Lidia—Mawusubɔla Amedzrowɔlae Wònye
TSO blema ke la, Mawu vavã la subɔlawo ɖe dzesi le woƒe amedzrowɔwɔ ta. (Mose I, 18:1-8; 19:1-3) Amedzrowɔwɔ si gɔme woɖe be enye “amedzrowo lɔlɔ̃, dzidzɔkpɔkpɔ ɖe wo ŋu, alo dɔmenyo ɖeɖefia wo” si tsoa dzi ɖianukware me la kpɔtɔ nye Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe dzeside egbea gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, enye nusi wodi tso amesiwo katã ade ta agu na Mawu wòadze eŋu la si.—Hebritɔwo 13:2; Petro I, 4:9.
Ame aɖe si ɖe amedzrowɔwɔ fia wònye kpɔɖeŋu lae nye Lidia. ‘Ezi’ Kristotɔ dutanyanyuigblɔla siwo yi Filipi dzi wodze eƒeme. (Dɔwɔwɔwo 16:15) Togbɔ be womeyɔ Lidia ŋkɔ le Ŋɔŋlɔawo me boo o hã la, nya ʋee si wogblɔ tso eŋu ate ŋu ade dzi ƒo na mí. Le mɔ ka nu? Amekae nye Lidia? Nukae míenya le eŋu?
“Aɖabɛdzrala”
Lidia nɔ Filipi si nye Makedonia ƒe fiadu. Gake Tiatira si nye dugã le Lidia-nutoa me le Asia Sue ƒe ɣetoɖoƒe ye wòtso. Le esia ta ame aɖewo doe ɖa be “Lidia” anye megbeŋkɔ si wotsɔ nɛ le Filipi. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, enye “Lidiatɔ,” abe alesi woate ŋu ayɔ nyɔnu si Yesu Kristo ɖi ɖase na la be “Samaria-nyɔnu” ene. (Yohanes 4:9) Lidia dzraa ‘aɖabɛ’ alo nusiwo wotsɔ amadede sia dee. (Dɔwɔwɔwo 16:12, 14) Nuŋlɔɖi siwo ŋu blematomenukulawo ke ɖo ɖo kpe edzi be aɖabɛŋudɔwɔlawo nɔ Tiatira kple Filipi siaa. Anɔ eme be Lidia ʋu yi afima le eƒe dɔa ta, be wòava wɔ eya ŋutɔ ƒe dɔ le afima loo alo be wòanye Tiatira-aɖabɛŋudɔwɔlawo ƒe asitsaha aɖe teƒenɔla.
Wote ŋu ɖea aɖabɛ tso nu vovovowo me. Woɖea xɔasitɔ kekeake tso ƒumegomelã ƒomevi aɖewo me. Ƒe alafa gbãtɔ me Romatɔ hakpanyaŋlɔla Martial gblɔ be awu ʋlaya si wotsɔ aɖabɛ nyuitɔ wɔ le Tiro (si hã nye du bubu si me wowɔa nusia le) ƒe asi te ŋu xɔa sesterse 10,000, alo denario 2,500, si nye dɔwɔla ƒe ŋkeke 2,500 ƒe fetu. Edze ƒã be awu siawo nye kesinɔnu siwo ame ʋee aɖewo ko te ŋu ƒlena. Eyata ɖewohĩ alɔme nɔ Lidia si. Aleke kee wòɖanɔ o, ete ŋu wɔ amedzro na apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛwo—Luka, Sila, Timoteo, kple ɖewohĩ ame bubuwo hã.
Paulo ƒe Gbeƒãɖeɖe le Filipi
Le ƒe 50 M.Ŋ. me lɔƒo la, Paulo yi Europa zi gbãtɔ eye wòdze gbeƒãɖeɖe gɔme le Filipi.a Ne Paulo ɖo du yeye aɖe me la, nusi wòwɔnae nye be eyia ƒuƒoƒe ɖaɖea gbeƒã na Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo ƒoa ƒu ɖe afima la gbã. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 13:4, 5, 13, 14; 14:1.) Gake ame aɖewo gblɔ be Roma-se meɖe mɔ be Yudatɔwo nawɔ woƒe mawusubɔsubɔdɔwo le Filipi “nuto kɔkɔewo” me o. Eyata esi dutanyanyuigblɔlaawo nɔ afima “ŋkeke aɖewo” eye Sabat-ŋkekea ɖo la, wokpɔ teƒe aɖe le tɔsisi aɖe to le dua godo afisi ‘wosusu be enye woƒe gbedoɖaƒe.’ (Dɔwɔwɔwo 16:12, 13) Edze ƒã be Gangites Tɔsisia ye wònye. Nyɔnuwo koe dutanyanyuigblɔlaawo kpɔ le afima, siwo dometɔ ɖekae nye Lidia.
‘Mawusubɔla Wònye’
‘Mawusubɔla’ ye Lidia nye, gake anɔ eme be enye trɔ̃subɔla si trɔ dzime va Yudatɔnyenye me esime wònɔ mawusubɔsubɔ me nyateƒea dim. Togbɔ be dɔ nyui aɖee Lidia wɔna hã la, menye ŋutilãmenudila o. Ke boŋ ekpɔ vovo ɖe gbɔgbɔmenyawo ŋu. ‘Yehowa ʋu eƒe dzi be wòlé to ɖe nya, siwo gblɔm Paulo le la ŋu,’ eye Lidia xɔ nyateƒea. Le nyateƒe me la, ‘wonyrɔ eya kple eƒe aƒemetɔwo katã.’—Dɔwɔwɔwo 16:14, 15.
Biblia meyɔ ame bubu siwo nye Lidia ƒe aƒemetɔwo la ŋkɔ o. Esi womeƒo nu tso srɔ̃a ŋu o ta la, ɖewohĩ tre alo ahosie wònye. Ðewohĩ eƒe ƒometɔwoe nye “eƒemetɔwo,” gake nya la ate ŋu afia kluviwo alo subɔviwo hã. Aleke ke wòɖanɔ o, Lidia gblɔ nusiwo wòsrɔ̃ na amesiwo nɔ egbɔ. Eye dzidzɔ kae nye si wòanya kpɔ esime woxɔ se eye woxɔ xɔse vavãtɔ la!
‘Ezi Mía Dzi’
Hafi dutanyanyuigblɔlaawo nado go Lidia la, ɖewohĩ dzeƒe si woa ŋutɔwo wohaya la me nɔnɔ dze wo ŋu. Gake edzɔ dzi na nyɔnua be wòte ŋu na dzeƒe bubuwo wo. Gake nyateƒe si wònye be ezi wo dzi la fia be Paulo kple eƒe zɔhɛwo to mɔ aɖewo dzi gbe hafi. Nukatae? Paulo di be ‘yeagblɔ nyanyui la fetu naganɔ eŋu o, bene wòagawɔ eƒe ŋusẽ ŋudɔ madzemadzee o’ eye be wòagazu agba ɖe ame aɖeke dzi o. (Korintotɔwo I, 9:18; Korintotɔwo II, 12:14) Gake Luka gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Esi [wonyrɔ eya kple eƒemetɔwo, NW] katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye minɔ afima. Eye wòzi mía dzi.” (Dɔwɔwɔwo 16:15) Nu vevitɔ si ŋu Lidia tsi dzi ɖoe nye be yeawɔ nuteƒe na Yehowa, eye edze ƒã be amedzro si wòwɔ la ɖe eƒe xɔse fia. (Tsɔe sɔ kple Petro I, 4:9.) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si! Ðe míawo hã míezãa míaƒe nunɔamesiwo tsɔ doa nyanyuia gbɔgblɔ ɖe ŋgɔa?
Nɔvi Siwo Nɔ Filipi
Esime woɖe Paulo kple Sila tso gaxɔ me le nudzɔdzɔ si ku ɖe dɔlanyɔnu si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ŋu megbe la, wotrɔ yi Lidia ƒeme, afisi wokpɔ nɔvi aɖewo le. (Dɔwɔwɔwo 16:40) Xɔsetɔ siwo nɔ Filipi-hame si woɖo yeyee me la anya tsɔ Lidia ƒe aƒeme wɔ kpekpeƒee. Susu le eme be míabu be eƒe aƒeme yi edzi nye teokrasidɔwo wɔƒe le dua me.
Amedzrowɔwɔ si Lidia ɖe fia le gɔmedzedzea me la zu numãme na hame bliboa. Togbɔ be Filipitɔawo da ahe hã la, woɖoa Paulo ƒe nuhiahiãwo ɖee zi geɖe, eye apostolo la da akpe na wo.—Korintotɔwo II, 8:1, 2; 11:9; Filipitɔwo 4:10, 15, 16.
Paulo meyɔ Lidia ŋkɔ le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Filipitɔwo le ƒe 60-61 M.Ŋ. me lɔƒo la me o. Ŋɔŋlɔawo megblɔ nusi dzɔ ɖe edzi le nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Dɔwɔwɔwo ta 16 la megbe o. Gake nya ʋee siwo woŋlɔ tso nyɔnu veviedola sia ŋu la na míedina be ‘míanɔ amedzrowɔwɔ dzi!’ (Romatɔwo 12:13) Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be Kristotɔ siwo ɖi Lidia la le mía dome! Woƒe nɔnɔme wɔnɛ be vividoɖeameŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ nɔa hamewo me, be wòanye ŋutikɔkɔe na Yehowa Mawu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le Makedonia-dugã vevitɔwo dome la, Filipi nye asrafodu si de ŋgɔ si wotsɔ jus italicum (Italia Se) kplɔna. Se siawo na gomenɔamesi Filipitɔwo wòsɔ kple esiwo nɔ Roma-dumeviwo si.—Dɔwɔwɔwo 16:9, 12, 21.
[Aɖaka si le axa 28]
Yudatɔwo ƒe Agbenɔnɔ le Filipi
Agbenɔnɔ le Filipi manya nɔ bɔbɔe na Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla siwo trɔ dzime va Yudatɔnyenye me la o. Ðewohĩ wolé fu Yudatɔwo, elabena ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Paulo ƒe afima yiyi la, Fiagã Klaudio nyã Yudatɔwo katã le Roma.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 18:2.
Eɖe dzesi be wohe Paulo kple Sila yi amegãwo gbɔe esi woɖe afakagbɔgbɔ si nɔ dɔlanyɔnu la dzi ɖa vɔ megbe. Esi eƒe aƒetɔwo kpɔ be wobu nu xɔasi si me wokpɔa viɖe le la, wowɔ wo tɔ duametɔwo ƒe nazãbubu ŋudɔ hegblɔ bena: “Amesiawo la, Yudatɔwo wonye, eye wole míaƒe du la nyamam; eye wole kɔ, siwo medze mí be, míaxɔ alo míanyi o la, gblɔm fia mí, elabena Romatɔwo míenye.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Esia na woƒo Paulo kple Sila kple ati eye wode wo gaxɔ me. (Dɔwɔwɔwo 16:16-24) Le nɔnɔme sia me la, ebia dzideƒo be woasubɔ Yehowa, Yudatɔwo ƒe Mawu la le gaglãgbe. Gake edze ƒã be Lidia metsɔ ɖeke le eme be yeato vovo tso ame bubuwo gbɔ o.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]
Filipi-gli gbagbãwo