INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 1 axa 83-axa 85 mm. 3
  • Nuxexlẽ Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuxexlẽ Nyuie
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Do Vevie Nuxexlẽ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Gbɔɖeme Si Sɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Biblia Xexlẽ—Viɖe Le Eŋu Eye Wòvivina
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 1 axa 83-axa 85 mm. 3

NUSƆSRƆ̃ 1

Nuxexlẽ Nyuie

Nukae wòle be nàwɔ?

Xlẽ nusi woŋlɔ ɖe axa si kpɔm nèle la alesi wòle pɛpɛpɛ, kple gbe si kɔ dzi. Mègadzo kpo flɔ nyakui aɖeke o, mègagblẽ nya aɖeke ƒe akpa aɖeke ɖi, alo ayɔ nya aɖe ɖe bubu teƒe o. Yɔ nyawo pɛpɛpɛ. Lé ŋku ɖe nuŋɔŋlɔmedzesiwo abe gbɔviedzesi (,) alo ɣlidododzesi (!) ene ŋu eye nàlé ŋku ɖe nyayɔyɔdzesiwo abe ŋɔtimegbeedzesi (~), gbebɔbɔdzesi (‵), alo gbekɔkɔdzesi (ʹ) kple esiawo tɔgbe ene hã ŋu.

Nukata Wòle Vevie?

Nuxexlẽ nyuie beléletɔe enye Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze vavã gbɔgblɔfia ƒe akpa vevi aɖe.

ŊƆŊLƆAWO gblɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ame ƒomevi vovovowo ‘nava nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la me.’ (Tim. I, 2:4) Le ɖekawɔwɔ me kple ema ta, ne míele nu xlẽm tso Biblia me kple gbe si kɔ dzi la, ele be míaƒe didi be míana sidzedze vavãtɔ nasu amewo si la nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míexlẽa nui dzi.

Ele vevie be sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa nate ŋu axlẽ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple gbe si kɔ dzi. Abe Yehowa Ðasefowo ene la, enye míaƒe dɔdasi be míaƒo nu tso sidzedze Yehowa kple eƒe mɔwo ŋu na amewo. Enuenu la, ema fia be míaxlẽ nu na ame aɖe alo ƒuƒoƒo sue aɖe. Míexlẽa nu alea le ƒomea me hã. Mɔnukpɔkpɔ nyuiwo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me na nɔviwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, be woaxɔ aɖaŋuɖoɖowo ale be woƒe nuxexlẽ kple gbe si kɔ dzi naganyo wu.

Ele be woabu Biblia xexlẽ le dutoƒo na amewo alo hame la nya vevii. Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia. Azɔ hã “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye . . . wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Heb. 4:12) Mawu ƒe Nya xɔ asi ale gbegbe be sidzedze bubu aɖeke mede enu o. Ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòadze si Mawu vavã ɖeka hɔ̃ la, ado ƒome sẽŋu kplii eye amea nate ŋu akpe akɔ kple agbe me kuxiwo dzidzedzetɔe. Eɖea alesi woawɔ anɔ agbe mavɔ ƒe mɔ dzi age ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me la me. Eyata ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míaxlẽ Biblia nyuie alesi míate ŋui.—Ps. 119:140; Yer. 26:2.

Alesi Nàxlẽ Nu Nyuie. Nu geɖe li woawɔ be ame nate ŋu axlẽ nu wòanyo, gake afɔɖeɖe gbãtɔe nye nuxexlẽ nyuie sɔsrɔ̃. Esia fia ko be ame nadze agbagba axlẽ nu abe alesi pɛpɛpɛ wòdze le agbalẽa dzii ene. Kpɔ nyuie be màgadzo kpo aflɔ nyakui aɖeke o, mègayɔ nya aɖeke ƒe gɔmedzedze evɔ nàhami eƒe nuwuwu ya alo kura gɔ̃ hã nàyɔ nya bubu kura le esi woɖi wo nɔewo ta o.

Be nàte ŋu axlẽ nyawo wòasɔ pɛpɛpɛ la, ele be nàse afisiafi si nèɖo kpakple eŋunyawo gɔme. Dzadzraɖo nyuie ŋutɔ hiã. Ɣeyiɣi aɖe megbe ne èle ŋgɔ yim eye ŋkuawo te ŋu kpɔa nya geɖe zi ɖeka eye nèle alesi nya vovovoawo de nu wo nɔewo me gɔme sem la, wò nuxexlẽ ƒe sɔsɔɖedzi aganyo ɖe edzi.

Nuŋɔŋlɔmedzesiwo kple nyayɔyɔdzesiwo le vevie le gbeŋɔŋlɔ me. Nuŋɔŋlɔmedzesi ate ŋu afia afisi woatɔ vie le, ɣeyiɣi didi si tɔtɔ vie ma nye eye ɖewohĩ afisi woakɔ gbe dzi alo abɔbɔe ɖe anyi le. Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, ne nuŋɔŋlɔmedzesi bia be woatrɔ gbe gake nuxlẽlaa metrɔe o la, nyabiabia ate ŋu ava trɔ zu nyagbɔgblɔ, alo susua natrɔ gbo kura. Ke hã la, nuŋɔŋlɔmedzesi zazã ate ŋu anye gbeŋutise ŋudɔwɔwɔ ko ɣeaɖewoɣi. Le gbegbɔgblɔ geɖe me la, nu menya xlẽna nyuie o negbe ɖe wotsɔ beléle tɔxɛ na nyayɔyɔdzesiwo—esi ƒe ɖewo dzena le nuŋɔŋlɔa ŋutɔ me, gake ɖewo ya la, nuxlẽla ŋutɔe axlẽe de eme le gɔmesesea nu. Dzesi siawo kpɔa ŋusẽ ɖe gbeɖiɖi si wòle be woatsɔ ayɔ ŋɔŋlɔdzesiawoe la dzi. Kpɔ egbɔ be yenya alesi wozãa nuŋɔŋlɔmedzesiwo kple nyayɔyɔdzesiwoe le mia degbe me nyuie. Esiae nye nuxexlẽ wòadze to ƒe safui. Ðo ŋku edzi be wò taɖodzinue nye be susu si le nuxexlẽa me nadze ƒã, ke menye be woayɔ nya ƒuƒluwo ko o.

Nuxexlẽ edziedzi le vevie be nàte ŋu axlẽ nu nyuie. Xlẽ memama ɖeka ko, eye nàxlẽe agaxlẽe ake vaseɖe esime nàte ŋu axlẽe vodada manɔmee. Ekema àte ŋu ayi memama si kplɔe ɖo dzi azɔ. Mlɔeba dze agbagba nàxlẽ axa geɖe esi màdzo kpo aflɔ nyakui aɖeke o, màyɔ nyakui aɖeke zi eve o, eye màyɔ nyawo bubui hã o. Ne èɖe afɔ mawo vɔ la, gblɔe na ame aɖe be nese alesi nèle nua xlẽmee ɖa eye wòagblɔ wò vodadawo na wò.

Ame aɖewo mete ŋu kpɔa nu nyuie o, eye le teƒe aɖewo hã akaɖia nu mesẽna alesi dze o; esiawoe nye nuxexlẽ ƒe kuxiwo le xexeame ƒe akpa aɖewo. Ne anya wɔ be woakpɔ kuxi siawo gbɔ la, ɖikeke mele eme o be nuxexlẽa aɖɔ ɖo.

Mlɔeba woamia asi nɔvi siwo xlẽa nu nyuie be woakpɔ gome le dutoƒonuxexlẽ me le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe kple Gbetakpɔxɔ Nusrɔ̃ƒe hã. Be woawɔ gomekpɔkpɔ siawo ŋudɔ nyuie la, nu geɖe hiã wu nyawo yɔyɔ wòasɔ ɖe edzi pɛpɛpɛ ko. Ele be ɖokuisi nuxexlẽ nazu numame na wò hafi nàte ŋu azu dutoƒonuxlẽla bibi le hamea me. Nusi esia fiae nye be nàdze sii be nya ɖesiaɖe wɔa akpa vevi aɖe le nyagbea me. Màte ŋu aŋe aɖaba aƒu wo dometɔ aɖeke dzi ahanɔ mɔ kpɔm be yease nusi xlẽm yele la gɔme nyuie o. Ne wò ŋutɔ gɔ̃ hãe le nu xlẽm le ɖokuiwò si evɔ nèyɔa nyawo bubui la, nyagbea gɔmesese atrɔ ɖe ƒomevii. Nusiwo gbɔ nyawo yɔyɔ bubui ate ŋu atsoe nye bemalémalé na nyayɔyɔdzesiwo alo nusiwo ƒo xlã nyakuia ŋu mabumabu nyuie. Dze agbagba nàse nya ɖesiaɖe gɔme le afisi nyaa dze le. Azɔ de dzesi alesi nuŋɔŋlɔmedzesiwo kpɔ ŋusẽ ɖe nyagbea gɔmesese dzii. Ðo ŋku edzi be zi geɖe la, nuxexlẽa gɔmesese dzena le nyawo ƒe ƒuƒoƒowo me. De dzesi esiawo ale be ne èle nu xlẽm kple gbe si kɔ dzi la, nàxlẽ nya ƒoƒuwo—nyagbewo kple nyakɔsɔkɔsɔwo—tsɔ wu nyawo xexlẽ ɖekaɖeka ko. Nusi xlẽm nèle la gɔmesese nyuie le vevie be nàte ŋu aɖe sidzedze vavãtɔ ɖe go afia le dutoƒo nuxexlẽ me.

Kristotɔ hamemegã bibie apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na be: ‘Nɔ dutoƒonuxexlẽ dzi.’ (Tim. I, 4:13) Edze ƒã be mí katã míate ŋu aɖɔ nuwo ɖo wòaganyo wu le go sia me.

NUŊƆŊLƆMEDZESIWO

Tɔtɔdzesi (.) fia be woatɔ te nuxexlẽa sẽ.

Gbɔviedzesi (,) fia be woagbɔ vie elabena nya bubuwo gali.

Tɔsẽdzesi (;) fia tɔtɔ sẽ si medidi de esi tɔtɔdzesi bia nu o, gake wòhedidi wu gbɔviedzesi tɔ.

Megbenyadzesi (:) fia be nya vovovowo alo ame aɖe ƒe numegbe gbɔna; woatɔ vie ko gake mahiã be woatrɔ gbe o.

Ɣlidododzesi (!) fia lãmenusese sẽŋu, si dze le gbe si kɔ dzi me.

Nyabiabiadzesi (?) bia zi geɖe be woaxlẽ nyagbea kple gbetɔtrɔ.

Numegbedzesi (“ ” alo ‘ ’) fia be ne woxlẽ nu ɖo nya siwo dze le dzeside siawo me gbɔ alo xlẽe vɔ la, ele be woagbɔ ɖe eme (vie ko ne numegbea nye nyagbe ƒe akpa aɖe ko; gake woagagbɔ ɖe eme wòadidi wu ne numegbea nye nyagbe blibowo).

Nyakpefli legbewo (—), ne wozã wo be woatsɔ atso nyawo domee la, ahiã be woatrɔ gbe vie alo agbɔ dzi ɖi vie le nuxexlẽ me.

Kpɔtɔtɔ siwo xa gobaa ( ) kple kpɔtɔtɔ siwo dzɔ kã [ ] la ate ŋu ade dzesi nya siwo wòle be woaxlẽ kple gbe si bɔbɔ ɖe anyi vie. Mehiã be woaxlẽ afisi woɖe nyawo tsoe alo nusiwo wowɔnɛ, siwo dze le kpɔtɔtɔ siwo xa gobaa la me o, eye le nya siwo dze le kpɔtɔtɔ siwo dzɔ kã me, esiwo le vevie be susu si le nyaa me la me nakɔ gome la, mehiã be woabɔbɔ gbe le wo xexlẽ me o.

ALESI NÀWƆ AKPƆ DZIDZEDZE

  • Nɔ nuxexlẽ dzi! Nɔ edzi ɖaa! Nɔ edzi ɖaahe! Xlẽe kple gbe si kɔ dzi.

  • Na ame aɖe naɖo to wò nuxexlẽ eye wòagblɔ wò vodadawo na wò.

  • Ne èle ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm la, mlã ɖokuiwò nàxlẽ nua kple beléle.

  • Ðe nyawo xexlẽ ko teƒe la, srɔ̃ alesi nàxlẽ nya ƒoƒuwoe.

DƆDASI: Ne èdzra ɖo nyuie vɔ la, na xɔ̃wò aɖe alo ƒomea me tɔ aɖe nanɔ Biblia dzi kpɔm esime nèle Mateo ta 5 vaseɖe 7 ƒe akpa aɖe xlẽm kple gbe si kɔ dzi. Gblɔ nɛ be netɔ te ye ne (1) yedzo kpo flɔ nya aɖe, (2) yemexlẽ nya aɖe nyuie o alo yetrɔ ɖoɖo si nu nyaawo le, alo (3) yeŋe aɖaba ƒu nyayɔyɔdzesi alo nuŋɔŋlɔmedzesi aɖe si bia be yeatɔ vie hafi alo ne ele be yeatrɔ gbe hafi gake yemetrɔe o dzi. Anyo be nàwɔ esia aɖabaƒoƒo ewo ya teti zi eve alo zi etɔ̃.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe