Ta Wuiasiekelia
Woklo Nu le Alakpanuwɔwɔ Dzi!
1. Aleke Yesu kple Yehowa bua alakpanuwɔwɔe, eye aleke esia dze le Yesaya ƒe ŋkekea mee?
YESU gblɔ na eƒe ŋkekea me subɔsubɔhakplɔlawo be: “Miedzena ame dzɔdzɔewo le gota le amewo ƒe ŋku me; ke mia me yɔ taŋ kple alakpadada kpakple madzɔmadzɔnyenye.” (Mateo 23:28) Yesu ƒe fɔbubu alakpanuwɔwɔ ɖe Fofoa si le dziƒo ƒe nukpɔsusu fia. Le Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe ta 58 lia me la, woƒo nu tso alakpanuwɔwɔ si bɔ ɖe Yuda ŋu koŋ. Dzrewɔwɔ, ameteteɖeanyi, kple ŋutasẽnuwo wɔwɔ xɔ afisiafi, eye wogblẽ Sabat ɖuɖu me wòva zu kɔnuwɔwɔ si ŋu gɔmesese mele o. Ameŋkumenuwɔwɔ koe ameawo ƒe Yehowa subɔsubɔ nye eye wowɔa nutsitsidɔ siwo metso dzime o be amewo nakpɔ. Mewɔ nuku o be Yehowa klo nu le wo ŋu be alesi wole ŋutɔŋutɔ nadze!
‘Gblɔ Dukɔa ƒe Nuvɔ̃wo Nɛ’
2. Gbɔgbɔ kae Yesaya ɖe fia le Yehowa ƒe gbedasia gbɔgblɔ me, eye amekawoe ɖii egbea?
2 Togbɔ be Yuda ƒe nuwɔna nyɔ ŋu na Yehowa hã la, Eƒe nyawo ƒe akpa aɖe nye kokoƒoƒo na dukɔa be woatrɔ dzime. Ke hã Yehowa medi be yeatɔtɔ yeƒe mokaname o. Eyata ede se na Yesaya be: “He vekati nado ɣli, megadzudzɔ o! Wò gbe nede dzi abe kpẽ ene, eye nagblɔ nye dukɔ ƒe vodada nɛ kple Yakob ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo nɛ!” (Yesaya 58:1) Yehowa ƒe nyawo gbɔgblɔ dzideƒotɔe ate ŋu ana Yesaya ƒe nu nave dɔme na dukɔa, gake mehe ɖe megbe le vɔvɔ̃ ta o. Ðokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ si wòɖe fia esi wògblɔ be “nyee nye esi, dɔm” la ganɔ eme. (Yesaya 6:8) Dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye si Yesaya nye na egbeŋkekea me Yehowa ƒe Ðasefowo, amesiwo hã wode dɔ asi na be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Nya ahaklo nu le mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ dzi!—Psalmo 118:6; Timoteo II, 4:1-5.
3, 4. (a) Alakpanu kae Yesaya ƒe ŋkekea me tɔwo wɔ? (b) Nɔnɔme ka tututue nɔ Yuda?
3 Edze na kafukafu be Yesaya ƒe ŋkekea me tɔwo di Yehowa heɖee fia be yewokpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔewo ŋu. Míexlẽa Yehowa ƒe nyawo be: “Wole diyem gbeawotsyogbe, eye wole didim be, yewoanya nye mɔwo; wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye abe dukɔ, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe Mawu ƒe ɖoɖowo ɖi o la ene; wole didim be, Mawu natsɔ ɖe yewo gbɔ!” (Yesaya 58:2) Ðe dzidzɔ sia si wobe yewokpɔna ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu la nye vavãtɔa? Ao. Wole “abe dukɔ, si wɔa nu dzɔdzɔe” ene, gake ameŋkumenuwɔwɔ koe woƒe nɔnɔme ma nye. Le nyateƒe me la, dukɔ sia ‘gblẽ eƒe Mawu ƒe ɖoɖowo ɖi.’
4 Nɔnɔmea ɖi esi wova ɖe fia nyagblɔɖila Xezekiel emegbe la ŋutɔ. Yehowa gblɔ na Xezekiel be Yudatɔwo nɔ gbɔgblɔm na wo nɔewo be: “Miva, ne míase gbe, si tso Yehowa gbɔ!” Gake Mawu na Xezekiel nya woƒe ameŋkumenuwɔwɔa, esi wògblɔ be: “Woava akpe ta ɖe gbɔwò, . . . ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔŋɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome. Kpɔ ɖa, èle na wo abe ha vivi kple amesi gbe vivi li na, eye wònya kasaŋkuƒoƒo la ene, woase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o.” (Xezekiel 33:30-32) Yesaya ŋɔlimetɔwo hã gblɔ be yewodia Yehowa ɣesiaɣi, gake womewɔna ɖe eƒe nyawo dzi o.
Alakpanutsitsidɔ
5. Aleke Yudatɔwo dze agbagbae be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu, gake nya kae Yehowa gblɔ na wo?
5 Yudatɔwo tsia nu dɔna abe kɔnu ene be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu, gake ɖeko alakpanudzɔdzɔewɔwɔ la te wo ɖa tso Yehowa gbɔ boŋ. Edze ƒã be wotɔtɔ esi wobia be: “Nukaŋuti míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o, míeka hiã mía ɖokui, eye mèdze sii o?” Yehowa ɖo eŋu na wo anukwaretɔe be: “Kpɔ ɖa, miewɔ dɔ le miaƒe nutsidɔgbe, eye mieƒo du ɖe miaƒe dɔwɔlawo nu. Kpɔ ɖa, dzrewɔwɔ kple avuwɔwɔ ta mietsi nu le dɔdɔm ɖo, eye be miada kɔ madzɔmadzɔ. Menye ɖe mietsi nu dɔ le ŋkeke mawo me, be woase miaƒe gbe le dzi o. Ðe nutsitsidɔ, si melɔ̃na, kple ŋkeke, si dzi amegbetɔ naka hiã eɖokui la, enye esia? Ne wobi ta ɖe anyi abe keti ene, eye womlɔ akpanya kple afi dzi la, eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke, si adze Yehowa ŋua?”—Yesaya 58:3-5.
6. Yudatɔwo ƒe nuwɔna kawoe ɖee fia be woƒe nutsitsidɔa nye alakpa tɔ?
6 Esi ameawo nɔ nu tsim dɔ, henɔ wɔwɔm abe ɖe wonye ame dzɔdzɔewo ene, eye wonɔ Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ gɔ̃ hã biam la, woganɔ woa ŋutɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ƒe vivisese kple asitsadɔwo yome. Wonɔ dzrewɔwɔ, ameteteɖeanyi, kple ŋutasẽnuwo wɔwɔ dzi. Esi wodi be yewoaɣla mo na woƒe agbenɔnɔ ta la, wowɔa nu be amewo nakpɔ be yewole nu xam—wobia ta ɖe anyi abe keti ene henɔa akpanya kple afi dzi—ale be wòadze abe ɖe wotrɔ dzime tso woƒe nuvɔ̃wo me ene. Vi kae nusiawo katã aɖe ne woyi edzi le aglã dzem? Womeɖe mawumenuxaxa kple dzimetɔtrɔ si wòle be wòadze le nutsitsidɔ anukwaretɔe me la ƒe ɖeke fia o. Woƒe konyifafa la medea dziƒo o—togbɔ be woƒe gbe dea dzi hã.
7. Aleke Yesu ƒe ɣeyiɣia me Yudatɔwo wɔ alakpanui, eye aleke ame geɖe wɔa nu nenema egbeae?
7 Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me wɔ ameŋkumenutsitsidɔ si nye kɔnu dzro ko la tɔgbe, eye wo dometɔ aɖewo wɔnɛ zi eve le kwasiɖa me! (Mateo 6:16-18; Luka 18:11, 12) Subɔsubɔhakplɔla geɖe hã srɔ̃ Yesaya ŋɔlimetɔwo to alesi woƒe nya me sẽna eye wozia ame dzii me. Eyata Yesu klo nu le mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔla mawo dzi dzideƒotɔe eye wògblɔ na wo be woƒe tadedeagu nye dzodzro. (Mateo 15:7-9) Egbea hã, ame miliɔn geɖe ‘ʋua eme bena, yewonya Mawu, gake wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wɔwɔ aɖeke kura o.’ (Tito 1:16) Ðewohĩ amesiawo akpɔ mɔ be Mawu nakpɔ nublanui na yewo, gake woƒe nuwɔna ɖenɛ fiana be alakpanu wònye wɔm wole. Gake Yehowa Ðasefowo ya ɖea mawusosroɖa vavãtɔ kple nɔvilɔlɔ̃ akuakua fiana.—Yohanes 13:35.
Nusi Dzimetɔtrɔ Vavãtɔ Bia
8, 9. Nuwɔna nyui kawoe wòle be wòakpe ɖe dzimetɔtrɔ anukwaretɔe ŋu?
8 Yehowa di be yeƒe amewo nawɔ nusi yi ŋgɔ wu nutsitsidɔ ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta; edi be woatrɔ dzime. Eya ko hafi wòakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. (Xezekiel 18:23, 32) Egblɔ be hafi gɔmesese nanɔ nutsitsidɔ ŋu la, ele be woawɔ ɖɔɖɔɖo le nuvɔ̃ siwo wowɔ va yi ŋu. Bu nya siwo Yehowa bia siwo na wodzroa ame ƒe dzime la ŋu kpɔ: “Ðe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye miaŋe kɔkutiwo katã.”—Yesaya 58:6.
9 Ga kple kɔkuti nye kluvinyenye sesẽ ƒe kpɔɖeŋu siwo sɔ. Eyata le esi teƒe be ameawo natsi nu dɔ aganɔ woƒe haxɔsetɔwo tem ɖe anyi le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be woawɔ ɖe sedede sia dzi be: “Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” (Mose III, 19:18) Ele be woaɖe asi le amesiwo katã wote ɖe anyi hewɔ wo kluviwo madzemadzee ŋu.a Womate ŋu atsɔ ameŋkumemawusubɔsubɔ nuwɔnawo, siwo ƒe ɖee nye nutsitsidɔ, aɖɔ li mawusosroɖa vavãtɔ kple nuwɔna siwo ɖea nɔvilɔlɔ̃ fiana o. Nyagblɔɖila Mixa si nye Yesaya ŋɔlimetɔ la ŋlɔ bena: “Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.”—Mixa 6:8.
10, 11. (a) Nukae nyo wu nutsitsidɔ le Yudatɔwo gome? (b) Aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu atsɔ nuxlɔ̃ame si Yehowa na Yudatɔwo awɔ dɔe?
10 Nudzɔdzɔewɔwɔ, dɔmenyonyo, kple ɖokuibɔbɔ bia be woawɔ nu nyui na ame bubuwo, eye esiae nye nu vevitɔ si le Yehowa ƒe Sea me. (Mateo 7:12) Nusi nyo wu nutsitsidɔ sasasã enye be woana woƒe nunɔamesi gbogboawo ƒe akpa aɖe hiãtɔwo. Yehowa bia be: “[Nutsitsidɔ si dzea ŋunyee nye be] naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ ame aɖe amama la, nata avɔ nɛ, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.” (Yesaya 58:7) Ẽ, le esi teƒe be amesiwo si nu le natsi nu dɔ be amewo nakpɔ la, ele be woana nuɖuɖu, nudodo, alo nɔƒe wo hati Yudatɔ—woa ŋutɔwo ƒe ŋutilã—siwo hiã tu la boŋ.
11 Menye Yesaya ƒe ɣeyiɣia me Yudatɔwo ŋu koe nɔvilɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ƒe gɔmeɖose nyui siwo Yehowa gblɔ la ku ɖo o. Wokplɔa Kristotɔwo hã. Eyata apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Ele be lɔlɔ̃ kple nɔviwɔwɔ nanɔ Kristo-hamea me, vevietɔ esi míaƒe ɣeyiɣia me le sesẽm ɖe edzi ta.—Timoteo II, 3:1; Yakobo 1:27.
Toɖoɖo Hea Yayra Geɖe Vɛ
12. Nukae Yehowa awɔ ne eƒe amewo ɖo toe?
12 Ade Yehowa ƒe amewo dzi ŋutɔ ne wowɔ ɖe eƒe mokaname lɔlɔ̃tɔe la dzi! Yehowa gblɔ be: “Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene, eye wò hayahaya ado kaba, wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔwò, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe [axe] megbe na wò. Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò; àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye si!” (Yesaya 58:8, 9a) Dzidzɔnya kawoe vivi ale! Yehowa yraa amesiwo kpɔa dzidzɔ ɖe amenuveve kple dzɔdzɔenyenye ŋu hekpɔa wo ta. Ne Yehowa ƒe amewo trɔ dzime le woƒe tagbɔsesẽ kple alakpanuwɔnawo me heɖo toe la, nuwo ava nyo na wo ŋutɔ. Yehowa ana dukɔa nakpɔ “hayahaya,” le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me. Akpɔ wo ta hã, abe alesi wòkpɔ wo tɔgbuiwo tae esime wodzo le Egipte la ene. Eye ne wodo ɣli bia kpekpeɖeŋu la, atɔ na wo kaba.—Mose II, 14:19, 20, 31.
13. Yayra kawoe Yudatɔwo akpɔ ne wowɔ ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃amea dzi?
13 Azɔ Yehowa yi nuxlɔ̃ame si wòna do ŋgɔ la dzi be: “Ne èɖe ameteteɖeanyi [tagbɔsesẽ ƒe kluvinyenye si medze o], asifiafiame [anye le fewuɖuɖu alo alakpanutsotso me] kple nu vɔ̃ɖi ƒoƒo le dowòme, ne ètsɔ wò abolo na dɔwuitɔ, eye nèɖi ƒo na amesi wote ɖe anyi la, ekema wò kekeli aklẽ le viviti me, eye wò tsizi anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene.” (Yesaya 58:9b, 10) Ðokuitɔdidi kple tagbɔsesẽ gblẽa nu le ame ŋutɔ ŋu eye wòna Yehowa ƒe dziku nɔa ame dzi. Gake dɔmenyonyo kple nunana, vevietɔ na dɔwuitɔwo kple amesiwo wote ɖe anyi, na wokpɔa Mawu ƒe yayra gbagowo. Aleke wòade Yudatɔwo dzii enye si ne ɖe woana nyateƒenya siawo nade dzi gbɔ na wo! Ekema woƒe gbɔgbɔ me kekeli kple dzidzedzekpɔkpɔ ana woaklẽ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene, wòaɖe viviti ɖesiaɖe ɖa. Ƒo wo katã ta la, woahe bubu kple kafukafu vɛ na Yehowa, ŋutikɔkɔe kple yayrawo Dzɔtsoƒe la.—Fiawo I, 8:41-43.
Wogbugbɔ Dukɔ aɖe Ðo Anyi
14. (a) Aleke Yesaya ŋɔlimetɔwo xɔ eƒe nyawoe? (b) Nukae Yehowa ganaa wo?
14 Nublanuitɔe la, dukɔa gbe Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenyaawo eye wonyrɔ wo ɖokui ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me vĩ. Nusi Yehowa ate ŋu awɔ na wo mlɔeba koe nye be wòana woayi aboyo me, abe alesi wòxlɔ̃ nu woe ene. (Mose V, 28:15, 36, 37, 64, 65) Ke hã nya siwo Yehowa gagblɔ to Yesaya dzi la na mɔkpɔkpɔ wo. Mawu gblɔe ɖi be woƒe ame susɔe aɖewo siwo xɔ amehehe hetrɔ dzime la atsɔ dzidzɔ atrɔ yi Yuda-nyigba dzi, togbɔ be ezu aƒedo hã.
15. Gbugbɔɖoanyi si me dzidzɔ le kae Yehowa gblɔ ɖi?
15 Yehowa to Yesaya dzi ƒo nu tso eƒe dukɔa gbugbɔɖoanyi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me ŋu be: “Yehowa akplɔ wò ɖaa, eye wòaɖi ƒo na wò le kuɖiɖinyigba dzi, ade agbe wò ƒuwo me, eye ànɔ abe abɔ, si wode tsii, kple tsidzɔƒe, si ƒe tsiwo memiena o la ene.” (Yesaya 58:11) Yehowa agaɖo Israel-viwo denyigba si nye kuɖiɖinyigba la te wòazu gbe damawo teƒe. Nusi gawɔ nuku wue nye be ayra eƒe ame siwo trɔ dzime la ahado ŋusẽ woƒe “ƒuwo” ale be woƒe gbɔgbɔ me agbemanɔmanɔ ƒe nɔnɔmea natrɔ be agbe blibo nagaɖo wo ŋu. (Xezekiel 37:1-14) Ameawo ŋutɔ ava nɔ abe “abɔ, si wode tsii” si me gbɔgbɔmekutsetsewo bɔ ɖo ene.
16. Aleke woagaɖo anyigba la tee?
16 Gbugbɔɖoanyia ƒe akpa aɖee nye be woagbugbɔ du siwo Babilontɔ siwo va dze wo dzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me tsrɔ̃ la atso. “Viwòwo atso blemaƒedowo, eye àfɔ gbaɖegbetɔwo ƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woayɔ wò be, ‘gli gbagbãwo ɖɔɖola, mɔwo dzraɖola, ne woatso aƒe ɖi.’’’ (Yesaya 58:12) Nya siwo sɔ kple wo nɔewo siwo nye “blemaƒedowo” kple “gbaɖegbetɔwo ƒe glikpowo” (alo, glikpo siwo zu aƒedo gbaɖegbe ke) la fia be ame susɔe siwo trɔ yi wo de la agbugbɔ Yuda-du gbagbãwo, vevietɔ Yerusalem, atso. (Nexemya 2:5; 12:27; Yesaya 44:28) Woadzra “gli gbagbãwo” ɖo—nya sia ku ɖe gbagbãƒe siwo katã nɔ Yerusalem-glia kple du bubuwo tɔ hã ŋu la ŋuti.—Yeremya 31:38-40; Amos 9:14.
Yayra Siwo Sabat Ðuɖu Nuteƒewɔwɔtɔe Ahe Vɛ
17. Aleke Yehowa de dzi ƒo na eƒe dukɔae be woawɔ ɖe Sabat ŋuti sewo dzi?
17 Sabat la nye Mawu ƒe ɖetsɔtsɔ le eƒe amewo ƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me nyonyo me vevie ɖeɖefia. Yesu gblɔ be: “Wowɔ Sabat le ame ta.” (Marko 2:27) Ŋkeke sia si ŋu Yehowa kɔ la na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ Israel-viwo be woaɖe woƒe lɔlɔ̃ na Mawu afia. Ewɔ nublanui be kaka Yesaya ƒe ɣeyiɣia naɖo la, ezu kɔnu dzodzro kple ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo yomenɔnɔ. Eyata Yehowa tɔ dzɔ be wòagaka mo na eƒe dukɔa ake. Eye egadze agbagba be yeaɖo woƒe dzi gbɔ. Egblɔ be: “Ne ète wò afɔ ɖe megbe tso dzudzɔgbe la ŋu, be mèwɔ wò dɔwo le nye ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ne èyɔ dzudzɔgbe la be dzidzɔ kple Yehowa ƒe nu kɔkɔe la be bubu, eye nède bubu eyama ŋu, ale be mèlé wò mɔ tsɔ o, mèwɔ wò dɔwo o, eye mèƒo nu kpoloe o la, ekema àkpɔ dzidzɔ le Yehowa ŋu, mana nade anyigba ƒe kɔkɔƒewo, eye mana naɖu fofowò Yakob ƒe domenyinu; elabena Yehowa ƒe nue gblɔe!”—Yesaya 58:13, 14.
18. Nukae ado tso eme esi Yuda gbe Sabat la ɖuɖu?
18 Sabat la nye ŋugbledede le gbɔgbɔmenuwo ŋu, gbedodoɖa, kple ƒome ƒe tadedeagu ƒe ŋkeke. Ele be wòakpe ɖe Yudatɔwo ŋu woade ŋugble le nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ na wo kple dzɔdzɔenyenye kpakple lɔlɔ̃ si dze le eƒe Sea me ŋu. Eyata ele be ŋkeke kɔkɔe sia ɖuɖu nakpe ɖe dukɔa ŋu woate ɖe Mawu ŋu wu. Gake wowɔ Sabat la ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu eye le ema ta wonɔ afɔku si nye be Yehowa aɖe eƒe yayra le wo dzi la me.—Mose III, 26:34; Kronika II, 36:21.
19. Yayra gbago kawoe Mawu ƒe amewo akpɔ ne wogatrɔ ɖe Sabat la ɖuɖu ŋu?
19 Ke hã ne Yudatɔwo srɔ̃ nu tso to si wohe na wo me hegatrɔ ɖe Sabat ƒe ɖoɖoa dzi wɔwɔ ŋu la, woayra wo geɖe. Dɔ nyui si tadedeagu vavãtɔ kple bubudede Sabat ŋu awɔ ɖe wo dzi la aɖo woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Mose V, 28:1-13; Psalmo 19:8-12) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ana eƒe dukɔ “nade anyigba ƒe kɔkɔƒewo.” Nyagbɔgblɔ sia fia dedienɔnɔ kple ame ƒe futɔwo dzi ɖuɖu. Amesiame si kpɔ ŋusẽ ɖe kɔkɔƒewo—togbɛwo kple towo—dzi la kpɔ ŋusẽ ɖe anyigba la hã dzi. (Mose V, 32:13; 33:29, NW) Israel ɖo to Yehowa kpɔ ɣeaɖeɣi, eye dukɔ la kpɔ eƒe ametakpɔkpɔ eye dukɔ bubuwo de bubu wo ŋu hevɔ̃ wo gɔ̃ hã. (Yosua 2:9-11; Fiawo I, 4:20-5:1) Ne wogatrɔ ɖe Yehowa ŋu la, ŋutikɔkɔe ma ƒe ɖe agava su wo si. Yehowa ana eƒe dukɔ nakpɔ “Yakob ƒe domenyinu” bliboe—si nye yayra siwo ŋugbe wòdo le nubabla si Wòwɔ kple wo tɔgbuiwo me, vevietɔ yayra si nye be woaxɔ Ŋugbedodonyigba la wòanye wo tɔ.—Psalmo 105:8-11.
20. “Sabat ƒe dzudzɔ” kae li na Kristotɔwo?
20 Ðe nusɔsrɔ̃ aɖe le nya sia me na Kristotɔwoa? Esi Yesu Kristo ku la, woɖe Mose ƒe Sea kple Sabat nudidi siwo le eme ɖa. (Kolosetɔwo 2:16, 17) Gake nɔnɔme si wòle be Sabat la ɖuɖu nana wòasu amewo si le Yuda—gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ kple tete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli—ya gahiã vevie na Yehowa subɔlawo. (Mateo 6:33; Yakobo 4:8) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Paulo gblɔ le lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo me be: “Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la.” Kristotɔwo gena ɖe “Sabat ƒe dzudzɔ” sia me to toɖoɖo Yehowa kple dzɔdzɔenyenye si nɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzixɔxɔse dzi yomenɔnɔ me. (Hebritɔwo 3:12, 18, 19; 4:6, 9-11, 14-16) Kristotɔwo ɖua sabat sia tɔgbe gbesiagbe, ke menye ŋkeke ɖeka pɛ ko le kwasiɖa me o.—Kolosetɔwo 3:23, 24.
Gbɔgbɔ me Israel ‘De Anyigba ƒe Kɔkɔƒewo’
21, 22. Mɔ ka nue Yehowa na Mawu ƒe Israel la ‘de anyigba ƒe kɔkɔƒewo’ le?
21 Tso esime wòɖe asi le Kristotɔ amesiaminawo ŋu tso Babilon ƒe aboyo me le ƒe 1919 me la, wotsɔ nuteƒewɔwɔ wɔ ɖe nusi Sabat la tsi tre ɖi na dzi. Ena be Yehowa na ‘wode anyigba ƒe kɔkɔƒewo.’ Le gɔmesese ka nu? Le keke ƒe 1513 D.M.Ŋ. me ke la, Yehowa bla nu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo be ne woɖo to ye la, yeana woazu nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe. (Mose II, 19:5, 6) Le ƒe 40 siwo wotsɔ nɔ gbeadzi la katã me la, Yehowa kplɔ wo dedie, abe alesi hɔ̃ kɔa viawoe ene, eye wòtsɔ nu geɖe yra woe. (Mose V, 32:10-12) Gake xɔse menɔ dukɔ la si o, eye wobu mɔnukpɔkpɔ siwo ate ŋu asu wo si hafi la katã. Togbɔ be edzɔ nenema hã, nunɔlawo ƒe dukɔ le Yehowa si egbea. Woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel.—Galatiatɔwo 6:16; Petro I, 2:9.
22 Le ‘nuwuɣia’ me la, gbɔgbɔmedukɔ sia wɔ nusi blema Israel mete ŋu wɔ o. Wolé Yehowa dzixɔse me ɖe asi. (Daniel 8:17) Yehowa tsɔ wo ɖo kɔkɔƒe le gbɔgbɔmegɔmesese nu esi eme tɔwo wɔna ɖe Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔawo dzi pɛpɛpɛ hezɔa eƒe mɔ deŋgɔawo dzi ta. (Lododowo 4:4, 5, 8; Nyaɖeɖefia 11:12) Esi wokpɔ wo ta tso makɔmakɔnyenye si ƒo xlã wo me ta la, wonɔa agbe si de ŋgɔ wu, eye le esi teƒe be woate tɔ ɖe edzi alé woa ŋutɔwo ƒe mɔ atsɔ la, wokpɔa ‘dzidzɔ gã aɖe ɖe Yehowa’ kple eƒe Nya la boŋ ŋu. (Psalmo 37:4) Yehowa na wole dedie le gbɔgbɔ me togbɔ be wotsia tre ɖe wo ŋu vevie le xexeame katã hã. Tso ƒe 1919 me la, gbagbãƒe aɖeke meganɔ woƒe ‘gbɔgbɔmenyigba’ la ŋu o. (Yesaya 66:8) Wokpɔtɔ nye amesiwo ŋu eƒe ŋkɔ gã la le, eye woɖea gbeƒã ŋkɔ sia dzidzɔtɔe le xexeame katã. (Mose V, 32:3; Dɔwɔwɔwo 15:14) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, fifia ame fafa siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi tso dukɔwo katã me va le gome kpɔm kpli wo le mɔnukpɔkpɔ gã si su wo si be Yehowa nafia eƒe mɔwo woamawo ahakpe ɖe wo ŋu be woazɔ le eƒe toƒewo la me.
23. Aleke Yehowa na esubɔla amesiaminawo ‘ɖu Yakob ƒe domenyinui’?
23 Yehowa na esubɔla amesiaminawo ‘ɖu Yakob ƒe domenyinu.’ Esime Isak yra Yakob ɖe Esau teƒe la, blemafofo la gblɔe ɖi le eƒe nyawo me be woayra amesiwo katã axɔ Abraham ƒe Dzidzimevi si ŋugbe wodo dzi se. (Mose I, 27:27-29; Galatiatɔwo 3:16, 17) Abe Yakob—ke menye Esau o—ene la, Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo ‘kpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu,’ vevietɔ ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo si Mawu nana ŋu. (Hebritɔwo 12:16, 17; Mateo 4:4) Gbɔgbɔmenuɖuɖu—si ƒe ɖee nye sidzedze si ku ɖe nusi Yehowa le wɔwɔm to Dzidzimevi si ŋugbe wodo kple Dzidzimevi ma hatiwo dzi ŋu—doa ŋusẽ ame, ena agbe ɖoa ame ŋu, eye wòle vevie na woƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ. Eyata ehiã vevie ŋutɔ be woaxɔ gbɔgbɔmenunyiame ɣesiaɣi to Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu me. (Psalmo 1:1-3) Ele vevie be woade ha kple haxɔsetɔwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Eye ehiã be woalé tadedeagu dzadzɛ ƒe dzidzenu kɔkɔawo me ɖe asi esi wotsɔ dzidzɔ le nuɖuɖu ma nam ame bubuwo.
24. Aleke Kristotɔ vavãwo wɔa nui egbea?
24 Neva eme be Kristotɔ vavãwo nayi edzi agbe alakpanuwɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe esi wotsɔ didi vevie le mɔ kpɔm na Yehowa ƒe ŋugbedodowo me vava. Esi wotsɔ “Yakob ƒe domenyinu” le wo nyimee la, neva eme be woayi edzi anɔ dedie le gbɔgbɔ me le “anyigba ƒe kɔkɔƒewo.”
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Yehowa wɔ ɖoɖo na eƒe ame siwo nyi fe la be woadzra wo ɖokui kluviwoe—wova zuna abe apadawɔlawo ene—be woatsɔ axe fe si wonyi lae. (Mose III, 25:39-43) Gake Sea bia be woanyo dɔme na kluviwo. Ele be woaɖe asi le wo dometɔ siwo ŋu wosẽ ŋuta le ŋu.—Mose II, 21:2, 3, 26, 27; Mose V, 15:12-15.
[Nɔnɔmetata si le axa 278]
Yudatɔwo tsi nu dɔ hede ta to le alakpadzimetɔtrɔ nuwɔna me—gake wometrɔ woƒe mɔwo o
[Nɔnɔmetata si le axa 283]
Amesiwo si nu le naa nɔƒe, nudodo, alo nuzazãwo amesiwo hiã tu
[Nɔnɔmetata si le axa 286]
Ne Yuda trɔ dzime la, agbugbɔ eƒe du gbagbãwo atso