Ðe Mawu Bia Be Woatsi Nu Adɔa?
ZI ÐEKA koe se si Mawu de to Mose dzi bia be woatsi nu adɔ—le ƒe sia ƒe Avuléŋkekea dzi. Sea gblɔ be Israel-viwo ‘nawɔ funyafunya woƒe luʋɔwo’ gbemagbe, si fia be wotsi nu dɔ. (Mose III, 16:29-31; 23:27; Psalmo 35:13) Gake nutsitsidɔ sia menye kɔnuwɔwɔ dzro ko o. Avuléŋkekea ɖuɖu na Israel-viwo kpɔ woƒe nuvɔ̃menyenye kple alesi wòhiã be woaɖe wo la dze sii geɖe wu. Wotsia nu dɔ gbemagbe hã be woatsɔ aɖe woƒe vevesese ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta kple dzimetɔtrɔ afia le Mawu ŋkume.
Togbɔ be esia koe nye nutsitsidɔ si ƒe se wode le Mose ƒe Sea me hã la, Israel-viwo tsia nu dɔ ɣebubuɣiwo hã. (Mose II, 34:28; Samuel I, 7:6; Kronika II, 20:3; Ezra 8:21; Ester 4:3, 16) Nutsitsidɔ le ame ɖokui si atsɔ aɖe dzimetɔtrɔ afia hã nɔ eme. Yehowa ƒoe ɖe Yudatɔ wɔnuvɔ̃awo nu be: “Mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye!” Menye gotagome wobe woawɔe le o, elabena Mawu gagblɔ be: “Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o.”—Yoel 2:12-15.
Ame geɖe va tsi nu dɔ emegbe wònye gotagome kɔnuwɔwɔ. Nutsitsidɔ alakpatɔ ma nyɔ ŋu na Yehowa, eyata ebia Israel-vi alakpanuwɔlaawo be: “Ðe nutsitsidɔ, si melɔ̃na kple ŋkeke, si dzi amegbetɔ naka hiã eɖokui la, enye esia? Ne wobi ta ɖe anyi abe keti ene, eye womlɔ akpanya kple afi dzi la, eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke, si adze Yehowa ŋua?” (Yesaya 58:5) Le esi teƒe be dukɔ dzego sia nanɔ woƒe nutsitsidɔ wɔm be amewo nakpɔ la, wobia tso wo si be woawɔ dɔ siwo dze dzimetɔtrɔ boŋ.
Nutsitsidɔ aɖewo siwo Yudatɔwo ɖo anyi medze Mawu ŋu kura o tso gɔmedzedzea ke. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖeɣi la, ƒe sia ƒe nutsitsidɔ ene nɔ Yudatɔwo si wowɔna tsɔ ɖoa ŋku afɔku si dzɔ ɖe wo dzi esime woɖe to ɖe Yerusalem hewɔe aƒedoe le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me dzii. (Fiawo II, 25:1-4, 8, 9, 22-26; Zaxarya 8:19) Esi woɖe Yudatɔwo tso aboyo me le Babilon megbe la, Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Zaxarya dzi be: “Esi mietsi nu dɔ, . . . ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?” Nutsitsidɔ siawo medze Mawu ŋu o elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ tae Yudatɔwo tsi nu dɔ hefa konyi ɖo. Afɔku si dzɔ ɖe wo dzi tae wotsi nu dɔ ɖo, ke menye ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃ si na nu ma dzɔ ɖe wo dzi ta o. Esi wokplɔ wo va wo denyigba dzi vɔ la, ɣemaɣie wòle be woakpɔ dzidzɔ ke menye be woafa konyi le nusiwo dzɔ va yi ŋu o.—Zaxarya 7:5.
Ðe Kristotɔwo Atsi Nu Adɔa?
Togbɔ be Yesu Kristo mede se na eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ be woatsi nu adɔ o hã la, eya kple eyomedzelawo tsi nu dɔ le Avuléŋkekea dzi elabena wonɔ Mose ƒe Sea te. Hekpe ɖe eŋu la, eƒe nusrɔ̃la aɖewo tsi nu dɔ le wo ɖokui si ɣebubuɣiwo elabena Yesu megblɔ na wo be woadzudzɔ ewɔwɔ keŋkeŋ o. (Dɔwɔwɔwo 13:2, 3; 14:23) Gake womegblɔ gbeɖe be ‘woagblẽ mo na wo ɖokui bena amewo nakpɔ wo be wotsi nu dɔ o.’ (Mateo 6:16) Veviedodonu le gotagome alea ate ŋu ana woƒe nu nadze ame bubuwo ŋu eye woakpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu. Gake adegbeƒoƒo sia tɔgbe medzea Mawu ŋu o.—Mateo 6:17, 18.
Yesu hã ƒo nu tso eyomedzelawo ƒe nutsitsidɔ le eƒe kuɣi ŋu. Menye kɔnuwɔwɔ ƒe nutsitsidɔ ɖom wònɔ anyi o. Ke boŋ alesi woawɔ nu le blanuiléle sesẽ si ava wo dzi me ye wòwɔnɛ. Ne wofɔe ɖe tsitre ko la, aganɔ anyi kpli wo, eye susu aɖeke manɔ anyi si ta woagatsi nu adɔ o.—Luka 5:34, 35.
Mose ƒe Sea wu enu esime “Kristo . . . [tsɔ] eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa.” (Hebritɔwo 9:24-28) Eye esi Sea wu enu la, se si wode be woatsi nu adɔ le Avuléŋkekea dzi wu enu. Ale wɔ woɖe nutsitsidɔ ɖeka si wode se be woawɔ si woyɔ le Biblia me la ɖa.
Ke Nublaɣi Ya Ðe?
Ke nuka dzie Kristodukɔa nɔ te ɖo hafi tsia nu dɔ le Nublaɣi? Katoliko kple Protestant hawo katã lɔ̃ ɖe Nublaɣia dzi, gake ha ɖesiaɖe kple alesi wòblanɛ. Zi ɖeka koe ame aɖewo ɖua nu gbeɖeka le ŋkeke 40 siwo do ŋgɔ na Easter dzi. Afikuɖa kple Fiɖa Kɔkɔe dzi koe ame aɖewo tsia nu dɔ le bliboe. Ame aɖewo tsɔe be womaɖu ʋulã, tɔmelã, koklozi, kple nusiwo me nyinotsi le le Nublaɣi o.
Wogblɔ be Yesu ƒe nutsitsidɔ ŋkeke 40 le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe dzie wotu Nublaɣia ɖo. Ke kɔnue wònye wòɖo be woanɔ wɔwɔm ƒe sia ƒea? Kura o. Esia dze ƒã elabena nuŋlɔɖi aɖeke mele Biblia me si fia be Kristotɔ gbãtɔwo wɔe o. Ƒe alafa enelia le Kristo megbe ye woɖu Nublaɣia zi gbãtɔ. Trɔ̃subɔlawo gbɔe wòdzɔ tso abe alesi Kristodukɔa ƒe nufiafia bubu geɖewo le ene.
Ne Yesu ƒe nutsitsidɔ le gbedzi le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe srɔ̃m wole le Nublaɣi la, ke nukatae wònye kwasiɖa siwo do ŋgɔ na Easter mee wowɔnɛ—si wogblɔ be enye eƒe tsitretsiɣi? Yesu metsi nu dɔ le ŋkeke siwo do ŋgɔ na eƒe ku me o. Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiwo ɖee fia be eya kple eƒe nusrɔ̃lawo yi aƒewo me eye woɖu nu le Betania ŋkeke ʋee aɖewo ko do ŋgɔ na eƒe ku. Eye eɖu Ŋutitotonuɖuɖua hã le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me.—Mateo 26:6, 7; Luka 22:15; Yohanes 12:2.
Nane li míasrɔ̃ le Yesu ƒe nutsitsidɔ le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe me. Enɔ dɔ vevi aɖe gɔme dzem. Eku ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli kple amegbetɔƒome bliboa katã ƒe etsɔme ŋu. Esia nye ɣeyiɣi si me wòade ŋugble vevie ahate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me hena kpekpeɖeŋu kple mɔfiafia. Esɔ be Yesu tsi nu dɔ le ɣeyiɣi sia me. Esia fia be nutsitsidɔ ate ŋu aɖe vi ne wowɔe kple susu nyui le ɣeyiɣi si sɔ me.—Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 2:20-23.
Ɣesiɣi Nutsitsidɔ Ate Ŋu Aɖe Vi
Mina míade ŋugble le ɣeyiɣi siwo me Mawu subɔla ate ŋu atsi nu adɔ egbea dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Ðewohĩ nuɖuɖu madzro amesi wɔ nuvɔ̃ o hena ɣeyiɣi aɖe. Menye ɖe wòawɔ esia be wòadze amewo ŋu alo atsɔ aɖe dziku afia ɖe tohehe si wonɛ ŋu o. Azɔ hã nutsitsidɔ ŋutɔ madzra woa kple Mawu dome ɖo o. Gake amesi trɔ dzime vavã la ase veve vevie be yewɔ nu wòve Yehowa kple ɖewohĩ xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo. Ðewohĩ nuxaxa kple gbedodoɖa vevie be woatsɔ nuvɔ̃ ake ana nuɖuɖu madzro ame o.
Nusia tɔgbe dzɔ ɖe Israel-fia Dawid dzi. Esi wòkpɔ be vi si Bat-Seba dzi nɛ gbɔna kuku ge la, etsɔ eɖokui katã de gbedodoɖa me na Yehowa be wòakpɔ nublanui na ɖevia. Esi wòtsɔ eƒe seselelãme kple ŋusẽ katã de gbedodoɖa me la, etsi nu dɔ. Nenema ke egbea hã ɖewohĩ nuɖuɖu le nɔnɔme sesẽ aɖewo me masɔ tututu o.—Samuel II, 12:15-17.
Ɣeyiɣi aɖewo hã anɔ anyi siwo me mawuvɔ̃la adi be yeade ŋugble le gbɔgbɔmenya aɖe ŋu vevie. Ahiã be woawɔ numekuku le Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me. Ahiã ɣeyiɣi be wòatsɔ ade ŋugblee. Le nusrɔ̃ɣi sia si axɔ ame ƒe susu katã me la, ame ate ŋu aɖoe be yematsɔ nuɖuɖu aɖe fu na ye ɖokui o.—Tsɔe sɔ kple Yeremya 36:8-10.
Kpɔɖeŋuwo le Ŋɔŋlɔawo me le Mawu subɔlawo ŋu be wotsi nu dɔ esime wodze ŋgɔ nyametsotso sesẽwo wɔwɔ. Le Nexemya ƒe ŋkekea me la, ehiã be woaka atam na Yehowa eye ne Yudatɔawo mewɔ edzi o la, woaƒo fi ade wo. Wobe woado ŋugbe be woaɖe asi le woƒe dutasrɔ̃wo ŋu eye woaɖe wo ɖokui ɖa le dukɔ siwo ƒo xlã wo ŋu. Hafi dukɔ bliboa naka atam sia kple le woƒe nuvɔ̃meʋuɣi la, wotsi nu dɔ. (Nexemya 9:1; 10:1, 30, 31) Eyata ne nyametsotso gãwo wɔwɔ dze ŋgɔ Kristotɔ aɖe la, ate ŋu agbe nuɖuɖu ɣeyiɣi kpui aɖe.
Kristo-hame gbãtɔ ƒe hamemegãwo ƒe hawo tsi nu dɔ ɣeaɖewoɣi le nyametsotsowo wɔwɔ me. Egbea la, hamemegã siwo nyametsotso sesẽwo wɔwɔ dze ŋgɔe, ɖewohĩ le ʋɔnudrɔ̃nyawo me, ate ŋu agbe nuɖuɖu esime wole nya la ŋu bum.
Eɖoɖo be woatsi nu adɔ le nɔnɔme aɖewo me nye ame ŋutɔ ƒe nya. Mele be ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu nɔvia le nya sia me o. Mele be míadi be míadze “ame dzɔdzɔewo le gota le amewo ƒe ŋku me” o; eye mele be nuɖuɖu nanɔ vevie na mí ale gbegbe be wòana míagblẽ agbanɔamedzi veviwo tsɔtsɔ ɖi o. (Mateo 23:28; Luka 12:22, 23) Eye Biblia ɖee fia be Mawu mebia be míatsi nu adɔ alo gbe be míagatsii adɔ o.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ènya nusita Yesu tsi nu dɔ ŋkeke 40 le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbea?