INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 17 axa 92-96
  • Nusi Hea Dzidzɔ Vɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Hea Dzidzɔ Vɛ
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lidia—Mawusubɔla Amedzrowɔlae Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Subɔa “Mawu Dzidzɔtɔ La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Ðe Nunana Ƒe Gbɔgbɔ Le Mewòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Ale Si Míawɔ Akpɔ Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 17 axa 92-96

TA 17

Nusi Hea Dzidzɔ Vɛ

Ɣe kle ɖe bligble aɖe dzi eye anyieʋɔ hã le dziŋgɔlia ŋu

Nukatae Yehowa nye ‘dzidzɔ Mawu’ ɖo?

ÐE MÍ katã míedi be míakpɔ dzidzɔ oa?— Gake ame geɖe mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔŋutɔ o. Ènya nusitaea?— Esi womenya nu vevi si hea dzidzɔ vɛ o tae. Wobu be nu geɖe siwo anɔ ame si ye nye nusi hea dzidzɔ vɛ. Gake ne nu mawo su wo si hã la, woƒe dzidzɔkpɔkpɔ menɔa anyi didina o.

Nu vevi si hea dzidzɔ vɛ enye si. Nufiala Gã lae gblɔe, be: ‘Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 20:35) Eyata nukae nye nusi hea dzidzɔ vɛ?— Ẽ, nunana amewo kple nuwo wɔwɔ na woe nye nusi hea dzidzɔ vɛ. Ènyae nenema?—

Na míabu nya sia ŋu vie ayi ŋgɔe. Ðe Yesu le gbɔgblɔm be amesi xɔ nunana ya makpɔ dzidzɔ oa?— Ao, menye nenema gblɔm wòle o. Èlɔ̃na be yeaxɔ nunanawo ɖe, alo?— Amesiame lɔ̃na be yeaxɔ nunanawo. Edzɔa dzi na mí ne míexɔ nu nyuiwo.

Gake Yesu gblɔ be enyea dzidzɔ geɖe wu ne míena nu amewo. Ekema amekae nàgblɔ be eyae na nu geɖe amewo wu ame bubu ɖesiaɖe?— Nyateƒee, Yehowa Mawue.

Biblia gblɔ be Mawue nye amesi “na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame.” Enaa tsidzadza mí tso dziƒo eye wònaa ŋdɔ hã ʋuna na mí, ale be agblemenuwo nate ŋu anyo míakpɔ nu aɖu. (Dɔwɔwɔwo 14:17; 17:25) Eyata mewɔ nuku o be Biblia yɔ Yehowa be ‘dzidzɔ Mawu’! (Timoteo I, 1:11) Nusiwo naa Mawu kpɔa dzidzɔ dometɔ ɖekae nye nunana amewo. Eye ne míawo hã míena nu amewo la, ena míekpɔa dzidzɔ.

Nyɔnuvi aɖe tsɔ kpɔnɔ vivi vɛ na nyɔnu aɖe kple via ŋutsuvi

Nuka wɔwɔe ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu be wò ɖeka ko nàɖu nuɖuɖu viviawo katã?

Ke nukae li si míate ŋu ana amewo? Nukae nàgblɔ?— Ɣeaɖewoɣi nanewo nana biana be ga nanɔ ame si. Ne nunana si tso fiase mee wònye la, ke ele be nàxe fe ɖe eta. Eyata ne nu ma ƒomevie nèdi be yeana la, ke ele be nàdzra ga ɖo vaseɖe esime wòasɔ gbɔ be nàtsɔ aƒlee.

Gake menye nunanawo katãe tsoa fiase me o. Le kpɔɖeŋu me, ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe la, nusi faa akɔ na ame ŋutɔ enye tsi fafɛ. Eyata ne èna nunana sia amesi tsikɔ le wuwum la, àte ŋu akpɔ dzidzɔ si tsoa nunana me.

Ðewohĩ gbeɖeka mia kple dada miaɖa nu vivi aɖe. Esia ate ŋu ana miakpɔ dzidzɔ. Gake nukae nàte ŋu awɔ kple nuɖuɖu vivi ma ƒe ɖe, si ado dzidzɔ na wò kura wu be wò ɖeɖe nàɖu wo katã?— Ẽ, àte ŋu atsɔ ɖe aɖo ɖe xɔ̃wòwo dometɔ aɖe wòanye nunana. Àdi be yeawɔ esia ɣeaɖeɣia?—

Nufiala Gã la kple eƒe apostolowo nya dzidzɔ si le nunana me. Ènya nunana si wotsɔ na amewoa?— Nusi wonae nye nu nyuitɔ kekeake le xexeame! Wonya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu, eye wotsɔ dzidzɔ gblɔ nyanyui sia na amewo. Wowɔ esia faa eye womeɖe mɔ be ame aɖeke naxe fe na yewo ɖe nusia tsɔtsɔ yi na amewo ta o.

Gbeɖeka apostolo Paulo kple eƒe xɔlɔ̃ vevi nusrɔ̃la Luka wodo go nyɔnu aɖe si hã di be yeakpɔ dzidzɔ si le nunana me. Wodo goe le tɔ aɖe to. Paulo kple Luka woyi teƒe ma elabena wosee be enye gbedoɖaƒe. Eye esi woɖo afima la, wokpɔe be nyateƒee, nyɔnu aɖewo le gbe dom ɖa le teƒea.

Paulo dze nyanyui si ku ɖe Yehowa Mawu kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu la gbɔgblɔ gɔme na nyɔnuawo. Nyɔnuawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Lidia nɔ to ɖom vevie. Esi wose nyaa vɔ la, Lidia di be yeawɔ nane atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nyanyui si yese ŋu vavã. Eyata eɖe kuku na Paulo kple Luka be: ‘Ne miebum bena, mezu nuteƒewɔla na Yehowa la, ekema miva aƒenye me eye mianɔ afima.’ Eye wòzi wo dzi wova eƒe aƒeme godoo.—Dɔwɔwɔwo 16:13-15.

Lidia kpe Paulo, Luka, kple ame bubuwo va eƒe aƒe me

Nya ka gblɔmee Lidia le na Paulo kple Luka?

Enye dzidzɔ na Lidia be Mawu ƒe subɔla siawo nava yeƒe aƒeme. Elɔ̃ wo elabena wokpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ nu tso Yehowa kple Yesu kpakple alesi woawɔ anɔ agbe tegbee ŋu. Dzi dzɔe be wòte ŋu na nu Paulo kple Luka woɖu eye wòna teƒe aɖe wo wodze. Eyata Lidia ƒe nunana la wɔe be wòkpɔ dzidzɔ elabena enye eƒe didi ŋutɔŋutɔ be yeana nu. Emae nye nusi dzi wòle be míaɖo ŋkui. Ðewohĩ ame aɖewo agblɔ na mí be ele be míana nu ame aɖe. Gake ne menye míaƒe didi wònye ŋutɔŋutɔ be míana nu o la, ke nunana la mana míakpɔ dzidzɔ o.

Dzidzɔ Lidia be yena nuɖuɖu kple dzeƒe Paulo, Luka kple ame bubuwo

Nukatae nunana Paulo kple Luka do dzidzɔ na Lidia ɖo?

Le kpɔɖeŋu me, ne kpetike le asiwò nèdi be yeaɖu ɖe? Ne megblɔ na wò be nàna ɖe ɖevi bubu aɖe ɖe, ɖe wòadzɔ dzi na wò be nàtsɔe anɛa?— Gake nenye be kpetike le asiwò eye nèdo go xɔ̃wò vevi aɖe ɖe? Ne eva susu me na wò ŋutɔ be anyo be nàtsɔ ɖe ana xɔ̃wòa ɖe, ɖe ema wɔwɔ mado dzidzɔ na wò oa?—

Ɣeaɖewoɣi míalɔ̃ ame aɖe ale gbegbe be míadi be míatsɔ nusianu anae ne ɖeke magasusɔ na mía ŋutɔ o gɔ̃ hã. Ne míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu le tsitsim ɖe edzi la, esiae wòle be míadi be míawɔ, be míatsɔ nusianu ana Eyama.

Nyɔnu dahe aɖe dzɔ gaku sue eve le gbedoxɔa me

Nukatae wònye dzidzɔ na nyɔnu dahe sia be wòtsɔ nusiwo katã le esi la na?

Nufiala Gã la nya nyɔnu dahe aɖe si se le eɖokui me be yeawɔ esia. Ekpɔ nyɔnua le gbedoxɔa me le Yerusalem. Gaku sue eve pɛ koe nɔ esi; emae nye ga siwo katã nɔ esi. Gake nyɔnua tsɔ wo katã va de nudzɔɖaka me be wòanye nudzɔdzɔ, alo nunana, hena gbedoxɔa me dɔwo wɔwɔ. Menye ame aɖekee zi edzi o. Amesiwo nɔ afima dometɔ akpa gãtɔ menya nusi wòwɔ la gɔ̃ hã o. Ewɔe faa elabena enye eƒe didi eye le esi wòlɔ̃ Yehowa ŋutɔŋutɔ ta. Dzi dzɔe be yete ŋu na nu.—Luka 21:1-4.

Mɔ geɖe li siwo dzi míate ŋu ato ana nu. Wo dometɔ aɖewo va susu me na wòa?— Ne míaƒe didi ŋutɔŋutɔe wònye be míana nu la, ekema ewɔwɔ ahe dzidzɔ vɛ na mí. Esia tae Nufiala Gã la gblɔ na mí be: ‘Miyi edzi mianɔ nu nam.’ (Luka 6:38) Ne míewɔa esia la, míana dzi nadzɔ amewo. Eye mía ŋutɔwoe akpɔ dzidzɔa gãtɔ!

Na míaxlẽ nu bubuwo kpee ku ɖe alesi nunana ame hea dzidzɔ vɛ ŋu, le Mateo 6:1-4; Luka 14:12-14; kple Korintotɔwo II, 9:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe