ dukɔwo katã me tɔwo nusrɔ̃lawoe,’ gake esia mefia be woazi amewo dzi akpasesẽtɔe be woatrɔ dzime o. Dɔ si wode Yesu sie nye be ‘wòagblɔ nyanyuia na ame fafawo, wòada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã ŋu,’ eye ‘wòafa akɔ na konyifalawo.’ (Mateo 28:19; Yesaya 61:1, 2; Luka 4:18, 19) Yehowa Ðasefowo di be yewoawɔ esia to nyanyui si tso Biblia me la gbɔgblɔ me. Abe blema nyagblɔɖila Xezekiel ene la, Yehowa Ðasefo siwo li egbea dzea agbagba be yewoake ɖe amesiwo le “hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm” ŋu la ŋuti.—Xezekiel 9:4.
Mɔ nyanyɛ si dzi wotona kena ɖe amesiwo fifi ƒe nɔnɔmewo na wole nu xam ŋue nye be woyina tso aƒeme yi aƒeme. Wotoa esia dzi dzea agbagba vevie be yewoaɖo amewo gbɔ, abe alesi Yesu wɔ ene esime “[wòyi] ɖato duawo kple kɔƒeawo me, hele mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui gblɔm fia.” Eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo wɔ nenema ke. (Luka 8:1; 9:1-6; 10:1-9) Egbea le afisi wòanya wɔ le la, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoayi aƒe ɖesiaɖe me zi geɖe le ƒea me, eye wodina be yewoatsɔ aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo aɖo dze kple aƒemenɔlaa ku ɖe nutoa alo xexeame nya aɖe si ka wo alo esi ŋu wotsi dzi ɖo ŋu. Woyɔa mawunyakpukpui ɖeka alo eve dzroa eme, eye ne aƒemenɔla ɖe ɖetsɔleme fia la, Ðasefoa awɔ ɖoɖo agatrɔ ayi be woayi dzeɖoɖoa dzi. Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo nɔa wo si, eye wowɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple amewo femaxee ne aƒemenɔla lɔ̃. Wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ miliɔn geɖe edziedzi tsɔ kpena ɖe amewo kple ƒomewo ŋu le xexeame katã.
Mɔ bubu si dzi wotona gblɔa “fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia” na ame bubuwoe nye kpekpe siwo wowɔna le wo gbɔ Fiaɖuƒe Akpatawo me. Ðasefoawo wɔa kpekpe siawo kwasiɖa sia kwasiɖa. Kpekpeawo dometɔ ɖekae nye dutoƒonuƒo si ku ɖe nyati aɖe si ka amewo ŋu, eye wosrɔ̃a nu le Biblia me tanya alo nyagblɔɖi aɖe ŋu ɖe eyome le Gbetakpɔxɔ si me nyatia dze le me. Kpekpe bubue nye suku si naa hehe Ðasefowo be woazu nyanyuia ƒe gbeƒãɖela nyuiwo, eye kpekpe si me wodzroa ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ le woƒe anyigbamama me la kplɔnɛ ɖo. Azɔ hã Ðasefowo kpea ta le amewo ƒe aƒewo me le ƒuƒoƒo suewo me srɔ̃a Biblia zi ɖeka kwasiɖa sia kwasiɖa.
Amesiame ate ŋu ade kpekpe siawo katã faa. Womedzɔa ga le amewo si gbeɖe o. Kpekpe siawo ɖea vi na amesiame. Biblia gblɔ be: “Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nakpɔe ɖa be aleke yeade dzi ƒo na ame bubuwo be woaɖe lɔlɔ̃ afia ahawɔ dɔ nyuiwo wu hã, eye míagagbe míaƒe kpekpewo yiyi abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míade dzi ƒo na mía nɔewo, eye miawɔ esia geɖe wu ne miekpɔ be Ŋkekea le ɖoɖom.” Ðokuisinusɔsrɔ̃ kple numekuku wɔwɔ le vevie, gake kpekpewo dede na dzo gaɖoa mía me: “Alesi ga nyrea gae la, nenema ame ɖoa ŋku nu dzi na nɔviae.”—Hebritɔwo 10:24, 25; Lododowo 27:17, The New English Bible.
Ðasefowo wɔa mɔnukpɔkpɔ siwo ʋuna ɖi be woaƒo nu tso nyanyuia ŋu la ŋudɔ ne wodo go ame bubuwo le woƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. Ate ŋu anye dze sue aɖe si woaɖo kple aƒelika alo hati mɔzɔla le bɔs alo yameʋu me, alo dzeɖoɖo si didi vie wu kple xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe, alo dzeɖoɖo kple hadɔwɔla le ŋdɔnuɖuɣi. Alea tɔgbe ye Yesu wɔ eƒe ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa geɖe esime wònɔ anyigba dzi—esime wònɔ zɔzɔm le ƒuta, wòbɔbɔ nɔ to aɖe dzi, wòɖu nu le ame aɖe ƒe aƒeme, wòyi srɔ̃kpeƒe, alo nɔ mɔ zɔm le tɔdziʋu me le Galilea-ƒua dzi. Efia nu le ƒuƒoƒewo kple Yerusalem-gbedoxɔa me. Afisiafi si wònɔ la, edi mɔnukpɔkpɔwo tsɔ ƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoazɔ eƒe afɔtoƒewo le go sia me hã.—Petro I, 2:21.
GBEƑÃÐEÐE TO KPƆÐEŊU NYUI ÐOÐO ME
Gɔmesese manɔ mɔnu siawo siwo dzi wotona gblɔa nyanyuia na wò la dometɔ aɖeke ŋu ne amesi le egblɔm na wò la ŋutɔ metsɔa nufiafia mawo wɔa dɔe o. Enye alakpanuwɔwɔ be míaƒe nuwɔna nato vovo na nya si míegblɔna, eye mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ na ame miliɔn geɖe megaxɔ Biblia dzi se o. Mesɔ be woabu fɔ Biblia o. Hebri Ŋɔŋlɔawo nɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo si, gake Yesu bu fɔ wo be wonye alakpanuwɔlawo. Eƒo nu tso alesi woxlẽa Mose ƒe Sea ŋu, eye wòyi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nusianu, si wogblɔ na mi la, miwɔe, eye milé eme ɖe asi; gake la migawɔ nu ɖe woƒe nuwɔnawo nu o, elabena wogblɔnɛ, ke womewɔnɛ o.” (Mateo 23:3) Ne Kristotɔ ɖo kpɔɖeŋu nyui le agbenyuinɔnɔ me la, ewɔa dɔ geɖe wu gaƒoƒo geɖe tsɔtsɔ ɖe gbeƒãe. Wotɔ asi esia dzi na srɔ̃nyɔnu Kristotɔ siwo srɔ̃wo nye dzimaxɔsetɔwo be: “Nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ . . . la.”—Petro I, 3:1, 2.
Eyata Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoana nyanyuia nadzro ame bubuwo le mɔ sia nu hã: to kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ si ŋu woƒoa nu tsoe na ame bubuwo la me. Wodzea agbagba be ‘yewoawɔ nu ɖe amewo ŋu alesi woadi be amewo nawɔ na yewo.’ (Mateo 7:12) Aleae wodina be yewoawɔ nu ɖe amewo katã ŋui, menye na wo tɔ Ðasefowo, xɔlɔ̃wo, aƒelikawo, kple ƒometɔwo ɖeɖeko o. Esi womede blibo o ta la, womete ŋu wɔa esia vodadamanɔmee ɣesiaɣi o. Gake woƒe dzimedidi wònye be yewoawɔ nyui na amewo katã, menye le Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ na wo me ko o, ke le alɔdodoame ɣesiaɣi si wòanya wɔ me hã.—Yakobo 2:14-17.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Hawaii
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Venezuela
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Yugoslavia
[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]
Fiaɖuƒe Akpata, xɔ siwo wotu ɖe nɔnɔme nyui me, nye afisi wodzroa Biblia me le
[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]
Ðasefowo dzea agbagba anukwaretɔe be yewoawɔ ɖe nya si wogblɔna na amewo la dzi le woa ŋutɔwo ƒe ƒomegbenɔnɔ me kple ne wodo go ame bubuwo