Yi Edzi Nànɔ Ŋgɔyiyi Wɔm
ÈTE ŋu wɔ ɖe sukunusɔsrɔ̃ sia ƒe aɖaŋuɖoɖoawo dometɔ ɖesiaɖe dzia? Ète ŋu wu dɔdasi siwo woɖo hã nua? Ète ŋu le mɔfiameawo dometɔ ɖesiaɖe dzi wɔm le wò nuƒowo me, eɖanye le sukua me loo alo le kpekpe bubuwo me kpakple le gbeadzisubɔsubɔdɔa mea?
Yi edzi nàna Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe hehexɔxɔ nanɔ vi ɖem na wò. Ɣeyiɣi didi ka ke nèɖale nuƒowo ƒom o, akpa aɖewo li siwo me nàgate ŋu awɔ ŋgɔyiyi geɖe le godoo.