TA 23
Nusita Amewo Dzea Dɔ
ÈNYA ame aɖe si dze dɔa?— Anɔ eme be wò ŋutɔ hã èdzea dɔ ɣeaɖewoɣi. Ðewohĩ wɔɖi alo kpe ƒo wò alo be dɔme ɖu wò kpɔ. Ame aɖewo dze dɔ vevie. Womate ŋu atsi tre gɔ̃ hã ne ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu o. Zi geɖe la, esia dzɔna ne amewo tsi ku amegã alo nyagã.
Amesiame dzea dɔ ɣeaɖewoɣi. Ènya nusita míedzea dɔ, tsina kua amegã kple nyagã, hekuna?— Gbeɖeka wokɔ ŋutsu aɖe si mete ŋu zɔa azɔli o va Yesu gbɔ, eye Yesu na míenya nusita amewo dzea dɔ hekuna. Na maƒo nu tso eŋu na wò.
Yesu nɔ aƒe aɖe me le du aɖe si tsɔ ɖe Galilea-ƒua gbɔ me. Ameha gã aɖe va be yewoase eƒe nyawo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be teƒe aɖeke megali be ame bubuwo nato age ɖe xɔa me o. Ame aɖeke magakpɔ mɔ ate ɖe ʋɔtrua nu teti hã o. Gake vavam koe amewo gale ɖe edzi! Ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si nye lãmetututɔ si mete ŋu zɔa azɔli gɔ̃ hã o la vɛ. Ŋutsu ene ye tsɔe ɖe aba sue aɖe dzi.
Ènya nusita wodi vevie be yewoakɔ dɔnɔ sia ava Yesu gbɔea?— Xɔse nɔ wo si be Yesu ate ŋu akpe ɖe eŋu. Woxɔ edzi se be Yesu ate ŋu ada eƒe dɔa nɛ. Ènya alesi wowɔ kɔ lãmetututɔa yi ɖe Yesu gbɔe esime ame gbogbo mawo yɔ aƒea mea?—
Ahã, foto si kpɔm nèle le afisia ɖe alesi wowɔe fia. Gbã la, wolia dzi kɔ ŋutsua yi ɖe xɔa tame. Enye xɔ si tame le gbadzaa. Emegbe wofo xɔa tame. Mlɔeba la, woɖiɖi aba si dzi dɔnɔa mlɔ la ɖɔɖɔɖɔ to teƒe si wofo la va anyi le xɔa me. Xɔse ka gbegbee nye si nɔ wo si!
Ewɔ moya na amesiwo katã nɔ aƒea me esi wokpɔ nusi nɔ dzɔdzɔm. Lãmetututɔ si mlɔ aba dzi enye ma woɖiɖi wòva le wo dome. Ðe Yesu kpɔ dziku le nusi ŋutsu siawo wɔ ta?— Kura o! Edzɔ dzi nɛ esi wòkpɔe be xɔse le wo si. Egblɔ na lãmetututɔa be: ‘Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò.’
Nukae Yesu gblɔ na lãmetututɔa be wòawɔ?
Ameawo dometɔ aɖewo susui be mesɔ be Yesu nagblɔ nya ma o. Womesusui be ate ŋu atsɔ nuvɔ̃ ake o. Eyata be Yesu nàɖee afia be yeate ŋui vavã la, egblɔ na ŋutsua be: “Tsi tre, tsɔ wò aba, ne nàyi aƒewò me.”
Esi Yesu gblɔ nya siawo la, ŋutsua haya! Meganye lãmetututɔ azɔ o. Fifia eya ŋutɔ te ŋu tsia tre zɔa azɔli. Ewɔ nuku na amesiwo kpɔ nukunu sia teƒe. Womekpɔ nukunu sia tɔgbe kpɔ le woƒe agbe me o! Wokafu Yehowa be wòɖo Nufiala Gã sia ɖe yewo, amesi te ŋu daa dɔ hã na yewo.—Marko 2:1-12.
Nukae míesrɔ̃ le nukunu sia me?
Nukae míesrɔ̃ tso nukunu sia me?— Míesrɔ̃e be ŋusẽ le Yesu si be wòatsɔ nuvɔ̃wo ake eye be wòana dɔnɔwo nahaya. Gake míegasrɔ̃ nu bubu aɖe hã, enye nusɔsrɔ̃ vevi aɖe. Míesrɔ̃e be nuvɔ̃ tae amewo dzea dɔ ɖo.
Esi wònye be mí katã míedzea dɔ ɣeaɖewoɣi ta la, ɖe wòfia be nuvɔ̃wɔlawoe mí katã míenyea?— Ẽ, Biblia la gblɔ be nuvɔ̃ mee wodzi mí katã ɖo. Ènya nusi wòfia be woadzi ame ɖe nuvɔ̃ mea?— Efia be wodzi mí ame madeblibowoe. Ɣeaɖewoɣi míewɔa nusi mesɔ o, togbɔ be menye míaƒe didi wònye o hã. Ènya alesi wòdzɔe be nuvɔ̃ va le mí katã ŋua?—
Wodzi mí ɖe nuvɔ̃ me le esi ame gbãtɔ, Adam, meɖo to Mawu o ta. Ewɔ nuvɔ̃ esi wòda le Mawu ƒe se dzi. Eye Adam gbɔe mí katã míenyi nuvɔ̃ ƒe dome tsoe. Ènya alesi míexɔ nuvɔ̃ tso egbɔea? Madze agbagba aɖe egɔme na wò le mɔ si nu nàte ŋu ase egɔme le nu.
Aleke wòdzɔe be nuvɔ̃ va le mí katã mía ŋu?
Ðewohĩ èkpɔ ame aɖe wòle abolo mem le agba me kpɔ. Nukae adzɔ ɖe aboloa dzi nenye be aboloƒogba la ƒe akpa aɖe bɔ ɖe eme? Ènya nusi adzɔa?— Dzesi ma tututu, alo akpa si bɔ de eme, aɖe ɖe abolo siwo katã woame le agba ma me ŋu, alo?—
Adam le abe aboloƒogba ma ene, eye míawo míele abe aboloawo ene. Eva zu ame madeblibo esime wòda le Mawu ƒe se dzi. Eyata ele abe ɖe wòbɔ de eme, alo xɔ blibomademade ƒe dzesi ene. Eyata ne edzi vi la, nukae anɔ ɖeviawo ŋu?— Viawo katã hã axɔ blibomademade ƒe dzesi ma ke.
Womedzi ɖevi akpa gãtɔ kple blibomademade ƒe dzesi gã aɖe si nàte ŋu akpɔ kple ŋku o. Womedzi wo abɔ alo afɔ ɖeka mele wo ŋu o. Gake blibomademade si le wo ŋu la lolo ale gbegbe be wote ŋu dzea dɔ, eye mlɔeba la, wokuna.
Ele eme baa be ame aɖewo dzea dɔ kabakaba wu ame bubuwo. Nukata wòle nenema? Ðe wònye be wodzi wo kple nuvɔ̃ geɖe wu taea?— Ao, wodzi amesiame kple nuvɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ ɖeka ma ke. Wodzi mí katã míenye ame madeblibowo. Eyata le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔléle aɖe ate ŋu adze amesiame dzi. Amesiwo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Mawu ƒe sewo katã dzi eye womewɔ nu gbegblẽ gobi aɖeke o gɔ̃ hã te ŋu dzea dɔ.
Lãmesẽ ka tɔgbee anɔ mía si ne wova ɖe míaƒe nuvɔ̃ ɖa?
Ekema nukatae ame aɖewo dzea dɔ enuenu wu ame bubuwo?— Susu geɖe tae. Ate ŋu anye be esi womekpɔa nu ɖuna wòsua wo o tae. Alo ate ŋu anye be womeɖua nuɖuɖu nyuitɔ si wòle be woaɖu o. Ðewohĩ woɖua suklinu fũ akpa. Susu bubu ate ŋu anye be womemlɔa anyi kaba le zã me o eyata alɔ̃ mesua wo o. Alo be womedoa vuvɔmewu alo awu titri ne vuvɔ le wɔwɔm o. Ame aɖewo ƒe lãme mesẽ o eyata womete ŋu wɔa avu kple dɔlékui o togbɔ be wodzea agbagba be yewoalé be na yewo ɖokui gɔ̃ hã.
Ðe ɣeyiɣi aɖe ava esime míagadze dɔ akpɔ gbeɖe oa? Ðe míavo tso nuvɔ̃ si me gbaɖegbea?— Enyo, nukae Yesu wɔ na lãmetututɔ ma?— Yesu tsɔ eƒe nuvɔ̃wo kee eye wòyɔ dɔe. To mɔ sia nu la, Yesu ɖe nusi wòava wɔ gbeɖeka na amesiwo katã dzea agbagba vevie be yewoawɔ nu dzɔdzɔe la fia.
Ne míeɖee fia be míelɔ̃a nuvɔ̃ o eye be míelé fu nusi nye nu gbegblẽ la, Yesu ava da dɔ na mí. Le etsɔ si gbɔna me la, ava ɖe blibomademade si me míele fifia la ɖa na mí. Awɔ esia elabena eyae nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Gake womaɖe nuvɔ̃ ɖa le mía ŋu enumake zi ɖeka o. Woanɔ eɖem ɖa vivivi ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Ekema ne woɖe mí tso míaƒe nuvɔ̃ me mlɔeba la, míagadze dɔ akpɔ gbeɖe o. Lãmesẽ deblibo asu mí katã mía si. Yayra ka gbegbee nye si wòanye!
Be míakpɔ susu geɖe ku ɖe alesi nuvɔ̃ kpɔa ŋusẽ ɖe amesiame dzii ŋu la, xlẽ Hiob 14:4; Psalmo 51:7; Romatɔwo 3:23; 5:12; kple 6:23.