NUSƆSRƆ̃ 5
Gbɔɖeme Si Sɔ
GBƆÐEME si sɔ la le vevie le nuƒoƒo me. Aleae wòle be wòanɔ ne èle nu ƒom na amehawo alo kple ame ɖeka ko. Gbɔɖeme manɔmee la, nuƒoa me makɔ o eye egɔme manya se o. Gbɔɖeme si sɔ la nana nuƒo me kɔna. Woate ŋu awɔ eŋudɔ hã ale gbegbe be nyati veviawo awɔ dɔ ɖe ame dzi vevie ɣeyiɣi didi aɖe.
Aleke nàwɔ anya afisi sɔ be nàgbɔ ɖe eme le? Ɣeyiɣi didi kae wòle be nàgbɔ ɖe eme?
Nuŋɔŋlɔmedzesiwo Nekpe Ðe Ŋuwò Nàgbɔ Ðe Eme. Nuŋɔŋlɔmedzesi zazã va zu gbeŋɔŋlɔ ƒe akpa vevi aɖe. Nuŋɔŋlɔmedzesi ate ŋu afia be nyagbɔgblɔ alo nyabiabia wu enu. Wozãnɛ le gbegbɔgblɔ aɖewo me tsɔ dea dzesi amewo ƒe numenyae. Ƒomedodo si le nyagbe ƒe akpa ɖeka kple eƒe akpa susɔeawo dome hã dzena le nuŋɔŋlɔmedzesi aɖewo me. Amesi le nu xlẽm na eya ŋutɔ ɖokui la te ŋu kpɔa nuŋɔŋlɔmedzesiawo katã. Gake ne ele nu xlẽm na ame bubuwo la, ele be eƒe gbe natrɔ ɖe nuŋɔŋlɔmedzesiawo nu pɛpɛpɛ. (Kpɔ numeɖeɖe bubuwo le Nusɔsrɔ̃ 1 me le tanya si nye “Nuxexlẽ Nyuie” te.) Asesẽ be woase nusi xlẽm nèle la me, eye gɔmesesea ate ŋu atrɔ bubui kura gɔ̃ hã ne mègbɔ ɖe eme le afisi nuŋɔŋlɔmedzesiwo bia be nàgbɔ ɖe eme le o.
Afisi woagbɔ ɖe eme le wòasɔ la nɔ te ɖe nuŋɔŋlɔmedzesiawo kpakple alesi susuawo dze le nyagbea mee hã dzi. Haƒola xɔŋkɔ aɖe gblɔ kpɔ be: “Nyemeƒoa ha wu saŋkuƒola bubuawo o. Gake afisiwo woanɔ tɔtɔm ɖo sẽ le haƒoƒoa me la, oo, teƒe mawo koŋ ye bibi ɖe haƒoƒo me dzena lena.” Nenema ke wòle le nuƒoƒo hã me. Gbɔɖeme si sɔ la awɔe be nuƒo si nèdzra ɖo nyuie la anya se ale gbegbe eye eme akɔ hã.
Anyo ŋutɔ ne àde dzesi teƒeteƒewo le wò nuxexlẽa me ne èle dzadzraɖo wɔm hena dutoƒo nuxexlẽ. Te fli kpui aɖe si dzɔ kã ɖe afisi nàgbɔ ɖe eme vie ko le, gbɔɖeme si madidi kura o. Te fli eve siwo dzɔ kã, siwo te ɖe wo nɔewo ŋu, ne gbɔɖemea didi wu. Ne enuenu esesẽna na wò be nàgbɔ ɖe eme le afisi sɔ ne èdi be yeayɔ nyawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe la, ekema tsɔ nuŋlɔti nàde dzesi nyawo ƒe ƒuƒoƒo sia. Azɔ xlẽ nyawo ƒe ƒuƒoƒo la katã. Nuƒola bibi geɖe wɔa esia.
Zi geɖe la, gbɔɖeme mesesẽna le míaƒe gbesiagbe nuƒoƒo me o elabena ènya nusi tututu nèdi be yeagblɔ. Ke hã ne wò nɔnɔmee nye be nànɔ gbɔgbɔm ɖe eme vivivoe la, agbe manɔ wò nuƒoa me o eye eme makɔ hã o. Ŋgɔyiyi le go sia me ƒe aɖaŋuɖoɖowo le Nusɔsrɔ̃ 4 lia me le tanya si nye “Nuƒoƒo Wòazɔ Tẽ” la te.
Gbɔ Ðe Eme ne Èɖo Nya Vevi Bubu Dzi. Gbɔgbɔɖeme ne èwu nya vevi aɖe nu yina bubu dzi ana mɔnukpɔkpɔ wò nyaselawo be woade ŋugble le nya si nègblɔ va yi ŋu, atrɔ ɖe nyaa ŋu, akpɔ afisi nya la ɖo tae, eye woagaŋɔ ɖe nya vevi si akplɔe ɖo la me bɔbɔe wu. Alesi ne èle ʋu kum eye nèɖɔ li mɔ hetrɔ ɖe mɔ bubu dzi nèzɔna blewu la, nenema ke wòle vevie be nàgbɔ ɖe eme ne èɖo nya vevi bubu gbɔgblɔ dzii.
Nusitae nuƒola aɖewo nɔa du dzi le nuƒo me, gbɔɖeme manɔmee, enye be woƒe nuƒoa didina wu alesi ɣeyiɣia ɖe mɔe. Le ame aɖewo gome la, nenema koe woƒoa nui gbesiagbe tae. Ðewohĩ nenema koe amesiwo ƒo xlã wo la hã ƒonɛ. Gake esia mewɔa ame nufiala nyui o. Ne nya vevi aɖe le asiwò nèdi be woase ahaɖo ŋku edzi la, ekema gbɔ dzi ɖi nàkɔ nyaa me nyuie. De dzesii be gbɔɖeme wɔa akpa vevi aɖe be nyawo me nakɔ nyuie.
Ne nuƒogbalẽ si dzi woŋlɔ nya veviawo ko ɖo zã gee nàla la, ke ele be nàtrɔ asi le nuƒoa ŋu ale gbegbe be afisiwo nàgbɔ ɖe eme le hafi agblɔ nya vevi aɖe alo agbɔ ɖe eme le le egbɔgblɔ vɔ megbe la nadze ƒã. Ne nuƒogbalẽ si me nya ɖesiaɖe woaxlẽ tẽ zã gee nàla la, de dzesi teƒe siwo nya veviawo wu enu eye bubuwo dze egɔme le.
Zi geɖe la, gbɔɖeme ne woɖo nya vevi bubu dzi la xɔa ɣeyiɣi didi wu gbɔɖeme le afisi woado go nuŋɔŋlɔmedzesiwo le—gake mele be wòadidi ale gbegbe be nuƒoa nanɔ dɔ̃ o. Ne èle gbɔgbɔm ɖe eme fũ akpa la, amewo abui be mèdzra ɖo tututu o eye be nusi nàgblɔ la le sesẽm na wò.
Gbɔ Ðe Eme ne Èdi Be Yeate Gbe Ðe Nya Dzi. Gbeteɖedzi ƒe gbɔɖeme, si fia be woagbɔ ɖe eme hafi agblɔ nya alo abia nya si ŋu kpekpe le, alo agbɔ ɖe eme ne wogblɔ alo bia nya sia tɔgbe vɔ, la wɔa dɔ ɖe ame dzi. Gbɔɖeme sia wɔnɛ be nyaselawo te ŋu dea ŋugble le nusi nuƒolaa gblɔ na wo fifi laa la ŋu, alo edzraa wo ɖo be woakpɔ mɔ na nusi wòagagblɔ. Ðesiaɖe kple eƒe taɖodzinu. Kpɔ be wo dometɔ kae yeazã mahã. Gake nenɔ susu me na wò be gbeteɖedzi ƒe gbɔɖeme ya la, ele be nàzãe ne kpekpe le nyaa ŋu vavã. Ne menye nenem o la, nya mawo ƒe nuvãnyenye madze o.
Yesu wɔ gbɔɖeme ŋudɔ dzidzedzetɔe esime wòxlẽ Ŋɔŋlɔawo na nyaselawo le Nazaret-ƒuƒoƒea. Gbã exlẽ dɔ si wode asi nɛ tso nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽxatsaxatsaa me. Gake hafi wòagblɔ emevava la, egbugbɔ agbalẽa xatsa hegbugbɔe na dɔlaa eye wòbɔbɔ nɔ anyi. Esi amesiwo katã le ƒuƒoƒea fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii la, Yesu gblɔ be: “Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me.”—Luka 4:16-21.
Gbɔ Ðe Eme ne Nɔnɔmeawo Bia Nenema. Nanewo ate ŋu ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi si awɔe be nàtɔ wò nuƒoa te vie. Ne ʋu aɖe va yina alo ɖevi aɖe le avi fam la, ɖewohĩ ahiã be nàtɔ te dze si ɖom nèle kple aƒemenɔla si nèdo goe le gbeadzisubɔsubɔdɔ me la. Ne toɣliɖeɖe le takpekpewɔƒea mede dzi boo o la, àte ŋu akɔ gbe dzi ko ayi wò nuƒoa dzi. Gake ne toɣliɖeɖea de dzi eye mele tɔtɔm o la, ele be nàtɔ vie. Le nyateƒe me la, nyaselawo mase nya aɖeke o le toɣliɖeɖea ta. Eyata gbɔ ɖe eme alesi dze bene nu nyui siwo nèdi be yeagblɔ na nyaselawo la naɖe vi na wo bliboe.
Gbɔ Ðe Eme Bene Nyaselawo Nate Ŋu Alɔ̃ Ðe Nyaa Dzi. Togbɔ be ɖoɖo manɔ anyi be nyaselawo naɖo nya ŋu le wò nuƒoa me o hã la, ele vevie be nàna mɔnukpɔkpɔ wo be woalɔ̃ ɖe nyaa dzi, menye kple nu o, ke boŋ le susu me. Ne èbia biabia siwo ahe ame ƒe susu tso, gake mègbɔ ɖe eme alesi dze o la, biabia mawo maɖe vi boo o.
Edze ƒã be menye ɣeyiɣi si nèle nu ƒom le nuƒolanɔƒe koe wòle be nànɔ gbɔgbɔm ɖe eme o, ke ehiã ne èle ɖase ɖim na amewo hã. Ewɔ abe ɖe ame aɖewo mete ŋu gbɔna ɖe eme o ene. Ne gbɔɖeme sesẽna na wò la, wɔ tɔwò sinu nàsrɔ̃ nuƒoƒo ƒe nudidi vevi sia. Esia awɔe be nànye dzeɖola nyui wu tsã eye nàgabi ɖe edzi le gbeadzisubɔsubɔdɔ me. Gbɔɖeme nye ɣeyiɣi si me womeƒoa nu o, eye nyateƒee wònye be ɖoɖoezizi wɔnɛ be ne nuƒo zɔ sẽ la, etɔna alesi dze, ẽ, ɖoɖoezizi tea gbe ɖe nu dzi etɔxɛe, ewɔnɛ be woléa to ɖe nya ŋu eye wònana nuƒo nya sena na to.
Ame ɖeka meɖoa dze o. Ele bɔbɔe be amewo naɖo to wò ne wò hã èɖoa to wo eye nètsɔa ɖe le nusi wogblɔna la me. Esia bia be nàgbɔ ɖe eme alesi dze ale be woawo hã nakpɔ mɔ aƒo nu.
Zi geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔ me la, míaƒe ɖaseɖiɖi gadea to wu ne míewɔe le dzeɖoɖomɔ nu. Ne wolɔ̃ gbe vɔ la, Ðasefo geɖe kpɔnɛ be enyo ta be yewoagblɔ nyati si ŋu yewogbɔna nu ƒo ge le gbã eye emegbe yewoabia nya aɖe. Wogbɔna ɖe eme vie ale be amea hã nate ŋu akpɔ mɔ aƒo nu, ekema wonɔa te ɖe nusi aƒemenɔlaa gblɔ dzi yia dzeɖoɖoa dzi. Wonaa mɔnukpɔkpɔ geɖe aƒemenɔlaa be wòaƒo nu le dzeɖoɖoa me. Wonyae be ne yewonya amea ƒe susu le nusi ƒe dze ɖom yewole ŋu la, yewote ŋu kpena ɖe amea ŋu geɖe wu.—Lod. 20:5.
Ele eme baa be menye amesiamee alɔ̃ aɖo nya ŋu dzidzɔtɔe o. Ke hã ema mexe mɔ na Yesu be wòana mɔnukpɔkpɔ si dze la tsitretsiɖeŋulawo kura gɔ̃ hã be woaƒo nu o. (Mar. 3:1-5) Mɔɖeɖe na amea be wòaƒo nu dea dzi ƒo nɛ be wòabu tame, eye awɔe be wòaɖe nusi le eƒe dzime agblɔ. Le nyateƒe me la, míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe taɖodzinu ɖekae nye be míaʋã ameawo ƒe dzi le go sia me be míagblɔ Mawu ƒe Nya la me nya vevi siwo awɔe be woanya nyametsotso siwo wòle be woawɔ la na wo.—Heb. 4:12.
Aɖaŋue gbɔɖeme si sɔ ŋudɔwɔwɔ le gbeadzi nye vavã. Ne míete ŋu gbɔna ɖe eme nyuie la, susuawo me kɔna bɔbɔe wu eye zi geɖe la, wotsia tame na amea ɖikaa.