INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wt ta 17 axa 151-158
  • Ðe Mawusosroɖa Fia le Aƒeme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawusosroɖa Fia le Aƒeme
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeyiɣi Didi Kae Srɔ̃ɖeɖea Anɔ Anyi Ase Ðo?
  • Amesiame Newɔ Eƒe Akpa Dzi
  • Afisi Míakpɔ Ŋuɖoɖo na Míaƒe Biabiawo Le
  • Ehiã be Míaɖe Mawusosroɖa Afia le Aƒe Me
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Nu Kae Kristotɔ Awɔ Be Eƒe Srɔ̃ɖeɖe Navivi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Kpɔ Wò Ƒomea ƒe Etsɔme Mavɔ Kpɔkpɔ Ta
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Srɔ̃ɖeɖe—Nunanae Wònye Tso Mía Mawu Si Lɔ̃ Mí Gbɔ
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
wt ta 17 axa 151-158

Ta Wuiadrelia

Ðe Mawusosroɖa Fia le Aƒeme

1. Aleke mɔfiafia si tso Mawu ƒe Nya la me dzi wɔwɔ ɖe vi na srɔ̃tɔwoe?

YEHOWA ye nye srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila, eye eƒe Nya la mee míakpɔ mɔfiafia nyuitɔ kekeake le na ƒomewo. Mɔfiafia ma dzi wɔwɔ na ame geɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe kpɔ dzidzedze. Edze kafukafu be esia ʋã ŋutsu kple nyɔnu aɖewo siwo le wo nɔewo gbɔ le ahiãwɔwɔ ko me be wova de woƒe srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me le se nu. Ena ame bubuwo dzudzɔ ahasiwɔwɔ. Ena ŋutsu ŋutasẽla siwo ƒoa wo srɔ̃wo kple wo viwo alo dzua wo tsã la va srɔ̃ dɔmekɔkɔ kple tufafa.

2. Nukae Kristotɔwo ƒe ƒomegbenɔnɔ bia?

2 Kristotɔwo ƒe ƒomegbenɔnɔ bia nu geɖe, le kpɔɖeŋu me, alesi míebua srɔ̃ɖeɖea be enye nusi anɔ anyi ɖaae, nusi míewɔna le míaƒe ƒomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ me, kple alesi míewɔa nu ɖe míaƒe ƒomea me tɔwo ŋui. (Efesotɔwo 5:33–6:4) Togbɔ be míanya nusi Biblia gblɔ le ƒomegbenɔnɔ ŋu hã la, enye nya bubu kura be míatsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo awɔ dɔe. Mía dometɔ aɖeke madi be yeanɔ abe amesiwo Yesu bu fɔe le esi wogbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ta ene o. Wobui vodadatɔe be mawusosroɖa ƒe nɔnɔme ƒe amesinɔnɔ ɖeɖe dzaa ko sɔ gbɔ. (Mateo 15:4-9) Míedi be míanye amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le gake wogbea etsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me le woawo ŋutɔ woƒe aƒeme o. Ke boŋ míedi be míaɖe mawusosroɖa vavãtɔ si nye “viɖenu gã” la afia.—Timoteo I, 5:4; 6:6; Timoteo II, 3:5.

Ɣeyiɣi Didi Kae Srɔ̃ɖeɖea Anɔ Anyi Ase Ðo?

3. (a) Nukae le dzɔdzɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe geɖe dzi, gake nukae wòle be míawo ya míaɖo kplikpaa be míawɔ? (b) Zã Biblia nàtsɔ aɖo nyabiabia siwo kplɔ memama sia ɖo ŋui.

3 Wova le srɔ̃ɖenubablawo tum bɔbɔe le agbɔsɔsɔ si le dzidzim ɖe edzi me. Srɔ̃tɔ aɖewo siwo nɔ wo nɔewo gbɔ ƒe geɖe tsoa nya me be yewoagbe yewo nɔewo aɖe ame bubu. Gakpe ɖe eŋu la, meganye nusi mebɔ o be woase be amesiwo ɖe srɔ̃ yeyee dome klã ɣeyiɣi kpui aɖe ko le woƒe srɔ̃ɖeɖea megbe. Nukae ame bubuwo ɖale wɔwɔm o, ele be wòanye míaƒe didi be míawo ya míadze Yehowa ŋu. Eyata mina míade ŋugble le ŋɔŋlɔ kple biabia siwo gbɔna ŋu bene míakpɔ nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ le ɣeyiɣi didi si srɔ̃ɖeɖe anɔ anyi ase ɖo ŋu.

Ne ŋutsu kple nyɔnu ɖe wo nɔewo la, ɣeyiɣi didi kae wòle be woakpɔ mɔ be yewoanɔ yewo nɔewo gbɔ ase ɖo? (Marko 10:6-9; Romatɔwo 7:2, 3)

Nukae nye nusi ko dzi woate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃ agaɖe ame bubu eye wòasɔ le Mawu ŋkume? (Mateo 5:31, 32; 19:3-9)

Aleke Yehowa sena le eɖokui me le srɔ̃gbegbe siwo ŋu eƒe Nya la meɖe mɔ le o ŋu? (Maleaxi 2:13-16)

Ðe Biblia da asi ɖe edzi be kaklã nanye nusi dzi woanɔ te ɖo atsɔ akpɔ srɔ̃ɖekuxiwo gbɔea? (Korintotɔwo I, 7:10-13)

Nɔnɔme kawo mee woate ŋu aɖe mɔ le kaklã ŋu le wòasɔ? (Psalmo 11:5; Luka 4:8; Timoteo I, 5:8)

4. Nukatae srɔ̃ɖeɖe aɖewo lia ke?

4 Srɔ̃ɖeɖe aɖewo kpɔa dzidzedze eye woyia edzi nɔa anyi ɖekae. Nukatae? Dzigbɔgbɔɖi be ame evea siaa natsi hafi woaɖe wo nɔewo la nye nu veviawo dometɔ ɖeka, gake amesi woaɖe si ƒe didiwo sɔ kple ame ŋutɔ tɔ, amesi woate ŋu adzro nyawo me kplii faa hã le vevie. Gake nusi gale vevie wu enye be amesi woakpɔ aɖe la nanye amesi lɔ̃ Yehowa eye wòdea bubu eƒe Nya la ŋu be eyae nye nusi dzi woanɔ te ɖo akpɔ kuxiwo gbɔ. (Psalmo 119:97, 104; Timoteo II, 3:16, 17) Amesia mabui be ne srɔ̃ɖeɖea medze edzi o la, yewoate ŋu aklã alo agbe yewo nɔewo ɣesiaɣi si wòdze yewo ŋu faa o. Mazã srɔ̃a ƒe vodadawo atsɔ ado taflatsee be wòaɖe ta le eya ŋutɔ ƒe agbanɔamedziwo te o. Ke boŋ asrɔ̃ alesi wòanɔ te ɖe kuxiawo nu eye wòadi egbɔkpɔnu siwo wɔa dɔ.

5. (a) Akpa kae nuteƒewɔwɔ na Yehowa wɔna le srɔ̃ɖeɖe me? (b) Vi kawoe Yehowa ƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi ate ŋu aɖe ne wodo go tsitretsiɖeŋu gɔ̃ hã?

5 Satana tɔ asi akɔ be ne míedo go fukpekpe la, míaɖe asi le Yehowa ƒe mɔwo ŋu. (Hiob 2:4, 5; Lododowo 27:11) Gake Yehowa Ðasefo siwo kpe fu le esi wo srɔ̃wo tsi tre ɖe wo ŋu ta la dometɔ akpa gãtɔ mete fli ɖe woƒe srɔ̃ɖeŋugbedodowo me o. Woyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa helé eƒe sewo me ɖe asi. (Mateo 5:37) Enye dzidzɔ na amesiwo do dzi dometɔ aɖewo be yewo srɔ̃wo va kpe ɖe yewo ŋu le Yehowa subɔsubɔ me—le ƒe geɖe ƒe tsitretsiɖeŋu megbe kura gɔ̃ hã! (Petro I, 3:1, 2) Kristotɔ siwo srɔ̃wo meɖe tɔtrɔ ƒe dzesi aɖeke fia o alo esiwo srɔ̃wo gblẽ wo ɖi le esi wolé Yehowa subɔsubɔ me ɖe asi ta la hã nyae be woayra yewo ɖe mawusosroɖagbenɔnɔ le aƒeme ta.—Psalmo 55:23; 145:16.

Amesiame Newɔ Eƒe Akpa Dzi

6. Be srɔ̃ɖeɖe nadze edzi la, ɖoɖo ka ŋue wòle be woade bubui?

6 Nyateƒee, be srɔ̃ɖeɖe nadze edzi la, ebia nu geɖe wu ame nɔewo gbɔ nɔnɔ ko. Nuhiahiã vevi aɖe na srɔ̃tɔ ɖesiaɖee nye bubudede Yehowa ƒe ɖoɖo si nye tanyenye ŋu. Esia naa nuwo nɔa ɖoɖo nu eye wosena le ame ɖokui me be wole dedie le aƒea me. Míexlẽ le Korintotɔwo I, 11:3 be: “Ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.”

7. Aleke wòle be woazã tanyenye le ƒomea mee?

7 Ède dzesi nusi kpukpui ma yɔ gbãa? Ẽ, Ta, si te wòle be ŋutsu sia ŋutsu nabɔbɔ ɖo li, eye eyae nye Kristo. Efia be ele be srɔ̃ŋutsu nazã tanyenye le mɔ si aɖe Yesu ƒe nɔnɔmewo afia nu. Kristo bɔbɔa eɖokui na Yehowa, elɔ̃ hamea vevie, eye wòléa be nɛ. (Timoteo I, 3:15) ‘Etsɔ eɖokui na gɔ̃ hã ɖe ta.’ Yesu medana o, eye menye amesi gbea ame ŋu bubu o, ke boŋ eƒe ‘dɔme fa eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me.’ Amesiwo bɔbɔ ɖe eƒe tanyenye te la ‘kpɔa dzudzɔ na woƒe luʋɔwo.’ Ne srɔ̃ŋutsu wɔa nu ɖe eƒe ƒomea ŋu alea la, ke ele eɖem fia be yele ye ɖokui bɔbɔm na Kristo. Ana be Kristotɔ srɔ̃nyɔnu nakpɔe be aɖe vi eye wòanye akɔfafa na ye be yeakpe asi ɖe ye srɔ̃ ŋu ahabɔbɔ ɖe eƒe tanyenye te.—Efesotɔwo 5:25-33; Mateo 11:28, 29; Lododowo 31:10, 28.

8. (a) Nukatae wòadze abe ɖe Kristotɔwo ƒe nuwɔna sɔsrɔ̃ mele ku aɖeke tsem o ene le aƒe aɖewo me? (b) Nukae wòle be míawɔ ne míedze ŋgɔ nɔnɔme ma tɔgbe?

8 Gake kuxiwo ado mo ɖa. Ðewohĩ afɔkpotutu mɔfiafia si tso ame bubuwo gbɔ ƒe nɔnɔme aɖe axɔ aƒe ɖe ame aɖewo me xoxo hafi ƒomea me tɔwo dze Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ gɔme. Awɔ abe ɖe nubiabia tufafatɔe kpakple lɔlɔ̃ ɖeɖe fia mele ku aɖeke tsem o ene. Míenya be Biblia gblɔ be míaɖe “dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ” ɖa. (Efesotɔwo 4:31) Gake ne edze abe ɖe ame aɖewo mesea nu bubu aɖeke gɔme o ene negbe to mɔnu siawo dzi la, nukae wòle be woawɔ? Yesu mesrɔ̃ amesiwo do ŋɔdzi nɛ hedzui la o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na Fofoa heɖo ŋu ɖe eyama ŋu. (Petro I, 2:22, 23) Eyata ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa le aƒea me la, ɖe mawusosroɖa fia to alesi nàdo gbe ɖa na Yehowa abia eƒe kpekpeɖeŋu me tsɔ wu be nàsrɔ̃ xexeame ƒe mɔwo.—Lododowo 3:5-7.

9. Ðe vodada didi teƒe la, nuka wɔwɔe Kristotɔ srɔ̃ŋutsu geɖe va srɔ̃?

9 Menye ɣesiaɣie tɔtrɔ vana kaba o, gake le nyateƒe me la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo wɔa dɔ ne míetsɔ dzigbɔɖi kple kutrikuku wɔ wo ŋudɔe. Srɔ̃ŋutsu geɖe va kpɔe be nuwo va le nyonyom ɖe edzi le srɔ̃ɖeɖea me esi yewode asixɔxɔ alesi Kristo wɔa nu ɖe hamea ŋu la ŋuti. Menye amegbetɔ deblibowoe le hamea me o. Gake Yesu lɔ̃nɛ, eɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖi nɛ, eye wòzãa Ŋɔŋlɔawo tsɔna kpena ɖe eŋu bene wòatrɔ asi le nuwo ŋu wòanyo ɖe edzi. Etsɔ eƒe agbe ɖo anyi gɔ̃ hã ɖe hamea ta. (Petro I, 2:21) Eƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na Kristotɔ srɔ̃ŋutsu geɖewo be woanye ƒometa nyuiwo eye be woana kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le si ana woatrɔ asi le nuwo ŋu be wòanyo ɖe edzi. Nu nyui geɖe doa go tsoa esia me tsɔ wu vodada didi alo gbegbe be yewomaƒo nu na yewo srɔ̃wo o me.

10. (a) Mɔ kawo nue srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu—amesi gblɔna be Kristotɔe yenye kura gɔ̃ hã—anɔ ewɔm be agbenɔnɔ nasesẽ na aƒea me tɔ bubuwo le? (b) Nukae woate ŋu awɔ be nuwo naka ɖe eme?

10 Ke ne srɔ̃ŋutsu metsɔ ɖeke le eme na eƒe ƒomea me tɔwo ƒe seselelãme nuhiahiãwo o alo mexɔa ŋgɔ wɔa ɖoɖo na ƒomea ƒe Biblia me dzodzro kple nuwɔna bubuwo o ɖe? Alo ne srɔ̃nyɔnua mekpea asi ɖe srɔ̃a ŋu eye wòbɔbɔa eɖokui mawusosroɖatɔe o ɖe? Aƒekɔ aɖewo kpɔ be nu nyuiwo do tso eme esi yewodzro kuxia me tẽ bubutɔe. (Mose I, 21:10-12; Lododowo 15:22) Gake ne míete ŋu ke ɖe nusiwo katã míele mɔ kpɔm na ŋu o hã la, mía dometɔ ɖesiaɖe míate ŋu awɔ míaƒe akpa dzi be nuwo naka ɖe eme ne míetsea Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kuwo le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa, eye míewɔa nu ɖe ƒomea me tɔ bubuawo ŋu lɔlɔ̃tɔe. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ŋgɔyiyi ava, menye to ame bubu sinu kpɔkpɔ be wòawɔ nane dzi o, ke boŋ to mía tɔ gome wɔwɔ nyuie dzi, eye míato ewɔwɔ alea me afia be mía ŋutɔwo míeɖea mawusosroɖa fiana le míaƒe aƒeme.—Kolosetɔwo 3:18-21.

Afisi Míakpɔ Ŋuɖoɖo na Míaƒe Biabiawo Le

11, 12. Ðoɖo kawoe Yehowa wɔ be wòatsɔ akpe ɖe mía ŋu míaƒe ƒomegbenɔnɔ nakpɔ dzidzedze?

11 Amewo ɖoa ta teƒe vovovo na aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ le woƒe ƒomenyawo ŋu. Gake míenyae be Mawu ƒe Nya la mee míakpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake le, eye míedaa akpe be Mawu toa eƒe habɔbɔ si wokpɔna dzi kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ alesi míatsɔ aɖaŋuɖoɖo siawo awɔ dɔe. Ðe kpekpeɖeŋu ma le vi ɖem na wò bliboea?—Psalmo 119:129, 130; Mixa 4:2.

12 Hekpe ɖe hamea ƒe kpekpewo dede ŋu la, ɖe mieɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ na ƒomea ƒe Biblia sɔsrɔ̃ edziedzia? Ƒome siwo wɔa esia la ate ŋu awɔ ɖeka le woƒe tadedeagu me. Woƒe ƒomegbenɔnɔ nyona ɖe edzi esi wole Mawu ƒe Nya la zãm le nɔnɔme siwo me woawo ŋutɔ wole la me.—Mose V, 11:18-21.

13. (a) Ne biabia aɖewo le mía si le ƒomenyawo ŋu la, zi geɖe la, afikae míate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu si míehiã le? (b) Nukae wòle be wòadze le nyametsotso siwo katã míewɔna me?

13 Ðewohĩ biabia aɖewo anɔ asiwò le ƒomenyawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ɖe? Ðe nɔnɔme aɖewo anɔ anyi siwo me wòasɔ le be woaɖe fua? Ne ɖevi aɖe metsɔa ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me o la, afikae wòle be woadi tso esi be wòakpɔ gome ase ɖo le ƒomea ƒe tadedeagu me? Wodzro nya siawo tɔgbe geɖe me le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me. Srɔ̃ alesi nàzã Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo me nyadigbalẽwo hã le, na nya siawo ƒe ŋuɖoɖo kpɔkpɔ. Ne agbalẽ siwo nyadigbalẽa yɔ mele asiwò o la, ke di wo le agbalẽdzraɖoƒe si le Fiaɖuƒe Akpata me. Alo àte ŋu axlẽ agbalẽ siawo le wò kɔmpiuta dzi. Àte ŋu adzro biabia siwo le asiwò me kple Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo tsi le gbɔgbɔ me hã. Gake menye ɣesiaɣie nàkpɔ mɔ be yeakpɔ ŋuɖoɖo si nye ẽ alo ao na nyabiabia ɖesiaɖe o. Zi geɖe la, wò ŋutɔe wòle be nàtso nya me, wò ɖeka loo alo mia kple srɔ̃wò. Ɣemaɣi la, wɔ nyametsotso siwo aɖee afia be menye amewo dome koe nèɖea mawusosroɖa fiana le o ke boŋ èɖenɛ fiana le aƒewòme hã.—Romatɔwo 14:19; Efesotɔwo 5:10.

Numetoto

• Aleke nuteƒewɔwɔ na Yehowa bia be woawɔ nuteƒe na ame srɔ̃e?

• Ne ƒomekuxiwo te ɖe mía dzi la, nukae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nusi adze Mawu ŋu?

• Ne ƒomea me tɔ bubuwo do kpo woƒe akpa dzi wɔwɔ gɔ̃ hã la, nukae míate ŋu awɔ be nuwo naka ɖe eme?

[Nɔnɔmetata si le axa 155]

Ele be Yesu ƒe nɔnɔmewo nadze le alesi srɔ̃ŋutsu zãa eƒe tanyenyee me

[Nɔnɔmetata si le axa 157]

Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi kple ƒomea naa ɖekawɔwɔ nɔa anyi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe