NUSƆSRƆ̃ 30
Ðetsɔtsɔ Le Eme Na Amewo
NE MÍELE Biblia me nyateƒea gblɔm na amewo la, ehiã be míawɔ nusi de ŋgɔ wu nufiafia wo ko. Ele be míaɖo amewo ƒe dzi gbɔ. Mɔ siwo dzi míato awɔ esia dometɔ ɖekae nye ɖetsɔleme vavã ɖeɖe fia míaƒe nyaselawo. Míate ŋu aɖe ɖetsɔleme sia afia le mɔ vovovowo nu.
Bu Wò Nyaselawo ƒe Nukpɔsusu Ŋu. Apostolo Paulo bu afisi eƒe nyaselawo tso kple alesi wobua nuwo ŋui ŋu. Eɖe nu me be: “Mezu abe Yudatɔ ene hena Yudatɔwo, bena asinye nasu Yudatɔwo dzi; eye mezu abe amesi le sea te ene hena amesiwo le sea te, wònye nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o, bene asinye nasu amesiwo le sea te la dzi; mezu abe semanɔsitɔ ene hena semanɔsitɔwo, gake la, nyemenye semanɔsitɔ na Mawu o, ke mele Kristo ƒe se la me boŋ, bene asinye nasu semanɔsitɔwo dzi. Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome ame aɖewo kokoko. Ke nyanyui la ta mewɔ wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.” (Kor. I, 9:20-23) Aleke míawɔ ‘azu nusianu na amewo katã’ egbea?
Ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò nèlé ŋku ɖe amewo ŋu, ne eganye ɣeyiɣi kpui aɖe koe gɔ̃ hã, hafi dze nuƒoƒo gɔme na wo la, ɖewohĩ àde dzesi nusiwo aɖe woƒe didiwo kple nɔnɔme siwo me wole la afia. Àte ŋu anya dɔ si wowɔna? Èkpɔ nane si ɖe woƒe dzixɔsewo fia? Ède dzesi nane tso woƒe ƒomegbenɔnɔ ŋua? Àte ŋu anɔ te ɖe nusiwo nède dzesii dzi atrɔ asi le wò dzeɖoɖoa ŋu be wòanya se na wò nyaselawo wua?
Be wò dzeɖoɖoa nanya se nyuie wu la, ebia be nàbu alesi nàwɔ ate ɖe amesiwo le wò anyigbamama me ŋu la ŋuti do ŋgɔ. Le teƒe aɖewo la, amesiwo ʋu tso dukɔ bubuwo me va nutoa me hã li. Ne ame aɖewo le wò anyigbamama me nenema la, ke ɖe nèke ɖe mɔnu nyui aɖe si dzi nàto aɖe gbeƒã na wo ŋua? Esi Mawu ƒe didi enye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me” ta la, ɖoe wò taɖodzinui be yeagblɔ Fiaɖuƒegbedasia bene wòavivi na amesiwo katã nèdoa goe.—Tim. I, 2:4.
Ðo To Nyuie. Togbɔ be Yehowa nye amesi te ŋu nyaa nusianu hã la, eɖoa to ame bubuwo. Nyagblɔɖila Mixa kpɔ ŋutega aɖe si me Yehowa nɔ dzi dem ƒo na mawudɔlawo be woaɖe woƒe nukpɔsusu agblɔ tso alesi woakpɔ nya aɖe gbɔe ŋu. Eyome Mawu ɖe mɔ na mawudɔlawo dometɔ ɖeka be wòawɔ ɖe aɖaŋu si dɔlaa ɖo dzi. (Fia. I, 22:19-22) Esi Abraham tsi dzi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna Sodom dzi ŋu la, Yehowa ɖe mɔ nɛ wòƒo nu faa. (Mose I, 18:23-33) Aleke míawɔ asrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo le toɖoɖo amewo me le míaƒe subɔsubɔdɔa me?
De dzi ƒo na amewo be woaɖe woƒe susu agblɔ faa. Bia nya aɖe si sɔ, eye gbɔ dzi ɖi na wo alesi dze be woaɖo eŋu. Ðo to ŋutɔŋutɔ. Alesi nànɔ to dzi bliboe ade dzi ƒo na wo be woaƒo nu faa. Ne woƒe ŋuɖoɖoa ɖe nane fia tso nusiwo me wotsɔ ɖe le ŋu la, bia nyawo yi ŋgɔ aɖaŋutɔe. Di mɔ siwo dzi nàto adze si wo nyuie wu, gake mègatrɔe zu nya siwo meka wò o me kuku o. Kafu wo anukwaretɔe ɖe nukpɔsusu si woɖe gblɔ ta ne esɔ nenema. Ne mèlɔ̃ ɖe woƒe nukpɔsusuwo dzi o gɔ̃ hã la, ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nya si woɖe gblɔ ta.—Kol. 4:6.
Gake ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míaƒe ɖetsɔtsɔ le amewo me nagagbɔ eme o. Ðetsɔtsɔ le eme na amewo meʋu mɔ na mí be míanɔ ŋku kem ɖe nya siwo nye amewo ŋutɔ ƒe nyawo me o. (Pet. I, 4:15) Ehiã be míakpɔ nyuie be ame evelia, ne ŋutsue le nu ƒom na nyɔnu alo ne nyɔnue le nu ƒom na ŋutsu, nagase míaƒe ɖetsɔlemea gɔme bubui o. Esi wònye be alesi wobua ɖetsɔleme ɖeɖe fia si sɔe la to vovo tso teƒe yi teƒe, eye wòto vovo tso ame ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ ta la, ele be míabu nuwo ŋu nyuie.—Luka 6:31.
Dzadzraɖo wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu be míanye toɖola nyuiwo. Ne míaƒe gbedasia me kɔ nyuie le susu me na mí la, ekpena ɖe mía ŋu be míeɖea dzi ɖi ɖoa to amewo nyuie alesi dze. Esia ana woawo hã naɖe dzi ɖi eye ate ŋu ana woadi be yewoaɖo dze kpli mí geɖe wu.
Míedea bubu amewo ŋu to toɖoɖo wo me. (Rom. 12:10) Eɖoa kpe edzi be míede asixɔxɔ woƒe susu kple seselelãmewo ŋu. Ate ŋu awɔe be woagalé to ɖe nya si gblɔm míele ŋu nyuie wu. Eyata susu nyui aɖe tae Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be ‘míaɖe abla le nusese me eye míanɔ blewu le nuƒoƒo me’ ɖo.—Yak. 1:19.
Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woawɔ Ŋgɔyiyi. Ðetsɔtsɔ le ame bubuwo me awɔe be míanɔ amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia ŋu bum eye míatrɔ ayi wo gbɔ be míagblɔ Biblia me nyateƒe si sɔ tẽ ɖe woƒe hiahiãwo nu wu la na wo. Ne èle ŋugble dem le tɔtrɔyi si nàgawɔ ŋu la, bu nusi nède dzesi tso ameawo ŋu va yi la ŋu. Dzra ɖo ɖe nyati si ka wo ŋu. Te gbe ɖe asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ si le nusɔsrɔ̃a ŋu dzi eye nàkpe ɖe wo ŋu woakpɔ alesi nusi srɔ̃m wole aɖe vi na woe la adze sii.—Yes. 48:17.
Ne wò nyasela ɖe nya aɖe si le fu ɖem nɛ gblɔ na wò la, bui be enye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na ye be yeatsɔ agblɔ nyanyuia nɛ. Srɔ̃ Yesu, amesi nɔ klalo ɣesiaɣi be yeafa akɔ na amesiwo dzi nu te ɖo, ƒe kpɔɖeŋu. (Mar. 6:31-34) Ƒo asa na tetekpɔ si nye be yeafia kuxi aɖe gbɔ kpɔnu esime mènya nu tso kuxia ŋu boo o alo be yeado aɖaŋuɖoɖo aɖe ɖa dzro ko. Esia ate ŋu ana amea nabui be mètsɔ ɖeke le eme na ye vavã o. Ðe veveseseɖeamenu fia boŋ. (Pet. I, 3:8) Eyome wɔ numekuku le Biblia-srɔ̃gbalẽwo me, eye nàdi nyatakaka tuameɖo siwo nàtsɔ akpe ɖe amea ŋu wòakpɔ kuxia gbɔ. Nyateƒee, ɖetsɔtsɔ le wò nyasela me lɔlɔ̃tɔe ana màʋu go nya ɣaɣla aɖe si wògblɔ na wò o, negbe ɖe susu nyui aɖe li si ta wòle be nàʋu goe ɖo.—Lod. 25:9.
Vevietɔ ele be míaɖe ɖetsɔleme afia míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo. Bu nusrɔ̃vi ɖesiaɖe ƒe hiahiãwo ŋu gbedodoɖatɔe, eye nàdzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu ɖe woƒe hiahiãawo nu. Bia ɖokuiwò be, ‘Nukae wòhiã be wòagawɔ bene wòanɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm?’ Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu lɔlɔ̃tɔe be wòakpɔ nusi Biblia kple agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ta la gblɔ tso nyaa ŋu. (Mat. 24:45) Le go aɖewo me la, numeɖeɖe nɛ ko masu o. Ðewohĩ ahiã be nàfia nusrɔ̃via alesi wòawɔ ɖe Biblia me gɔmeɖose aɖe dzii, eye nàwɔ nane ŋutɔŋutɔ kplii atsɔ afia eŋudɔwɔwɔe.—Yoh. 13:1-15.
Ebia dadasɔ kple nuŋububu nyuie ne míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me bene wòasɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu. Nusiwo me amewo to le agbe me le vovovo, woƒe ŋutetewo mesɔ o, eye alesi wowɔa ŋgɔyiyii hã mele ɖeka o. Ele be nàda asɔ le nusiwo nèle mɔ kpɔm be amewo nawɔ me. (Fil. 4:5) Mègazii ɖe wo dzi be woawɔ tɔtrɔ le woƒe agbenɔnɔ me o. Na Mawu ƒe Nya la kple eƒe gbɔgbɔa naʋã wo. Yehowa di be amewo nasubɔ ye tso woƒe dzi me faa, menye be woazii ɖe wo dzi o. (Ps. 110:3) Tsri wò ŋutɔ wò nukpɔsusuwo gbɔgblɔ tso tiatia siwo wodze ŋgɔe ŋu, eye ne wodii tso asiwò gɔ̃ hã la, kpɔ nyuie be màgawɔ nyametsotso na wo o.—Gal. 6:5.
Na Kpekpeɖeŋu Ŋutɔŋutɔ Wo. Togbɔ be Yesu ƒe nyaselawo ƒe gbɔgbɔmenyonyoe nye nu vevitɔ nɛ hã la, etsɔ ɖe le woƒe nuhiahiã bubuwo hã me. (Mat. 15:32) Ne nu boo aɖeke mele mía si o gɔ̃ hã la, mɔ geɖe li siwo dzi míato ana kpekpeɖeŋu.
Ðetsɔtsɔ le eme na amewo awɔe be míanye ameŋubulawo. Le kpɔɖeŋu me, ne yame ƒe nɔnɔme mesɔ na wò nyasela o la, mite yi teƒe bubu si sɔ, alo wɔ ɖoɖo ɖe nusɔsrɔ̃a dziyiyi ɣebubuɣi ŋu. Ne èyi egbɔ le ɣeyiɣi si mesɔ nɛ o dzi la, gblɔ nɛ be yeatrɔ ava emegbe. Ne aƒelika alo ɖetsɔlemetɔ aɖe dze dɔ alo woxɔe ɖe kɔdzi la, ɖe wò ɖetsɔleme fia to agbalẽvi aɖe ɖoɖo ɖa alo lɛta kpui aɖe ŋɔŋlɔ nɛ alo to esasrã kpɔ me. Ne asɔ la, àte ŋu atrɔ asi le nuɖuɖu aɖe ŋu alo awɔ dɔmenyonu bubu aɖe nɛ.
Ne Biblia-nusrɔ̃viwo le ŋgɔyiyi wɔm la, ate ŋu anɔ eme be woase le wo ɖokui me be yewotsi akogo le esi womegadea ha kple woƒe zɔhɛ xoxoawo o ta. Dze xɔ̃ wo. Nɔ wo gbɔ vie miaɖo dze le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ vɔ megbe alo ɣebubuɣiwo. De dzi ƒo na wo be woade ha tuameɖowo. (Lod. 13:20) Kpe ɖe wo ŋu be woade Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Nɔ wo gbɔ le kpekpeawo me, eye nàkpe ɖe wo ŋu ne wo viwo le fu ɖem na wo bene kpekpeawo naɖe vi na woawo hã bliboe.
Ðetsɔlemea Natso Wò Dzi Me. Menye aɖaŋudɔ aɖe si woasrɔ̃e ɖetsɔtsɔ le eme na amewo nye o, nɔnɔme si tsoa dzi me boŋ ye. Alesi gbegbe míetsɔ ɖe le eme na amewo la dzena le mɔ vovovo nu. Edzena le alesi míeɖoa toe kple nya siwo míegblɔna me. Edzena le dɔmekɔkɔ kple ameŋububu si míeɖena fiaa amewo me. Ne míegblɔ nya aɖeke alo wɔ naneke o gɔ̃ hã la, edzena le míaƒe nɔnɔme kple moɖoɖo me. Ne míetsɔ ɖe le eme na amewo vavã la, woate ŋu akpɔe godoo.
Susu vevitɔ si ta míeɖea ɖetsɔleme vavã fiaa amewo enye be míetoa esia wɔwɔ me srɔ̃a mía Fofo si le dziƒo ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ. Esia akpe ɖe mía ŋu be míahe míaƒe nyaselawo ava Yehowa kple gbedasi si wòtsɔ na mí be míaɖe gbeƒãe la gbɔ. Eyata ne èle gome kpɔm le nyanyuia kaka me la, dze agbagba be wò ŋku ‘naganɔ nusi nye wò ŋutɔ tɔ ko dzi o, ke boŋ nenɔ nusi nye ame bubuwo tɔ la hã dzi.’—Fil. 2:4.