INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 41 axa 212-216
  • Ðevi Siwo Doa Dzidzɔ Na Mawu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðevi Siwo Doa Dzidzɔ Na Mawu
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aʋakalẽtɔ Aɖe Kple Nyɔnuvi Sue La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Edi Be Yeana Kpekpeɖeŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyɔnuvi Sue aɖe si Ƒo Nu Dzideƒotɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Esẽ Dzi Me Gbã, Gake Eva Ðo To
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 41 axa 212-216

TA 41

Ðevi Siwo Doa Dzidzɔ Na Mawu

ÐEVI kae nɔ anyigba dzi kpɔ si nàgblɔ be eyae do dzidzɔ na Yehowa wu ame bubu ɖesiaɖe?— Eyae nye eya ŋutɔ Via, Yesu. Na míaƒo nu tso nusiwo Yesu wɔ wòdo dzidzɔ na Fofoa si le dziƒo ŋu.

Tso afisi Yesu ƒe ƒomea le yi ɖe Yerusalem, afisi wotu Yehowa ƒe gbedoxɔ ɖo, la nye ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔzɔzɔ. Yesu yɔ gbedoxɔa be “Fofonye ƒe aƒe.” Eya kple eƒe ƒomea yia afima ƒe sia ƒe na Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu.

Le ƒe aɖe me esi Yesu xɔ ƒe 12 la, woƒe ƒomea trɔ tso Ŋutitotoa ɖuƒe yina aƒeme. Esi zã do wova ɖo dzeƒe aɖe le mɔa dzi ko hafi wokpɔe be Yesu mele yewoƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dome o. Eyata Maria kple Yosef wotso enumake gbugbɔ trɔ yi Yerusalem be yewoava di Yesu. Afika nèsusu be wòanɔ?—

Wova kpɔ Yesu le gbedoxɔa me. Enɔ to ɖom nufialawo eye wònɔ nya biam wo. Ne woawo hã wobia nyae la, eɖoa eŋu pɛpɛpɛ. Ŋuɖoɖo nyui siwo nam Yesu le la wɔ nuku na wo ale gbegbe. Èkpɔ nusita Mawu kpɔ dzidzɔ ɖe Via ŋua?—

Le nyateƒe me, esi Maria kple Yosef wova ke ɖe Yesu ŋu mlɔeba la, woƒe dzi dze eme azɔ. Gake Yesu ya metsi dzi o. Enya be gbedoxɔa mee nye teƒe nyuitɔ si wòle be yeanɔ. Eyata ebia edzilawo be: ‘Ðe mienya be Fofonye ƒeme kokokoe manɔ oa?’ Enya be Mawu ƒe aƒee gbedoxɔa nye, eye afima nɔnɔ doa dzidzɔ nɛ.

Emegbe Maria kple Yosef wokplɔ Yesu si nye ƒe 12 vi la wogbugbɔ trɔ yi aƒe le Nazaret. Èsusu be aleke Yesu wɔ nu ɖe edzilawo ŋui?— Biblia gblɔ be ‘eyi edzi bɔbɔ eɖokui ɖe wo te.’ Èsusu be nukae ema fia?— Efia be eɖoa to wo. Ẽ, ewɔ nusi edzilawo bia tso esi be wòawɔ, ne eɖanye tsidudu le vudo mee gɔ̃ hã o.—Luka 2:41-52.

Yesu, si nye ɖevi, kpe ɖe amewo ŋu woku tsi tso vudo to, eye wòle nya biam amewo le gbedoxɔ me

Aleke Yesu do dzidzɔ na Mawu le ɖevimee?

Eyata bu nusia ŋu kpɔ: Togbɔ be ame debliboe Yesu nye hã la, eɖo to edzila siwo nye ame madeblibowo. Ðe esia do dzidzɔ na Mawua?— Edo dzidzɔ nɛ ŋutɔ, elabena Mawu ƒe Nya la gblɔ na ɖeviwo be: “Miɖo to mia dzilawo.” (Efesotɔwo 6:1) Wò hã àna Mawu nakpɔ dzidzɔ ne èɖoa to dziwòlawo, abe alesi Yesu ɖo to edzilawoe ene.

Mɔ bubu si dzi nàte ŋu ato ado dzidzɔ na Mawu enye be nàƒo nu tso eyama ŋu na amewo. Ame aɖewo ate ŋu agblɔ be menye ɖeviwo ƒe dɔe nye esia o. Gake esi amewo di be yewoaxe mɔ na ɖeviwo be woagaƒo nu o la, Yesu gblɔ na wo be: ‘Miexlẽe kpɔ bena: “Ðevi suewo ƒe nume Mawu ana kafukafu nado tso” oa?’ (Mateo 21:16) Eyata mí katã míate ŋu aƒo nu na amewo tso Yehowa ŋu ahagblɔ Mawu wɔnuku si wònye ŋu nya na wo ne enye míaƒe didi ŋutɔŋutɔ ko. Eye ne míewɔa esia la, anye dzidzɔ na Mawu.

Afikae míesrɔ̃a nu tso Mawu ŋu le be míate ŋu agblɔ na amewo?— Le míaƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ mee. Gake míate ŋu asrɔ̃ nu bubu geɖe le afisi Mawu ƒe amewo kpena srɔ̃a nu le. Gake aleke míawɔ adze si amesiwo nye eƒe amewo?—

Enyo, nukawoe ameawo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo? Ðe wofiaa nusi le Biblia me ŋutɔŋutɔa? Ðe woxlẽnɛ hedzroa emea? Ðe menye esiawo wɔwɔe ana míanɔ to ɖom Mawu oa?— Eye le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, ele be míakpɔ mɔ be míase nusi gblɔm Mawu le, alo?— Gake nenye be amewo gblɔ be mehiã be nànɔ agbe ɖe alesi Biblia gblɔe nu tututu o ɖe? Ðe nàgblɔ be Mawu ƒe amewoe ame mawo nyea?—

Nu bubu aɖe li si ŋu wòle be nàbu. Biblia gblɔ be Mawu ƒe amewo anye ‘amesiwo ŋu eƒe ŋkɔ le.’ (Dɔwɔwɔwo 15:14) Esi Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa ta la, míate ŋu abia amewo nenye be Yehowae nye woƒe Mawu. Ne wobe ao la, ekema míanya be menye eƒe amewoe wonye o. Mawu ƒe amewo ƒoa nu hã na amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Eye wowɔna ɖe Mawu ƒe sededewo dzi tsɔ ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ eyama.—Yohanes I, 5:3.

Ne èdze si amesiwo wɔa nu mawo katã la, ekema ele be nàwɔ ɖeka kpli wo le woƒe tadedeagu me. Ele be nàɖo to nyuie le kpekpe siawo me eye nàɖo nya siwo wobia ŋu. Emae nye nusi Yesu wɔ esi wònɔ Mawu ƒe aƒeme. Eye ne wò hã èwɔ nu mawo la, àna Mawu nakpɔ dzidzɔ, abe alesi Yesu wɔe ene.

Àte ŋu aɖo ŋku ɖevi bubu aɖewo siwo ŋkɔ woyɔ le Biblia me siwo hã do dzidzɔ na Mawu dzia?— Eƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee nye Timoteo. Fofoa mexɔ Yehowa dzi se o. Gake dadaa, Eunike, kple mamaa, Loide, woxɔ edzi se. Timoteo ɖo to wo eye wòsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.

Eunike le nu fiam via Timoteo; Timotoe tɔ kple mamaa Lois hã le afi ma lɔƒo

Togbɔ be Timoteo fofo menye dzixɔsetɔ o hã la, nukae Timoteo di be yeawɔ?

Esi Timoteo tsi vie la, apostolo Paulo ɖi tsa yi du si me wònɔ la me. Ede dzesi alesi Timoteo di vevie be yeasubɔ Yehowae. Eyata ekpe Timoteo be wòakpe ɖe ye ŋu ne yewoasubɔ Mawu le mɔ si lolo wu nu. Afisiafi si wozɔ mɔ yi la, wogblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea kpakple Yesu ŋu nya na amewo.—Dɔwɔwɔwo 16:1-5; Timoteo II, 1:5; 3:14, 15.

Gake ŋutsuvi siwo do dzidzɔ na Mawu ƒe kpɔɖeŋu koe le Biblia mea?— Kura o. Bu Israel-vi nyɔnuvi sue aɖe hã si wɔ esia ŋu kpɔ. Le eƒe agbenɔɣi la, Siria kple Israel nye dukɔ siwo lé fu wo nɔewo. Gbeɖeka Siriatɔwo va wɔ aʋa kple Israel eye wokplɔ nyɔnuvi sue sia yi aboyo me. Wokplɔe yi ɖe aʋafia aɖe si woyɔna be Naeman ƒe aƒeme. Eva zu Naeman srɔ̃ ƒe subɔvi.

Gake anyidɔ nɔ Naeman ŋu. Atikewɔla aɖeke mete ŋu da dɔa nɛ o. Nyɔnuvi sue sia si tso Israel xɔe se be Mawu ƒe subɔla tɔxɛwo dometɔ ɖeka, si nye nyagblɔɖila, ate ŋu akpe ɖe Naeman ŋu. Evɔ Naeman kple srɔ̃a menye Yehowa subɔlawo o. Ðe wòle be nyɔnuvi sue sia nagblɔ nusi wònya la na woa? Anye ne nukae nàwɔ?—

Israel-nyɔnuvi aɖe le nu ƒom kple Naaman srɔ̃

Aleke Israel-vi nyɔnuvi sia do dzidzɔ na Mawui?

Enyo, nyɔnuvia gblɔ be: ‘Oo, ne ɖe Naeman ayi Yehowa ƒe nyagblɔɖila si le Israel gbɔ la, anye ne ada Naeman ƒe anyidɔ la nɛ.’ Naeman ɖo to nyɔnuvia eye wòyi ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖila gbɔ. Esi wòwɔ nusi nyagblɔɖilaa gblɔ nɛ be wòawɔ la, ehaya. Esia na be Naeman va zu Mawu vavã la subɔla.—Fiawo II, 5:1-15.

Abe nyɔnuvi sue ma ene la, àdi be yeakpe ɖe ame aɖe ŋu wòasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye wòasrɔ̃ nusi wòle be wòawɔa?— Ameka dzie wò susu yi si ŋu nàte ŋu akpe ɖo?— Ele eme baa be amewo madze sii gbã be yewohiã kpekpeɖeŋu ya o. Gake àte ŋu aƒo nu na wo tso nu nyui siwo Yehowa wɔ na mí ŋu. Eye anɔ eme be woaɖo to wò. Ekema àte ŋu aka ɖe edzi be èwɔ nusi ado dzidzɔ na Mawu.

Míate ŋu akpɔ dzideƒonamenya bubu siwo yi na ɖeviwo kple sɔhɛwo be woado vivi ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu, le Psalmo 122:1; 148:12, 13; Nyagblɔla 12:1; Timoteo I, 4:12; kple Hebritɔwo 10:23-25.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe