NUSƆSRƆ̃ 52
Nuxlɔ̃ame Si De Edeƒe
ELE be Kristotɔ hamemegãwo nate ŋu “axlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me.” (Tito 1:9) Ɣeaɖewoɣi ele be woawɔ esia le nɔnɔme siwo sesẽ ŋutɔ me. Ele vevie be nuxlɔ̃amea nasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo nu. Le esia ta ele be hamemegãwo nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi, be: ‘Nɔ nuxɔxlɔ̃ dzi.’ (Tim. I, 4:13) Togbɔ be hamemegãwo kple amesiwo le ɖoƒe sia minyam koŋ ye numedzodzro si le afisia yi na hã la, ɣeaɖewoɣi ehiãna be dzilawo hã naxlɔ̃ nu wo viwo alo amesiwo le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm naxlɔ̃ nu woƒe Biblia-nusrɔ̃viwo. Le go siawo me la, woate ŋu awɔ ɖe mɔfiame siawo tɔgbe dzi.
Nɔnɔme Siwo Biana be Woaxlɔ̃ Nu. Be míanya ɣeyiɣi siwo wòahiã be woaxlɔ̃ nu la, anyo be míadzro nɔnɔme siwo do mo ɖa siwo me woxlɔ̃ nu ame le Biblia me la me. Apostolo Petro xlɔ̃ nu hamemegãwo be woalé fɔ ɖe Mawu ƒe alẽha la kpɔkplɔ ƒe agbanɔamedzi si wode asi na wo la tsɔtsɔ ŋu. (Pet. I, 5:1, 2) Paulo ɖo aɖaŋu na Tito be wòaxlɔ̃ nu ɖekakpuiwo be “woaɖu wo ɖokui dzi nyuie.” (Tito 2:6) Paulo de dzi ƒo na hati Kristotɔwo vevie be ‘woagblɔ nya le ɖekawɔwɔ me,’ eye woaƒo asa na amesiwo hea mamawo dea nɔviwo dome. (Kor. I, 1:10; Rom. 16:17; Fil. 4:2) Togbɔ be Paulo kafu Tesalonika-hamea me tɔwo ɖe woƒe dɔ nyui wɔwɔwo ta hã la, egaxlɔ̃ nu wo be woawɔ ɖe nufiame siwo woxɔ la dzi bliboe wu. (Tes. I, 4:1, 10) Petro ƒo koko na hati Kristotɔwo be ‘woaɖe wo ɖokui ɖa tso ŋutilã ƒe nudzodzrowo gbɔ.’ (Pet. I, 2:11) Yuda xlɔ̃ nu nɔviawo be ‘woaʋli xɔse la ta sesĩe,’ le ame mavɔ̃mawu siwo ƒoa wo ɖokui ɖe hadzegbenɔnɔ me la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ta. (Yuda 3, 4) Wode dzi ƒo na Kristotɔwo katã be woaxlɔ̃ nu wo nɔewo bene nuvɔ̃ ƒe beble nagana wo dometɔ aɖeke nasẽ dzime o. (Heb. 3:13) Petro xlɔ̃ nu Yudatɔ siwo mexɔ Kristo dzi se ɣemaɣi haɖe o be: “Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me!”—Dɔw. 2:40.
Amenyenye ƒe nɔnɔme kawoe wòhiã be woanɔ ame si bene woate ŋu axlɔ̃ nu amewo vevie le nya siawo tɔgbe me? Aleke amesi le nua xlɔ̃m ate ŋu ana vevienyenye nadze le eƒe nyawo me evɔ madze abe ɖe wòle ame dzi zim alo ɖe eƒe nya me le sesẽm akpa ene o?
“Le Lɔlɔ̃ Ta.” Ne medze ƒã be míexlɔ̃a nu “le lɔlɔ̃ ta” o la, woabui be ɖe míaƒe nya me sẽ akpa. (Filem. 8) Enye nyateƒe be ne wòhiã be woatso kaba ɖe nane wɔwɔ ŋu la, ke ele be vevienyenye nadze le nuƒolaa ƒe nuƒoƒo me. Nuƒoƒo blewu le nɔnɔme sia me ate ŋu afia kokoƒoƒo si me nuwɔwɔ kpata medze le o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be woaxlɔ̃ nu le moveviɖoɖo kple veveseseɖeamenu blibo me. Nuxlɔ̃ame si me lɔlɔ̃ dze le ate ŋu aʋã nyaselawo vevie wu. Esi Paulo nɔ nu ƒom na Tesalonikatɔwo ɖe eya ŋutɔ kple ɖe ehatiwo nu la, egblɔ be: “Mienyae hã bena, abe alesi fofo wɔna na viawo ene la, nenema ke míewɔ na mia dome amesiame: Míexlɔ̃ nu mi.” (Tes. I, 2:11) Kristotɔ dzikpɔla mawo xlɔ̃ nu nɔviawo le lɔlɔ̃ me. Na wò nyawo nado go tso ɖetsɔleme vavãtɔ ɖeɖe fia wò nyaselawo me.
Ðɔ ŋu ɖo. Mègada amesiwo nèle agbagba dzem be yeaxlɔ̃ nui la ɖe anyi o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, mègagbe “Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã” gbɔgblɔ fia wò nyaselawo o. (Dɔw. 20:27) Maku dzi na amesiwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le o alo mana be womagalɔ̃ wò nya le esi nènyo dɔme xlɔ̃ nu wo be woawɔ nusi sɔ la ta o.—Ps. 141:5.
Zi geɖe la, eɖea vi ne wokafu amea le nane koŋ si wòwɔ nyuie ta do ŋgɔ hafi woxlɔ̃ nui. Bu nu nyui siwo wɔm nɔviwòwo le ŋu—nusiwo dzɔa dzi na Yehowa: xɔse si ɖem wole fia le woƒe dɔwɔwɔ me, lɔlɔ̃ si ʋãa wo be wokua kutri le dɔwɔwɔ me, kple woƒe dzidodo le nɔnɔme sesẽwo me. (Tes. I, 1:2-8; Tes. II, 1:3-5) Esia ana nɔviwòwo nase le wo ɖokui me be nètsɔ ɖe le eme na yewo eye nèse nu gɔme na yewo, eye esia ana woatsɔ susumekɔkɔ axɔ nuxlɔ̃ame si kplɔe ɖo lae.
‘Le Dzigbɔɖeanyi Blibo Me.’ Ele be woaxlɔ̃ nu ‘le dzigbɔɖeanyi blibo me.’ (Tim. II, 4:2) Nukae esia fia? Dzigbɔɖeanyi fia hã be woado dzi dzigbɔɖitɔe le nusi mesɔ o alo dzikudoname me. Amesi gbɔa dzi blewu la léa mɔkpɔkpɔ me ɖe asi be yeƒe nyaselawo ava wɔ ɖe nya si gblɔm yele dzi. Nuxɔxlɔ̃ le mɔ sia nu awɔe be wò nyaselawo mabui be mèbua susu nyui aɖeke ɖe yewo ŋu o. Kakaɖedzi si le asiwò be nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnuwo di be yewoasubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ kekeake si yewoate ŋui nu ye aʋã wo woadi be yewoawɔ nusi dze.—Heb. 6:9.
‘Le Nufiafia si Le Blibo Me.’ Aleke hamemegã awɔ axlɔ̃ nu ‘le nufiafia si le blibo me’? To alesi ‘wòalé nyateƒenya la me ɖe asi le nufiafiaɖaŋu la nu’ mee. (Tito 1:9) Le esi nàgblɔ wò ŋutɔ wò nukpɔsusuwo teƒe la, na Mawu ƒe Nya la nanye ŋusẽ si le megbe na wò nuxlɔ̃amea. Na Biblia la nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi wòle be nàbu nusiwo wòhiã be nàgblɔ la ŋui dzi. Gblɔ viɖe siwo ado tso Biblia ƒe nya si wògblɔ le nya si fɔ ɖe te ŋu la dzi wɔwɔ me. Na nusiwo ado tso eme—fifia kple etsɔme siaa—nenye be womewɔ ɖe Mawu ƒe Nya la dzi o la nanɔ susu me na wò nyuie, eye zã esiawo nàtsɔ ana wò nyaselawo nase alesi wòhiãe be woawɔ nusi sɔ la gɔme.
Kpɔ egbɔ be yeɖe nusi wòle be yeƒe nyaselawo nawɔ kple alesi wòle be woawɔe la siaa me nyuie. Na eme nakɔ na wo nyuie be Ŋɔŋlɔawo dzie wò numedzodzroa nɔ te ɖo bliboe. Ne Ŋɔŋlɔawo na ablɔɖe aɖe le tiatia aɖe wɔwɔ me la, fia afisi ablɔɖe sia se ɖo. Eyome le wò nyataƒoƒoa me la, gana nuxlɔ̃amea zi mamlɛtɔ si ado ŋusẽ wò nyaselawo be woaɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe edzi.
Le ‘Nuƒoƒo Faa Me.’ Hafi woaxlɔ̃ nu wòade edeƒe la, ele be ame nadze ate ŋu “aƒo nu faa le xɔse la me.” (Tim. I, 3:13, NW) Nukae awɔe be woate ŋu aƒo nu faa? Eyae nye ne enye nyateƒe be míaƒe “kpɔɖeŋu le dɔ nyui wɔwɔwo me” la wɔ ɖeka kple nuxlɔ̃me si dzi míedi be nɔviwo nawɔ ɖo. (Tito 2:6, 7; Pet. I, 5:3) Ne ele alea la, amesiwo wole nu xlɔ̃mee la akpɔe be amesi le nua xlɔ̃m ame la mele didim tso yewo si be yewoawɔ nusi amea ŋutɔ mete ŋu le wɔwɔm o. Woakpɔe be yewoate ŋu asrɔ̃ eƒe xɔse esime eya ŋutɔ hã le agbagba dzem be yeasrɔ̃ Kristo ƒe nɔnɔme.—Kor. I, 11:1; Fil. 3:17.
Nuxlɔ̃ame si nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la dzi nana le lɔlɔ̃ me ate ŋu ahe viɖe gbogbowo vɛ. Amesiwo si wobia tsoe be woaxlɔ̃ nu alea la nadze agbagba be yewoawɔe nyuie.—Rom. 12:8.