INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 19 axa 145-axa 146 mm. 5
  • Dzidedeƒo Be Woazã Biblia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzidedeƒo Be Woazã Biblia
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Ŋɔŋlɔawo Nuɖeɖe Nyuie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ameawo Ŋkume Kpɔkpɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 19 axa 145-axa 146 mm. 5

Nusɔsrɔ̃a 19

Dzidedeƒo Be Woazã Biblia

Nukae wòle be nàwɔ?

De dzi ƒo na wò nyaselawo be woaxlẽ Biblia akplɔ wò ɖo esime nèle exlẽm.

Nukata Wòle Vevie?

Nusi ame ŋutɔ kpɔ kple ŋku, vevietɔ le eya ŋutɔ ƒe Biblia me, wɔa dɔ geɖe ɖe edzi wu.

MÍAƑE didi enye be míahe amesiame ƒe susu ava Mawu ƒe Nya, Biblia la, dzii. Agbalẽ kɔkɔe sia dzie míetu gbedasi si ƒe gbeƒã míeɖena la ɖo, eye míedi be amewo nakpɔe be míegblɔa nya le mía ɖokui si o, ke boŋ Mawu gbɔe míaƒe nyawo tso. Ehiã be amewo naka ɖe Biblia dzi.

Le Gbeadzisubɔsubɔdɔa Me. Ne èle dzadzram ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu la, tia mawunyakpukpui ɖeka alo eve ɣesiaɣi, siwo me nàdzro kple amesiwo alɔ̃ be yewoaɖo to wò. Ne èle ɖoɖo wɔm be yeagblɔ nya ʋɛ aɖewo atsɔ ana Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe gɔ̃ hã la, zi geɖe eɖea vi ne èxlẽ Biblia ƒe kpukpui aɖe si sɔ. Ŋusẽ le Biblia si be wòafia mɔ amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tsɔ wu nya sia nya si mía ŋutɔwo míagblɔ. Le afisi masɔ le be nàxlẽ nya tso Biblia me tẽ o la, àte ŋu aɖoe be yeagblɔ emenyawo. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽxatsaxatsawo mebɔ fũ o. Ke hã Yesu kple eƒe apostolowo yɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me zi geɖe. Ele be míawo hã míadze agbagba alé mawunyakpukpuiwo ɖe susu me, azã wo nyuie le míaƒe subɔsubɔdɔa me, eye ɣeaɖewoɣi míagblɔ wo me nyawo ko.

Ne èkpɔ asinu te ŋu xlẽ Biblia na wò aƒemenɔla la, lée ɖe asi ale be wòate ŋu anɔ edzi kpɔm esime nèle exlẽm. Ne aƒemenɔlaa tsɔ eya ŋutɔ ƒe Biblia le edzi kpɔm la, anɔ bɔbɔe nɛ wu be wòalɔ̃ ɖe nusi xlẽm wòle dzi.

Gake ele be nàde dzesii be Biblia gɔmeɖela aɖewo mewɔ nuteƒe le Mawu ƒe Nya la gɔmeɖeɖe me o. Woƒe nyawo masɔ ɣesiaɣi kple alesi wònɔ le gbegbɔgblɔ gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me o. Woɖe Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ ɖa le egbegbe Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me, wona nya si gbegbɔgblɔ gbãtɔwo gblɔ tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu la le ɣaɣla, eye woɣla nya si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba la ŋu hã. Be nàfia nusi wowɔ le go sia me ame aɖe la, ɖewohĩ ahiã be nàtsɔ mawunyakpukpui vevi aɖewo asɔ kple wo nɔewo le Biblia vovovowo me alo atsɔe asɔ kple gɔmeɖeɖe xoxotɔ aɖewo siwo le gbegbɔgblɔ ma ke me. Le nyati geɖe gome la, mawunyakpukpui siwo amewo yɔna zi geɖe me nya vevi aɖewo ƒe gɔmeɖeɖe vovovo siwo wotsɔ sɔ kple wo nɔewo dze le Reasoning From the Scriptures me. Amesiame si lɔ̃a nyateƒea ada akpe ɖe sidzedze vavã si su esi ta.

Le Hamea ƒe Kpekpewo Me. Ele be woade dzi ƒo na amesiame be wòazã eƒe Biblia le hamea ƒe kpekpewo me. Esia ɖea vi le mɔ geɖe nu. Ekpena ɖe nyaselawo ŋu be woƒe susu nɔa nya si me dzrom wole ŋu. Ekpɔkpɔ kple ŋku gadoa ŋusẽ nufiamenya si gblɔm nuƒolaa le geɖe wu. Eye ena wòtsia susu me na ɖetsɔlemetɔ yeyewo be Biblia mee míaƒe dzixɔsewo tso vavã.

Ne wò nyaselawo axlẽ Ŋɔŋlɔawo akplɔ wò ɖo le woawo ŋutɔ woƒe Biblia me loo alo womaxlẽe o ƒe akpa gãtɔ anɔ te ɖe wò dzidedeƒo na wo dzi. Ewɔwɔmɔnu vevitɔwo dometɔ ɖeka enye be nàkpe wo tẽ.

Wò nuƒola la ƒe agbanɔamedzie wònye be nàtia mawunyakpukpui siwo dzi nèdi be yeate gbe ɖo to nana be nyaselawo naʋu wo axlẽ me. Asɔ wu be nàxlẽ ŋɔŋlɔ siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖe nyati veviawo me. Eyome le alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe nu la, nàtsɔ bubu ʋɛ aɖewo siwo ade wò numeɖeɖea dzi la akpee.

Le nyateƒe me la, mawunyakpukpuia yɔyɔ alo nyaselawo kpekpe dzaa ko be woaxlẽ ŋɔŋlɔa mesɔ gbɔ o. Ne èxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe eye kaka nyaselawo nake ɖe gbãtɔa ŋu nèwu enu gayi bubu dzi la, eteƒe madidi hafi dzi naɖe le wo ƒo woadzudzɔ Biblia la xexlẽ kpli wò o. Lé ŋku ɖe wo ŋu. Na nyaselawo ƒe akpa gãtɔ nake ɖe ŋɔŋlɔa ŋu hafi nàxlẽe.

Bu nuwo ŋu yi ŋgɔe. Yɔ mawunyakpukpuia le ɣeyiɣi si sɔ me esime nèkpɔtɔ le nya aɖe gblɔm do ŋgɔ na exexlẽ. Esia aɖe ɣeyiɣi gbegblẽ be woana ɣeyiɣi nyaselawo ne woake ɖe ŋɔŋlɔa ŋu dzi akpɔtɔ. Togbɔ be mɔ nana nyaselawo be woaʋu ŋɔŋlɔawo axɔ ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo le asiwò si nàte ŋu atsɔ agblɔ nya bubuwoe hafi hã la, viɖe siwo wòahe vɛ ade ame dzi wu.

ALESI NÀWƆE

  • Na aƒemenɔlaa nanɔ mawunyakpukpuia dzi kpɔm ne èle exlẽm le wò Biblia me, alo nàkpee be wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe Biblia anɔ edzi kpɔm.

  • Ne èle nu ƒom le hamea me la, kpe nyaselawo tẽ be woaʋu ŋɔŋlɔ veviawo axlẽe kpli wò, eye na ɣeyiɣi si sɔ wo na eʋuʋu.

DƆDASIWO: Te nusiawo kpɔ le tɔtrɔyi wɔwɔ me: (1) Tsɔ wò Biblia de aƒemenɔlaa si, eye nàbiae ne adi be yeaxlẽ mawunyakpukpui aɖe si nèʋu xoxo. (2) Bia aƒemenɔla ne adi be yeatsɔ ye ŋutɔ yeƒe Biblia axlẽ ŋɔŋlɔ vevi aɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe