NUSƆSRƆ̃ 21
Ŋɔŋlɔawo Xexlẽ Kple Gbeteteɖedzi Nyuitɔ
NE ÈLE nu ƒom na ame ɖekaɖekawo alo na ame geɖe le nuƒolanɔƒea tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu la, ele be wò numedzodzroa nanɔ te ɖe nusi le Mawu ƒe Nya la me dzi. Zi geɖe esia biana be nàxlẽ ŋɔŋlɔawo tso Biblia me, eye ehiã be nàxlẽe nyuie.
Seselelãme Kpɔa Ŋusẽ Ðe Gbeteteɖedzi Nyuitɔ Dzi. Ele be nàxlẽ Ŋɔŋlɔawo kple seselelãme. Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Ne èkɔ gbe dzi le Psalmo 37:11 xlẽm la, ele be wòadze dzidzɔtɔe le wò gbe me be èle mɔ kpɔm na ŋutifafa sia si ƒe ŋugbe wodo. Ne èle Nyaɖeɖefia 21:4 xlẽm le alesi woava ɖe fukpekpe kple ku ɖae ŋu la, ele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔdzɔe wɔnuku si ƒe nya wogblɔ ɖi ŋu nadze le wò gbe me. Ele be woatsɔ gbe si bia nuwɔwɔ kpata axlẽ Nyaɖeɖefia 18:2, 4, 5 ƒe amekpekpe be woado go le ‘Babilon Gã’ si me nuvɔ̃ yɔ taŋ la me. Nyateƒee, ele be woaɖe seselelãme si tso dzime afia gake mele be woawɔe wòagbɔ eme o. Seselelãme alesinu hiã la nɔ te ɖe mawunyakpukpuia ŋutɔ kple alesi wole ezãmee dzi.
Te Gbe Ðe Nya Siwo Sɔ Dzi. Ne mawunyakpukpuia ƒe akpa aɖe ko ŋue nya si gblɔm nèle ku ɖo la, ele be nàna akpa ma naɖe dzesi ne èle exlẽm. Le kpɔɖeŋu me, ne èle Mateo 6:33 xlẽm kple taɖodzinu be yeakɔ nusi “midi mawufiaɖuƒe la . . . gbãgbiagbã” fia me la, mahiã be nàte gbe ɖe “eƒe dzɔdzɔenyenye” alo “woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti” dzi o.
Le Subɔsubɔ Kpekpea me la, ɖewohĩ èɖoe be yeaxlẽ Mateo 28:19. Nya kawo dzie nàte gbe ɖo? Ne èdi be yeade dzi ƒo be woado vevie nu adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme la, ke te gbe ɖe “woanye nusrɔ̃lawo” dzi. Gake ne agba si le Kristotɔwo dzi be woagblɔ Biblia ƒe nyateƒea na dukɔ bubu me tɔ siwo ʋu va mia gbɔ mee nèdi be yeadzro alo nèdi be yeade dzi ƒo na gbeƒãɖela aɖewo be woasubɔ le afisi hiahiã la lolo wu le la, àte ŋu ate gbe ɖe “dukɔwo katã” dzi.
Zi geɖe la, míeyɔa ŋɔŋlɔ aɖe wònyea ŋuɖoɖo na biabia aɖe alo tsɔ dea nya aɖe si ŋu amewo ʋlia nya le la dzi. Ne ète gbe ɖe nya ɖesiaɖe dzi sɔsɔe le mawunyakpukpuia me la, wò nyaselawo makpɔ akpa si de nyaa dzi o. Nya la me akɔ na wò gake eme makɔ na woawo ya o.
Le kpɔɖeŋu me, ne èle Psalmo 83:19 xlẽm le Biblia si me Mawu ƒe ŋkɔ dze le me la, gbetete ɖe akpa si gblɔ be “wò ɖeɖe koe ɖo kpo” dzi mana aƒemenɔlaa nakpɔ Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ si dze ƒã la o. Ele be nàte gbe ɖe ŋkɔ “Yehowa” dzi. Gake ne èle ŋɔŋlɔ ma ke zãm tsɔ le nu me ɖem tso Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu la, ele be nàte gbe ɖe akpa si nye “wò ɖeɖe koe ɖo kpo” dzi. Nenema ke ne èle Yakobo 2:24 xlẽm be yeaɖee afia be ele vevie be woatsɔ dɔwɔwɔwo akpe ɖe xɔse ŋu la, gbetete ɖe “tso afia na ame” dzi le esi teƒe be woate gbe ɖe “dɔwɔwɔwo” dzi awɔe be nyaa ƒe akpa vevia nabu ɖe nyaselawo.
Kpɔɖeŋu bubu si akpe ɖe mía ŋu dze le Romatɔwo 15:7-13. Esia nye lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na hame si me tɔwo nye Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo kple dzɔdzɔme Yudatɔwo siaa ƒe akpa aɖe. Apostoloa ɖe nu me le afisia be menye Yudatɔ aʋatsotsotɔwo koe Kristo ƒe subɔsubɔdɔa ɖe vi na o ke eɖe vi na dukɔwo me tɔwo hã, ale be “trɔ̃subɔlawo [nakafu] Mawu le eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋuti.” Eyome Paulo yɔ nya tso ŋɔŋlɔ ene bubuwo me tsɔ he susu yi mɔnukpɔkpɔ ma si su dukɔwo me tɔwo si la dzi. Aleke nàxlẽ nyayɔyɔ mawoe ale be nàte gbe ɖe nya si nɔ susu me na Paulo dzi? Ne èle dzesi dem nyagbɔgblɔ siwo dzi nèdi be yeate gbe ɖo la, ɖewohĩ àde dzesi “le trɔ̃subɔlawo dome” si le kpukpui 9 lia, “mi trɔ̃subɔlawo” si le kpukpui 10 lia, “mi trɔ̃subɔlawo katã” kple “mi dukɔwo katã” siwo le kpukpui 11 lia, kpakple “xexemedukɔwo” si le kpukpui 12 lia. Dze agbagba nàxlẽ Romatɔwo 15:7-13 kple gbeteteɖedzi ma. Ne èle esia wɔm la, Paulo ƒe numeɖeɖea ƒe akpa veviawo katã me akɔ eye egɔme anya se na wò nyuie wu.
Gbeteteɖedzi Mɔnuwo. Àte ŋu ato mɔ vovovo nu ate gbe ɖe nya siwo de susu vevi siwo katã nèdi be woadze ƒã la dzi. Mɔnu si nàzã newɔ ɖeka kple ŋɔŋlɔa eye wòasɔ ɖe nuƒoa ƒe nɔnɔme nu. Eŋuti ɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewoe nye esi.
Gbetɔtrɔ. Esia ku ɖe tɔtrɔ ɖesiaɖe si nàwɔ le gbea ƒe ɖiɖime ŋu si awɔe be nya siwo de susu vevia dzi nato vovo tso nya mamlɛawo gbɔ. Gbeteteɖedzia adze ne ètrɔ gbea ƒe sesẽme—nàkɔ gbe dzi alo nàbɔbɔ gbe. Le gbegbɔgblɔ geɖe me la, alesi nyayɔyɔ aɖe aɖii la tɔtrɔ nyea gbeteteɖedzi. Gake le gbegbɔgblɔ bubuwo me la, nyayɔyɔ aɖe ƒe ɖiɖi tɔtrɔ ana gɔmesesea natrɔ bubui kura. Ne wogbɔ dzi ɖi vie le nya vevi siwo dzi wodi be woate gbe ɖo yɔyɔ me la, esia te ŋu nyea gbeteteɖedzi. Le gbegbɔgblɔ siwo me manya wɔ be woatrɔ gbea wòanye gbeteteɖedzi ƒe mɔnu o la, ahiã be woawɔ nusianu si woate ŋui si asɔ le gbegbɔgblɔ ma me ŋudɔ be wòaɖo taɖodzinu sia gbɔ.
Gbɔɖeme. Woate ŋu awɔ esia do ŋgɔ na ŋɔŋlɔa ƒe akpa vevia xexlẽ alo le exexlẽ vɔ megbe—alo do ŋgɔ kple emegbe siaa. Gbɔgbɔɖeme do ŋgɔ teti na nya vevi aɖe xexlẽ wɔnɛ be wonɔa mɔkpɔkpɔ me; gbɔɖeme si vana ɖe eyome naa nya si wogblɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi yia ŋgɔe. Gake ne gbɔɖemea sɔ gbɔ akpa la, nya aɖeke maɖe dzesi o.
Nyagbugbɔgagblɔ. Àte ŋu ate gbe ɖe nya vevi aɖe dzi ne ètɔ, eye nègbugbɔ xlẽ nya la alo nyagbɔgblɔawo. Mɔnu si sɔ wu enye be nàwu ŋɔŋlɔa xexlẽ nu eye eyome nàgbugbɔ akpa vevia agblɔ.
Ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ. Wò ametia ƒe akpa aɖewo zazã kpakple wò mo ƒe dzedzeme ate ŋu ana seselelãme nakpe ɖe nya alo nyagbɔgblɔ aɖewo ŋu.
Gbe ƒe ɖiɖime. Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, woate ŋu axlẽ nyawo le mɔ aɖe si akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe gɔmesese dzi alo wòana wòaɖe dzesi nu. Le afisia hã ele be woaɖɔ ŋu ɖo, vevietɔ ne nya la ate ŋu aɖi gbɔ ame.
Ne Ame Bubuwo Xlẽ Ŋɔŋlɔawo. Ne aƒemenɔla xlẽ ŋɔŋlɔa la, ɖewohĩ ate gbe ɖe nya siwo mehiã o dzi alo mate gbe ɖe ɖeke dzi kura o. Ekema nukae nàte ŋu awɔ? Zi geɖe la, ele be nàna gɔmesesea nadze ne èle alesi mawunyakpukpuia ku ɖe nyaa ŋui me ɖem. Ne èɖe alesi wòku ɖe nyaa ŋui me vɔ la, àte ŋu ahe susu ayi nya siwo de susu vevia dzi le Biblia me la dzi tẽ.