NUSƆSRƆ̃ 35
Egbɔgblɔ Ake Hena Gbeteteɖedzi
NUFIAFIA nyuie bia be woagbugbɔ nya aɖewo agblɔ ake. Ne wogblɔ nya vevi aɖe wu zi ɖeka la, nyaselawo ate ŋu aɖo ŋku edzi bɔbɔe. Ne wogbugbɔ nyaa gblɔ le mɔ bubu si to vovo vie nu la, ate ŋu ana woagase egɔme nyuie wu.
Ne wò nyaselawo meɖo ŋku nya siwo nègblɔ dzi o la, ke makpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe nusiwo woxɔ se dzi alo ɖe woƒe agbe dzi o. Gake anɔ eme be woayi edzi anɔ ŋugble dem le nya vevi siwo dzi nète gbe ɖo etɔxɛe ŋu.
Yehowa, míaƒe Nufiala Gãtɔ, ɖo kpɔɖeŋu na mí le nyawo gbɔgblɔ ake me. Etsɔ Se Ewoawo na Israel-dukɔa. Eto mawudɔla si nye nyanuɖela aɖe dzi na dukɔa se sedede mawo le Sinai-toa gbɔ. Emegbe eŋlɔ wo tsɔ na Mose. (Mose II, 20:1-17; 31:18; Mose V, 5:22) Le Yehowa ƒe mɔfiafia nu la, Mose gbugbɔ seawo me nyawo gblɔ na dukɔa hafi woage ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi, eye to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la, Mose ŋlɔ nya mawo ɖi abe alesi wòdze le Mose V, 5:6-21 ene. Sedede siwo wotsɔ na Israel dometɔ ɖeka bia tso wo si be woalɔ̃ Yehowa eye woasubɔe kple woƒe dzi blibo, luʋɔ blibo, kpakple ŋusẽ blibo. Wogbugbɔ nya siawo gblɔ zi gbɔ zi geɖe. (Mose V, 6:5; 10:12; 11:13; 30:6) Nukatae? Elabena abe alesi Yesu gblɔe ene la, eyae nye “se gbãtɔ si le vevie.” (Mat. 22:34-38) Yehowa to nyagblɔɖila Yeremya dzi ɖo ŋku edzi na Yuda-dukɔa wu zi gbɔ zi 20 le alesi wònye ŋkubiãnyae be woaɖo to eyama le nusiwo katã ƒe se wòde na wo me. (Yer. 7:23; 11:4; 12:17; 19:15) Eye to Xezekiel dzi la, Mawu gblɔ wu zi gbɔ zi 60 na dukɔwo be, “ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.”—Xez. 6:10; 38:23.
Míegakpɔ nyawo gbɔgblɔ ake ƒe vevienyenye le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe nuŋlɔɖi me. Le kpɔɖeŋu me, Nyanyuigbalẽ ene ye li—wo dometɔ ɖesiaɖe ƒo nu tso nudzɔdzɔ vevi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyanyuigbalẽ bubuawo dometɔ ɖeka alo geɖe me xoxo la ŋu, gake wogblɔ nudzɔdzɔawo le mɔ bubu si to vovo vie na ekemɛawo nu. Le Yesu ŋutɔ ƒe nufiafia me la, eƒo nu tso nya vevi siwo le nufiamewo me ŋu ake le ɣeyiɣi vovovowo me gake egblɔe le mɔ bubuwo nu. (Mar. 9:34-37; 10:35-45; Yoh. 13:2-17) Eye ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku esime wònɔ Amitoa dzi la, ezã nyawo gbɔgblɔ ake tsɔ te gbe ɖe nuxlɔ̃ame vevi sia dzi, be: “Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.”—Mat. 24:42; 25:13.
Le Gbeadzisubɔsubɔdɔa Me. Ne èɖe gbeƒã na amewo la, enye wò mɔkpɔkpɔ be woaɖo ŋku nya si nàgblɔ dzi. Nya siwo sɔ la gbɔgblɔ ake akpe ɖe ŋuwò be nàɖo taɖodzinu ma gbɔ.
Zi geɖe la, egbɔgblɔ ake le ɣeyiɣi si me nèle nyaa me dzrom ana wòatsi amea ƒe susu me. Eyata le ŋɔŋlɔ aɖe xexlẽ vɔ megbe la, àte ŋu ate gbe ɖe edzi to asi fiafia eƒe akpa vevi aɖe ahabia be, “Ède dzesi alesi wogblɔe le mawunyakpukpuia mea?”
Àte ŋu awɔ nyagbe mamlɛ siwo nàgblɔ le dzeɖoɖo me hã ŋudɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, àte nu agblɔ be: “Nya vevi si meka ɖe edzi be atsi susu me na wò le míaƒe dzeɖoɖoa mee nye . . .” Eyome gbugbɔ gblɔe le mɔ bɔbɔe nu. Ate ŋu ayi ale: “Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba la natrɔ azu paradiso. Tameɖoɖo ma ava eme godoo.” Alo be: “Biblia ɖee fia wòdze ƒã be míele nuɖoanyi siawo ƒe ŋkeke mamlɛawo me. Ehiã be míasrɔ̃ nusi Mawu di tso mía si bene míatsi agbe le eƒe nuwuwu.” Alo ate ŋu ayi ale: “Abe alesi míekpɔe ene la, Biblia na nuxlɔ̃ame si wɔa dɔ tso alesi míakpɔ kuxiwo gbɔe le ƒomegbenɔnɔ me ŋu.” Le go aɖewo me la, àte ŋu agbugbɔ Biblia ƒe kpukpui aɖe si nye nya vevi si dzi nèdi be woaɖo ŋkui la agblɔ. Gake ebia nuŋububu do ŋgɔ hafi míate ŋu awɔ esia nyuie.
Le tɔtrɔyiwo kpakple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me la, nya siwo nàgblɔ ake ate ŋu anye numetotobiabiawo.
Ne ame aɖe mele Biblia ƒe nuxlɔ̃ame aɖe gɔme sem o alo wòle sesẽm nɛ be wòawɔ ɖe edzi la, ɖewohĩ ahiã be nàgado nya ma ɖa ɣebubuɣiwo. Dze agbagba nàtrɔ asi le eŋu le mɔ bubuwo nu. Mele be numedzodzroa naxɔ ɣeyiɣi didi o gake ele be wòade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòayi edzi anɔ nya la ŋu bum. Ðo ŋku edzi be Yesu zã nyawo gbɔgblɔ ake sia ƒomevi le kpekpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be woaɖu nɔƒe gã xɔxɔ ƒe dzodzro si nɔ wo me la dzi.—Mat. 18:1-6; 20:20-28; Luka 22:24-27.
Le Dutoƒonuƒo Ƒoƒo Me. Ne èle nuƒo ƒom na amewo tso nuƒolanɔƒea la, menye nyawo gbɔgblɔ na amewo koe nye wò taɖodzinu o. Èdi be wò nyaselawo nase egɔme, woaɖo ŋku edzi, eye woawɔ ɖe edzi. Be nàɖo taɖodzinu sia gbɔ la, wɔ egbɔgblɔ ake ƒe mɔnukpɔkpɔ ŋudɔ nyuie.
Gake ne ègbugbɔ le nya veviawo gblɔm fũ akpa la, nyaa ate ŋu ati tome na wò nyaselawo. Tia nya vevi siwo hiã gbeteteɖedzi nyuie. Zi geɖe la, esiawoe nye nya vevi siwo dzi wò nuƒoa nɔ te ɖo, gake susu bubu siwo ŋu asixɔxɔ anɔ na wò nyaselawo hã ate ŋu ahiã gbeteteɖedzi.
Be nàte ŋu agbugbɔ nyawo agblɔ la, àte ŋu agblɔ wo gbã le ŋgɔdonya la me. Zã nyagbe kpui siwo aɖe nusiwo me dzro ge nàla ɖe go gbadzaa, nyabiasewo, alo kpɔɖeŋu kpui siwo aɖe kuxi siwo gbɔ woakpɔ la ɖe go. Àte ŋu ayɔ nya vevi siwo me dzro ge miala ƒe xexlẽme ɖekaɖeka. Eyome dzro wo dometɔ ɖesiaɖe me yi ŋgɔe le nuƒoa ŋutɔ me. Gbeteteɖedzi ate ŋu agadze ƒã le nuƒoa ŋutɔ me to alesi nàgbugbɔ ayɔ nya veviawo dometɔ ɖesiaɖe hafi ayi esi kplɔe ɖo dzii me. Alo àte ŋu awɔe to kpɔɖeŋu siwo fia nya vevia dzi wɔwɔ la gbɔgblɔ me. Àte ŋu agate gbe ɖe nya veviawo dzi to wo gbugbɔgagblɔ le etaƒoƒo me, to nu eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo bene vovototo si le wo dome nadze ƒã, to biabia siwo fɔ ɖe te gbã la ŋuɖoɖo me, alo to nusi akpɔ kuxi siwo wodo ɖa gbɔ mlɔeba la ɖeɖe fia me.
Hekpe ɖe nusiwo míeyɔ va yi ŋu la, nuƒola bibi léa ŋku ɖe amesiwo le eƒe nyaselawo dome ŋu nyuie. Ne wo dometɔ aɖewo mele nya aɖe gɔme sem tututu o la, nuƒolaa kpɔnɛ dzea sii. Ne nya ma le vevie la, egagbugbɔ toa eme ake. Gake nya ɖeka ma ke gbɔgblɔ mate ŋu ana wòaɖo eƒe taɖodzinua gbɔ o. Nufiafia bia nu geɖe wu ema. Ele be wòate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu. Ðewohĩ ahiã be wòatsɔ nya siwo ŋu medzra ɖo le do ŋgɔ o ade eƒe nuƒoa me. Alesi nàtrɔ ɖe wò nyaselawo ƒe nɔnɔme ŋu wòasɔ alea sɔsrɔ̃ awɔ akpa gã aɖe le wò nufiala nyui zuzu me.