INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 50 axa 258-axa 262 mm. 4
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Ale Si Míawɔ Aɖo Ame Siwo Míefiaa Nui La Ƒe Dzi Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Tu Nufiafia Ŋutete Ðo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Gbedasi Si Wòle Be Míaɖe Gbeƒãe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 50 axa 258-axa 262 mm. 4

NUSƆSRƆ̃ 50

Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ

Nukae wòle be nàwɔ?

Bu alesi amewo sena le wo ɖokui me le nya si me dzrom nèle ŋu. Kpe ɖe wo ŋu be seselelãme kple ameʋãŋusẽ siwo awɔe be woate ŋu ate ɖe Mawu ŋu ava zu exɔlɔ̃wo la naɖo wo me.

Nukata Wòle Vevie?

Be amewo ƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ele be woaƒã Mawu ƒe Nya la wòaƒo ke ɖe to sesĩe ɖe woƒe dzime.

HEKPE ɖe ɖaseɖiɖi na amewo ŋu la, ehiã be nàdze agbagba be yeaɖo woƒe dzi gbɔ. Zi geɖe la, wodea vovototo ame ƒe dzi kple eƒe gotagome dzedzeme dome le Biblia me. Kpɔɖeŋudzia tsia tre ɖi na alesi ame le le ememe—alesi wòsena le eɖokui me, nusiwo katã ŋu wòbuna, nusita wòbua wo ŋu, kple alesi nuŋububu mawo kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔnawo dzii. Kpɔɖeŋudzi sia mee woƒãa nyateƒea ƒe ku ɖo. (Mat. 13:19) Eye dzi la mee wòle be toɖoɖo Mawu nadzɔ atso.—Lod. 3:1; Rom. 6:17.

Bene wò nufiafia nade edeƒe alea la, taɖodzinu siawo nenɔ susu me na wò: (1) Di nusiwo kpɔ ŋusẽ ɖe wò nyasela ƒe dzi dzi xoxo. (2) Do ŋusẽe le nɔnɔme nyuiwo, abe lɔlɔ̃ kple mawuvɔvɔ̃ ene, tutuɖo me. (3) De dzi ƒo na wò nyasela wòadzro nusiwo ʋãnɛ wòwɔa nu me bene wòate ŋu awɔ nusiwo dzea Yehowa ŋu bliboe.

Nugɔmesese Ŋudɔwɔwɔ. Susu vovovowo tae amewo meva xɔ nyateƒea haɖe o ɖo. Ne èle aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm la, ɖewohĩ ahiã be nàtsi amewo ƒe nazãbubu nu eye nàtsɔ nyateƒenya la aɖɔ li nusrɔ̃via ƒe nukpɔsusu masɔmasɔwo, alo àte ŋu aɖe kpeɖodziawo afia amewo. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe amea nya be gbɔgbɔmenuwo hiã yea? Dzixɔse kawoe le esi xoxo? Nukawo dzie mexɔ se o? Nukata wòwɔ nyametsotso mawo? Ðe wòhiã kpekpeɖeŋu be wòate ŋu aɖu dzodzro siwo axe mɔ nɛ be wòagbe agbanɔamedzi siwo nyateƒea ƒe sidzedze ada ɖe edzi xɔxɔ la dzia?’

Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woakpɔ susu siwo ta amewo xɔ nanewo dzi se o. Lododowo 20:5 gblɔ be: “Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela [dunɛ].” Nugɔmesese enye ŋutete be woakpɔ nusi medzena gaglãa o. Esia bia ŋkuléle ɖe nu ŋu nyuie kple ɖetsɔtsɔ le amewo me vevie.

Menye ɣesiaɣie wokea nu hafi ƒoa nu kple ame o. Nuƒoƒo tso nyati aɖe ŋu ate ŋu ana wò nusrɔ̃via ƒe mo natrɔ loo alo eƒe gbe me natrɔ. Ne dzilae nènye la, ɖikeke mele eme o be àdze sii be tɔtrɔ aɖe si adze le viwò ƒe nɔnɔme ŋu ate ŋu afia be ele go dom nɔnɔme yeye aɖewo le agbe me. Mele be nàŋe aɖaba aƒu dzesi siawo dzi o. Wonye nusi le ememe la ƒe dzesiwo.

Nya aɖewo tiatia nyuie abia amea ate ŋu ana wòalɔ̃ faa aɖe nusi le dzime nɛ agblɔ. Àte ŋu abia be: “Aleke nèse le ɖokuiwò me le . . . ŋu?” “Nukae na nèka ɖe edzi be . . . ?” “Aleke nàwɔ nui ne . . . ?” Gake kpɔ nyuie be màgalɔ biabiawo akɔ ɖe amewo dzi fũ akpa zi ɖeka o. Àte ŋu adze wò biabiawo gɔme aɖaŋutɔe be, “Meka ɖe edzi be mate ɖe dziwò o ne mebia wò be . . . ?” Sidzedze nusi le dzime na amewo bia kutrikuku eye wòhiã be woagbɔ dzi ɖi ɖe eŋu. Zi geɖe la, ele be woatsɔ ɣeyiɣi geɖe atu kakaɖeamedzi ɖo ɖe wo me hafi woalɔ̃ agblɔ nya siwo le woƒe dzi ƒe gogloeaƒe ke. Ele be woakpɔ nyuie ɣemaɣi gɔ̃ hã be amea nagase le eɖokui me be nèle nya siwo metsɔ gbɔwò o la biam ye o.—Pet. I, 4:15.

Alesi nàwɔ nu ɖe nya siwo nèse ŋui hã bia be nàzã nugɔmesese. Ðo ŋku edzi be wò taɖodzinue nye be nàse nu gɔme na amewo ale be nàte ŋu anya Biblia me nufiame si ate ŋu aʋã wo. Ðe didi ɖesiaɖe si aɖo mewò be nàklo nu le woƒe nukpɔsusu masɔmasɔwo dzi enumake la ɖa. Ðe eteƒe la, nɔ ŋudzɔ be nànya woƒe seselelãme ememetɔ siwo womeɖe gblɔ o. Ekema ànya alesi nàwɔ nui; eye anɔ eme be wò nusrɔ̃vi si se le eɖokui me be nèse nu gɔme na ye la abu nya siwo nàgblɔ la ŋu vevie wu.—Lod. 16:23.

Ne ƒuƒoƒo gãe nèle nu ƒom na gɔ̃ hã la, àte ŋu aʋã ame ɖekaɖekawo vaseɖe afi aɖe. Ne ète ŋu kpɔa nyaselawo ŋkume nyuie, nèle ŋudzɔ be yeanya nusi woƒe mo ƒe dzedzeme ɖe fia, eye nèbia nukpɔsusu biabia siwo naa wobua tame la, anɔ eme be ànya alesi wò nyaselawo le sesem le wo ɖokui me tso nya si gblɔm nèle ŋu. Ðe ameŋububu fia wò nyaselawo ne ènya woƒe nɔnɔmewo nyuie. Bu amesiwo le hamea me ƒe nɔnɔmewo ŋu ne èle ŋugble dem kpli wo tso Mawu ƒe Nya la me.—Gal. 6:18.

Seselelãme si Sɔ Nyɔnyɔ ɖe Amewo Me. Ne nugɔmesese aɖe va su asiwò le nusi amea xɔ se, nusi mexɔ se o, kple nusitae wòle nenema ŋu vɔ la, ekema àte ŋu atu wò nufiame ɖe nusiawo dzi. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eƒe nyawo de eƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzi gbɔ esi wònɔ te ɖe nusiwo dzɔ eteƒe medidi o dzi ‘ɖe Ŋɔŋlɔawo me na wo bliboe.’ (Luka 24:32) Ele be wò hã nàdze agbagba awɔ kadodo si le nusiwo me amea to, nusi dim wòle vevie, kple nusi kpɔm wòle le Mawu ƒe Nya la me dome ŋudɔ. Ate ŋu awɔ dɔ ɖe nusrɔ̃via ƒe dzi dzi wòaɖe vi nɛ ne eva kpɔe dze sii ƒã be: “NYATEƑEA ye nye esia!”

Ne ètea gbe ɖe Yehowa ƒe dɔmenyonyo, eƒe lɔlɔ̃, eƒe amenuveve, kple eƒe mɔwo ƒe nyonyo dzi na amesiwo nèfiaa nui la, ànɔ kpekpem ɖe wo ŋu be woasrɔ̃ alesi woalɔ̃ Mawui. Ne ègbɔa dzi ɖi fiaa wò nyaselawo be Mawu kpɔa nɔnɔme nyui siwo le wo dometɔ ɖesiaɖe me dzea sii la, ke èle kpekpem ɖe wo ŋu be woaxɔe ase be anya wɔ na yewo be yewoanɔ ƒomedodo me kpakplii. Àte ŋu awɔ esia ne miede ŋugble le mawunyakpukpuiwo abe Psalmo 139:1-3, Luka 21:1-4, kple Yohanes 6:44 ene ŋu, eye ne ète ŋu kpe ɖe wò nyaselawo ŋu be wokpɔ alesi gbegbe Yehowa lɔ̃ esubɔla nuteƒewɔlawo hetsɔa ɖe le eme na woe la dze sii. (Rom. 8:38, 39) Ðe eme na wo be Yehowa kpɔa nu yia ŋgɔ wu míaƒe vodadawo hekpɔa míaƒe agbenɔnɔ bliboa katã, míaƒe dzonɔameme ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu, kple míaƒe lɔlɔ̃ na eƒe ŋkɔa. (Kron. II, 19:2, 3; Heb. 6:10) Eɖoa ŋku míaƒe ametia ƒe akpa suetɔ kekeake gɔ̃ hã dzi, eye to mɔ wɔnuku aɖe nu la, agbɔ agbe “amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me.” (Yoh. 5:28, 29, NW; Luka 12:6, 7) Esi wowɔ amegbetɔwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu eye wòɖii ta la, numedzodzro tso eƒe nɔnɔmewo ŋu wɔa dɔ ɖe amewo dzi nyuie wòdea dzi gbɔ na wo zi geɖe.—Mose I, 1:27.

Woate ŋu aɖo amewo ƒe dzi gbɔ hã ne ameawo va srɔ̃e be yewoabu amewo alesi Yehowa bua woe. Susu le eme be míakpɔe adze sii be ne mía Mawu tsɔa ɖe le eme na mí lɔlɔ̃tɔe la, ke etsɔa ɖe le eme na ame bubuwo hã nenema ke, metsɔ le eme woƒe nɔnɔme, dukɔ si me wotso, alo ameƒomevi si wonye o. (Dɔw. 10:34, 35) Ne amewo va se egɔme alea ko la, ke wokpɔ Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi sẽŋu si tae woaɖe nazãbubu ɖesiaɖe ɖa le woƒe dzi me. Esia ana woate ŋu awɔ nu kple amewo le ŋutifafa me esi woyi edzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ srɔ̃m.

Mawuvɔvɔ̃ hã nye seselelãme bubu si wòle be nàkpe ɖe amewo ŋu woatu ɖo. (Ps. 111:10; Nyaɖ. 14:6, 7) Bubu deto dede Mawu ŋu ƒe nɔnɔme sia ate ŋu aʋã ame wòawɔ nusi anye ne mate ŋu awɔ le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me hafi o. To Yehowa ƒe dɔ wɔnukuwo kple eƒe amenuveve si ɖeke mesɔ kplii o me dzodzro me la, àte ŋu akpe ɖe amewo ŋu be vɔvɔ̃ si sɔ be woagawɔ nusi medzea eŋu o la naɖo wo me.—Ps. 66:5; Yer. 32:40.

Kpɔ egbɔ be wò nyaselawo se egɔme be Yehowa tsɔa ɖe le yewoƒe nuwɔnawo me. Seselelãme le esi, eye to alesi míewɔa nu ɖe eƒe mɔfiamewo ŋui me la, míate ŋu ado nuxaxa nɛ loo alo ado dzidzɔ nɛ. (Ps. 78:40-42) Fia amewo woakpɔ nusita woawo ŋutɔ ƒe nuwɔnawo ana Mawu nakpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe gbetɔamea.—Lod. 27:11.

Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔe be Mawu ƒe nudidiwo gbɔ ɖoɖo aɖe vi na woa ŋutɔwo. (Yes. 48:17) Mɔ siwo dzi nàto awɔ esia dometɔ ɖekae nye be nàfia nusi Mawu ƒe nunya gbegbe, ne eɖanye ɣeyiɣi kpui aɖe koe gɔ̃ hã, ate ŋu agblẽ le ame ŋu le ŋutilã me kple seselelãme gome. Ðe alesi nuvɔ̃ nyaa mí ɖa tso Mawu gbɔe, wòxea mɔ na mɔnukpɔkpɔ si asu ame bubuwo si be woasrɔ̃ nyateƒea tso mía gbɔ, eye wòxɔa nusi anye woƒe gomekpɔkpɔ hafi la le wo sii me. (Tes. I, 4:6) Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woade asixɔxɔ yayra siwo kpɔm wole xoxo le Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ me la ŋu. Na nyateƒe si wònye be Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔeawo dzi zɔzɔ kpɔa ame ta tsoa afɔku geɖe me la nanye nusi ta woada akpe ɖo vevie. Ne amewo nya xɔ edzi se be nunya le Mawu ƒe mɔwo dzi zɔzɔ me ko la, nuwɔna ɖesiaɖe si tsi tre ɖe eŋu la anyɔ ŋu na wo. (Ps. 119:104) Woabu toɖoɖo be enye mɔ si dzi woato ade bubu Yehowa ŋutɔ ŋu lɔlɔ̃tɔe, ke menye be enye agba o.

Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woadzro Wo Ðokui Me. Be amewo nayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me la, ehiã be woatsɔ ɖe le nusi le woƒe dzi me la me. Ðe alesi Biblia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le esia wɔwɔ mee la me na wo.

Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔe be menye sededewo, nuxlɔ̃amenyawo, nudzɔdzɔwo, kple nyagblɔɖiwo dzaa koe le Biblia me o. Eɖe alesi Mawu bua nuwo ŋui hã fia. Wotsɔ Mawu ƒe Nya la sɔ kple ahuhɔ̃e le Yakobo 1:22-25. Biblia ƒe gbedasia ɖea míaƒe dzi ƒe nɔnɔme fiana to alesi míewɔa nui ɖe nya si wògblɔ kple ɖe mɔ siwo dzi Yehowa tona wɔa eƒe tameɖoɖowo dzii ŋu me. Eyata eɖea alesi Mawu, amesi “doa dziwo kpɔna,” kpɔa míi la fiana. (Lod. 17:3) De dzi ƒo na wò nyaselawo be esia nanɔ susu me na wo ɣeawokatãɣi. Xlɔ̃ nu wo be woade ŋugble le nuŋlɔɖi siwo ta Mawu kpɔ wole Biblia me na mí la ŋu, eye woabu ɖɔɖɔɖo siwo wòhiã be woawɔ le woƒe agbe me bene woƒe nu nadze eŋu bliboe wu la ŋu. Kpe ɖe wo ŋu woakpɔ Biblia xexlẽ be enye mɔ si dzi woato akpɔ alesi Yehowa daa “tamesusuwo kple dzimedidiwo” kpɔnae ale be woate ŋu awɔ nusi dzea Mawu ŋu to tɔtrɔ siwo hiã la wɔwɔ me.—Heb. 4:12; Rom. 15:4.

Anɔ eme be Biblia-nusrɔ̃vi aɖewo adi be yewoawɔ ɖe nusi srɔ̃m yewole dzi; gake woatsi dzi ɖe nusi amewo abu ŋu. Woate ŋu anɔ avu wɔm kple ŋutilãmenudzodzro aɖewo siwo xɔ aƒe ɖe wo me vevie. Alo woate ŋu anɔ taflatsedodo aɖewo dim bene yewoate ŋu asubɔ Mawu to mɔ aɖe dzi esime wogakpɔtɔ lé xexeame ƒe nuwɔna aɖewo me ɖe asi. Fia asi afɔku si le vedomesinɔnɔ alea me na wo. (Fia. I, 18:21) De dzi ƒo na wo be woado gbe ɖa na Mawu be wòadzro yewoƒe dzi me kpɔ eye wòadza eŋu.—Ps. 26:2; 139:23, 24.

Na woakpɔe be Yehowa sea agbagba si dzem wole la gɔme eye be Biblia ɖe nusi le edzi yim le wo me la me. (Rom. 7:22, 23) Kpe ɖe wo ŋu woaɖɔ ŋu ɖo bene woagaɖe mɔ be ame ƒe dzimedidi madeblibo naɖu wo dzi o.—Lod. 3:5, 6; 28:26; Yer. 17:9, 10.

De dzi ƒo na amesiame be wòadzro ameʋãŋusẽ si wòtsɔ le nuwo wɔmee la me. Fiae be wòate ŋu abia eɖokui be: ‘Nukata medi be mawɔ nusia? Ðe wòaɖee afia Yehowa be mekpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo katã wòwɔ nam la ŋu nyateƒea?’ Dze agbagba nàdo ŋusẽ woƒe kakaɖedzi be ƒomedodo nyui si anɔ ame kple Yehowa dome lae nye nu xɔasitɔ kekeake si ate ŋu asu ame si.

Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔ Yehowa subɔsubɔ tso “dzi blibo” me ƒe vevienyenye adze sii. (Luka 10:27) Esia fia be woatrɔ woƒe seselelãmewo, dzimedidiwo, kple taɖodzinuwo katã wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe mɔwo. Eyata fia wò nyaselawo be manye nusi wowɔna ko ŋue woalé ŋku ɖo o, ke woalé ŋku ɖe alesi wosena le wo ɖokui me ɖe Mawu ƒe nudidiwo ŋu, kpakple nusi ʋãa wo le esubɔsubɔ me hã ŋu. (Ps. 37:4) Esi wò nusrɔ̃viwo va le afisiwo woawɔ ŋgɔyiyi le kpɔm dze sii la, de dzi ƒo na wo be woado gbe ɖa na Yehowa be: “Tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!”—Ps. 86:11.

Ne ƒomedodo va le nusrɔ̃via kpakple Yehowa dome la, nusi aʋãe be wòaɖo to Mawu enye xɔse, ke menye wò nya ƒoƒo ɖe enu ye o. Ekema “ayi edzi aka ɖe nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu dzi” le eɖokui si. (Ef. 5:10, NW; Fil. 2:12) Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe toɖoɖo si tso dzi me alea ŋu ale gbegbe.—Lod. 23:15.

Nenɔ susu me na wò be Yehowae nye amesi dzroa dziwo me kpɔna eye eyae hea amewo vaa woa kplii dome ƒomedodo me. (Lod. 21:2; Yoh. 6:44) Akpa si wɔm míele la nye nuwɔwɔ aduadu kpakplii. Ele ‘abe ɖe Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene.’ (Kor. II, 5:20; Dɔw. 16:14) Yehowa mezia ame aɖeke dzi be wòaxɔ nyateƒea o, gake ne míezã Ŋɔŋlɔawo la, ate ŋu ana míaƒe nyaselawo nakpɔe adze sii be nusi sem yewole la nye ŋuɖoɖo na yewoƒe biabiawo—alo na yewoƒe gbedodoɖawo. Esia nenɔ susu me na wò le nufiafia ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si aʋu ɖi na wò me, eye nàɖe kuku na Yehowa vevie abia eƒe mɔfiame kple kpekpeɖeŋu.—Kron. I, 29:18, 19; Ef. 1:16-18.

ALESI NÀWƆ ŊGƆYIYII

  • Ðe lɔlɔ̃ vavã fia.

  • Di nusiwo kpɔ ŋusẽ ɖe wò nyaselawo ƒe dzi dzi.

  • Te gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme lédzinamewo dzi.

  • Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woase alesi woadzro wo ɖokui me ahawɔ ɖɔɖɔɖowoe la gɔme.

DƆDASIWO: 1) Xlẽ Mateo 6:21 eye nàdzro alesi mawunyakpukpui sia ku ɖe wò agbe ŋui la me. Xlẽ kpukpui 19 kple 20 hã eye nàbu tɔtrɔ siwo wò dzi ʋã wò be nàwɔ ŋu. (2) Bu nusi ʋã wò be nèdze Yehowa subɔsubɔ gɔme ŋu. Nukae le ʋãwòm fifia? Ameʋãŋusẽ kawoe dzea Yehowa ŋu nèdi be yeatu ɖo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe