INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be axa 39-axa 42
  • Nuƒogbalẽ Ŋɔŋlɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuƒogbalẽ Ŋɔŋlɔ
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lé Ŋku Ðe Nyawo Ŋu Tsitotsito, Tia Wo Me, eye Nàɖo Wo ɖe Ðoɖo Nu
  • Nya Veviawo Nadze Ƒã
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Dutoƒonuƒowo Dzadzraɖo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Agbalẽ Dzi Alo Susu Me Nya Kpuiwo Ŋudɔwɔwɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be axa 39-axa 42

Nuƒogbalẽ Ŋɔŋlɔ

NE WODE nuƒo asi na amewo la, wo dometɔ geɖe zãa ɣeyiɣi fũ tsɔ ŋlɔa nuƒoa me nya ɖesiaɖe tso ŋgɔdonya dzi vaseɖe nyataƒonya dzi. Kaka woaŋlɔ nuƒoa vɔ la, woŋlɔ nya gbogbo aɖewo ŋutɔ. Esia katã axɔ gaƒoƒo nanewo.

Nenemae nèdzraa wò nuƒowo ɖoea? Àdi be yeasrɔ̃ mɔnu aɖe si le bɔbɔe wua? Ne èsrɔ̃ alesi nàŋlɔ nuƒogbalẽe la, magahiã be nàŋlɔ nusianu o. Esia ana ɣeyiɣi geɖe nasusɔ na wò nàtsɔ asrɔ̃ wò nuƒoae. Ale wò nuƒoa ƒoƒo anɔ bɔbɔe wu, esese hã agavivi wu eye wòaʋã wò nyaselawo hã geɖe wu.

Nuƒogbalẽwo li hena dutoƒonuƒo ƒoƒo le hamea me. Gake menye nenemae wòle le nuƒo akpa gãtɔ gome o. Ate ŋu anɔ eme be nyati si le gbadzaa alo tanya aɖe koe woana wò. Alo woate ŋu ana wò agbalẽ aɖe ƒe axawo ko be nànɔ te ɖe wo dzi aƒo nu. Ɣeaɖewoɣi la, mɔfiame ʋɛ aɖewo koe woana wò. Le dɔdasi siawo katã gome la, ehiã be wò ŋutɔ nàŋlɔ wò nuƒogbalẽ.

Nɔnɔmetata si le axa 41

Kpɔɖeŋu si le axa 41 lia ana nàkpɔ alesi woatrɔ asi le nuƒogbalẽ kpui aɖe ŋui. De dzesii be nya vevi ɖesiaɖe dze egɔme le miame eye woŋlɔe kple ŋɔŋlɔdzesi gãwo. Kpeɖodzinyawo le nya vevi ɖesiaɖe te. Nya bubu siwo woatsɔ aɖe nu mee la le wo te eye woŋlɔ wo ɖo ɖe ɖusikpa dzi vie. Lé ŋku ɖe nuƒogbalẽ sia ŋu tsitotsito. De dzesii be nya vevi evea wɔ ɖeka kple tanyaa ŋutɔ tẽ. De dzesii hã be nyati sueawo menye nya siwo sese avivi ko evɔ o, ke boŋ wo dometɔ ɖesiaɖe ɖo kpe nya vevi si te woŋlɔe ɖo dzi.

Ne èŋlɔ nuƒogbalẽ la, ɖewohĩ manɔ abe kpɔɖeŋu ma ene tututu o. Gake ne èɖu tu na gɔmeɖose siwo míefia asii va yi la, akpe ɖe ŋuwò nàɖo nyawo ɖe ɖoɖo nu ahadzra nuƒo tuameɖo ɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Aleke nàwɔe?

Lé Ŋku Ðe Nyawo Ŋu Tsitotsito, Tia Wo Me, eye Nàɖo Wo ɖe Ðoɖo Nu

Èhiã tanya si ŋu nàwɔ dɔ le. Tanyaa menye nusi le gbadzaa si woate ŋu atsɔ nya ɖeka hɔ̃ ko aŋlɔe o. Eyae nye nufiame vevitɔ si nèdi be yeaɖe gblɔ, si nye taɖodzinu si gbɔ nèdi be yeƒe nuƒoa naɖo. Ne wona tanya si ŋu nàƒo nu le wò xoxo la, ekema lé ŋku ɖe nya vevi ɖesiaɖe ŋu tsitotsito. Ne wodi tso asiwò be nànɔ te ɖe agbalẽ aɖe me nyawo dzi atsɔ akɔ tanyaa mee la, ekema tanya sia nenɔ susu me na wò esime nèle nua srɔ̃m. Gake ne wona nuƒoa wò gbadzaa ko la, ekema ekpɔ ŋkuwòme be wò ŋutɔ nàtia nusi anye tanyaa. Gake hafi nàtiae la, anye kpekpeɖeŋu be nàwɔ numekuku. Ne èle klalo hena susu bubuwo xɔxɔ la, zi geɖe la, àkpɔ nya yeyewo azã.

Esime nèle afɔ siawo ɖem la, nɔ ɖokuiwò biam se be: ‘Nukata nuƒo sia le vevie na nye nyaselawo? Nukae nye nye taɖodzinu?’ Menye nusi wode asi na wò la kpekpeɖo le nuƒoa me koe hiã o, alo be nàƒo nuƒo si ŋu woagblɔ le be evivi ko evɔ o, ke ele be wòana nane si aɖe vi na wò nyaselawo la naka wo si. Ne èke ɖe taɖodzinu si gbɔ nèdi be yeaɖo ŋu keŋ la, ekema ŋlɔe da ɖi. Nɔ ŋku ɖom edzi na ɖokuiwò esime nèle nuƒogbalẽa ŋlɔm.

Ne èkpɔ wò taɖodzinua kɔte vɔ eye nètia tanya si ŋu nàƒo nu le si sɔ kplii (alo nède dzesi alesi tanya si wona wò la wɔ ɖeka kple taɖodzinu mae) la, ekema ele bɔbɔe be nàwɔ numekuku si asɔ tututu kple taɖodzinua. Di nusiwo aɖe vi ŋutɔŋutɔ na wò nyaselawo. Mègagblɔ nyawo gbadzaa ko o, ke boŋ di nusiwo tɔ asi nuwo dzi tẽ, siwo me nufiame le, si atu ame ɖo bliboe. Afisi nàwɔ numekuku ase ɖo la nesɔ ɖe hiahiãa nu. Zi geɖe la, àkpɔ be nya siwo yeƒo ƒu la sɔ gbɔ wu zazã, eyata ele be nàtia wo me nyuie.

De dzesi nya vevi siwo ŋu wòle be nàƒo nu tsoe atsɔ akɔ tanyaa mee be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. Esiawoe anye wò gɔmeɖokpe, wò nuƒoa ƒe akpa veviawo. Nya vevi nenie nàzã? Ne nuƒo kpuie la, ɖewohĩ nya vevi eve sɔ gbɔ, eye zi geɖe la, nya vevi atɔ̃ sɔ gbɔ hena gaƒoƒo ɖeka ƒe nuƒo kura gɔ̃ hã. Ne nya veviawo le ʋɛ la, wò nyaselawo agaɖo ŋku wo dzi bɔbɔe wu.

Ne tanyaa kple nya veviawo dze ƒã na wò ko la, ɖo numekuku si nèwɔ la ɖe ɖoɖo nu. Tso nya me le nusiwo wɔ ɖeka tẽ kple wò nya veviawo ŋu. Tia nyatinyati siwo ana wò nuƒoa nanɔ abe nya yeye sem nyaselawo le ene. Ne ètia ŋɔŋlɔ siwo ɖo kpe nya veviawo dzi la, de dzesi nusiwo akpe ɖe ŋuwò be nàɖe susu kple nyaselawo gɔmesesetɔe le mawunyakpukpui mawo ŋu. Da nya ɖesiaɖe ɖe nya vevi si sɔ la te. Ne nyatakaka aɖe mesɔ ɖe nya vevi aɖeke dzi o la, ke mègazãe o—togbɔ be anya se ŋutɔ kura gɔ̃ hã—alo nàdae ɖe wò nyatakakadzraɖoƒe hena zazã ɣebubuɣi. Nya si sɔ ɖe edzi tututu la koe nàzã. Ne nya siwo nèƒo ƒu la sɔ gbɔ akpa la, ànɔ du dzi le nuƒoa me eye nuƒoa ŋutɔ hã made to o. Enyo sã wu be nàkpe nyati ʋɛ aɖewo ko ɖo le nuƒo me, nyati siwo aɖe vi blibo na nyaselawo eye nàkpe wo ɖo nyuie. Wɔ ɖe game dzi.

Azɔ ɖo nyawo ɖe ɖoɖo nu, susu nanɔ wo me, ne mète ŋu wɔ esia do ŋgɔ o. Nyanyuiŋlɔla Luka wɔ esia. Esi wòƒo nyateƒenya geɖe nu ƒu le nusi ŋu wòle nu ŋlɔm le vɔ megbe la, eɖo wo “ɖe ɖoɖo nu, eye susu le eme.” (Luka 1:3, NW) Àte ŋu aŋlɔ wò nuƒoa ɖe ɣeyiɣi si me nuawo dzɔ ɖe wo nɔewo yome nu, alo ɖe alesi nyatiawo le wo nɔewo yomee nu, ɖewohĩ le ɖoɖo sia nu be nyaselawo nanya nusi dzɔ kple nusi gbɔe wòtso hafi dzɔ, alo woagblɔ kuxi ahagblɔ egbɔkpɔnu hã—le ɖoɖo ɖesiaɖe ko si ana nàɖo wò taɖodzinua gbɔ dedie nu. Medze be nàdzo kpo tso nyati si dzi ayi ekemɛ si to vovo kura dzi o. Ele be woakplɔ nyaselawo tso susu si gbɔ ayi susu kemɛ gbɔ bɔbɔe, eye nyaawo nade nu wo nɔewo me alesi dze. Ele be kpeɖodzinya siwo wogblɔ la nakplɔ nyaselawo woaƒo nya ta wòasɔ eye susu nanɔ eme. Ne èle nyatiawo ŋlɔm ɖe ɖoɖo nu la, bu alesi nuƒoa aɖi le nyaselawo ƒe tomee ŋu. Woase alesi nèle nyaawo me ɖemee gɔmea? Aʋã wo woawɔ ɖe nusi sem wole la dzi wòasɔ ɖe taɖodzinu si le susu me na wò nua?

Azɔ ŋlɔ ŋgɔdonya si anyɔ ɖetsɔleme ɖe nyatia ŋu, esi afia wò nyaselawo be nusi ŋu nèle nu ƒo ge le la aɖe vi na wo ale gbegbe. Anyo ŋutɔ ne àŋlɔ nyagbe gbãtɔ siwo nàgblɔ. Mlɔeba ŋlɔ nyataƒonya ʋãme si wɔ ɖeka kple wò taɖodzinua.

Ne èdze wò nuƒogbalẽa ŋɔŋlɔ gɔme kaba la, ɣeyiɣi geɖe asu asiwò nàto eme nyuie awɔ ɖɔɖɔɖo siwo dze do ŋgɔ na nuƒoa ƒoƒo. Ðewohĩ àkpɔe be ahiã be yeaɖo kpe nya aɖewo dzi kple akɔntabubu ʋɛ aɖewo, kpɔɖeŋu aɖe, alo nuteƒekpɔkpɔ aɖe. Ne èzã nane si dzɔ eteƒe medidi boo o alo nutoa me nyadzɔdzɔ aɖe la, akpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔe enumake be nyaa ka yewo. Ne èle wò nuƒoa me tom la, ɖewohĩ àde dzesi nu bubu siwo ŋu nàgate ŋu atrɔ asi le be nyatakakaa naka wò nyaselawo tẽ. Ŋkuléle ɖe nyawo ŋu tsitotsito, ato nu me ahawɔ ɖɔɖɔɖo si dze la le vevie be nuƒogbalẽ nyui nava zu nuƒo ʋãme.

Nuƒola aɖewo ahiã na nuƒogbalẽ siwo dzi nya sɔgbɔ le wu nuƒola bubuwo. Gake ne èɖo wò nyaawo ɖe ɖoɖo nu le nya vevi ʋɛ aɖewo ko te, nèɖe nusiwo mehiã boo o ɖa le eme, eye susu le nyatiawo me hele ɖoɖo nu la, àkpɔ be ne nuteƒekpɔkpɔ vi aɖe gava su ye si kpee la, magahiã be yeaŋlɔ nusianu o. Aleke gbegbe esia ana nàkpɔ ɣeyiɣi hena nu bubuwo gbɔ kpɔkpɔ enye si! Wò nuƒowo agavivi ɖe edzi hã. Aɖe dzesi ƒã be Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe hehe si xɔm nèle la le vi ɖem na wò vavã.

ALESI NÀTRƆ ASI LE NUƑOGBALẼ ŊUI

  • De dzesi nusitae wò nyatia le vevie na wò nyaselawo kple nusi nye wò taɖodzinu

  • Tia tanya si ŋu nàƒo nu le; ne wotiae na wò xoxo la, ekema lé ŋku ɖe emenyawo ŋu tsitotsito

  • Ƒo nya siwo me tsɔɖui le, siwo wɔ ɖeka kple nuƒoa nu ƒu

  • De dzesi wò nya veviawo

  • Ðo wò nyaawo ɖe ɖoɖo nu; zã esiwo sɔ ŋutɔŋutɔ ko

  • Dzra ŋgɔdonya si anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖo

  • Trɔ asi le nyataƒonya si aʋã ame ŋu

  • Gaxlẽ wò nuƒoa to eme; wɔ ɖɔɖɔɖo siwo dze

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe