NUSƆSRƆ̃ 43
Akpa Si Wode Asi Ŋudɔwɔwɔ
BIBLIA la tsɔ Kristo-hamea sɔ kple amegbetɔ ƒe ŋutilã. Eƒe akpa ɖesiaɖe le vevie, gake “ŋutinuawo katã mewɔa dɔ ɖeka ƒomevi o.” Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, ele be míawɔ dɔ tso subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si wode mía si la ŋu. Esia bia be míase nuƒoƒo ƒe dɔdasi ɖesiaɖe si wona mí la gɔme eye míawɔe nyuie, ke menye be míabu nyati aɖewo nu tsɛe le esi míesusu be nyati bubuwo avivi wu ta o. (Rom. 12:4-8) Enye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la ƒe agbanɔamedzi be woana gbɔgbɔmenuɖuɖu “le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mat. 24:45) Ne míezãa míaƒe ŋutetewo tsɔ dzrana ɖo ɖe nuƒowo ŋu wòsɔna ɖe mɔfiame siwo wona mí nu la, míeɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe mɔnuɖoɖo sia ŋu. Esia wɔnɛ be nuwo zɔna ɖe ɖoɖo nu le hame bliboa me.
Nusiwo Nàde Nuƒoa Me. Ne wode nyati aɖe asi na wò be nàwɔ dɔ tso eŋu le sukua me la, kpɔ egbɔ be nyati mae nèdzra ɖo ke menye nu bubu o. Zi geɖe la, woafia asi agbalẽ si me nàkpɔ nyaa tsoe. Ne womefia agbalẽ si dzi nànɔ te ɖo aƒo nuƒoa o la, àte ŋu aɖe nyawo tso esiwo wò ŋutɔ nètia me. Ke hã ne èle wò nuƒoa dzram ɖo la, kpɔ egbɔ be nuƒo bliboa nɔ te ɖe nyati si wode asi na wò dzi. Bu wò nyaselawo ŋu ne èle ŋugble dem le nusiwo nàde nyatia me ŋu.
Srɔ̃ agbalẽ siwo me nàkpɔ nyawo tsoe la nyuie eye nàbu ŋɔŋlɔ siwo woyɔ le eme ŋu tsitotsito. Eyome bu alesi nàwɔ wo ŋudɔe bene wòaɖe vi na nyaselawo ŋu nyuie. Tia nu eve alo etɔ̃ tso agbalẽa me siwo nàtsɔ awɔ wò nuƒoa me nya veviwoe. Tia mawunyakpukpui siwo nèɖo be yeaxlẽ ahadzro wo me hã tso agbalẽa me nenema ke.
Agbalẽa me nyawo ƒe agbɔsɔsɔ kae nàzã? Esiwo nàte ŋu akpe ɖo nyuie koe. Mègaŋe aɖaba ƒu nufiafia nyui dzi kple susu be yeaƒo nu tso nya gbogbo aɖewo ŋu ta o. Ne nyaa ƒe akpa aɖewo mesɔ ɖe taɖodzinu si le nuƒoa si nu o la, ke trɔ susu ɖe akpa siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo taɖodzinua ŋutɔ gbɔ ŋu boŋ. Zã nusiwo me nufiame kple viɖe gbogbotɔ le na wò nyaselawo tso akpa si wode asi na wò me. Taɖodzinu si le nuƒoƒo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia ŋu na wò enye be nàtu wò nuƒoa ɖe akpa si wode asi na wò dzi, ke menye be woakpɔe ɖa be nya agbɔsɔsɔ kae nàte ŋu akpe ɖo o.
Menye ɖe wodi be wò nuƒoa nanye dɔ si wode asi la ƒe totoɖeme o. Ele be nàwɔ ɖoɖo be yeaɖe nya vevi aɖewo me, aƒo nu ayi ŋgɔe tso wo ŋu, azã kpɔɖeŋuwo, eye ne anya wɔ la, nàfia alesi woawɔ wo ŋudɔe ƒe kpɔɖeŋu. Ele be susu bubu siwo nàzã nanye esiwo nàtsɔ adzro nya vevi siwo le akpa si wode asi na wò la mee, ke menye be nàtsɔe aɖɔ li nya vevi mawoe o.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woate ŋu akpe nɔviŋutsu siwo bi le nufiafia me be woava fia nu le Subɔsubɔ Kpekpea me. Wonya alesi wòhiã be woawɔ akpa si wode asi ŋudɔ nyuie ke menye be woava tsɔ nu bubu aɖewo aɖɔ lii o. Nenema ke wonaa nuƒogbalẽ nɔviŋutsu siwo ƒoa dutoƒonuƒo be woazɔ ɖe edzi. Woɖea mɔ be woate ŋu ade nya bubu aɖewo eme, ke hã nya vevi siwo me woadzro, kpeɖodzinya siwo woazã, kple ŋɔŋlɔ siwo dzi woatu nuƒoa ɖo katã dzena nyuie le wo dzi. Alesi woanɔ te ɖe akpa si wode asi dzi atsɔ afia nui la sɔsrɔ̃ wɔa akpa vevi aɖe le dzadzraɖo ɖe nuƒoƒo ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo ƒe amesisusu ŋu me.
Hehexɔxɔ sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be nàwɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ. Àsrɔ̃ alesi nàhe susu ayi nusɔsrɔ̃nyatia koŋ dzii ke menye be nàɖe asi le nyatia ŋu ava nɔ nya bubu siwo nya se gake womehiã le nyati si srɔ̃m miele la gɔmesese me o la me dzrom o. Ke hã ne èkpɔ taɖodzinu si le nusɔsrɔ̃ sia ŋu la, màna nuwo nanɔ kpatsii ale gbegbe be nàgbe numeɖeɖe bubu siwo hiã nusrɔ̃via la nanae o.