INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 26
  • Egatrɔ Yi Aƒe le Kapernaum

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Egatrɔ Yi Aƒe le Kapernaum
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Wotsɔ Wò Nu Vɔ̃wo Ke Wò”
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nusita Amewo Dzea Dɔ
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Ðe Mawu Atsɔ Nye Nu Vɔ̃wo Akema?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ le Sabat Dzi
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 26

Ta 26

Egatrɔ Yi Aƒe le Kapernaum

VASEÐE fifia la, Yesu ŋu nya kaka de didiƒe, eye ame geɖe zɔa mɔ vaa teƒe siwo yiyi sesẽ siwo wònɔna la. Gake le ŋkeke aɖewo megbe la, egatrɔ yi Kapernaum si le Galilea-ƒua gbɔ. Nya la kaka ɖe dua me xoxo be egbɔ va aƒe, eye ame geɖe va aƒe si me wòle la me. Farisitɔwo kple Sefialawo tso keke Yerusalem ke va.

Amehawo sɔ gbɔ ale gbegbe be woxe ʋɔtrua nu, eye mɔ megali ame aɖeke nato age ɖe eme o. Nu ɖedzesi ŋutɔ aɖe le dzɔdzɔ ge. Nusi dzɔ le ɣeyiɣi sia me la le vevie ŋutɔ, elabena ekpe ɖe mía ŋu be míakpɔe adze sii be ŋusẽ le Yesu si be wòaɖe nusi hea amegbetɔ ƒe fukpekpe vɛ la ɖa eye wòana lãmesẽ amesiame si dze eŋu.

Esime Yesu nɔ nu fiam amehawo la, ame ene tsɔ lãmetututɔ aɖe vɛ le aba dzi. Wodi be Yesu neda dɔ na yewo xɔlɔ̃a na yewo, gake le amehawo ta la, womate ŋu age ɖe xɔa me o. Aleke gbegbe wòaɖe dzi le wo ƒoe nye si! Gake womena ta o. Wolia xɔa tame si le gbadzaa la, eye woŋɔ etame heɖiɖi aba la kple lãmetututɔ si le edzi la ɖe Yesu xa tututu.

Ðe dɔme ve Yesu le esi wona wòdzudzɔ nusi wɔm wòle la ta? Kura o! Ðe woƒe xɔse la wɔ dɔ ɖe edzi vevie boŋ. Egblɔ na lãmetututɔ la be: “Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò.” Gake ɖe Yesu ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake nyateƒea? Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo mesusu be ate ŋui o. Wosusu le woƒe dzi me be: “Aleke wɔ ame sia ƒo nu alea? Egblɔ busunya; ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko o mahã?”

Esi Yesu nya woƒe tame ta la, egblɔ na wo be: “Nuka wɔ miele nusiawo ƒe ɖi kem le miaƒe dzi me mahã? Kae bɔbɔ wu? Be woagblɔ na lãmetututɔ la bena: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre natsɔ wò aba, eye nazɔ azɔli mahã?”

Emegbe Yesu ɖe mɔ be amehawo, siwo dome amesiwo le nya hem kplii hã le la be woakpɔ nu ɖedzesi aɖe si aɖee afia be ŋusẽ le ye si be yeatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi eye be le nyateƒe me la, yee nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ. Etrɔ ɖe lãmetututɔa ŋu heɖe gbe be: “Mele egblɔm na wò bena: Tsi tre, tsɔ wò aba, ne nayi aƒewò me.” Eye etsi tre enumake eye wòtsɔ eƒe aba zɔ do go le wo katã ŋkume! Ameha la ƒe mo wɔ yaa eye wokafu Mawu hedo ɣli gblɔ be: “Míekpɔ ale nusiawo tɔgbe kpɔ o”!

Ède dzesii be Yesu tsɔ nuvɔ̃wo ku ɖe dɔléle ŋu eye wògblɔ be nuvɔ̃wo tsɔtsɔ ke do ƒome kple ŋutilãmelãmesẽa? Biblia ɖe nu me be mía dzila gbãtɔ Adam wɔ nuvɔ̃, eye be mí katã míenyi nuvɔ̃ ma me tsonu siwo nye dɔléle kple ku ƒe dome. Gake le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, Yesu atsɔ amesiwo katã lɔ̃a Mawu eye wosubɔa Eyama la ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye ɣemaɣi woaɖe dɔléle ƒomevi ɖesiaɖe ɖa. Aleke gbegbe wòanyoe nye si! Marko 2:1-12; Luka 5:17-26; Mateo 9:1-8; Romatɔwo 5:12, 17-19.

▪ Nudzɔdzɔ ka mee wowɔ nane si ɖe dzesi vavã la le?

▪ Aleke wowɔ lãmetututɔ la te ŋu ɖo Yesu gbɔ?

▪ Nukatae mí katã míenye nuvɔ̃mewo, gake aleke Yesu na mɔkpɔkpɔ be woate ŋu atsɔ míaƒe nuvɔwõ ake mí eye lãmesẽ deblibo ate ŋu agasu mía si?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe