INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 12 axa 121-axa 123 mm. 3
  • Wò Ŋutinuwo Zazã Kple Alesi Nàɖo Moe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wò Ŋutinuwo Zazã Kple Alesi Nàɖo Moe
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzonɔameme
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Vividoɖeameŋu Kple Veveseɖeamenu
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 12 axa 121-axa 123 mm. 3

NUSƆSRƆ̃ 12

Wò Ŋutinuwo Zazã Kple Alesi Nàɖo Moe

Nukae wòle be nàwɔ?

Ʋã wò asiwo, abɔtawo, alo wò ameti bliboa katã nàtsɔ aɖe wò susuwo, seselelãmewo, kple nɔnɔmewo afia.

Zã wò ŋkuwo, wò nu, kple alesi nàlɔ̃ tae nàtsɔ ate gbe ɖe nya si gblɔm nèle dzi eye wòaɖe wò seselelãmewo afia.

Nukata Wòle Vevie?

Wò ŋutinuwo zazã kple wò moɖoɖo naa nusi gblɔm nèle dzena wokpɔna le wò nuƒoa ƒoƒo me eye wòɖea ame ƒe seselelãme hã fiana. Woate ŋu ana dzo naɖo mewò eye esia ana wò nuƒoa nanya se.

WOZÃA asi kple ŋutinu bubuwo faa ne wole nu ƒom le dukɔ aɖewo me wu bubuwo. Ke hã amesiame kloe ƒe mo trɔna, míekoa alɔgbɔnu alo ɖoa movevi, eye míeʋãa mía ɖokui le mɔ aɖe nu ne míele nu ƒom. Míewɔa esia ne míele dze ɖom kple ame aɖe kpakple ne míele nu ƒom le dutoƒo.

Yesu kple eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo zãa woƒe asi kple ŋutinu bubuwo faa le nuƒoƒo me. Ɣeaɖeɣi ame aɖe va gblɔ na Yesu be dadaa kple nɔviawo le edim be yewoaƒo nu nɛ. Yesu ɖo eŋu be: “Amekae nye danye, eye amekawo nye nɔvinyewo mahã?” Biblia gblɔ yi edzi be: ‘Edo eƒe abɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ bena: Kpɔ danye kple nɔvinyewo ɖa!’ (Mat. 12:48, 49) Biblia ɖee fia le Dɔwɔwɔwo 12:17 kple 13:16, kpakple le teƒe bubuwo be apostolo Petro kple Paulo hã zã woƒe ŋutinuwo faa le nuƒoƒo me.

Menye míaƒe gbe koe míetsɔ ɖea míaƒe susu kple seselelãmewo gblɔna o, ke míezãa míaƒe ŋutinuwo kple alesi míeɖoa moe hã. Ne amesi le nu ƒom mewɔ esiawo alesi sɔ o la, woate ŋu abui be metsɔ ɖeke le eme na amewo o. Gake ne míewɔ dzeɖoɖomɔnu siawo ŋudɔ nyuie wòsɔ la, enaa míaƒe nuƒoa galéa vi wu. Ne èle nu ƒom le telefon dzi gɔ̃ hã la, wò ŋutinuwo zazã kple alesi nàɖo moe awɔe be nya si gblɔm nèle ƒe vevienyenye nadze le wò gbe me eye wòaɖe alesi nèle sesem le ɖokuiwò me tso nya si gblɔm nèle ŋu hã afia. Eyata eɖanye nu ƒom nèle tso susu me loo alo nu xlẽm nèle o, wò nyaselawo le kpɔwòm loo alo wole woƒe Biblia dzi kpɔm o, wò ŋutinuwo zazã kple alesi nàɖo moe siaa le vevie.

Wò asi kple ŋutinu bubuwo zazã le nuƒoƒo me kpakple alesi nàɖo moe menye nu woasrɔ̃ le agbalẽ me o. Mèsrɔ̃ nukoko kple dzikudodo hafi nyae o. Nenema ke wòle be nàna wò asi kple ŋutinu bubuwo zazã naɖe wò seselelãmewo afiae. Ne ète ŋu wɔa asi ɖe nya dzi le ɖokuiwò si faa la, esɔna wu.

Hatsotso eve koŋ mee ŋutinuwo zazã le: nuɖɔɖɔ tɔ kpakple gbetete ɖe nya dzi tɔ. Ŋutinuwo zazã na nuwo ɖɔɖɔ ɖea alesi woawɔ nane alo nane ƒe didime, kekeme, alo kɔkɔme kple afisi nua le fiana. Ne èle dɔ wɔm tso ŋutinuwo zazã ŋu le sukua me la, mègawɔe zi ɖeka alo zi eve aɖe ko o. Dze agbagba nàwɔ asi kple ŋutinu bubuwo ɖe nya dzi faa alesi dze le nuƒoa katã me. Ne ewɔwɔ le sesẽm na wò la, ade dziwò ne èdi nya siwo ɖɔa nu ƒe nɔƒe, esiwo fiaa nu ƒe didime, eƒe lolome, teƒe si wòle, alo afisi nuwo le na wo nɔewo. Gake zi geɖe la, nusi wòhiã be nàwɔ koe nye be nàna wò susu nanɔ nuƒoa ŋu bliboe, eye mègatsi dzi ɖe alesi amewo anɔ kpɔwòmee ŋu o ke boŋ nàƒo nu faa ahawɔ nu abe alesi nèwɔnɛ le gbesiagbegbenɔnɔ me ene. Ne woɖe dzi ɖi la, asi kple ŋutinu bubuwo nya wɔna ɖe nya dzi bɔbɔe.

Ŋutinuwo zazã na gbetete ɖe nya dzi ɖea seselelãme kple kakaɖedzi fiana. Wonaa susu siwo woɖe gblɔ ɖea dzesi, agbe, kple ŋusẽ nɔa wo ŋu. Ŋutinuwo zazã be woatsɔ ate gbe ɖe nya dzi le vevie. Gake ɖɔ ŋu ɖo! Ŋutinuwo zazã na gbetete ɖe nya dzi te ŋu va zua numame. Ne èzãa ŋutinu le mɔ ɖeka ma ke nu zi geɖe la, ahe amewo ƒe susu ava nusi wɔm nèle dzi tsɔ wu be wòahe woƒe susu ayi wò nuƒoa dzii. Ne miaƒe sukudzikpɔla ɖee fia wò be kuxi sia le ŋuwò la, ke dze agbagba nànɔ ŋutinuwo zazã nuɖɔɖɔ tɔ ko zãm gbɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, àte ŋu agadze ŋutinuwo zazã na gbetete ɖe nya dzi gɔme ake.

Be nànya afisi nàzã wò ŋutinuwo ase ɖo le nuƒoƒo me atsɔ ate gbe ɖe nya dzii alo be nànya alesi nàwɔe wòasɔ la, ele be nàbu amesiwo nèle nu ƒom na la ƒe seselelãmewo ŋu. Asi dodo ɖe wò nyaselawo gbɔ ate ŋu ana womaɖe dzi ɖi o. Le teƒe aɖewo ne ŋutsu zã eƒe ŋutinu aɖewo le nuƒoƒo me, abe ne etsyɔ asi nu ne nu wɔ nuku nɛ la, woabui be ele nyɔnu nu wɔm. Le xexeame ƒe teƒe aɖewo hã wobunɛ be mefia ɖokuibɔbɔ be nyɔnu nanɔ nu ƒom wòanɔ asi wɔm ɖe nya dzi fũ o. Eyata le teƒe mawo la, ele be nɔvinyɔnuwo koŋ nazã alesi woaɖo moe koŋ atsɔ aɖe woƒe seselelãme afia. Eye le xexeame ƒe afisiafi kloe ne wole nu ƒom na ame ʋɛ aɖewo la, wobua ŋutinuwo zazã si yi fũ akpa be wotsɔ nya si gblɔm wole la wɔ fefenyae.

Ne nuteƒekpɔkpɔ geɖe va le asiwò sum eye nète ŋu ɖea dzi ɖi le nuƒoƒo me la, wò asi kple ŋutinu bubuwo zazã na gbetete ɖe nya dzi si nàzã la aɖe wò seselelãme detowo afia, eye wòana kakaɖedzi si le mewò kple wò anukwaretɔnyenye nadze ƒã. Ana kpekpeme nanɔ wò nuƒoa ŋu.

Alesi Nèɖoa Moe. Wò mo ɖea alesi nèsena le ɖokuiwò me fiana wu ŋutinu bubu ɖesiaɖe. Wò ŋkuwo, wò nu ƒe dzedzeme, kple wò talɔlɔ̃ siaa wɔa akpa aɖe. Ne mèke nu haɖe o gɔ̃ hã la, wò mo ate ŋu aɖe ɖekematsɔleme, nu ƒe ŋunyɔnyɔ na ame, tɔtɔ le ame ɖokui me, nu ƒe nukuwɔwɔ na ame, alo dzidzɔkpɔkpɔ afia. Ne alesi nèɖo moe sɔ ɖe nya si gblɔm nèle nu la, nusi kpɔm amewo le la naa nyaa gawɔa dɔ ɖe wo dzi geɖe wu. Wɔla la wɔ lãkusi gbogbo aɖewo ɖe mo na wò—wowu hamehame 30 sɔŋ. Woƒe afã kloe ye nèzãna ne èle nu kom.

Eɖanye nuƒolanɔƒeae nèle loo alo gbeadzie nèle o, gbedasi vivi aɖe, gbedasi si ate ŋu ana amewo ƒe dzi nakpɔ dzidzɔe nèle agbagba dzem be yeagblɔ. Alɔgbɔnukoko vividodoɖeameŋutɔe ɖoa kpe esia dzi. Gake ne seselelãme aɖeke medze le mo na wò o la, womaka ɖe wò nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi o.

Gawu la, alɔgbɔnukoko naa amewo kpɔnɛ be nètsɔ ɖe le eme na yewo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Esia hiã vevietɔ le ŋkeke siawo siwo amewo vɔ̃na na amedzrowo zi geɖe la me. Wò alɔgbɔnukoko ate ŋu ana amewo naɖe dzi ɖi eye woadi be yewoaxɔ nya si gblɔm nèle bɔbɔe wu.

NU VEVI SIWO NÀLÉ ÐE SUSU ME

  • Wò asi kple ŋutinu bubuwo wɔwɔ ɖe nya dzi kple alesi nàɖo moe le nuƒoƒo me ƒe nyuitɔe nye esiwo tso ememe. Lé ŋku ɖe alesi amewo wɔnɛ ŋu, gake mègagblɔ be yeasrɔ̃ ame aɖe tɔ tsitotsito o.

  • Srɔ̃ wò nuƒoa wòama wò nyuie. Se alesi nuwo le le ɖokuiwò me, kpɔe le susu me, eye eyome na wò gbe, wò asiwo, kple wò moɖoɖo naɖe nusiawo afia.

DƆDASIWO: (1) Xlẽ Mose I, 6:13-22. Zã wò ŋutɔ wò nyawo nàgblɔ alesi wokpa aɖakaʋua kple alesi wokplɔ lãwo yi emee. Mègatsi dzi ɖe nyaa ƒe akpa ɖesiaɖe gbɔgblɔ tsitotsito ŋu o; gblɔ nusi dzi nèɖo ŋkui ko. Wɔ ŋutinuwo zazã na nuɖɔɖɔ le wo me. Na ame aɖe nalé ŋku ɖe alesi nèwɔe ŋu eye wòagblɔ eƒe susu. (2) Ƒo nu abe ɖase ɖimee nèle ene na ame aɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe kple yayra siwo wòahe vɛ ŋu. Kpɔ egbɔ be alesi nàɖo moe la ɖe alesi tututu nèse le ɖokuiwò me le nya si gblɔm nèle ŋu fia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe