Ta Wuienyilia
“Womenye Xexeame ƒe Akpa Aɖeke O”
1. (a) Hafi Yesu naku la, nukae wòdo gbe ɖa bia ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta? (b) Nukatae ‘xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye’ nye nya vevi ale gbegbe ɖo?
LE ZÃ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, edo gbe ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta. Esi Yesu nya be woanɔ Satana ƒe amemiamia sesẽ te ta la, egblɔ na Fofoa be: “Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me. Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:15, 16, NW) Nukatae ame ɖokui ɖeɖeɖa tso xexeame nye nya vevi alea gbegbe ɖo? Esi wònye Satanae nye xexe sia me dziɖula tae. Kristotɔwo medi be yewoanye xexe si le eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la ƒe akpa aɖeke o.—Luka 4:5-8; Yohanes 14:30; Yohanes I, 5:19.
2. Mɔ kawo nue Yesu menye xexeame ƒe akpa aɖeke o le?
2 Xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye mefia be Yesu melɔ̃ amewo o. Ke boŋ eda gbe le dɔnɔwo ŋu, efɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye wòfia nu wo le Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Etsɔ eƒe agbe kura gɔ̃ hã na ɖe ameƒomea ta. Gake melɔ̃ mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nɔnɔme kple nuwɔna si le amesiwo ɖea Satana ƒe xexeame ƒe gbɔgbɔ fiana me la o. Eyata exlɔ̃ nu tsi tre ɖe nuwo abe nudzodzro vɔ̃wo, ŋutilãmenudidi ƒe agbenɔnɔ, kple ŋkɔxɔxɔ ƒe ŋukeklẽ ene ŋu. (Mateo 5:27, 28; 6:19-21; Luka 20:46, 47) Eyata mewɔ nuku o be Yesu tsri xexeame ƒe dunyahehe hã. Togbɔ be Yudatɔe wònye hã la, mede akpa aɖeke dzi le dunyahehe ƒe dzrehehe siwo nɔ Roma kple Yudatɔwo dome me o.
“Nye Fiaɖuƒe Menye Xexe Sia Me ƒe Akpa Aɖeke O”
3. (a) Aleke Yuda subɔsubɔhakplɔlawo tso Yesu nui na Pilato, eye nukatae? (b) Nukae ɖee fia be Yesu medi be yeazu fia si nye amegbetɔ o?
3 Bu nusi dzɔ esime Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo na wolé Yesu eye wokplɔe yi Roma-mɔ̃mefia Pontio Pilato gbɔe ŋu kpɔ. Nusi tututu ɖe fu na subɔsubɔhakplɔla mawoe nye be Yesu ƒe nufiafia ɖe ama woƒe alakpanuwɔwɔwo. Be woana Roma-mɔ̃mefia nadrɔ̃ ʋɔnu Yesu la, wotsɔ nya ɖe eŋu be: “Míekpɔ amesia wòle míaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o, hele gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.” (Luka 23:2) Edze ƒã be aʋatsoe woka elabena ƒe ɖeka do ŋgɔ esi amewo di be yewoalé Yesu aɖo fiae la, egbe. (Yohanes 6:15) Enya be dziƒo ye wòle be yeaɖu Fia le le etsɔme. (Luka 19:11, 12) Eye menye amehawo hãe aɖoe zi dzi o, ke boŋ Yehowae.
4. Nukae nye Yesu ƒe nɔnɔme ɖe adzɔxexe ŋu?
4 Ŋkeke etɔ̃ ko do ŋgɔ na Yesu léle la, Farisitɔwo di be yewoate eƒe nume ase ne wòagblɔ nya aɖe ku ɖe adzɔxexe ŋu si me yewoafɔ nya le atsɔ alée. Gake egblɔ na wo be: “Mifia denario [Roma-gaku] lam; ameka ƒe ta kple ŋɔŋlɔe le edzi mahã?” Esi woɖo eŋu be “Kaisaro tɔe” la, eɖo eŋu na wo be: “Eyaŋuti mitsɔ nusi nye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye mitsɔ nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu!”—Luka 20:20-25.
5. (a) Nukae Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo esime wolée? (b) Aleke Yesu ɖe susu si ta wòwɔ nu nenema la mee? (d) Nukae do tso ʋɔnudɔdrɔ̃ ma me?
5 Yesu mede dzi ƒo na amewo be woadze aglã ɖe xexeme dziɖuɖuwo ŋu o, kura o. Esi asrafowo kple ame bubuwo va Yesu léƒe la, Petro ɖe yi kpa ameawo dometɔ ɖeka ƒe to. Gake Yesu gblɔ bena: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi ke woatsɔ awu woe.” (Mateo 26:51, 52) Eƒe ŋufɔke la, Yesu ɖe eƒe nuwɔnawo me na Pilato be: “Nye fiaɖuƒe menye xexe sia me ƒe akpa aɖeke o. Nenye ɖe nye fiaɖuƒe nye xexe sia me ƒe akpa aɖe la, ne nye dɔlawo awɔ aʋa, bena womagadem asi na Yudatɔwo o.” (Yohanes 18:36, NW) Pilato lɔ̃ ɖe edzi be yemekpɔ “vɔ̃ aɖeke” si ta wole Yesu nu tsom ɖo o. Gake Pilato ɖe mɔ amehawo ƒe tɔteteɖenudzi kpe edzi eye wòna wohe Yesu ɖe ati ŋuti.—Luka 23:13-15; Yohanes 19:12-16.
Nusrɔ̃lawo Srɔ̃ Yesu ƒe Kpɔɖeŋu
6. Aleke Kristotɔ gbãtɔwo ɖee fiae be yewotsri xexeame ƒe gbɔgbɔ gake yewolɔ̃ amewo ya?
6 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va se nusi xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye fia gɔme. Efia be woatsri xexeame ƒe gbɔgbɔ kple eƒe nuwɔnawo, siwo ƒe ɖewoe nye ŋutasesẽ kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe modzaka siwo woɖena le Romatɔwo ƒe fefewɔƒewo. Le esi nusrɔ̃lawo tsri nusiawo ta woyɔ wo be ameƒomea ƒe futɔwo. Gake ɖe fuléle wo haviwo teƒe la, wodze agbagba vevie be yewoakpe ɖe amewo ŋu be ɖoɖo siwo Mawu wɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ la naɖe vi na wo.
7. (a) Esi nusrɔ̃la gbãtɔwo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o ta la, nukae dzɔ ɖe wo dzi? (b) Aleke wobu dunyahehe dziɖulawo kpakple adzɔxexee, eye nukatae?
7 Woti Yesu yomedzelawo yome abe eya ŋutɔ ke ene, eye zi geɖe la, dziɖuɖumegã siwo woka aʋatso na lae tia wo yome. Gake le ƒe 56 M.Ŋ. lɔƒo la, apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔwo le Roma tsɔ xlɔ̃ nu wo be ‘woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na [dunyahehe dziɖulawo] elabena dziɖuɖu aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko.’ Mefia be Yehowae ɖo xexeme dziɖuɖuwo zi dzi o, gake eɖe mɔ na wo be woanɔ anyi vaseɖe esime eƒe Fiaɖuƒea nazu dziɖuɖu ɖeka kolia si aɖu anyigba bliboa dzi. Eyata esɔ be Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woade bubu xexeme dziɖuɖumegãwo ŋu eye woaxe adzɔ na wo.—Romatɔwo 13:1-7; Tito 3:1, 2.
8. (a) Afikae wòle be Kristotɔwo nabɔbɔ wo ɖokui na dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na ase ɖo? (b) Aleke Kristotɔ gbãtɔwo srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu lae?
8 Gake afi aɖe koe ɖokuibɔbɔ na dunyahehe dziɖulawo se ɖo, menye nusi seɖoƒe meli na o ye wònye o. Ne Yehowa ƒe sewo kple amegbetɔ ƒe sewo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la, Yehowa subɔlawo ɖoa to Eƒe sewo. De dzesi nusi agbalẽ si nye On the Road to Civilization—A World History gblɔ le Kristotɔ gbãtɔwo ŋu: “Kristotɔwo gbe be yewomakpɔ gome le Roma-dukɔmeviwo ƒe dɔdasi aɖewo me o. Kristotɔwo . . . see le wo ɖokui me be asrafoɖuɖu nye dada le yewoƒe xɔse dzi. Womewɔ dunyahedɔwo o. Womedea ta agu na fiagã la o.” Esi Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ ‘de se’ na nusrɔ̃lawo ‘vevie’ be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe la, woɖo nya ŋu na wo be: ‘Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.’—Dɔwɔwɔwo 5:27-29.
9. (a) Nukatae Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem wɔ nusi wowɔ le ƒe 66 M.Ŋ. me la? (b) Mɔ ka nue ema nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí le?
9 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo lé akpaɖekedzimademade me ɖe asi sesĩe le dunyahenyawo kple asrafowo ƒe dzrenyawo me. Le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Yudatɔ siwo le Yudea dze aglã ɖe Kaisaro ŋu. Enumake Roma-srafowo va ɖe to ɖe Yerusalem ŋu. Nukae Kristotɔ siwo nɔ dua me la wɔ? Woɖo ŋku Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be woado go le dua me dzi. Esi Roma-ʋakɔa trɔ dzo sẽ la, Kristotɔwo tso Yordan-tɔsisia hesi yi Pella-tonutome. (Luka 21:20-24) Woƒe akpaɖekedzimademadea nye kpɔɖeŋu na Kristotɔ nuteƒewɔla siwo va emegbe.
Kristotɔ Akpaɖekedzimadelawo le Ŋkeke Mamlɛ Siawo Me
10. (a) Dɔ ka ŋue Yehowa Ðasefowo ƒe ŋku biã ɖo, eye nukatae? (b) Nukawo mee womedea akpa aɖeke dzi le o?
10 Ðe ŋutinya ƒe nuŋlɔɖi ɖee fia be le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ƒuƒoƒo aɖe li si lé akpaɖekedzimademade le go sia go me ɖe asi le Kristotɔ gbãtɔ mawo sɔsrɔ̃ mea? Ẽ, Yehowa Ðasefowo lé eme ɖe asi. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, woyi edzi le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea be eya ɖeɖeko dzie ŋutifafa, dzidzeme, kple dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ ato ava na dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo. (Mateo 24:14) Gake le dukɔwo dome dzrehehewo gome la, wolé akpaɖekedzimademade me ɖe asi sesĩe.
11. (a) Aleke Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade to vovo na nunɔlawo ƒe nuwɔnawoe? (b) Nukae nye Yehowa Ðasefowo ƒe susu le nusi ame bubuwo wɔna le dunyahehe me ŋu?
11 To vovo na wo sasasã la, xexe sia me subɔsubɔhawo ƒe nunɔlawo ƒo wo ɖokui ɖe dunyahenyawo me vevie. Le dukɔ aɖewo me wotsɔ dzonɔameme de dzi ƒo na amewo be woatia dunyahela aɖewo alo womegatia wo o. Nunɔlawo dometɔ aɖewo ŋutɔ hã nɔa dunyahedɔwo nu. Bubuwo dze agbagba zii ɖe dunyahelawo dzi vevie be woalɔ̃ ɖe wɔna siwo dzi nunɔlawo da asi ɖo la dzi. Gake Yehowa Ðasefowo ya meƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe me o. Womedea nu ame bubuwo ƒe dunyahehabɔbɔ me nɔnɔ, ʋiʋli na dunyahenɔƒe xɔxɔ, alo akɔdada le ametiatia me ƒe nuwɔnawo me o. Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo manye xexeame ƒe akpa aɖeke o, eyata Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le dunyahehe me o.
12. Nukae dzɔ le xexe sia me subɔsubɔwo ƒe akpaɖedzidede ta?
12 Abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, dukɔwo kpe aʋa kple wo nɔewo edziedzi. Habɔbɔ vovovowo gɔ̃ hã wɔ aʋa kple wo nɔewo le dukɔ ɖeka me. (Mateo 24:3, 6, 7) Ɣesiaɣi kloe la, subɔsubɔhakplɔlawo nɔa megbe na dukɔ alo habɔbɔ ɖeka ɖe nɔvia ŋu, eye wodea dzi ƒo na woƒe hameviwo be woawo hã nanɔ megbe na wo. Nukae nuwɔna sia he vɛ? Ha ɖeka me tɔwo wua wo nɔewo le dukɔ vovovo me tsotso alo gbegbɔgblɔ ƒe vovototo dzaa ko ta. Nusia tsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu.—Yohanes I, 3:10-12; 4:8, 20.
13. Nukae nyateƒenyawo fia le Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade ŋu?
13 Gake Yehowa Ðasefowo lé woƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi le aʋawɔwɔwo katã me. November 1, 1939, Gbetakpɔxɔ (Eŋlisigbe me tɔ) gblɔ be: “Amesiwo katã le Aƒetɔ la ƒe akpa dzi la made akpa aɖeke dzi le dukɔ siwo le aʋa wɔm la dome o.” Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ ɖesiaɖe me kple le nɔnɔme ɖesiaɖe me yia edzi léa tenɔnɔ sia me ɖe asi. Womeɖea mɔ be xexeame ƒe dunyahehe si hea mama vɛ kple aʋawɔwɔwo gblẽa woƒe dukɔwo dome nɔviwɔwɔa dome o. ‘Wotsɔa woƒe yiwo tua kodziwoe, eye wotsɔa woƒe akplɔwo tua hɛ gobɛwoe.’ Esi womedea akpa aɖeke dzi o ta la, womegasrɔ̃a aʋawɔwɔ azɔ o.—Yesaya 2:3, 4; Korintotɔwo II, 10:3, 4.
14. Nukae dzɔ ɖe Yehowa Ðasefowo dzi ɖe woƒe xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye ta?
14 Nukae nye woƒe akpaɖekedzimademadea me tsonuwo dometɔ ɖeka? Yesu gblɔ be: “Esi mienye xexeame ƒe akpa aɖeke o . . . eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.” (Yohanes 15:19) Wode Yehowa Ðasefo geɖe gaxɔ me ɖe Mawu subɔsubɔ ta. Wowɔ funyafunya wo dometɔ aɖewo vevie, eye wowu ɖewo gɔ̃ hã, abe alesi wòdzɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dzii ene. Nusitae nye be “xexe sia me mawu,” Satana, tsi tre ɖe Yehowa subɔlawo, amesiwo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o, la ŋu.—Korintotɔwo II, 4:4; Nyaɖeɖefia 12:12.
15. (a) Nuka gbɔe dukɔwo katã le azɔli dzi yina, eye le esia ta nukae Yehowa Ðasefowo kpɔna nyuie be yewoaƒo asa na? (b) Nukatae ame ɖokui ɖeɖe ɖa tso xexeame nye ŋkubiãnya gã aɖe?
15 Edzɔa dzi na Yehowa subɔlawo be yewomenye xexeame ƒe akpa aɖeke o elabena dukɔwo katã le azɔli dzi ɖo ta woƒe nuwuwu le Harmagedon. (Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:11-21) Nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wo dzi madzɔ ɖe mía dzi o elabena míeɖe mía ɖokui ɖa le xexeame. Míenye amesiwo wɔ ɖeka le xexeame godoo siwo wɔa nuteƒe na Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea. Esi míenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ta la, woɖua fewu le mía ŋu hetia mía yome ya. Gake ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ ne ema natɔ te, elabena wole fifi xexe sia si le Satana ƒe ŋusẽ te tsrɔ̃ ge ɖa tegbee. Ke amesiwo subɔa Yehowa ya anɔ anyi ayi ɖe mavɔmavɔ me le eƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeye si anɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la me.—Petro II, 3:10-13; Yohanes I, 2:15-17.
Numetoto
• Aleke Yesu ɖe nusiwo ‘xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye’ bia la fiae?
• Nukae nye Kristotɔ gbãtɔwo ƒe nɔnɔme ɖe (a) xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu, (b) xexeamedziɖulawo ŋu, kple (d) adzɔxexe ŋu?
• Mɔ kawo nue egbegbe Yehowa Ðasefowo ɖo kpe woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade dzi le?
[Nɔnɔmetata si le axa 165]
Yesu ɖe nu me be ye kple ye yomedzelawo yewomenye “xexeame ƒe akpa aɖeke o”