INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/00 axa 3
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzidedeƒo Be Woazã Biblia
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ameawo Ŋkume Kpɔkpɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Dutoƒonuƒowo Dzadzraɖo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 9/00 axa 3

Nyabiaɖaka

◼ Nukatae wòɖea vi na nyaselawo be woaʋu Biblia axlẽ ŋɔŋlɔawo ne nuƒola kpe wo be woawɔ nenema le eƒe nuƒoa me?

Nusiwo afia zi alesi woakpe nyaselawo be woaxlẽ ŋɔŋlɔawo la ƒe ɖewoe nye nyati si ŋu wole nu ƒom tsoe kple ne Mawu ƒe Nya la ƒe akpa aɖe ƒe kpukpuiwo me dzodzro ɖekaɖekae le nuƒoa me.

Ele vevie be wòanɔ susu me na mí be susu siwo ta míeʋua ŋɔŋlɔawo xlẽna dometɔ ɖekae nye be wòaɖo kpe edzi be Biblia mee nya si gblɔm wole la tso. (Dɔw. 17:11) Taɖodzinu bubu hãe nye be woadzro Ŋɔŋlɔawo me nya si ɖo kpe nya si gblɔm wole dzi me ale be wòado ŋusẽ amesiame ƒe xɔse. Ne woxlẽ mawunyakpukpui vevi aɖe si na wokpɔ nusi Biblia gblɔ ŋutɔŋutɔ la, agawɔ dɔ ɖe woƒe susua dzi geɖe wu. Tsɔ kpe ɖe ŋɔŋlɔawo ʋuʋu axlẽ ŋu la, eɖea vi hã be woade dzesi nyawo ahakplɔ nya siwo gblɔm wole ɖo le susu me.

Togbɔ be woafia asi mawunyakpukpui geɖe ɖe Habɔbɔa ƒe nuƒogbalẽ dzi le nyati aɖe me dzodzro me hã, ɖe woɖoe be woakpe ɖe nuƒola ŋutɔ ŋu le eƒe dzadzraɖo me. Woate ŋu ana wòanya nusita wogblɔ nya aɖe alo woakpe ɖe eŋu be wòase Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo le eme gɔme nyuie ahase nusi ŋu nuƒoa ku ɖo gɔme. Nuƒola ŋutɔe atia mawunyakpukpui siwo le vevie le nuƒoa me eye wòakpe nyaselawo be woakpɔ wo tɔ dzi ne ele mawunyakpukpui siawo xlẽm hele wo me ɖem. Woate ŋu ayɔ mawunyakpukpui bubu siwo ɖo kpe nyaa dzi ahagblɔ wo me nyawo, gake le esiawo gome la, mehiã kokoko be nyaselawo naʋu wo axlẽ o.

Ne nuƒola le ŋɔŋlɔ tiatiawo xlẽm la, axlẽ wo tẽ tso Biblia me ke menye le agbalẽ si dzi woŋlɔe ɖo alo tae ɖo me o. Ne nuƒola le nyaselawo kpem be woaxlẽe kple ye la, ele be wòayɔ Biblia-gbalẽa, ta, kple kpukpuia(wo) eme nakɔ nyuie. Ne etɔ vie bia nya alo ɖe nu me kpuie le nusita wòhiã be woaxlẽ ŋɔŋlɔa la, ana mɔ nyaselawo be woake ɖe ŋɔŋlɔa ŋu. Mawunyakpukpuia gbugbɔgayɔ hã kpena ɖe nyaselawo ŋu be mawunyakpukpuia natsi susu me na wo. Gake womede dzi ƒo be woayɔ axa si woakpɔe le o, le esi Biblia-gɔmeɖeɖe vovovo siwo zãm nyaselawo le ƒe axawo ate ŋu ato vovo ta. Ne nyaselawo ʋu ŋɔŋlɔawo xlẽe ne wokpe wo la, akpe ɖe wo ŋu be ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya la me naɖe vi na wo ne wole eme ɖem le nuƒoa me.—Heb. 4:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe