INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 2 axa 86-axa 88 mm. 3
  • Nya Siwo Wogblɔ Wo Me Kɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Siwo Wogblɔ Wo Me Kɔ
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • ‘Ŋutinu Siwo Wɔa Dɔ Ðekae ɖe Game dzi Pɛpɛpɛ’
    Nyɔ!—1997
  • Ðe Nèɖoa ‘Kpɔɖeŋu Nyui Le Nuƒoƒo Mea’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 2 axa 86-axa 88 mm. 3

NUSƆSRƆ̃ 2

Nya Siwo Wogblɔ Wo Me Kɔ

Nukae wòle be nàwɔ?

Yɔ nyawo ale be wò nyaselawo nate ŋu ase wo me bɔbɔe. Nusiwo esia lɔ ɖe emee nye (1) ŋutinu siwo wɔnɛ be míete ŋu ƒoa nu la zazã le mɔ nyuitɔ nu kple (2) alesi nyawo le ɖoɖo nui la gɔmesese.

Nukata Wòle Vevie?

Ne èyɔa nyawo beléletɔe la, amewo ase wò nuƒo me. Amewo bua nya siwo wogblɔ wo me kɔ la nya veviwoe.

BE WOASE nya si gblɔm nèle gɔme nyuie la, ele vevie ŋutɔ be wò nya me nakɔ ƒã. Ate ŋu anɔ eme be nusi nèdi be yeagblɔ la anya se, alo kura gɔ̃ hã anye nya vevi, gake ne wò nyawo me mekɔ nyuie o la, nusi nèdi be yeagblɔ la ƒe akpa gãtɔ abu ɖe nyaselawo.

Nuƒo si gɔme womese o la meʋãa ame o. Gbe sesẽ ate ŋu anɔ ame si eye woate ŋu ase amea ƒe gbe bɔbɔe, gake ne eƒe nyawo me mekɔ o la, womaʋã ame o. Anɔ ko abe gbe tutɔ aɖe dom wòle ene, eyata nyaselaa mase eme o. (Yer. 5:15) Biblia ɖo ŋku nu dzi na mí be: “Ne kpẽ ƒe ɖiɖime me mekɔ o la, ameka ladzra eɖokui ɖo na aʋa la mahã? Nenema ke miawo hã, ne mietsɔ aɖe gblɔ nya, si me mekɔ o la, aleke woadze si nusi miegblɔ la? Elabena mianye amesiwo le nu ƒom ɖe ya me.”—Kor. I, 14:8, 9.

Nukae Nana Nuƒo Me Mekɔna O? Ate ŋu atso alesi amea mekea nu nyuie o gbɔ. Ne amea ƒe glã ƒe kawo me he akpa eye ƒã hafi wòaʋã nuyiwo hã la, nyaawo atsi veme nɛ.

Nuƒoƒo kabakaba akpa hã ate ŋu ana be nuƒoa me sese nasesẽ. Ele ko abe nuƒo si wolé ɖe mɔ̃ dzi la ƒoƒo wòatsɔ kabakaba evɔ mɔ̃a ƒe wɔwɔmee nye be wòaƒo nuƒo si wolé ɖe edzi la blewu ene. Nyawo anɔ ɖiɖim ya, gake viɖe boo manɔ wo ŋu o.

Le go aɖewo me la, nusi gbɔe nuƒo si me mekɔ o tsonae nye be amea ƒe ŋutinu siwo wɔa dɔ aduadu be nuƒo nado la mele dɔ wɔm nyuie o. Gake amesiwo kuxi sia ɖea fu na kura gɔ̃ hã ate ŋu awɔ woƒe ŋutete geɖe ayi ŋgɔ ne wowɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le nusɔsrɔ̃ sia me dzi.

Ke hã enuenu la, nusi gbɔe nuƒo si me mekɔ o tsonae nye nyaawo ƒe akpa aɖewo mimi—si fia be akpa aɖewo meɖi o alo wogblɔ wo gbɔgbɔɖeme manɔmee si ta wo gɔmesese sesẽna. Kuxia ate ŋu atso nukɔkɔ siwo medze le nyaa me o, esi fia be afisiwo wòle be woakɔ nu le nyakui aɖe dzi le la, womewɔe o, alo womeyɔ alfabeta ŋɔŋlɔdzesi siwo wòle be woayɔ o, alo ate ŋu atso nyawo ƒe nuwuwu mimi gbɔ. Ne ame aɖe yɔa nyawo tsiãna ɖe nu ɖekematsɔlemetɔe la, eƒe nyaselawo ase susu kple nyagbe aɖewo gɔme ya, gake nya mamlɛawo gɔmesese ado viviti ɖe wo. Eyata ne ame aɖe mekɔ nu le nyawo dzi alesi dze o la, agblẽ nu le eƒe nufiafia ŋu vevie ŋutɔ.

Alesi Nàƒo Nu Eme Nakɔ. Alesi nàwɔ ayɔ nyawo wo me nakɔ ƒe mɔ veviwo dometɔ ɖekae nye alesi woŋlɔa nyawoe le mia degbe me la gɔmesese nyuie. Le gbegbɔgblɔ akpa gãtɔ me la, nukɔkɔ vovovoe woƒoa ƒu tsɔ ŋlɔa nyae. Ŋɔŋlɔdzesi ɖeka alo esiwo wu ema ye ƒoa ƒu zua nukɔkɔ ɖeka, si fia be woakɔ nu dzi zi ɖeka le eyɔyɔ me. Le gbegbɔgblɔ siawo me la, woyɔa nukɔkɔ ɖesiaɖe le nuƒo me, togbɔ be mahiã be woate gbe ɖe nukɔkɔwo katã dzi sɔsɔe o hã. Ne èdi be yeƒe nuƒo me nagakɔ ɖe edzi la, ekema gbɔ dzi ɖi eye nàwɔ wò ŋutete katã be nukɔkɔ ɖesiaɖe naɖi nyuie. Gbã la, adze abe ɖe nèle nusianu yɔm tsitotsito ene, gake ne èle ewɔm edziedzi la, vivivi wò nuƒo azɔ tẽ. Godoo àgblɔ nya aɖewo gbɔgbɔɖeme manɔmee be wò nuƒo nate ŋu azɔ tẽ, gake ele be woaƒo asa na esia ne awɔe be nyawo gɔme manya se tututu o.

Nuxlɔ̃amenya aɖee nye si: Be nàte ŋu ayɔ nyawo wòasɔ nyuie la, ahiã be edziedzi ne èle nu ƒom eye nèle nu xlẽm la, nànɔ nyawo yɔm tsitotsito etɔxɛe. Gake mègaɖe mɔ nuƒoƒo nenema natsi asiwò o. Awɔe be wò nuƒo madze to o.

Ne wò nuƒo ɖina abe amesi le gbe tem tɔ ene la, srɔ̃ alesi nàkɔ ta dzii, be wò glã naganɔ akɔta na wò o. Ne èle Biblia xlẽm la, kɔe dzi vie ale be masesẽ kura be nàkpɔ nyaselawo ŋkume agakpɔ Biblia hã me o. Esia awɔe be wò nyawo nado le nuwò woase bɔbɔe.

Wò nuƒo me agakɔ wu ne èɖe dzi ɖi. Enye nusi le nyanya nyuie be ne ame meɖe dzi ɖi o la, eƒe moka alo ka siwo kpɔ ŋusẽ ɖe alesi míegbɔnae dzi la me hena, eye amea ƒe nuƒo megaɖina alesi dze o. Ne lãmekawo me he alea la, egblẽa nu le ɖekawɔwɔ si wòle be wòanɔ wò susu, nuƒoƒo ŋutinuawo kple alesi nègbɔnae dome ŋu—le dzɔdzɔme nu la, ele be nuwɔna siawo nayi edzi bɔbɔe, aduadu.

Ele be glã me kawo me nado agblɔ alesi dze ale be woate ŋu awɔ ɖe mɔfiame si tso ahɔhɔ̃a gbɔ dzi enumake. Mele be nuyi me kawo hã me nahe o. Ele be wo me nate ŋu aʋu lo amia bɔbɔe enumake ale be gbe vovovo siwo tso nu kple veme la nate ŋu aɖi nyuie. Ne wò glã kple nuyiwo me kawo he la, wò nu maʋu nyuie o, eye wòanɔ ko abe ɖe glãa kpe hafi nèle nu ƒom ene. Awɔe be nuƒoa anɔ hɔlɔɔ, nyaawo atsi veme eye nuƒoa me makɔ hã o. Gake ne wobe glã kple nuyi me kawo nagbɔdzɔ la, ema mefia be ame naɖe dzi ɖi ale gbegbe be magalé be na alesi wòyɔa nyae o. Ele be woada asɔ le go sia me be ɣeawokatãɣi la, gbeɖiɖiawo nanye nya siwo woyɔ nyuie.

Ne èdzro ɖokuiwò me kpɔ la, ɖewohĩ àkpɔe be nuxexlẽ kple gbe si kɔ dzi anyo ta le gowòme. Lé ŋku ɖe alesi nèle ŋutinu wɔnuku siwo míezãna le nuƒoƒo me ŋudɔ wɔmee la ŋu nyuie. Ðe nèkea nu alesi dze ale be gbeɖiɖiawo dona le nuwò bɔbɔea? Ðo ŋku edzi be menye aɖe ɖeɖekoe nye nuƒoƒo ŋutinu o, togbɔ be enye ŋutinu siwo míezãna geɖe wu la dometɔ ɖeka hã. Míaƒe kɔ, glã, nuyiwo, mo kpakple veme kawo katã hã wɔa akpa aɖe. Ne èle nu ƒom la, ɖe wòwɔ abe wò mo ƒe akpa aɖeke mele ʋaʋãm o enea? Ne nenemae la, ekema anɔ eme be wò nuƒo me mekɔna o.

Ne nyalémɔ̃ le asiwò la, ekema lé wò gbe ɖe edzi ne èle nu ƒom alesi ko nèƒoa nui le dzɔdzɔme nu, abe alesi nèƒoa nu le gbeadzii ene. Lé dzeɖoɖo aɖabaƒoƒo aɖewo ɖe mɔ̃ dzi. Ne elé to ɖe nya si nèlé ɖe mɔ̃a dzi ŋu la, akpe ɖe ŋuwò nàdze si gbagbãƒe siwo ɖewohĩ wole ŋuwò le nya aɖewo yɔyɔ be woaɖi nyuie gome. Kpɔ nyuie le nyawo yɔyɔ gbɔgbɔɖeme manɔmee, nyawo mimi alo wo dzi tsotso ŋuti, eye dze agbagba nàkpɔ nusi gbɔe wòtso. Zi geɖe la, woate ŋu akpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔa gbɔ ne wowɔ dɔ tso nusiwo míegblɔ va yi xoxo la ŋu.

Ðe kuxi aɖe ɖea fu na wò le nuƒoƒo mea? Ekema ke nu vie wu tsã, nɔ ewɔwɔ dzi alea, eye dze agbagba nànɔ nyawo yɔm wo me nakɔ wu tsã. Lɔ ya ɖe dzitodzito me ne ètɔ vie le nuƒo me, eye nàgbɔ dzi ɖi. Esia wɔwɔ na ame geɖe siwo ŋu nuƒoƒo ƒe kuxi le la te ŋu ƒoa nu eme kɔna wu tsã. Ne s kple z menya yɔna na wò o la, ekema he wò aɖe ɖa le ŋgɔgbeɖuawo ŋu ne èle nya siwo me wodze le la yɔm. Togbɔ be esia maɖɔ kuxia ɖo keŋkeŋ o hã la, dzi megaɖe le ƒowò o. Ðo ŋku edzi be Yehowa tia Mose, amesi ŋu ewɔ abe nuƒoƒo ƒe kuxi aɖe nɔ ene, be wòagblɔ gbedasi veviwo na Israel-dukɔa kple Egipte ƒe Farao siaa. (Mose II, 4:10-12) Ne enye wò didi ko la, azã wò hã, eye adudu yayra ɖe wò subɔsubɔdɔ dzi wòakpɔ dzidzedze.

ALESI NÀWƆE

  • Yɔ nya ɖesiaɖe eye nàxlẽe eme nakɔ—yɔ nyawo wòasɔ, gbea neɖi nyuie, eye mèganɔ du dzi o.

  • Mègami nyawo alo ayɔ nyawo tsiã ɖe nu ale be wo me makɔ na wò nyaselawo o.

  • Kɔ ta dzi eye nàke nu nyuie ne èle nu ƒom.

  • Srɔ̃ alesi nàgbɔdzɔ wò kɔ, glã, nuyiwo, mo kpakple veme kawo me.

DƆDASI: Ƒo nu alesi ko nèwɔnɛ ɖaa. Èkea nu alesi dzea? Ahiã be nàgakee ɖe edzi vie eye nàwɔ mokawo ŋudɔ geɖe wua? Nɔ ewɔwɔ nenema sɔsrɔ̃ dzi esime nèle Mateo 8:23-27 xlẽm kple gbe si kɔ dzi. Kɔ ta dzi, eye dze agbagba nàgbɔdzɔ wò glãkawo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe