TA 27
Amekae Nye Wò Mawu?
NUKATAE biabia si nye, Amekae nye wò Mawu? la le vevie?— Elabena mawu geɖewoe amewo subɔna. (Korintotɔwo I, 8:5) Esime apostolo Paulo xɔ ŋusẽ tso Yehowa gbɔ tsɔ da dɔ na ŋutsu aɖe si mezɔ azɔli kpɔ o la, amesiwo nɔ eteƒe do ɣli be: “Mawuwo tsɔ amewo ƒe nɔnɔme ɖi va mía gbɔ.” Ameawo di be yewoade ta agu na Paulo kple exɔlɔ̃ Barnaba. Wotsɔ ŋkɔ na Paulo be Hermes eye woyɔ Barnaba be Zeus, siwo nye alakpamawuwo ƒe ŋkɔwo.
Gake Paulo kple Barnaba gbe be amewo megade ta agu na yewo o. Woɖe abla ge ɖe ameawo dome gblɔ na wo be: ‘Mitrɔ tso nenem yakanu siawo gbɔ va Mawu gbagbe la gbɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 14:8-15) Amekae nye “Mawu gbagbe” la, amesi wɔ nuwo katã?— Ẽ, eyae nye Yehowa, ‘Amesi ɖo kpo ɖe anyigba blibo la katã dzi.’ Yesu yɔ Yehowa be ‘Mawu vavã ɖeka kolia la.’ Eyata ameka koe dze be woade ta agu na?— Yehowa ɖeka koe!—Psalmo 83:19; Yohanes 17:3; Nyaɖeɖefia 4:11.
Nukatae Paulo kple Barnaba womeɖe mɔ amewo de ta agu na wo o?
Ame akpa gãtɔ subɔa mawu bubuwo, ke menye ‘Mawu vavã ɖeka kolia la’ o. Zi geɖe la, wosubɔa nusiwo wotsɔ ati, kpe, alo ga wɔe. (Mose II, 32:4-7; Mose III, 26:1; Yesaya 44:14-17) Ɣeaɖewoɣi woyɔa ŋutsu kple nyɔnu siwo va zu ame xɔŋkɔwo gɔ̃ hã be mawuwo, alo amesiwo dze na bubu tɔxɛ. Ðe wòsɔ be woatsɔ subɔsubɔ ana woa?—
Esi Saul va zu apostolo Paulo vɔ megbe la, eŋlɔ bena: “Xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu.” (Korintotɔwo II, 4:4) Amekae nye mawu sia?— Ẽ, Satana Abosam ye! Satana te ŋu wɔe be amewo le amegbetɔ kple nu bubu geɖewo subɔm.
Esime Satana nɔ didim be yeana Yesu nabɔbɔ ade ta agu na ye la, nya kae Yesu gblɔ na Satana?— ‘Yehowa wò Mawu la nàde ta agu na, eye eya ɖeka ko nàsubɔ.’ (Mateo 4:10) Eyata Yesu na eme kɔ ƒã be Yehowa ɖeka koe dze na míaƒe subɔsubɔ. Na míaxlẽ nu tso ɖekakpui aɖewo siwo nya esia ŋu. Woƒe ŋkɔwoe nye Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego.
Hebri-vi siawo nye Mawu ƒe dukɔ Israel-vi siwo wokplɔ yi aboyo me le Babilon la dometɔ aɖewo. Fia si le afima si ŋkɔe nye Nebukadnezar la li sikalegba gã aɖe. Gbeɖeka la, ede se be ne wose haƒoƒo ko la, amesiame nadze klo na yeƒe legba la. Egblɔ be: ‘Amesi medze klo de ta agu nɛ o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe kpo si me dzo le bibim le vlavlavla la me.’ Ne ɖe nènɔ eteƒe ɖe, anye ne nukae nàwɔ?—
Nukatae ɖekakpui siawo gbe tadedeagu na legba la?
Zi geɖe la, Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego wɔa nusianu si fia la bia be woawɔ. Gake esia ya wogbe ewɔwɔ. Ènya nusitaea?— Elabena Mawu ƒe se gblɔ be: ‘Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò eye nàde ta agu nɛ o.’ (Mose II, 20:3-5) Eyata Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego woɖo to Yehowa ƒe se tsɔ wu fia la ƒe sedede.
Fia la do dɔmedzoe ŋutɔ eyata ena wokplɔ Hebri-vi ɖekakpui etɔ̃ siawo va egbɔ. Ebia wo be: ‘Nyateƒee wònye be miegbe be miasubɔ nye ŋutɔ nye mawuwo oa? Magana mɔnukpɔkpɔ bubu mi. Azɔ ne miese haƒoƒoa ko la, midze klo miade ta agu na legba si meli la. Ne miegbe la, woatsɔ mi aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me. Eye mawu kae ate ŋu aɖe mi atso asinye me?’
Nukae ɖekakpuiawo awɔ fifia? Anye ne nukae nàwɔ?— Woɖo eŋu na fia la bena: ‘Mía Mawu si subɔm míele la ate ŋu aɖe mí. Gake ne meɖe mí o hã la, míele wò mawuwo subɔ ge o. Míade ta agu na wò sikalegba la o.’
Dzi ku fia la vevie. Ede se be: ‘Mido dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wònɔ tsã!’ Tete wòɖe gbe na eƒe ame sesẽwo be woabla Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzoa me! Kpoa me xɔ dzo ale gbegbe be dzoƒaɖewo wu fia la ŋutɔ ƒe amewo! Ke Hebri-vi etɔ̃awo ya ɖe?
Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego va dze dzoa titina tututu. Gake wotso ɖe tsitre nu! Naneke mewɔ wo o. Eye woƒe kawo tu le wo ŋu. Aleke wòdzɔe?— Fia la ke ŋku ɖi nɔ kpodzoa me kpɔm, eye nusi wòkpɔ la na vɔvɔ̃ ɖoe. Ebia eƒe dɔlawo be: ‘Ðe menye ame etɔ̃e míetsɔ ƒu gbe ɖe dzoa me oa?’ Woɖo ŋu nɛ be: ‘Ẽ, fia, nenemae.’
Aleke Yehowa ɖe esubɔlawo tso kpodzo bibi la mee?
Tete fia la gblɔ be: ‘Mikpɔ ɖa! Mele ame ene kpɔm wole tsatsam le dzoa me, eye dzoa mele wo dometɔ aɖeke fiãm o.’ Ènya amesi ame enelia ma nyea?— Yehowa ƒe dɔlae. Eyae va kpɔ Hebri-vi etɔ̃awo ta be naneke mewɔ wo o.
Esi fia la kpɔ esia la, ete ɖe kpodzoa ŋu eye wòdo ɣli be: ‘Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego, mi Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe subɔviwo, mido va afii!’ Esi wodo va la, amesiame te ŋu kpɔe be womefiã o. Dzo meʋẽ le wo ŋu kura gɔ̃ hã o. Azɔ fia la gblɔ be: ‘Woakafu Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ƒe Mawu, amesi dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖe esubɔlawo, le esi womade ta agu na mawu bubu aɖeke o negbe woa ŋutɔwo woƒe Mawu la ko ta.’—Daniel, ta 3.
Nukawoe amewo tsɔ wɔ mawui egbea?
Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nusi dzɔ va yi me. Egbea hã amewo tsɔa nɔnɔmetatawo, nɔnɔmewɔwɔwo, alo legbawo, ɖoa anyi na tadedeagu. Numekugbalẽ si nye The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Aflaga nye nu kɔkɔe abe atitsoga la ene.” Woate ŋu atsɔ ati, kpe, ga, alo avɔ awɔ nɔnɔmewɔwɔwoe. Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo gbe be yewomawɔ tadedeagunu aɖeke na Roma-fiagã la o, eye enye nusi ŋutinyaŋlɔla Daniel P. Mannix gblɔ be woate ŋu atsɔe asɔ kple “gbegbe be womado gbe na aflaga alo agblɔ nuteƒewɔwɔ ƒe atamkaka la o.”
Eyata ɖe nèsusu be vovototo aɖe le eme le Mawu gbɔ ne avɔ, ati, kpe, alo ga ye wotsɔ wɔ legba laea?— Ðe wòasɔ be Yehowa ƒe subɔla nawɔ nusi anye tadedeagu na legba mawoa?— Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego gbe be yewomawɔe o, eye Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Aleke nàwɔ asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua?—
Amesiwo subɔa Yehowa mate ŋu ade ta agu na ame alo nu bubu aɖeke o. Xlẽ nusi wogblɔ tso nya sia ŋu le Yosua 24:14, 15, 19-22; Yesaya 42:8; Yohanes I, 5:21; kple Nyaɖeɖefia 19:10.