INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 2/15 axa 8-12
  • Woafɔ Ame Dzɔdzɔewo Ðe Tsitre

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woafɔ Ame Dzɔdzɔewo Ðe Tsitre
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiwo Ði Alẽwo Nu ƑoƑo Ƒu
  • Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔ La
  • ‘Wotso Afia na’ Xɔsetɔwo
  • Tsitretsitsi si Ado Ŋgɔ
  • Mɔkpɔkpɔ si Faa Akɔ na Ame
  • Tsitretsitsi La—Nufiafia Si Ka Wòe Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔ la ƒe Ŋusẽ
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Ŋusẽ Le Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa—Ŋusẽ Kae Wòle Be Wòakpɔ Ðe Dziwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 2/15 axa 8-12

Woafɔ Ame Dzɔdzɔewo Ðe Tsitre

“Mɔkpɔkpɔ . . . le asinye na Mawu . . . bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—DƆWƆWƆWO 24:15.

1. Nɔnɔme kae dze ŋgɔ amewo katã tso esime Adam kple Xawa dze nuvɔ̃ me?

“NUSIANU, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kpler wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsiẽƒe, afisi yi ge nala o.” (Nyagblɔla 9:10) Nunyala Fia Salomo tsɔ nya ʋee siawo siwo wòtia nyuie la ƒo nu tso nɔnɔme aɖe si ameƒomea ƒe dzidzime ɖesiaɖe dze ŋgɔe tso esime mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, dze nuvɔ̃ me la ŋu. Mlɔeba la, ku va kpe amesiame dzi—hotsuitɔ kple hiãtɔ, fia kple ame tsɛ, nuteƒewɔla kple nuteƒemawɔla siaa, meɖe ame aɖeke le eme o. Ku la “ɖu fia” nyateƒe.—Romatɔwo 5:17.

2. Nukata dzi anya aɖe le nuteƒewɔla aɖewo ƒo le nuwuɣi sia me?

2 Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le atikeŋutinunya me le ɣeyiɣi siawo me hã la, ku gale fia ɖum egbea. Togbɔ be esia mewɔ nuku o hã la, ɖewohĩ dzi ɖe le ame aɖewo ƒo esi wova dze ŋgɔ futɔ xoxo sia. Nukatae? Le ƒe 1920 ƒeawo me ke la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖe gbeƒã gbedasi sia be, “Ame miliɔn geɖe siwo le agbe fifia la maku akpɔ o.” Amekawoe nye ame miliɔn geɖe siawo? Woawoe nye “alẽ” siwo Yesu wɔnɛ le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti nya si wògblɔ la me. (Mateo 25:31-46) Wogblɔe ɖi be nuwuɣie amesiawo siwo ɖi alẽwo la ado, eye agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ anɔ wo si. Esi ɣeyiɣiwo va nɔ yiyim la, Mawu ƒe amewo va se akpa si wòle be “alẽ” siawo nawɔ le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me la gɔme nyuie wu. Wova kpɔe be woamã toɖola siawo me tso “gbɔ̃” sẽtowo gbɔ eye ne wotsrɔ̃ gbɔ̃awo vɔ la, alẽawo anyi anyigba si wodzra ɖo ɖi na wo ƒe dome le Fiaɖuƒea te.

Amesiwo Ði Alẽwo Nu ƑoƑo Ƒu

3. Dɔ ka ŋue Mawu ƒe amewo tsɔ woƒe susu ɖo tso ƒe 1935 me?

3 Tso ƒe 1935 me la, ‘dɔla nuteƒewɔla’ la tsɔ eƒe susu ɖo ame mawo siwo ɖi alẽwo la didi ŋu be woakplɔ wo ava Yehowa ƒe habɔbɔa mee. (Mateo 24:45; Yohanes 10:16) Kristotɔ siwo bɔbɔa wo ɖokui be woafia nu yewo la va kpɔe be Yesu le dzi ɖum fifia le Yehowa ƒe Dziƒofiaɖuƒea me eye be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu kple ɣeyiɣi si me woahe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ vɛ la le aƒe tum kabakaba. (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 12:10) Yesaya ƒe nya dodzidzɔname siawo ava eme le xexe yeye ma me be: “Ami ku saɖagatsi tegbee.”—Yesaya 25:8.

4. Togbɔ be alẽ bubuawo me tɔwo le mɔ kpɔm vevie be yewoakpɔe woakɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu le Harmagedon me hã la, nukae dzɔ ɖe wo dometɔ geɖe dzi?

4 Esi Satana ƒe xexeame ƒe nuwuwu gogo ŋutɔ ta la, adzɔ dzi na Kristotɔ siwo ɖi alẽwo la vevie be yewoanɔ agbe vaseɖe esime woaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta le xaxa gã mamle si ava Babilon Gã la kple Satana ƒe xexea ƒe akpa mamleawo dzi me. (Nyaɖeɖefia 19:1-3, 19-21) Gake medzɔ alea le wo dometɔ geɖe gome o. Ame geɖe siwo kpɔ mɔ be yewoanɔ “ame miliɔn” siwo maku akpɔ o dome la ku. Wo dometɔ aɖewo ku xɔsetaku le nyateƒea ta, le gaxɔwo kple fuwɔamegaxɔwo me alo le mawusubɔsubɔ ƒe zãzɛnyahelawo si me. Afɔkuwo alo nusiwo woyɔna be dzɔdzɔmefɔkuwo—dɔléle kple amegãkuku wu wo dometɔ bubuwo. (Psalmo 90:9, 10; Nyagblɔla 9:11) Edze ƒã be ame geɖe aku hafi nuwuwua nava. Aleke amesiawo awɔ akpɔ xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ ƒe ŋugbedodoa me vavae?

Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔ La

5, 6. Etsɔ me kae li na amesiwo si anyigba dzi mɔkpɔkpɔ le evɔ woku do ŋgɔ na Harmagedon?

5 Apostolo Paulo ɖo eŋu esime wònɔ nu ƒom le Roma-mɔ̃mefia Felike ŋkume. Abe alesi woŋlɔe ɖe Dɔwɔwɔwo 24:15 ene la, Paulo gblɔ dzideƒotɔe be: “Mɔkpɔkpɔ . . . le asinye na Mawu . . . bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa dea dzi ƒo na mí le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake me. Mɔkpɔkpɔ sia wɔe be dzi meɖena le mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ siwo dzea dɔ eye wokpɔnɛ be yewoaku la ƒo keŋkeŋ o. Nuka kee adzɔ o, wonya be woaɖo yewoƒe nuteƒewɔwɔ teƒe na yewo godoo. Le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ta la, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒo dzi le eye wodze ŋgɔ ku le yometilawo si me nyae be yewo yometilawo mate ŋu aɖu yewo dzi gbeɖe o. (Mateo 10:28) Ne hamea me tɔ aɖe ku la, eƒe ku vea mí. Gake le ɣeyiɣi ma ke me ne enye alẽ bubuawo me tɔ la, míedzɔa dzi be míaƒe haxɔsetɔ la wɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwu eye wòle dzudzɔm, eye kakaɖedzi li be ava nɔ agbe le Mawu ƒe xexe yeyea me le etsɔ me.—Tesalonikatɔwo I, 4:13.

6 Ẽ, tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nye míaƒe xɔse ƒe akpa vevi aɖe. Gake nukata míaƒe xɔse ɖe tsitretsitsia me nu sẽ alea gbegbe, eye amekawo sie mɔkpɔkpɔ ma le?

7. Nukae nye tsitretsitsi la, eye mawunyakpukpui kawoe ka ɖe edzi na mí be ava?

7 Helagbe me nya si wozã na “tsitretsitsi” ye nye a·naʹsta·sis si gɔmeɖeɖe le nya la ŋutɔ nue nye “woatsi tsitre.” Nusi wòfia koŋ ye nye fɔfɔ tso ku me. Ke hã la, nya “tsitretsitsi” medze le Hebri Ŋɔŋlɔawo me o, gake woƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu nyuie le afima. Le kpɔɖeŋu me, edze le nya siwo Hiob gblɔ le eƒe fukpekpe me la me be: “Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, . . . naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe!” (Hiob 14:13) Nenema ke míexlẽ le Hosea 13:14 be: “Mava aɖe wo le tsiẽƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ̃ ɖe? Tsiẽƒe, wò veve ɖe?” Le Korintotɔwo I, 15:55 la, apostolo Paulo yɔ nya siawo eye wòɖee fia be ku dzi ɖuɖu ŋu nya si wogblɔ ɖi la ava eme to tsitretsitsi la me. (Le nyateƒe me la, dziƒoyiyi ƒe tsitretsitsie Paulo wɔnɛ le mawunyakpukpui ma me.)

‘Wotso Afia na’ Xɔsetɔwo

8, 9. (a) Aleke ame madeblibowo ate ŋu akpɔ gome le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsia mee? (b) Nuka dzie míaƒe mɔkpɔkpɔ be míanɔ agbe si ku maɖe ɖa o la nɔ te ɖo?

8 Paulo gblɔ le nya si wògblɔ na Felike míeyɔ le memamã 5 lia me be tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa. Amekawoe nye ame dzɔdzɔe siwo woafɔ ɖe tsitre? Ame aɖeke mele dzɔdzɔe le dzɔdzɔme nu ya o. Nuvɔ̃mewo mí katã míenye tso mía dziɣi ke, eye míewɔa nuvɔ̃ le míaƒe agbe me katã—si na míedze na ku le mɔ eve nu. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Gake míekpɔ nyagbɔgblɔ “wotso afia na mí” le Biblia me. (Romatɔwo 3:28) Esia ku ɖe amegbetɔ siwo togbɔ be womede blibo o hã la, Yehowa tsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke wo la ŋu.

9 Kristotɔ amesiamina siwo si dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔ le koŋ ye wozã nyagbɔgblɔ sia na. Apostolo Paulo gblɔ le Romatɔwo 5:1 be: “Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mía kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.” Wotso afia na Kristotɔ amesiaminawo katã le woƒe xɔse ta. Nuka dzie woxɔ se? Abe alesi Paulo ɖe eme tsitotsito le Romatɔwo ƒe agbalẽa me ene la, Yesu Kristo dzie woxɔ se. (Romatɔwo 10:4, 9, 10) Yesu nye ame deblibo hafi ku eye wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome emegbe wòyi dziƒo hetsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe ƒe asixɔxɔ na ɖe mía ta. (Hebritɔwo 7:26, 27; 9:11, 12) Esi Yehowa xɔ vɔsa ma la, efia be Yesu ƒle amegbetɔƒomea tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me. Ðoɖo sia ɖea vi na amesiwo xɔ edzi se la geɖe. (Korintotɔwo I, 15:45) Le esia ta mɔkpɔkpɔ le ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo si be yewoanyi agbe si futɔ vɔ̃ɖi, ku, maɖe ɖa o la dome.—Yohanes 3:16.

10, 11. (a) Tsitretsitsi kae le Kristotɔ amesiamina nuteƒewɔlawo lalam? (b) Tsitretsitsi kae tadeagula siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo kpɔ mɔ na?

10 Yesu ƒe tafevɔsa na mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le amesiamina nuteƒewɔla siwo wotso afia na la be woafɔ wo ɖe tsitre woanye gbɔgbɔmenuwɔwɔ makumakuwo abe Yesu ene. (Nyaɖeɖefia 2:10) Woƒo nu le woƒe tsitretsitsia ŋu le Nyaɖeɖefia 20:6 be: “Yayratɔ kple kɔkɔetɔ enye amesi kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ la me; amesiawo dzi ku evelia mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖo o, ke woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpa ɖeka.” Esiae nye dziƒoyiyi ƒe tsitretsitsi. Gake de dzesii be Biblia yɔe be “tsitretsitsi gbãtɔ,” si fia be bubu akplɔe ɖo.

11 Le Hebritɔwo ta 11 la, Paulo ƒo nu tso Mawu subɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo, amesiwo xɔ Yehowa Mawu dzi se vevie la dometɔ gbogbo aɖewo ŋu. Amesiawo hã xɔ tsitretsitsi aɖe dzi se. Le ta ma ƒe kpukpui 35 la, Paulo ƒo nu tso tsitretsitsi wɔnuku siwo dzɔ le Israel ƒe ŋutinya me la ŋu be: “Nyɔnuwo xɔ woƒe ame kukuwo agbagbe le tsitretsitsi me. Ke wowɔ fu ame bubuwo, eye wogbe xɔxɔ, bene woakpɔ tsitretsitsi, si nyo wu.” Blema ɖasefo nuteƒewɔla mawo te ŋu kpɔ mɔ na tsitretsitsi si nyo, le kpɔɖeŋu me, wu esiwo Eliya kple Elisa wɔ. (Fiawo I, 17:17-22; Fiawo II, 4:32-37; 13:20, 21) Woƒe mɔkpɔkpɔe nye be woafɔ yewo ɖe tsitre va xexe aɖe si me womawɔ fu Mawu subɔlawo le woƒe xɔse ta le o, xexe si me nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo maku le o me. Ẽ, wokpɔ mɔ be yewoafɔ tso ame kukuwo dome ava xexe yeye ma ke si míele mɔ kpɔm na la me. (Yesaya 65:17-25) Yehowa meɖe nu geɖe fia wo tso xexe yeyea ŋu abe alesi wòɖee fia míawo ene o. Gake wonya be ava, eye wodi be yewoanɔ eme.

Tsitretsitsi si Ado Ŋgɔ

12. Ðe wobu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ame dzɔdzɔewoea? Ðe eme.

12 Ðe wòle be míabu ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siawo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo la ƒe tsitretsitsi le xexe yeye ma me be enye ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi ƒe akpa aɖea? Ẽ, edze ƒã elabena Biblia yɔ wo be wonye ame dzɔdzɔewo. Le kpɔɖeŋu me, nusrɔ̃la Yakobo yɔ ŋutsu kple nyɔnu aɖe koŋ le blema be wotso afia na wo. Ŋutsu lae nye Abraham si nye Hebri-dukɔa tɔgbui. Míexlẽ nu tso eŋu be: “‘Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenye’ . . . eye woyɔe be Mawu xɔlɔ̃.” Nyɔnu lae nye Raxab si menye Israel-tɔ o, amesi xɔ Yehowa dzi se. “Wotso afia” nɛ eye wòva zu Hebri-dukɔa me tɔ. (Yakobo 2:23-25) Eyata Yehowa tso dzɔdzɔenyenye ƒe afia na ŋutsu kple nyɔnu blematɔ siwo xɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se bliboe eye wowɔ nuteƒe vaseɖe ku me la le woƒe xɔse ta, eye ɖikekemanɔmee la, woafɔ wo le ‘ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi’ la me.

13, 14. (a) Aleke míewɔ nya be woate ŋu abu Kristotɔ siwo si anyigba dzi mɔkpɔkpɔ le la ame dzɔdzɔewoe? (b) Nukae esia fia na wo?

13 Ke amesiwo ɖi alẽwo egbea, amesiwo si anyigba dzi mɔkpɔkpɔ le eye wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa hafi ku nuteƒewɔwɔtɔe le nuwuɣi sia me ya ɖe? Ðe woafɔ wo le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la mea? Edze ƒã be woafɔ wo. Apostolo Yohanes kpɔ nuteƒewɔla siawo ƒe ha gã aɖe le ŋutega me. Se alesi wòƒo nu tso wo ŋui ɖa: “Mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi, eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!”—Nyaɖeɖefia 7:9, 10.

14 De dzesii be ame fafa siawo ka ɖe woƒe ɖeɖekpɔkpɔ dzi vevie, eye wogblɔ be Yehowa kple Yesu, “Alẽvi” la, gbɔe wòtso. Hekpe ɖe eŋu la, wole tsitre ɖe Yehowa kple Alẽvi la ŋkume, eye wo katã wodo awu ɣiwo. Nukata wodo awu ɣiwo? Dziƒonuwɔwɔ aɖe gblɔ na Yohanes be: “Wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.” (Nyaɖeɖefia 7:14) Wozãa nu ɣi wònyea dzadzɛnyenye kple dzɔdzɔenyenye ƒe dzesi le Biblia me. (Psalmo 51:9; Daniel 12:10; Nyaɖeɖefia 19:8) Esi wokpɔ ameha gã la wodo awu ʋlaya ɣiwo la fia be Yehowa bu wo ame dzɔdzɔewoe. Aleke esia anya wɔe? Anya wɔ elabena wonyã woƒe awuwo le Alẽvi la ƒe ʋu me le kpɔɖeŋumɔ nu. Wobu wo ame dzɔdzɔewoe be wonye Mawu xɔlɔ̃ siwo si mɔkpɔkpɔ le be woatsi agbe tso xaxa gã la me le esi woxɔ Yesu Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzi se ta. Eyata kakaɖedzi ate ŋu anɔ “ameha gã” la me tɔ aɖe si nye Kristotɔ nuteƒewɔla ɖeadzɔgbe si aku do ŋgɔ na xaxa gã la si be yeakpɔ gome le ame dzɔdzɔewo ƒe anyigba dzi tsitretsitsi la me.

15. Esi woafɔ ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa ɖe tsitre ɖe, ke viɖe kae le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi ŋu?

15 Woƒo nu tso tsitretsitsi ma ŋu le Nyaɖeɖefia ta 20, kpukpui 13, le nya siawo me be: “Atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.” Esia ta le Yehowa ƒe ƒe akpe ɖeka Ʋɔnudrɔ̃gbe gã la dzi la, woafɔ amesiwo katã le Mawu ƒe ŋku dzi la ɖe tsitre—ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa. (Dɔwɔwɔwo 17:31) Aleke gbegbe eme anyo na ame dzɔdzɔewo wu enye si! Wonɔ agbe ɖe xɔse si nɔ wo si la nu kpɔ. Ƒomedodo kplikplikpli le woa kple Yehowa dome xoxo eye woka ɖe edzi be awɔ eƒe tameɖoɖowo dzi. Ðasefo dzɔdzɔe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo Ŋɔli la afɔ tso ame kukuwo dome eye woadi vevie be yewoasrɔ̃ nu tso alesi Yehowa ƒe ŋugbedodo le Dzidzimevia ŋu va emee ŋu. (Petro I, 1:10-12) Alẽ bubuawo me tɔ siwo Yehowa bu ame dzɔdzɔewoe egbea la afɔ tso yɔdo me, eye woadi vevie be yewoakpɔ Paradisonyigba si ŋuti yewoƒo nu le esime yewonɔ gbeƒã ɖem nyanyuia le nuɖoanyi sia me. Aseyetsoɣi kae nye si wòanye!

16. Nya kae míate ŋu agblɔ le amesiwo ku le míaƒe ɣeyiɣia me ƒe tsitretsitsi le Ʋɔnudrɔ̃gbea dzi ŋuti?

16 Ɣekaɣie woafɔ amesiwo ku le nuteƒewɔwɔ me le Satana ƒe nuɖoanyi sia ƒe ƒe mamleawo me la ɖe tsitre le ƒe akpe ɖeka Ʋɔnudrɔ̃gbe ma dzi? Biblia megblɔe o. Gake ɖe susu manɔ eme be míabui be woafɔ amesiwo wobu ame dzɔdzɔewoe siwo ku le míaƒe ŋkekea me la gbã bene woakpe ɖe ameha gã siwo atsi agbe tso Harmagedon me la ŋu be woado dzaa na dzidzime gbãtɔwo tso ame kukuwo dome oa? Ẽ, susu anɔ eme!

Mɔkpɔkpɔ si Faa Akɔ na Ame

17, 18. (a) Akɔfafa kae tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa na mí? (b) Nya kae wòʋã mí be míagblɔ le Yehowa ŋu?

17 Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa doa ŋusẽ Kristotɔwo katã hefaa akɔ na wo egbea. Ne míelé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, nuɖiɖeame alo futɔ aɖeke mate ŋu ana míaƒe teƒeɖoɖo natsi mía ŋu o! Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ kalẽtɔ siwo le Ethiopia, siwo ku le esi teƒe be woagbe nu le woƒe xɔse gbɔ la ƒe fotowo dze le ƒe 1992 Yearbook of Jehovah’s Witnesses me, axa 177. Nuŋɔŋlɔ si le woƒe fotowo te la gblɔ be: “Amesiwo míekpɔ mɔ be míakpɔ le tsitretsitsi la me.” Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wòanye be míava dze si ame mawo kple ame gbogbo bubu siwo hã wɔ nuteƒe nenema ke esi wodze ŋgɔ ku!

18 Ke míaƒe lɔlɔ̃tɔ kple mía nɔvi siwo tsitsi alo nuwɔame na womete ŋu nɔ agbe tso xaxa gã la o ya ɖe? Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa na be etsɔ me wɔnuku aɖe le wo si ne wonya wɔ nuteƒe ko. Eye ne míawo hã míexɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se dzideƒotɔe la, etsɔ me wɔnuku aɖe anɔ mía si. Nukata? Elabena míele mɔ kpɔm na ‘ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa ƒe tsitretsitsi’ la abe Paulo ene. Míetsɔ dzi blibo da akpe na Yehowa le mɔkpɔkpɔ sia ta. Míeka ɖe edzi be aʋã mí míagblɔ hakpala la ƒe nya siawo be: “Mixlẽ [Mawu ƒe] ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome! Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ.”—Psalmo 96:3, 4.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

◻ Mawunyakpukpui kawoe gaɖo kpe míaƒe mɔkpɔkpɔ na anyigba dzi tsitretsitsia dzi na mí?

◻ Nuka dzie wonɔ te ɖo bu Kristotɔwo ame dzɔdzɔewoe?

◻ Aleke tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa na dzideƒo kple tameɖoɖo kplikpaa míi?

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Kristotɔ amesiaminawo kpɔa mɔ na dziƒo ƒe tsitretsitsi la abe Paulo ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe