Dutoƒonuƒowo Dzadzraɖo
YEHOWA ÐASEFOWO ƒe hame akpa gãtɔ wɔa ɖoɖo na dutoƒonuƒo ƒoƒo le Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖe ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa. Ne hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔlae nènye la, ɖe kpeɖodzi li be ènye dutoƒonuƒola bibi, amesi hã nye nufiala nyui mahã? Nenye nenemae la, woate ŋu abia tso asiwò be nàƒo dutoƒonuƒo. Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kpe ɖe nɔvi akpe nanewo ŋu be wodze na subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ sia. Afikae nàdze egɔme tsoe ne wode dutoƒonuƒo asi na wò?
Srɔ̃ Nuƒogbalẽa
Hafi nàdze numekuku gɔme la, xlẽ nuƒogbalẽa eye nàde ŋugble le eŋu vaseɖe esime nàse emenyawo gɔme keŋ. Nyati vevitɔa, si nye tanya la, netsi susu me na wò. Nukae wòle be nàfia wò nyaselawo? Nukae nye wò taɖodzinu?
To nya veviawo me wòama ɖe wò. Dzro nya vevi mawo me. Aleke wo dometɔ ɖesiaɖe wɔ ɖeka kple nuƒoa ƒe tanyae? Woŋlɔ numeɖeɖe suesuewo ɖe nya vevi ɖesiaɖe te. Nya vovovo siwo ɖo kpe numeɖeɖe suesueawo dzi la le woawo hã te. Kpɔ alesi nuƒogbalẽa ƒe akpa ɖesiaɖe de nu wo nɔewo mee, eye wowɔ akpa vevi aɖe le nuƒoa ƒe taɖodzinu gbɔ ɖoɖo ŋu ɖa. Ne èse nya si ŋu koŋ nuƒoa ku ɖo, nuƒoa ƒe taɖodzinu, kple alesi nya veviawo ɖo taɖodzinu ma gbɔe gɔme la, ekema èsu te be yeadze asitɔtrɔ le nuƒoa ŋu gɔme.
Gbã la, anyo be nàma wò nuƒoa ɖe akpa ene alo atɔ̃ me, eye ɖesiaɖe kple eƒe nya vevi. Dzra wo ɖo ɖekaɖekae.
Dzadzraɖodɔwɔnue nuƒogbalẽ si wona wò la nye. Menye nya siwo katã gblɔ ge nàla ye le edzi o. Ele ko abe ƒu si ŋu lãkusi mele o ene. Ele be nàfa lãkusi ɖe eŋu, anae dzi, ne míagblɔe le mɔ ma nu, eye nàna agbe naɖo eme.
Ŋɔŋlɔawo Zazã
Yesu Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo tu woƒe nufiafia ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. (Luka 4:16-21; 24:27; Dɔw. 17:2, 3) Wò hã ate ŋu awɔe nenema. Ŋɔŋlɔawo dzie wòle be nàtu wò nuƒoa ɖo. Be nànɔ nuƒogbalẽa me nyawo me ɖem ahagblɔ alesi woatsɔ wo awɔ dɔe ko teƒe la, de dzesi alesi Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe nya mawo dzii, eye nànɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi afia nu.
Ʋu mawunyakpukpui ɖesiaɖe si woyɔ ɖe nuƒogbalẽa dzi nàxlẽ ahabu eŋuti esime nèle wò nuƒoa dzram ɖo. Lé ŋku ɖe kpukpui siwo do ŋgɔ nɛ kple esiwo do megbe nɛ la ŋu. Mawunyakpukpui aɖewo ya la, numekɔkɔ ʋɛ aɖewo koe woana le nyatia ƒe akpa vovovowo ŋu. Menye wo katãe wòle be woaxlẽ alo aƒo nu tso wo ŋuti le nuƒoa me o. Tia esiwo asɔ nyuie wu na wò nyaselawo. Ne èwɔ dɔ memie le ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe nuƒogbalẽa dzi ŋu la, ɖewohĩ mahiã be nàzã ŋɔŋlɔ bubuwo akpe ɖe nuƒogbalẽa dzi tɔwo ŋu o.
