INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gf nusɔsrɔ̃ 6 axa 10-11
  • Paradiso La Gogo!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Paradiso La Gogo!
  • Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbenɔnɔ si Nyo Wu—Ava Kpuie!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Ɣekaɣie Paradiso Ava?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • “Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Nyateƒea?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Aɖu Anyigba La Dzi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
Kpɔ Bubuwo
Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
gf nusɔsrɔ̃ 6 axa 10-11

NUSƆSRƆ̃ 6

Paradiso La Gogo!

Nu vlo siwo le dzɔdzɔm le anyigba dzi fifia ɖee fia be Paradisoa gogo. Biblia gblɔ be míakpɔ nu dziŋɔwo ƒe dzɔdzɔ teƒe hafi Paradisoa nava. Ɣeyiɣi siawo mee míele fifia! Nusiwo Biblia gblɔ be woadzɔ dometɔ aɖewoe nye si:

Aʋawɔyameʋuwo

Aʋawɔwɔ gãwo. “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti.” (Mateo 24:7) Nyagblɔɖi sia le eme vam. Tso ƒe 1914 me ke la, xexemeʋa eve kple aʋa sue geɖe dzɔ. Ame miliɔn geɖe ku le wo me.

Dɔléle bɔ. “Dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11) Ðe wòva eme nyateƒea? Ẽ. Kansa, dzidɔ, yɔmekpe, asrã, AIDS, kple dɔléle bubuwo wu ame miliɔn geɖe.

Nuɖuɖu ƒe veve na amewo dze dɔ

Nuɖuɖu ƒe veve. Le anyigba katã dzi la, amewo li siwo mekpɔ nuɖuɖu si asu wo o. Dɔ wua ame miliɔn geɖe wokuna ƒe sia ƒe. Esia nye dzesi bubu si fia be madidi o Paradisoa ava. Biblia gblɔ be: “Dɔwuame lava.”—Marko 13:8.

Anyigbaʋuʋuwo. “Anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo.” (Mateo 24:7) Esia hã va eme le míaƒe ŋkekea me. Tso ƒe 1914 me la, anyigbaʋuʋu wu amesiwo wu miliɔn ɖeka.

Ŋutsu aɖe lé tu ɖe nyɔnu aɖe dzi

Ame vɔ̃ɖiwo. Amewo lanye “galɔ̃lawo” kple “ɖokuilɔ̃lawo.” Woanye amesiwo “lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” Ðeviwo ‘maɖo to wo dzilawo o.’ (Timoteo II, 3:1-5) Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be ame geɖe li siwo le nenema egbea oa? Womedea bubu aɖeke Mawu ŋu o, eye woɖea fu na amesiwo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu.

Nuvlowɔwɔ. ‘Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ hã adzi ɖe edzi.’ (Mateo 24:12) Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be nuvlowɔwɔ do agbogbo ɖe edzi fifia wu ƒe siwo va yi me. Vɔvɔ̃ ɖoa amewo le afisiafi be woada adzo yewo, woaba yewo, alo woawɔ nuvevi yewo.

Nusiawo katã fia be Mawufiaɖuƒea gogo. Biblia gblɔ be: “Ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, mawufiaɖuƒe la gogo.” (Luka 21:31) Nukae nye Mawufiaɖuƒe la? Enye Mawu ƒe dziƒodziɖuɖu si ana Paradiso naxɔ anyigba sia dzi. Mawu ƒe Fiaɖuƒea axɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe.—Daniel 2:44.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe