INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wt ta 9 axa 79-89
  • Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔ la ƒe Ŋusẽ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔ la ƒe Ŋusẽ
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Wònye Gɔmeɖoɖoanyi na Kristotɔwo ƒe Xɔse
  • ‘Hades ƒe Safui la’ Zazã
  • Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa Doa Ŋusẽ Mí
  • Tsitretsitsi ƒe Mɔkpɔkpɔ la ƒe Ŋusẽ
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Tsitretsitsi La—Nufiafia Si Ka Wòe Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa—Ŋusẽ Kae Wòle Be Wòakpɔ Ðe Dziwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Woafɔ Ame Dzɔdzɔewo Ðe Tsitre
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
wt ta 9 axa 79-89

Ta Asiekelia

Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔ la ƒe Ŋusẽ

1. Ne ɖe menye tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa tae o la, anye ne aleke nuwo anɔ na ame kukuwo?

AME vevi aɖe ku na wò kpɔa? Tsitretsitsia manɔmee la, anye ne mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be nàgava akpɔe gbeɖe o. Anye ne woatsi nɔnɔme si ŋu Biblia ƒo nu le me, esi wògblɔ be: “Kukuawo menya naneke o, . . . elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe [yɔme], afisi yi ge nala o.”—Nyagblɔla 9:5, 10.

2. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae ate ŋu asu mía si le tsitretsitsia ta?

2 Le nublanuikpɔkpɔ me Yehowa ʋu mɔnukpɔkpɔ nyui xɔasi sia ɖi na ame gbogbo siwo ku la be woafɔ atso ame kukuwo dome ava nɔ agbe mavɔ. Esia fia be mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname sia ate ŋu anɔ asiwò be gbeɖeka, le Mawu ƒe xexe yeyea me la, àgava kpɔ wò ame vevi siwo le alɔ̃ dɔm le ku me la ake.—Marko 5:35, 41, 42; Dɔwɔwɔwo 9:36-41.

3. (a) Mɔ kawo nue tsitretsitsia nye nu vevi aɖe na mí le le nana be Yehowa ƒe tameɖoɖo nava eme me? (b) Ɣekaɣiwo koŋ ye tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nyea ŋusẽdodo na mí?

3 Le tsitretsitsia ta mele be ku nadzi ŋɔ na mí o. Yehowa ate ŋu aɖe mɔ Satana nawɔ nusianu si wòate ŋui le agbagbadzedze be yeaɖo kpe yeƒe nutsotso vɔ̃ɖia dzi be “amegbetɔ atsɔ nusiwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta” la me. (Hiob 2:4) Yesu wɔ nuteƒe na Mawu vaseɖe ku me ke, eye le esia ta Mawu fɔe ɖe tsitre yi dziƒogbenɔnɔ me. Esia na Yesu te ŋu tsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe vɔsa yi Fofoa ƒe fiazikpui la ŋkumee, esi ʋu agbeɖeɖe ƒe mɔ na mí. To tsitretsitsia dzi la, mɔkpɔkpɔ le Kristo ƒe hadomenyilawo, ‘alẽha sue’ la me tɔwo, si be woawɔ ɖeka kplii le eƒe dziƒo Fiaɖuƒea me. (Luka 12:32) Mɔkpɔkpɔ le ame bubuwo hã si be woanɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi. (Psalmo 37:11, 29) Kristotɔwo katã kpɔnɛ be tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa doa ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ yewo ne yewodze ŋgɔ dodokpɔ siwo me yewoate ŋu aku le.—Korintotɔwo II, 4:7.

Nusita Wònye Gɔmeɖoɖoanyi na Kristotɔwo ƒe Xɔse

4. (a) Gɔmesese ka nue tsitretsitsia nye “nufiafia ƒe gɔmedzedze” le? (b) Nukae tsitretsitsia fia na ame akpa gãtɔ le xexeame?

4 Abe alesi Hebritɔwo 6:1, 2 gblɔe ene la, tsitretsitsia nye “nufiafia ƒe gɔmedzedze.” Enye xɔse ƒe gɔmeɖoanyi ƒe akpa aɖe, eye eya manɔmee la, míate ŋu azu Kristotɔ siwo tsi bliboe le gbɔgbɔ me akpɔ o. (Korintotɔwo I, 15:16-19) Gake Biblia ƒe nufiafia si nye tsitretsitsi la nye nusi wɔa yaa na ame akpa gãtɔ le xexeame. Esi gbɔgbɔmemenyenye mele ame akpa gãtɔ si o ta la, wobuna be agbea katã koe nye esi míele fifia. Eyata nusi ana woase vivi le agbe me koŋ yomee wonɔna. Eye subɔsubɔha siwo woɖo tso blema—Kristodukɔa me tɔwo kple esiwo menye Kristodukɔa me tɔwo o siaa—la me tɔwo hã bunɛ be luʋɔ makumaku aɖe le yewo me. Gake ɖekawɔwɔ aɖeke mele dzixɔse ma kple Biblia ƒe nufiafia si nye tsitretsitsi la dome o, elabena ne ɖe luʋɔ makumaku le amegbetɔ si la, anye ne tsitretsitsi magahiã o. Agbagbadzedze be woatsɔ nufiafia eve siawo awɔ ɖekae tɔtɔa ame ŋutɔ le esi wòana mɔkpɔkpɔ ame teƒe. Aleke míawɔ akpe ɖe dzianukwaretɔ siwo di be yewoanya nyateƒea ŋu?

5. (a) Hafi ame aɖe nate ŋu ase tsitretsitsia gɔme la, nukae wòhiã be wòanya? (b) Mawunyakpukpui kawoe nàtsɔ aɖe nusi luʋɔ nye la mee? nɔnɔme si me ame kukuwo le la mee? (d) Nukae míate ŋu awɔ ne ame aɖe zãa Biblia gɔmeɖeɖe si mena nyateƒea dze tututu o?

5 Hafi amesiawo nase ɖoɖo wɔnuku si tsitretsitsia nye me la, ele be gɔmesese si sɔ nanɔ wo si le luʋɔ kple nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu. Zi geɖe la, mawunyakpukpui ʋɛ aɖewo ko asu akɔ nu me na amesi Biblia me nyateƒea ƒe dɔ le wuwum. (Mose I, 2:7; Psalmo 146:3, 4; Xezekiel 18:4) Gake egbegbe Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo kple gɔmeɖeɖe siwo me wotrɔ nyawo gblɔ le la tsyɔ nu nyateƒe si ku ɖe luʋɔ ŋu la dzi. Eyata ate ŋu ahiã be woaƒo nu tso nya siwo wozã le gbegbɔgblɔ gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo la ŋu.

6. Aleke nàte ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woase nusi luʋɔ nye la mee?

6 New World Translation la nyo ale gbegbe na esia wɔwɔ elabena eɖea Hebrigbe me nya neʹphesh kple Helagbe me nya si sɔ kplii psy·kheʹ gɔme ɣeawokatãɣi be “luʋɔ.” Woŋlɔ mawunyakpukpui siwo me nya siawo dze le dometɔ geɖe ɖe Biblia gɔmeɖeɖe sia ƒe megbenyawo me. Menye ɣesiaɣie Biblia gɔmeɖeɖe bubu geɖe ɖea egɔme nenema o ke boŋ wote ŋu ɖea gbegbɔgblɔ gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me nya “luʋɔ” ma ke gɔme be “nuwɔwɔ,” “ame,” kple “agbe”; wote ŋu ɖea “nye neʹphesh” gɔme be “nye,” eye “wò neʹphesh” gɔme be “wò.” New World Translation la tsɔtsɔ sɔ kple Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃vi si si dzi anukwaretɔ le ŋu wòakpɔe be wozãa Biblia ƒe gbegbɔgblɔ gbãtɔ me nya siwo gɔme woɖe be “luʋɔ” la na amewo kple lãwo siaa. Gake teƒe aɖeke meli si nya siawo fia be luʋɔ nye vivimenu makpɔmakpɔ aɖe si te ŋu doa go le ŋutilã la me ne woku eye wòyina va nɔa eɖokui si le teƒe bubu o.

7. Aleke nàte ŋu azã Biblia atsɔ aɖe nɔnɔme si me amewo le la mee ne wole: Sheol? Hades? Gehenna?

7 New World Translation la zãa gɔmeɖeɖe ɖeka ɣesiaɣi na nya “Sheol” si nye Hebrigbe me ŋkɔ sheʼohlʹ la gbugbɔgaŋlɔ kple alesi wòzãa “Hades” na Helagbe me nya haiʹdes, kpakple “Gehenna” na Helagbe me nya geʹen·na la hã me. Nya “Sheol” kple “Hades” fia nu ɖeka ma ke. (Psalmo 16:10; Dɔwɔwɔwo 2:27) Edze le Biblia me kɔte be Sheol kple Hades siaa fia ameƒomea ƒe yɔdo eye kue wozãa nya siawo na, menye na agbe o. (Psalmo 89:49; Nyaɖeɖefia 20:13) Ŋɔŋlɔawo fia be mɔkpɔkpɔ li be to tsitretsitsia dzi la, woate ŋu afɔ tso ameƒomea ƒe yɔdo me. (Hiob 14:13; Dɔwɔwɔwo 2:31) Gake mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na amesiwo yi Gehenna ya be woagava nɔ agbe le etsɔme o, eye teƒe aɖeke meli si wogblɔ le kpɔ be luʋɔ la yia edzi nɔa agbe le afima o.—Mateo 10:28.

8. Aleke tsitretsitsia gɔmesese nyuie ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe nuwɔna kple nɔnɔme si wòɖena fiana dzii?

8 Ne woɖe nya siawo me wo me kɔ na ame la, ate ŋu akpe ɖe eŋu wòase nusi tsitretsitsia ate ŋu afia nɛ la gɔme. Ate ŋu ana wòava nya alesi gbegbe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ loloe be wòwɔ ɖoɖo wɔnuku sia eye wòahada akpe nɛ ɖe eta. Dzidzɔ mɔkpɔkpɔ si nye be woagava kpɔ lɔlɔ̃tɔ siwo ku la le Mawu ƒe xexe yeyea me ate ŋu aɖe amesiwo dzi ku dzɔ ɖo la ƒe nuxaxa dzi akpɔtɔ. Nusiawo gɔmesese hã hiã vevie hena gɔmesese si le Kristo ƒe ku ŋu la me sese. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nya be Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi nye Kristotɔwo ƒe xɔse ƒe gɔmeɖoanyi vevi aɖe, eye esiae ʋu mɔ na ame kuku bubuwo hã ƒe tsitretsitsi. Wotsɔ dzonɔameme ɖe gbeƒã Yesu ƒe tsitretsitsi la kple mɔkpɔkpɔ si wònana lae. Nenema ke egbea amesiwo se tsitretsitsia gɔme eye wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la tsɔa didi vevie gblɔa nyateƒe xɔasi sia na amewo.—Dɔwɔwɔwo 5:30-32; 10:42, 43.

‘Hades ƒe Safui la’ Zazã

9. Aleke Yesu zãa ‘ku kple tsiẽƒe safuiwoe’?

9 Amesiwo katã ava ɖu fia kple Kristo le eƒe dziƒo Fiaɖuƒea me ava ku mlɔeba godoo. Gake wonya kakaɖedzi si wòna esi wògblɔ be: “Meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe [Hades] safuiwo le asinye.” (Nyaɖeɖefia 1:18) Eƒe nya siawo gɔme ɖe? Nusi dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi ŋu nya gblɔm wònɔ. Eya hã ku kpɔ. Gake Mawu megblẽe ɖe Hades o. Le ŋkeke etɔ̃agbe Yehowa ŋutɔ fɔe ɖe tsitre va gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye wòtsɔ makumakunyenye nɛ. (Dɔwɔwɔwo 2:32, 33; 10:40) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu na ‘ku kple tsiẽƒe safuiwoe’ bene wòatsɔ aɖe ame bubuwo tso ameƒomea ƒe yɔdo me kple Adam ƒe nuvɔ̃ la me tsonuwo me. Esi safui mawo le Yesu si ta la, ate ŋu afɔ eyomedzela wɔnuteƒewo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Efɔa eƒe hamea me tɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la ɖe tsitre gbã, eye wònaa nunana xɔasi si nye makumakugbenɔnɔ le dziƒo la wo, abe alesi Fofoa nae eya hã ene.—Romatɔwo 6:5; Filipitɔwo 3:20, 21.

10. Ɣekaɣie wofɔa Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo ɖe tsitre?

10 Ɣekaɣie woafɔ Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒe mawo ɖe tsitre hena dziƒogbenɔnɔ? Biblia ɖee fia be edze egɔme xoxo. Apostolo Paulo ɖe nu me be woafɔ wo le ‘Kristo ƒe anyinɔɣi’ la, eye anyinɔɣi sia dze egɔme le ƒe 1914 me. (Korintotɔwo I, 15:23) Ne amesiamina wɔnuteƒewo wu woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu fifia le eƒe anyinɔɣia la, womeganɔa lalam le yɔdo me na woƒe Aƒetɔ la ƒe tɔtrɔgbɔ o. Kasia woanya ku ko la, wofɔa wo ɖe tsitre le gbɔgbɔ me, eye ‘wotrɔa woƒe nɔnɔme le aɖabaƒoƒo ɖeka me.’ Aleke dzi dzɔa woe nye si elabena woƒe dɔ nyui wɔwɔwo “dze wo yome”!—Korintotɔwo I, 15:51, 52; Nyaɖeɖefia 14:13.

11. Tsitretsitsi kae li na ameƒomea ƒe akpa gãtɔ, eye ɣekaɣie wòadze egɔme?

11 Gake menye Fiaɖuƒea ƒe domenyilawo ƒe tsitretsitsi hena dziƒogbenɔnɔ koe nye tsitretsitsi si li o. Esi wònye be woyɔe be “tsitretsitsi gbãtɔ” le Nyaɖeɖefia 20:6 la fia be ele be tsitretsitsi bubu nakplɔe ɖo. Dzidzɔ mɔkpɔkpɔ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi tegbee le amesiwo woafɔ le tsitretsitsi sia si kplɔe ɖo me la si. Ɣekaɣie esia hã adze egɔme? Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa fia be ne woɖe “anyigba kple dziƒo”—fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia, kple eƒe dziɖuŋusẽwo—ɖa megbee wòadze egɔme. Nuɖoanyi xoxoa ƒe nuwuwu tu aƒe ŋutɔ. Le ema megbe, le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, anyigba dzi tsitretsitsia adze egɔme.—Nyaɖeɖefia 20:11, 12.

12. Amekawoe anɔ nuteƒewɔla siwo woafɔ hena anyigbadzigbenɔnɔ la dome, eye nukatae nusia nye mɔkpɔkpɔ ʋãme?

12 Amekawoe woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi tsitretsitsi ma me? Wo dometɔ aɖewoe nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi tso gbaɖegbe ʋĩ ke, ŋutsu kple nyɔnu siwo le woƒe tsitretsitsia dzixɔxɔse si me sẽ ta ‘wogbe wo ɖokui xɔxɔ.’ Efia be wogbe be yewomana ta le yewoƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me bene yewoasi le ŋutasesẽku kpata nu o. Dzidzɔ gã kae nye si wòanye be míanya wo ɖekaɖekae eye be woawo ŋutɔ nagblɔ nudzɔdzɔ siwo ta woka kpuie ko le Biblia me la na mí! Amesiwo woafɔ na anyigba dzi tsitretsitsia dometɔ aɖewo hãe nye Abel, Yehowa ƒe ɖasefo wɔnuteƒe gbãtɔ; Henox kple Noa, Mawu ƒe nuxlɔ̃ame gbedasia ŋuti gbeƒãɖela siwo ƒo dzi nɔ do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa; Abraham kple Sara, amesiwo wɔ amedzro na mawudɔlawo; Mose, amesi dzi woto tsɔ Sea na le Sinai-toa dzi; nyagblɔɖila siwo ƒo dzi nɔ, abe Yeremya ene, amesi kpɔ Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. teƒe; kple Yohanes Amenyrɔɖetsimela, amesi see Mawu ŋutɔ gblɔe be Ye Vie Yesu nye. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla gbogbo siwo ku le fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me hã anɔ wo dome.—Hebritɔwo 11:4-38; Mateo 11:11.

13, 14. (a) Nukae adzɔ ɖe Hades kple ame kuku siwo le eme dzi? (b) Amekawo hãe anɔ fɔfɔlawo dome, eye nukatae?

13 Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woafɔ ame kuku bubuwo ɖe tsitre tsɔ kpe ɖe Mawu subɔla wɔnuteƒewo ŋu, vaseɖe esime amesiwo woafɔ la dometɔ aɖeke magasusɔ ɖe ameƒomea ƒe yɔdo me o. Míakpɔ afisi ke yɔdo aɖi gbɔlo asee le Yesu ƒe ‘Hades safui la’ zazã ɖe ameƒomea ƒe viɖe ta la me. Woɖe esia fia apostolo Yohanes le ŋutega aɖe me, esi me wòkpɔ wotsɔ Hades “ƒu gbe ɖe dzota la me.” (Nyaɖeɖefia 20:14) Nukae ema fia? Efia be wotsrɔ̃ Hades, ameƒomea ƒe yɔdo la keŋkeŋ. Megali koŋ o; eɖi gbɔlo, ame kuku aɖeke megale eme o, elabena tsɔ kpe ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo fɔfɔ ɖe tsitre ŋu la, Yesu afɔ ame madzɔmadzɔwo kura hã ɖe tsitre nublanuikpɔkpɔtɔe. Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

14 Womafɔ ame madzɔmadzɔ siawo dometɔ aɖeke ɖe tsitre be woadrɔ̃ fɔbubuʋɔnui dzaa ko be wòagaku ake o. Le nɔnɔme dzɔdzɔe siwo anɔ anyigba katã dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te me la, woakpe ɖe wo ŋu woanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu. Woɖee fia le ŋutega la me be woaʋu “agbegbalẽ.” Eyata mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woana woade woƒe ŋkɔwo eme. ‘Woadrɔ̃ ʋɔnu wo dometɔ ɖesiaɖe ɖe woƒe dɔwɔwɔwo nu,’ siwo nye dɔ siwo woava wɔ le woƒe tsitretsitsia megbe nu. (Nyaɖeɖefia 20:12, 13) Eyata ne míetsɔ nusi ava nye emetsonu mlɔeba ƒe susu kpɔe la, woƒe tsitretsitsia ate ŋu anye “agbe ƒe tsitretsitsi” ke menye “[fɔbubu] ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi” kokoko o.—Yohanes 5:28, 29.

15. (a) Amekawoe womafɔ o? (b) Aleke wòle be nyateƒe si ku ɖe tsitretsitsia ŋu nyanya nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

15 Gake menye amesiame si nɔ agbe kpɔe woafɔ o. Ame aɖewo wɔ nuvɔ̃ siwo ŋu tsɔtsɔke mele o. Amesiawo ya menye Hades ye wole o, ke boŋ Gehenna, tsɔtsrɔ̃ mavɔ mee wole. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye amesiwo woatsrɔ̃ le “xaxa gã” si tu aƒe fifia la me. (Mateo 12:31, 32; 23:33; 24:21, 22; 25:41, 46; Tesalonikatɔwo II, 1:6-9) Eyata togbɔ be Yehowa ɖe nublanuikpɔkpɔ gã ŋutɔ fia le mɔ ʋuʋu na ame kuku siwo sika ɖe Hades be woafɔ hã la, tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa menye nusita míagatsɔ ɖeke le alesi míenɔa agbee fifia me o. Tsitretsitsi aɖeke meli na amesiwo bua dzea aglã ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu o. Ele be nusiawo nyanya naʋã mí be míakpɔ ŋudzedze deto ɖe Mawu ƒe amenuveve si míedze na o ŋu anɔ agbe ɖe eƒe lɔlɔ̃nu nu.

Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa Doa Ŋusẽ Mí

16. Aleke tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ate ŋu anye ŋusẽdoame tsoƒe gã aɖe na míi?

16 Ne míexɔ tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa dzi se vavã la, enyea ŋusẽdonu gã aɖe na mí. Fifia la, ne míetsi ku amegã la, míenya be míate ŋu aƒo asa na ku tegbetegbe o—eɖanye atikewɔmɔnu ka zãm míele o. (Nyagblɔla 8:8) Ne míesubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe kple eƒe habɔbɔa la, míate ŋu atsɔ kakaɖedzi blibo anɔ mɔ kpɔm na etsɔme. Míenya be to tsitretsitsia dzi la, míegagbɔna agbe nɔ ge ake, le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Eye agbe kae nye si wòanye! “Agbe vavã la,” abe alesi apostolo Paulo yɔe ene.—Timoteo I, 6:19; Hebritɔwo 6:10-12.

17. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa?

17 Enyanya be tsitretsitsi li kple Amesi wɔ ɖoɖo ma nyanya na míelia ke sesĩe le xɔse me. Edoa ŋusẽ mí be míawɔ nuteƒe na Mawu ne yometila sẽŋutawo tsɔ ku do ŋɔdzi na mí hã. Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si Satana tsɔ vɔvɔ̃ be ku ava tso míaƒe agbe dzi kpuie lé amewo kluviwoe. Gake vɔvɔ̃ ma ƒe ɖeke meɖo Yesu ya o. Ewɔ nuteƒe na Yehowa vaseɖe keke ku me ke. Yesu to eƒe tafevɔsa la dzi ʋu mɔ si dzi woato aɖe ame bubuwo tso vɔvɔ̃ ma me ɖi.—Hebritɔwo 2:14, 15.

18. Nukae kpe ɖe Yehowa subɔlawo ŋu be woɖo nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi?

18 Nunana si nye Kristo ƒe vɔsa la kpakple tsitretsitsia dzixɔxɔse na Yehowa subɔlawo ɖo nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ƒe kpɔɖeŋu geɖe ɖi si ƒe nuŋlɔɖi ɖe dzesi. Le nyaƒoɖeamenu me la, woɖo kpe edzi be ‘yewomelɔ̃ yewo ŋutɔ yewoƒe luʋɔ’ wu alesi yewolɔ̃ Yehowae o. (Nyaɖeɖefia 12:11) Eyata wowɔa nu nunyatɔe be womeɖea asi le Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ŋu kple susu be yewoakpɔ agbe si yewole fifia ta o. (Luka 9:24, 25) Wonya be ne yewobu yewoƒe agbe si yewole fifia le nuteƒewɔwɔ na Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta kura gɔ̃ hã la, ato tsitretsitsia dzi aɖo eteƒe na yewo. Xɔse ma tɔgbe le asiwòa? Ate ŋu anɔ asiwò ne èlɔ̃ Yehowa le nyateƒe me eye nusi tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa fia la nye nu xɔasi vavã na wò.

Numetoto

• Nukatae wòhiã be woase nusi luʋɔ nye kple nɔnɔme si me ame kukuwo le gɔme hafi woate ŋu ase tsitretsitsia me?

• Amekawoe atrɔ agbɔ tso ame kukuawo dome, eye aleke wòle be sidzedze sia nawɔ dɔ ɖe mía dzii?

• Aleke tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa doa ŋusẽ míi?

[Nɔnɔmetata si le axa 84, 85]

Yehowa do ŋugbe be tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe