‘Ŋutinu Siwo Wɔa Dɔ Ðekae ɖe Game dzi Pɛpɛpɛ’
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ
AMEGBETƆ ƒe nuƒoƒo nye nukunu. Ame ƒe akɔta, vehlo, glã, aɖe, kple nuyiwo me lãkusi siwo ade 100 ƒe dɔwɔwɔ ɖekae mee gbeɖiɖi hamehame gbogboawo tsona. Ka suesue alafa geɖe va ɖo akpewo ƒe ƒuƒoƒoe nyea lãkusi ɖeka. Ahɔhɔ̃menugbagbevi siwo kpɔa ŋusẽ ɖe lãkusi la ƒe ka suesue siawo dzi la sɔ gbɔ wu esiwo hiã be woaʋã kamedelawo ƒe afɔ me kawo. Ahɔhɔ̃menugbagbevi ɖeka su be wòaʋã sobo ƒe lãkusi me kavi 2,000 la katã. Gake ahɔhɔ̃menugbagbevi siwo kpɔ ŋusẽ ɖe vehlo dzi la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe lãkusi ƒe kavi eve alo etɔ̃ pɛ ko dzi.
Lãkusiwo ƒe ʋaʋã toa vovo tso wo nɔewo gbɔ le nyakui ɖeka alo nyagbɔgblɔ kpui ɖesiaɖe si ado tso nuwò la me. Wò ahɔhɔ̃ dzra nyatakaka siwo katã hiã hafi nàgblɔ nya kpui aɖe abe “Èli nyuiea?” ene ɖo ɖe eƒe nuƒoƒo ƒe nyatakakawo dzraɖoƒe. Ðe wòfia be wò ahɔhɔ̃ zɔna ɖe ɖoɖowɔɖi sesẽ tika aɖe koŋ dzi hafi yɔa nyakui sia nyakui alo gblɔa nya sia nyaa? Ao. Nuƒoƒoŋutete wɔ nuku boo wu ema. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ wò nume ƒe afi aɖe wɔ abi si na nu meganya le ƒoƒom na wò abe alesi nèƒonɛ tsã ene o. Wò ahɔhɔ̃ trɔa asi le lãkusi siwo naa nète ŋu ƒoa nu ƒe ʋaʋã ŋu, esi menye wò ŋutɔe ɖoe wɔ koŋ hafi o, eye esia wɔnɛ be nàte ŋu agblɔ nyawo wòade sɔsɔ ge kple alesi nèƒoa nui. Esia kplɔ mí va nyateƒenya wɔnuku bubu aɖe gbɔe.
Gbedoname bɔbɔe aɖe abe “Èfɔa?” ene ate ŋu afia nu gbogbo aɖe. Alesi wotrɔ gbe gblɔ nya mae ate ŋu afia nenye be dzi le nuƒola la dzɔm, ne etsi dzodzodzoe, ne nu tii, ne ele yɔyɔm, ne dzi le ekum, ne elé blanui, alo dzidzi ƒoe eye ate ŋu aɖe seselelãme mawo tɔgbe hamehame afia. Nyateƒee, nusi nyagbɔgblɔ ɖeka pɛ ko fia la ate ŋu atrɔ le alesi ŋutinu siwo míezãna le nuƒoƒo me ʋãe kple alesi lãkusi vovovowo wɔ dɔ ɖekae ɖe ɣeyiɣi dzi le aɖabaƒoƒo kpui aɖe me nu.
Ðk. William H. Perkins ɖe nu me le agbalẽ si nye Stuttering Prevented (Mɔxexe ɖe Alesi Nàkukɔ Nu) me be: “Ne míetsi dzi le nuƒoƒo me o la, gbeɖiɖi 14 ye dona le mía nu le sɛkɛnd ɖeka me. Agbɔsɔsɔme ma nye alesi míaƒe aɖe, nuyi, glã alo míaƒe ŋutinu siwo míezãna le nuƒoƒo me ate ŋu aɖe ablae ne míedi be míaʋã wo ɖekaɖekae la ƒe teƒe eve. Gake ne èzã wo katã zi ɖeka le nuƒoƒo me la, wowɔa dɔ abe alesi mɔ̃ƒola bibiwo kple kɔnsɛt saŋkuƒolawo ƒe asibide wɔa dɔe ene. Woƒe ʋaʋã wɔa dɔ ɖekae ɖe game dzi pɛpɛpɛ.”
Xevi aɖewo te ŋu srɔ̃a amegbetɔ ƒe nuƒoƒo vaseɖe afi aɖe ko. Gake womewɔ lã aɖeke ƒe ahɔhɔ̃ be wòate ŋu ana wòaƒo nu abe ame ene o. Eyata mewɔ nuku o be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mete ŋu fia nuƒo si me kɔ ƒoƒo kesewo o. Ahɔhɔ̃menugbagbeviŋununyala Ronald Netsell gblɔ be woate ŋu atsɔ ŋutete si hiã hafi woate ŋu aƒo nu la asɔ kple “amesi bi ɖe saŋkuƒoƒo me eye ‘wòsea ha kple to ko ƒona’ la tɔ.” Alo abe alesi nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla Ludwig Koehler ƒo nya tae ene la: “Nya ɣaɣlae amegbetɔ ƒe nuƒoƒo nye; Mawu ƒe nunanae, nukunue wònye.”