INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 47 axa 244-249
  • Alesi Míewɔ Nya Be Harmagedon Gogo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Míewɔ Nya Be Harmagedon Gogo
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Aɖu Anyigba La Dzi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Ðe Nèle Yesu ƒe Anyinɔnɔ Ŋuti Dzesi la Kpɔm Dze Siia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Paradiso La Gogo!
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Ðe Xexea Me Ƒe Nuwuwu Ðo Vɔa?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 47 axa 244-249

TA 47

Alesi Míewɔ Nya Be Harmagedon Gogo

ÈNYA nusi dzesi nyea?— Le Ta 46 lia me la, míexlẽ nu tso dzesi si Mawu na tsɔ fia be yemagatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ xexeame akpɔ gbeɖe o ŋu. Azɔ hã Yesu ƒe apostolowo biae be wòana dzesi yewo ale be yewoanya ɣeyiɣi si wòatrɔ ava kple ɣeyiɣi si me xexeame, alo nuɖoanyi sia, ƒe nuwuwu gogo.—Mateo 24:3.

Esi Yesu anɔ dziƒo eye míate ŋu akpɔe kple ŋku o ta la, dzesi si afia be edze dziɖuɖu gɔme la hiã mí. Eyata Yesu fia nusiwo wòle be eƒe nusrɔ̃lawo nanɔ mɔ kpɔm na le anyigba dzi la wo. Ne míekpɔ nusiawo wole eme vam la, ekema efia be etrɔ gbɔ eye wòzu Fia hedze dziɖuɖu gɔme le dziƒo.

Be Yesu nafia alesi wòle vevie be eƒe nusrɔ̃lawo nanɔ ŋudzɔe wo la, egblɔ na wo be: ‘Mikpɔ gboti kple atiwo katã ɖa; ne woto aŋgbawo la, mia ŋutɔwo miakpɔe adze sii le mia ɖokui si bena, dzomeŋɔli le ɖoɖom.’ Ne dzomeŋɔli le ɖoɖom la, ènya alesi nàwɔ akpɔe adze sii. Eye àte ŋu anya ne Harmagedon le ɖoɖom ne èkpɔe be nusiwo Yesu gblɔ la le eme vam.—Luka 21:29, 30.

Yesu lé gboti aɖe si ƒo se ƒe alɔ

Nukae nye nufiame si le Yesu ƒe nyawo me esi wòƒo nu tso gboti ŋu?

Le axa sia kple esi kplɔe ɖo la, míakpɔ nusiwo Yesu gblɔ be woanye dzesi si afia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea gogo la dometɔ aɖewo ƒe nɔnɔmetatawo. Ne nusiawo katã le eme vam la, ke Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula, Kristo, ava tsrɔ̃ dziɖuɖuwo katã, abe alesi míexlẽ nu tso eŋu le Ta 46 lia me ene.

Eyata lé ŋku ɖe nɔnɔmetata siwo le axa eve siwo do ŋgɔ na esia ŋu nyuie ne míaƒo nu tso wo ŋu. Àte ŋu axlẽ nu tso nusiwo kpɔm nèle le nɔnɔmetatawo me ŋu le Mateo 24:6-14 kple Luka 21:9-11. Azɔ hã de dzesi xexlẽdzesi sue si wona nɔnɔmetataawo dometɔ ɖesiaɖe. Míate ŋu agakpɔ xexlẽdzesi ma ke le memama si ƒo nu tso nɔnɔmetata ma ŋu ƒe gɔmedzedze. Azɔ na míakpɔe ɖa nenye be dzesi siwo Yesu na la ƒe akpa vovovoawo le eme vam egbea.

Ðevi aɖe yi aʋa, dɔ le ŋutsuvi aɖe wum vevie, eye nyɔnuvi aɖe dze dɔ le aba dzi

(1) Yesu gblɔ be: ‘Miase aʋawɔwɔ kple aʋawɔwɔ ŋuti nyatakakawo; dukɔ atsi tre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.’ Èsea aʋawɔwɔ ŋkɔ le nyadzɔdzɔwo mea?— Wowɔ xexemeʋa gbãtɔ tso ƒe 1914 vaseɖe 1918 me, eye eyome Xexemeʋa II dzɔ tso ƒe 1939 vaseɖe 1945 me. Aʋa medzɔ xexeme dukɔwo katã wɔ kpɔ do ŋgɔ na aʋa siawo o! Fifia aʋawɔwɔwo le edzi yim le xexeame ƒe teƒeteƒewo. Edze abe gbesiagbe míesea nu tso aʋawɔwɔwo ŋu ene le television alo radio dzi eye míexlẽa nu tso wo ŋu hã le nyadzɔdzɔgbalẽwo me.

(2) Yesu gblɔ hã be: ‘Dɔwuame ava teƒeteƒewo.’ Ðewohĩ ènya be menye amesiamee kpɔa nu ɖuna ɖia ƒo o. Gbesiagbe ame akpe geɖe kuna le esi womekpɔa nu ɖuna ɖia ƒo o ta.

(3) Yesu gblɔ kpee be: ‘Dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo.’ Ènya nusi nye dɔvɔ̃a?— Enye dɔléle si wua ame gbogbo aɖe. Dɔ vɔ̃ɖi si woyɔna be Spaintɔwo ƒe Dzamezã wu amesiwo ade miliɔn 20 le abe ƒe ɖeka ene ko me. Amesiwo wum AIDS le le míaƒe ŋkekea me la ƒe xexlẽme ate ŋu ava wu ema. Eye kansa, dzidɔ, kple dɔléle bubuwo li siwo wua ame akpe geɖe ƒe sia ƒe.

(4) Yesu gagblɔ dzesia ƒe akpa bubu, be: ‘Anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo.’ Ènya nusi nye anyigbaʋuʋua?— Esia dzɔna eye àsee ŋutɔŋutɔ be anyigba la le ʋuʋum. Ete ŋu naa xɔwo muna, eye amewo kuna le eme zi geɖe. Tso ƒe 1914 me la, anyigbaʋuʋu geɖewo dzɔna ƒe sia ƒe. Èse woƒo nu tso anyigbaʋuʋu aɖe ŋu kpɔa?—

Amewo le sisim le anyigbaʋuʋu nu

(5) Yesu gblɔ hã be dzesia ƒe akpa bubu anye ‘nu madzɔmadzɔ wɔwɔ si asɔ gbɔ ɖe edzi.’ Esia tae fififi kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo bɔ alea gbegbe ɖo. Amewo le vɔvɔ̃m le afisiafi be ame aɖe ate ŋu ava dze yewo dzi le aƒeme afi yewoƒe nuwo. Nuvlowɔwɔ kple ŋutasesẽ si gbegbe le edzi yim le xexeame ƒe afisiafi fifia la tɔgbe medzɔ kpɔ o.

(6) Yesu gblɔ dzesia ƒe akpa vevi aɖe esi wògblɔ be: ‘Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.’ (Mateo 24:14) Ne èxɔ ‘nyanyui sia’ dzi se la, ke ele be wò hã nàgblɔe na ame bubuwo. Ekema wò hã ànɔ asi kpem ɖe eŋu be dzesia ƒe akpa sia nava eme.

Wole ŋuta sẽm le ŋutsuvi aɖe ŋu, gake emegbe ele gbe ƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia

Ame aɖewo agblɔ be nusiwo Yesu gblɔ ɖi la tɔgbe dzɔna xoxoxo. Gake medzɔ va yi kpɔ be nusiawo katã nadzɔ le xexeame ƒe teƒe geɖe le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me o. Eyata èse nusi dzesia fia la gɔmea?— Efia be ne míekpɔe be nusiawo katã le eme vam la, ekema míanyae be Mawu ƒe xexeme yeyea ava xɔ ɖe xexe vɔ̃ɖi sia teƒe kpuie.

Esi Yesu na dzesi sia vɔ la, egaƒo nu tso ƒea ƒe ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe hã ŋu. Egblɔ be: ‘Minɔ gbe dom ɖa bena miaƒe sisigbe nagadze vuvɔŋɔli dzi o.’ (Mateo 24:20) Èsusu be eƒe nya siawo gɔme ɖe?—

Enyo, ne ame aɖe di be yeasi le afɔku aɖe nu le vuvɔŋɔli, si nye ɣeyiɣi si yame ƒe nɔnɔme naa mɔzɔzɔ sesẽna eye afɔku nɔa eme gɔ̃ hã la, nukae ate ŋu adzɔ?— Asesẽ ŋutɔ be wòate ŋu asi le afɔkua nu dedie. Ðe mawɔ nublanui ŋutɔ be ame aɖe naku le mɔzɔzɔ me le vuvɔŋɔli ƒe yame ƒe nɔnɔme sesẽwo me le esi mevo kura be wòatso adze mɔa zɔzɔ gɔme kaba o ta oa?—

Amewo le sisim le Yerusalem esime yame ƒe nɔnɔme de ame dzi

Esi Yesu ƒo nu tso didi be woasi le afɔku nu le vuvɔŋɔli ŋu la, nuka fiamee wònɔ mí?

Èkpɔ nu vevi si Yesu di be yeafia mí esi wògblɔ be míagalala vaseɖe vuvɔŋɔli hafi adze sisi gɔme oa?— Ele gbɔgblɔm na mí be esi míekpɔe be Harmagedon gogo ŋutɔ ta la, mele be míahe ɖe megbe kura le afɔɖeɖe siwo sɔ la wɔwɔ me o, le afɔɖeɖe be míasubɔ Mawu atsɔ aɖee afia be míelɔ̃ eyama me o. Ne míehe ɖe megbe la, ate ŋu ava tsi megbe fũ akpa na mí. Esia ana míaɖi amesiwo nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ gã la, amesiwo se Noa ƒe nuxlɔ̃amea gake gbe aɖakaʋua me yiyi.

Azɔ míaƒo nu tso alesi nuwo anɔ ne Harmagedon ƒe aʋa gã la nu va yi ŋu ɖe ta sia yome. Míasrɔ̃ nusi Mawu dzra ɖo ɖi na mí amesiwo katã lɔ̃e eye míele esubɔm fifia.

Mawunyakpukpui bubu siwo ɖee fia be Harmagedon gogo enye: Timoteo II, 3:1-5 kple Petro II, 3:3, 4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe