INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 12 axa 15
  • Vividoɖeameŋu Kple Veveseɖeamenu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vividoɖeameŋu Kple Veveseɖeamenu
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzonɔameme
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Vividodoɖeameŋu Kple Seselelãme
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 12 axa 15

NUSƆSRƆ̃ 12

Vividoɖeameŋu Kple Veveseɖeamenu

Mawunyakpukpui

1 Tesalonikatɔwo 2:7, 8

NU SI NÀWƆ: Ƒo nu kple seselelãme si tso dzi me, eye nàna wò nyaselawo nakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na yewo.

ALE SI NÀWƆE:

  • Bu wò nyaselawo ŋu. Bu kuxi siwo me tom wò nyaselawo le ŋu nàtsɔ adzra wò dzi ɖo. Kpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme si me wole me be nànya ale si wole sesem le wo ɖokuiwo me.

  • Tia wò nyawo nyuie. Ðoe be nàna wò nyaselawo ƒe dzi nadze eme, nàfa akɔ na wo ahade dzo yeye wo me. Ƒo asa na nyagbɔgblɔ siwo aɖia wo nu dzodzro, eye mègada ame siwo menye haxɔsetɔwo o alo woƒe dzixɔse siwo le vevie na wo la ɖe anyi o.

  • Ðee fia be yetsɔ ɖe le eme. Ƒo nu na wò nyaselawo veveseɖeamenutɔe eye wò asiwɔwɔ ɖe nya dzi hã naɖee afia be ètsɔ ɖe le eme na wo. Ale si nàɖo moe hã le vevie; nɔ alɔgbɔnu kom edziedzi.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Ƒo asa na seselelãme si mele dzɔdzɔme nu o ɖeɖe fia eye mègawɔ nu wòagbɔ eme o. Ne èle nu xlẽm la, na seselelãme si le nuxexlẽa me nadze ƒãa, gake mègahe susu va ɖokuiwò dzi madzemadzee o. Ƒo nu veveseɖeamenutɔe le lɔlɔ̃ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe