Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
Nyɔnuvi Sue aɖe si Ƒo Nu Dzideƒotɔe
LE ƑE alafa ewolia D.M.Ŋ. me la, Israel-viwo kple Syriatɔ siwo woyɔna be Aramtɔwo dome gblẽ. Wokpea aʋa kple wo nɔewo kabakaba ale gbegbe be esi ƒe etɔ̃ va yi eye aʋa aɖeke megadzɔ o la, ezu nu ɖedzesi si wòle be woaŋlɔ ɖe ŋutinyagbalẽ me.—Fiawo I, 22:1.
Nusi do ŋɔdzi na wo vevie ɣemaɣie nye Aramtɔwo ƒe adzoha siwo dometɔ aɖewo me asrafo alafa geɖe nɔ. Aʋakɔ siawo dzea Israel-viwo dzi eye wohaa wo, wokplɔa wo dzonae eye wowɔa geɖe kluviwoe—ɖeviwo gɔ̃ hã.
Le amedzidzedze siawo dometɔ ɖeka me la, wokplɔ “nyɔnuvi sue aɖe” dzoe le eƒe ƒometɔ siwo nye mawuvɔ̃lawo gbɔ nublanuimakpɔmakpɔe. (Fiawo II, 5:2) Esi wokplɔe yi Aram la, ehiã be wòanɔ amesiwo anɔ eme be wona vɔvɔ̃ ɖoe vevie eye medze si wo tsã o la dome—amesiwo subɔa ɣe, dzinu, ɣletiviwo, atiwo, numiemiewo, kple kpewo gɔ̃ hã. Aleke woto vovo kura tso eƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo nye Mawu vavã ɖeka, Yehowa, subɔlawo gbɔe nye si! Gake le dzronyigba sia dzi gɔ̃ hã la, nyɔnuvi sia ɖe dzideƒo si ɖe dzesi fia ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Esia wɔe be etrɔ Aram-fia ƒe aʋafia xɔŋkɔ aɖe ƒe agbenɔnɔ. Mina míakpɔ alesi wòdzɔe ɖa.
Dzideƒo be Woaƒo Nu Vɔvɔ̃manɔmee
Womeyɔ nyɔnuvi sue sia ŋkɔ le Biblia ƒe nuŋlɔɖia me o. Eva zu Naeman si nye aʋafia sesẽ aɖe si nɔ Fia Ben-Hadad II te la srɔ̃ ƒe subɔvi. (Fiawo II, 5:1) Togbɔ be wodea bubu Naeman ŋu vevie hã la, dɔléle nyɔŋu si nye anyi nɔ eŋu.
Ðewohĩ alesi nyɔnuvia bua amee ye ʋã Naeman srɔ̃ be wògblɔ eƒe dzimenyawo nɛ. Ðewohĩ nyɔnua bia ɖevia be, ‘Nukae wowɔna na anyidzelawo le Israel?’ Mekpe ŋu na Israel-vi ɖetugbi sia be wòagblɔe dzideƒotɔe be: “Oo, ne nye aƒetɔ ade nyagblɔɖila, si le Samaria gbɔ la! Ayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ” o.—Fiawo II, 5:3.
Womeŋe aɖaba ƒu nyɔnuvi sia ƒe nyawo dzi be enye ɖeviwo ƒe nya gbɔlo ko o. Ke boŋ woka nya la ta na Fia Ben-Hadad eye wòdo mɔ Naeman kple ame bubuwo be woazɔ mɔ kilometa 150 ayi Samaria aɖadi nyagblɔɖila sia.—Fiawo II, 5:4, 5.
Dɔyɔyɔ na Naeman
Naeman kple etɔwo yi Israel-fia Yoram gbɔ, eye wotsɔ amenuɖegbalẽ si Ben-Hadad ŋlɔ kple nunana si nye ga gbogbo aɖe ɖe asi. Mewɔ nuku o be Fia Yoram si nye nyivisubɔla mexɔ Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi se abe nyɔnuvi subɔvia ene o. Ebui boŋ be ɖe Naeman va be yeava di ge le ye ŋu. Esi Mawu ƒe Nyagblɔɖila Elisa se nu tso Yoram ƒe dzimaɖitsitsia ŋu la, edɔ ame ɖo ɖe fia la enumake be fia la naɖo Naeman ɖe yeƒe aƒeme.—Fiawo II, 5:6-8.
Esi Naeman ɖo Elisa ƒe aƒeme la, nyagblɔɖila la dɔ ame ɖo ɖee be: “Yi ɖale tsi zi adre le Yordan me, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo, eye wò ŋuti akɔ.” (Fiawo II, 5:9, 10) Naeman bi dzi ŋutɔ. Esi wòsusu be yeakpɔ nukunu kple nugbenugbeewɔwɔ aɖe boŋ ta la, ebia be: “Ðe Damasko-tɔsisiwo, Amana kple Farfar, menyo wu Israel-tɔsisiwo katã oa? Ðe nyemale tsi le wo me, eye ŋunye nakɔ oa?” Naeman trɔ dzo le Elisa ƒeme kple dziku helĩhelĩ. Gake esi Naeman ƒe amewo lé susu kplii la, eva lɔ̃ ɖe edzi mlɔeba. Esi wòle tsi zi adre le Yordan-tɔsisia me vɔ la, “eƒe ŋutigbalẽ zu abe ŋutsuvi dzaa aɖe ƒe ŋutigbalẽ ene, eye eŋuti kɔ.”—Fiawo II, 5:11-14.
Naeman trɔ yi Elisa gbɔ eye wògblɔ be: “Kpɔ ɖa, azɔ medze sii bena, mawu aɖeke mele anyigba blibo la dzi o, negbe le Israel ko.” Naeman ka atam be ‘yemagasa numevɔ kple akpedavɔ na mawu bubu aɖeke o, negbe Yehowa ko.’—Fiawo II, 5:15-17.
Nufiame Siwo Le Eme na Mí
Ne menye nyɔnuvi subɔvi sue mae ƒo nu dzideƒotɔe o la, anye ne Naeman meyi nyagblɔɖila Elisa gbɔ o. Sɔhɛ geɖe wɔa nu nenema ke egbea. Le suku la, wonɔa sukuvi geɖe siwo me didi aɖeke mele be woasubɔ Mawu o la dome. Gake woƒoa nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu vɔvɔ̃manɔmee. Wo dometɔ aɖewo dzea esia wɔwɔ gɔme tso esime wonye ɖevi dzaawo ko.
Bu Alexandra si nye nyɔnuvi ƒe-atɔ̃-vi si le Australia ŋu kpɔ. Esi wòdze suku gɔme la, dadaa wɔ ɖoɖo be yeakpe kple eƒe nufiala aɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo me nɛ. Gake Alexandra dada menɔ mɔkpɔkpɔ me na nusi teƒe wòkpɔ la kura o. Nufiala la gblɔ be: “Menya miaƒe dzixɔsewo dometɔ geɖe xoxo, eye menya nusi me Alexandra akpɔ gome le kple nusi me makpɔ gome le le suku o.” Ewɔ nuku na Alexandra dada elabena Ðasefo vi bubu aɖeke megale sukua o. Nufiala ɖe eme be: “Alexandra gblɔ wo na mí.” Ẽ, nyɔnuvi sue sia dzro nu me aɖaŋutɔe kple eƒe nufiala xoxo.
Ðevi siawo tɔgbe ƒoa nu dzideƒotɔe. Wowɔa nu wòsɔna ɖe Psalmo 148:12, 13 ƒe nya nu be: “Ðekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.”