Nukatae Wòle Be Nàxlẽ Biblia?
BIBLIA to vovo tso agbalẽ bubuawo katã gbɔ—nufiame siwo me lɔlɔ̃ le eye wotso Mawu gbɔe le eme. (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Ne ètsɔ Biblia ƒe nufiafiawo de dɔwɔna me la, aɖe vi geɖe na wò. Lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu adzi ɖe edzi eye àte ɖe “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala la ŋu kplikplikpli. (Yakobo 1:17) Àva nya alesi nàte ɖe eŋu le gbedodoɖa me. Le ɣeyiɣi sesẽwo me la, Mawu akpe ɖe ŋuwò. Ne èna wò agbenɔnɔ sɔ kple Biblia ƒe dzidzenuwo la, Mawu ana agbe mavɔ wò.—Romatɔwo 6:23.
Nyateƒenya siwo kɔa nume ye le Biblia me. Amesiwo si Biblia me nunya suna la vona tsoa nukpɔsusu totro siwo kpɔa ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi me. Le kpɔɖeŋu me, nusi dzɔna ɖe mía dzi ne míeku ŋuti nyateƒea nyanya nana míegavɔ̃na be ame kukuwo awɔ nuvevi mí alo be míaƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo ku la le fu kpem o. (Xezekiel 18:4) Biblia ƒe nufiafia si ku ɖe tsitretsitsia ŋu naa akɔfafa amesiwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku. (Yohanes 11:25) Mawudɔla vɔ̃ɖiwo ŋuti nyateƒea nyanya nana míenɔa ŋudzɔ ɖe afɔku siwo dona tsoa gbɔgbɔyɔyɔ me ŋu eye wòkpena ɖe mía ŋu míesea nusita kuxiwo le anyigba dzi alea gbegbe ɖo la gɔme.
Mawumegɔmeɖose siwo le Biblia me fia mí alesi míanɔ agbe wòaɖe vi na mí le ŋutilã me. Le kpɔɖeŋu me, ‘dadasɔ le nuwɔna me’ nana míenɔa lãmesẽ me. (Timoteo I, 3:2) Ne ‘míekɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me’ la, míegblẽa nu le míaƒe lãmesẽ ŋu o. (Korintotɔwo II, 7:1) Mawu ƒe nuxlɔ̃ame siwo le Biblia me la dzi wɔwɔ nana dzidzɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me eye wònaa ame dea bubu eɖokui ŋu.—Korintotɔwo I, 6:18.
Ne ètsɔa Mawu ƒe Nya wɔa dɔe la, ànye dzidzɔme ɖe edzi. Biblia me nunya kpena ɖe mía ŋu míeɖea dzi ɖi, míaƒe dzi dzea eme eye wònaa mɔkpɔkpɔ mí. Ekpena ɖe mía ŋu be míetua nɔnɔme nyoameŋu siwo nye nublanuikpɔkpɔ, lɔlɔ̃, ŋutifafa, dɔmekɔkɔ, kple xɔse ɖo. (Galatiatɔwo 5:22, 23; Efesotɔwo 4:24, 32) Nɔnɔme siawo nana míezua srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu, vifofo alo vidada, viŋutsu alo vinyɔnu nyui.
Ðe nède ŋugble le alesi etsɔme ava nɔ ŋu kpɔa? Biblia ƒe nyagblɔɖiwo fia mí afisi míeɖo na ɣeyiɣiawo. Menye alesi xexeame ƒe nɔnɔmeawo le egbea ŋu koe nyagblɔɖi siawo ƒo nu tsoe o ke wofia hã be eteƒe madidi o Mawu atrɔ anyigba la wòazu paradiso.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Kpekpeɖeŋu le Biblia Gɔmesese Me
Ðewohĩ èdze agbagba be yeaxlẽ Biblia gake èkpɔe be egɔmesese sesẽ. Ðewohĩ mènya Biblia ƒe afisi nàxlẽ akpɔ wò biabiawo ƒe ŋuɖoɖo o. Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Mí katã míehiã kpekpeɖeŋu bene míase Mawu ƒe Nyaa gɔme. Le dukɔ 235 aɖewo me la, Yehowa Ðasefowo naa Biblia me nufiamewo ame miliɔn geɖe femaxee. Adzɔ dzi na wo be woakpe ɖe wò hã ŋuwò.
Zi geɖe la, enyona wu be woasrɔ̃ Biblia ɖe ɖoɖo nu, si fia be woadze egɔme tso gɔmedzenufiafiawo dzi. (Hebritɔwo 6:1) Ne èle edzi yim la, àte ŋu ava ɖu “nuɖuɖu sesẽ”—si nye nyateƒenya goglowo. (Hebritɔwo 5:14) Biblia mee nyaawo katã tso. Biblia-srɔ̃gbalẽwo abe agbalẽ gbadzaa si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ene, akpe ɖe ŋuwò nàse Ŋɔŋlɔawo me nya vovovowo gɔme.
Àdi be Yeazã Ɣeyiɣi aɖe Kwasiɖa sia Kwasiɖa Atsɔ Ase Biblia Gɔmea?
Woate ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo na wò ɖe ɣeyiɣi si sɔ na wò dzi kple le teƒe si nèdi. Ame geɖe wɔa nusɔsrɔ̃a le woa ŋutɔwo ƒe aƒeme. Ame aɖewo srɔ̃a nua le telefon dzi gɔ̃ hã. Womewɔa nusɔsrɔ̃a abe alesi wosrɔ̃a nu le sukuxɔ me ame geɖe nɔa anyi ene o, ke boŋ enye ɖoɖo si woawɔ kple wò ɖeɖe wòasɔ ɖe wò nɔnɔmewo kple wò agbalẽnyanya nu. Womewɔa dodokpɔ aɖeke o, eye womawɔ naneke si ado ŋukpe wò o. Woaɖo wò Biblia me biabiawo ŋu, eye àsrɔ̃ alesi nàte ɖe Mawu ŋu kplikplikplii.
Mahiã be nàxe fe aɖeke ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃a ta o. (Mateo 10:8) Wosrɔ̃a nua kple subɔsubɔhawo katã me tɔwo kpakple amesiwo mele subɔsubɔha aɖeke me o gake wodi vevie be woadzi woƒe Mawu ƒe Nyaa ŋuti sidzedze ɖe edzi la femaxee.
Amekawoe ate ŋu akpɔ gome le eme? Wò ƒome bliboa. Xɔlɔ̃ siwo nàkpe hã ate ŋu akpɔ gome le eme. Alo ne èdi la, woate ŋu adzro nua me kpli wò ɖeka ko.
Ame geɖe ɖoa gaƒoƒo ɖeka anyi kwasiɖa sia kwasiɖa tsɔ srɔ̃a Biblia. Ne ɣeyiɣi geɖe le asiwò alo ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe nàte ŋu akpɔ kwasiɖa sia kwasiɖa hã la, Ðasefoawo atsɔ wo ɖokui ana akpe ɖe ŋuwò.
Amekpekpe Hena Nusɔsrɔ̃
Míedi be nàdi Yehowa Ðasefowo yomemɔ. Mɔ ɖeka si dzi nàte ŋu ato akpɔ woe nye be nàŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe adrɛs siwo le ete la dometɔ ɖeka. Ke woawɔ ɖoɖo be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wò femaxee.
□ Miɖo agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ɖem.
□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.
Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.