Wò nuƒoa ƒe kpeɖeɖe anɔ te ɖe alesi nufiafia dze le emee dzi, ke menye ɖe ŋɔŋlɔ gbogbo siwo nète ŋu xlẽ dzi o. Ne èle nu ƒom tso ŋɔŋlɔawo ŋu la, fia nusita nèle wo zãm ɖo. Gbɔ dzi ɖi nàgblɔ alesi woatsɔ wo awɔ dɔe le nɔnɔme vovovowo me. Ne èxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe la, wò Biblia nenɔ ʋuʋu ɖi ɖe afima esime nèle mawunyakpukpuia me ɖem. Ate ŋu anɔ eme be nenemae wò nyaselawo hã awɔe. Aleke nànyɔ wò nyaselawo ƒe ɖetsɔleme eye nàkpe ɖe wo ŋu be Mawu ƒe Nya la naɖe vi na wo geɖe wu? (Nex. 8:8, 12) Àte ŋu awɔ ema to numeɖeɖe, kpɔɖeŋuwo, kple ŋɔŋlɔawo tsɔtsɔ wɔ dɔe me le nɔnɔme vovovowo me.
Numeɖeɖe. Ne èle dzadzram ɖo be yeaɖe mawunyakpukpui vevi aɖe me la, bia ɖokuiwò se be: ‘Egɔme ɖe? Nukatae mele ezãm le nye nuƒoa me? Nukae nyaselawo anɔ wo ɖokuiwo biam le kpukpui sia ŋu?’ Ahiã be nàdzro kpukpui siwo ƒo xlã esi me ɖem nèle la me, adzro nudzɔdzɔ aɖewo siwo ana woase kpukpui ma me, alesi nyaa dzɔe, ŋusẽ si nya mawo kpɔ ɖe ame dzi kple nuŋlɔla si gbɔgbɔ ʋã la ƒe taɖodzinu me. Esia bia numekuku. Àkpɔ nyatakaka vevi gbogbo aɖewo le agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ŋlɔ me. (Mat. 24:45-47) Mègadze agbagba be yeaɖe nusianu me le kpukpuia ŋu o, ke boŋ ɖe nusita nèna wò nyaselawo xlẽe la me le ɖekawɔwɔ me kple nya si me kɔm nèle.
Kpɔɖeŋu. Kpɔɖeŋuwo ƒe taɖodzinue nye be wòakplɔ wò nyaselawo woaɖo nugɔmesese deto aɖe gbɔ alo be wòakpe ɖe wo ŋu woaɖo ŋku nya vevi alo gɔmeɖose aɖe si ŋu nèƒo nu le la dzi. Kpɔɖeŋuwo kpena ɖe amewo ŋu be woase nusi nègblɔ na wo la me eye woatsɔe asɔ kple nusi wonya xoxo. Esiae Yesu wɔ esime wògblɔ eƒe Todzimawunya xɔŋkɔ la. “Dziƒoxeviwo,” “dzogbenyã, si le gbedzi,” “agbo bii,” ‘xɔ si wotu ɖe kpe gbadza dzi,’ kple nya vovovo siawo tɔgbe na kpekpe nɔ eƒe nufiafia ŋu, eme kɔ, eye esesẽna hafi woaŋlɔe be.—Mat., ta 5-7.
Ŋɔŋlɔawo Tsɔtsɔ Wɔ Dɔe. Mawunyakpukpui aɖe me ɖeɖe kple tenɔnɔ ɖe edzi awɔ kpɔɖeŋu naa sidzedze sua ame si, gake ne wotsɔ sidzedze ma wɔ dɔe ko hafi wòatse ku. Ele eme baa be wò nyaselawo ƒe dɔdasie wònye be woawɔ ɖe Biblia ƒe gbedasia dzi ya, gake àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ nusi hiã be woawɔ la adze sii. Ne kakaɖedzi su asiwò be nyaselawo ase mawunyakpukpuia me, eye woakpɔ alesi wòwɔ ɖeka kple nuƒoa la, ekema gbɔ dzi ɖi nàfia alesi wòwɔ dɔ ɖe dzixɔse kple agbenɔnɔ dzii la wo. Te gbe ɖe nugbegbe le susu vɔ̃ alo agbenɔnɔ si mewɔ ɖeka kple nyateƒe si ŋu nèle nu ƒom le o la ƒe viɖewo dzi.
Esi nèle alesi woatsɔ ŋɔŋlɔawo awɔ dɔe ŋu bum la, ɖo ŋku edzi be ame vovovo siwo to nɔnɔme vovovo me ye le wò nyaselawo dome, eye woƒe agbe me nyawo to vovo keŋ. Ðewohĩ ɖetsɔlemetɔwo, sɔhɛwo, ame tsitsiwo, kple amesiwo le avu wɔm kple woƒe agbe me kuxi vovovowo le wo dome. Tsɔɖui nenɔ wò nuƒoa me eye wòasɔ ɖe agbe me nyawo ŋutɔŋutɔ nu. Mègaɖo aɖaŋu abe ame ʋɛ aɖewo koe le susu me na wò ene o.
Nuƒolaa ƒe Nyametsotsowo
Wowɔ nyametsotso aɖewo na wò xoxo le wò nuƒoa ŋu. Wofia asi nya veviawo kɔte le agbalẽa dzi, eye wofia asi ɣeyiɣi didi si nàtsɔ aƒo nu tso nya vevi ɖesiaɖe ŋu la hã kɔte. Nyametsotso mamlɛawo ya la, wò ŋutɔe awɔ wo. Àte ŋu aɖoe be yeazã ɣeyiɣi sɔgbɔ ɖe numeɖeɖe suesue aɖewo ŋu alo ɣeyiɣi kpui aɖe ɖe bubuwo ŋu. Megawɔ na wò be ele kokoko be yeazã ɣeyiɣi didi ma ke ɖe numeɖeɖe suesue ɖesiaɖe ŋu o. Ðeko esia awɔe be nànɔ du dzi le nuƒoa me eye nyawo asɔ gbɔ akpa le tome na wò nyaselawo. Aleke nàwɔ anya esiwo me nàɖe wòade to wu kple esiwo ŋu nàƒo nu kpui aɖe ko alo agblɔ nya ɖeka eve aɖewo ko le? Bia ɖokuiwò se be: ‘Nyatinyati kawoe akpe ɖe ŋunye be mate ŋu aɖe nyaa ƒe dzi agblɔ? Nya kawoe aɖe vi geɖe wu na nye nyaselawo? Ne nyemegblɔ ŋɔŋlɔ aɖe si woyɔ la me nya o la, ɖe esia axɔ ŋusẽ le kpeɖodzinya siwo gblɔm mele la sia?’
Gbe nususugblɔ keŋkeŋ alo wò ŋutɔ wò nukpɔsusu gbɔgblɔ. Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la, kura gɔ̃ hã gbe nyagbɔgblɔ ‘le eɖokui si.’ (Yoh. 14:10) De dzesii be nusita amewo vana Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewoe nye be woase Biblia me nyawo. Ne wova dze si wò be ènye nuƒola nyui la, ate ŋu anɔ eme be esi nèhea susu yia Mawu ƒe Nya dzi ɖaa, ke menye va ɖokuiwò dzi o tae. Le esia ta wokpɔa ŋudzedze ɖe wò nuƒowo ŋu.—Fil. 1:10, 11.
Ètrɔ asi le nuƒogbalẽa ŋu wòzu Ŋɔŋlɔawo ƒe numeɖeɖe vivi aɖe; azɔ ele be nànɔ nuƒoa me tom edziedzi. Viɖe le eme be nàwɔ esia kple gbe si kɔ dzi. Nu vevitɔe nye be nàkpɔ egbɔ be nyawo katã le susu me na ye nyuie. Ele be nàte ŋu aƒo nu tso dzi me ke kakaɖedzitɔe, ana agbe nanɔ nuƒoa me, eye nàƒo nu tso nyateƒea ŋu dzonɔamemetɔe. Hafi nàƒo nuƒoa la, bia ɖokuiwò se be: ‘Taɖodzinu ka koŋ gbɔe medi be maɖo? Nya veviawo dze goa? Ŋɔŋlɔawo dzie nye nuƒoa nɔ te ɖo vavãa? Nya vevi ɖesiaɖe de nu wo nɔewo me nyuiea? Ðe nuƒoa tu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe Yehowa kple eƒe nunanawo ŋua? Nyataƒonyaa wɔ ɖeka tẽ kple tanyaa eye wòfia nyaselawo nusiwo woawɔ heʋã wo be woawɔea?’ Ne àte ŋu aɖo nyabiabia siawo ŋu be ẽ la, ekema èsu te be ‘nàhe sidzedze vɛ’ hena hamea ƒe viɖe eye hena Yehowa ƒe kafukafu!—Lod. 15:2.